Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tenɔnɔ Ðe Wò Dɔlélea Nu Dzidzedzetɔe—Le Mɔ Ka Nu?

Tenɔnɔ Ðe Wò Dɔlélea Nu Dzidzedzetɔe—Le Mɔ Ka Nu?

Tenɔnɔ Ðe Wò Dɔlélea Nu Dzidzedzetɔe—Le Mɔ Ka Nu?

KAKAÐEDZI nenɔ asiwò be alesi ɖewohĩ nèle sesem le ɖokuiwò me la le eteƒe. Togbɔ be wò dɔlélea alo nusi gblẽ le ŋuwò anye nusi adze le ŋutiwò hã la, wò susu tsia tre ɖe tɔtrɔ siwo dɔlélea zi ɖe dziwò ya ŋu. Adze abe ɖe nèle kame tem kple wò dɔlélea ene, esi nye amesi nènye tsã kple nusi nàva zu dome hoʋiʋli aɖe. Eye fifi laa la, adze abe ɖe dɔlélea kpe dziwò ene. Ke hã àte ŋu ava ɖu edzi. Le mɔ ka nu?

Ðk. Kitty Stein gblɔ be: “Ne dɔléle na nane bu na ame la, evena ŋutɔ abe ku ene.” Eyata ne wò nu xɔasi aɖe abe wò lãmesẽ ene bu na wò la, esɔ be nàfa konyi ahafa avi, abe alesi nàwɔe ne wò lɔlɔ̃tɔ aɖe ku ene. Le nyateƒe me la, nusi nàbu la sɔ gbɔ wu wò lãmesẽ ko. Abe alesi nyɔnu aɖe gblɔe ene la, “Eva hiã be maɖe asi le dɔ ŋu. . . . Eva hiã be maɖe asi le ɖokuisinɔnɔ si nɔ asinye tsã la ŋu.” Togbɔ be ele alea hã la, nusiwo bu na wò la ŋuti nukpɔsusu nyui nenɔ asiwò. Ðk. Stein, amesi ŋutɔ nɔ ʋukamedɔ geɖe lém la gblɔ kpee be: “Ele be nàfa konyi ɖe nusiwo nèbu la ta, gake ehiã be nànya nusiwo gakpɔtɔ le asiwò.” Le nyateƒe me la, ne ènya dze agbagba to vevesese gbãtɔawo me la, àkpɔe be nu vevi aɖewo le asiwò siwo ŋu naneke megblẽ le o. Nu ɖekae nye be, ŋutete le ŋuwò be nàwɔ asitɔtrɔ.

Tɔdziʋukula mate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ahom dzi o, gake ate ŋu anɔ te ɖe enu to asitɔtrɔ le eƒe tɔdziʋua ƒe abalawo ŋu alesi sɔ. Nenema ke ɖewohĩ màte ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe dɔléle si dze dziwò la dzi o, gake àte ŋu anɔ te ɖe enu to asitɔtrɔ le wò “abalawo,” si nye wò ŋutilãme, susume, kple seselelãme me ŋutetewo ŋu alesi sɔ. Nukae kpe ɖe ame bubu siwo le dɔ lém eteƒe didi ŋu be wowɔ ema?

Srɔ̃ Nu Tso Wò Dɔlélea Ŋu

Le tenɔnɔ ɖe dzikatsoƒoe si dɔlélea nyanya he vɛ gbã nu megbe la, ame geɖe va sena le wo ɖokui me be nyateƒe vedzinamea nyanya nyo wu tenɔnɔ ɖe vɔvɔ̃ manyatalenu aɖe nu gbadzaa ko. Togbɔ be vɔvɔ̃ aɖo wò hã la, nusi le dzɔdzɔm ɖe dziwò la nyanya ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàbu nusi nàte ŋu awɔ ŋu—eye zi geɖe la, ema ɖeɖe kpɔa ŋusẽ nyui ɖe ame dzi. Ðk. David Spiegel si le Stanford Yunivɛsiti gblɔ be: “Kpɔ alesi gbegbe nèɖea dzi ɖii wu le nusiwo le fu ɖem na wò ŋu ne èdi mɔ aɖe si dzi nàto akpɔ egbɔe ɖa. Hafi nàyi nane ŋutɔ kura gɔ̃ hã wɔ ge la, ɖe dzimaɖitsitsi si le mewò la dzi kpɔtɔ to nusi nàwɔ la ŋu bubu me.”

Àse le ɖokuiwò me be ehiã be yeasrɔ̃ nu geɖe tso yeƒe nɔnɔmea ŋu. Abe alesi Biblia me lododo aɖe gblɔe ene la, “ŋutsu nugɔmesela ɖea ŋusẽ fiana.” (Lododowo 24:5) Ŋutsu aɖe si tsi aba dzi ɖo aɖaŋu be: “Xɔ agbalẽwo tso agbalẽdzraɖoƒe. Srɔ̃ nu geɖe tso wò dɔlélea ŋu alesi nàte ŋui.” Esi nèle nu srɔ̃m tso dɔdamɔnu siwo li kple alesi woanɔ te ɖe enui ŋu la, àva kpɔe be menye ɖe wò nɔnɔmea gblẽ nenema gbegbe abe alesi nèvɔ̃e ene hafi o. Àte ŋu ake ɖe susu aɖewo siwo ta wòle be mɔkpɔkpɔ nanɔ asiwò gɔ̃ hã ŋu.

Gake menye wò nugɔmesese ŋutete tsɔtsɔ ase wò dɔlélea gɔmee nye wò taɖodzinu mamlɛtɔ o. Ðk. Spiegel ɖe nu me be: “Nyatakaka siawo xɔxɔ nye wɔna vevi aɖe si dzi woato anya nu tso dɔlélea ŋu, ase egɔme, ahanya alesi wowɔ nui ɖe eŋu, ƒe akpa aɖe.” Lɔlɔ̃ ɖe edzi be wò agbenɔnɔ trɔ gake be mewu enu o la nye wɔna aɖe si bia ŋuɖɔɖo eye wòxɔa ɣeyiɣi geɖe. Gake afɔɖeɖe siawo—tso wò nugɔmesese ŋutete tsɔtsɔ ase wò dɔlélea gɔmee dzi va ɖo lɔlɔ̃ ɖe edzi le seselelãme gome—nye esi nàte ŋu awɔ. Le mɔ ka nu?

Beléle si Da Sɔ Didi

Ðewohĩ ahiã be nàwɔ asitɔtrɔ le wò nukpɔsusu ku ɖe nusi wòfia be nàlɔ̃ ɖe wò dɔlélea dzi ŋu. Ne èbu eŋu kpɔ la, lɔlɔ̃ ɖe edzi be yele dɔ lém mefia be èdo kpo nu o, abe alesi manye kpododonu le tɔdziʋukula aɖe gome be wòalɔ̃ ɖe edzi be yele ahom me tom o ene. Ðe eteƒe la, lɔlɔ̃ ɖe edzi be ahom le tutum ʋãnɛ be wòawɔ nane. Nenema ke lɔlɔ̃ ɖe wò dɔlélea dzi menye kpododonu o, ke boŋ abe alesi nyɔnu dɔmavɔleameŋuléla aɖe gblɔe ene la, efia “ŋgɔyiyiwɔwɔ le mɔ bubu aɖe nu.”

Ne wò ŋutilãme ŋutetewo nu tsi gɔ̃ hã la, anyo be nàɖo ŋku edzi na ɖokuiwò be melɔ wò susu, seselelãme, kple gbɔgbɔ me nɔnɔmewo ɖe eme o. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nunya kple ɖoɖowɔwɔ kpakple tamesusu ƒe ŋutete siwo le asiwò la gakpɔtɔ lia? Ðewohĩ ègakpɔtɔ doa vivi ɖe amewo ŋu, tsɔa ɖe le eme na amewo, eye nète ŋu ɖoa to nyuie, henye xɔlɔ̃ vavã. Eye vevietɔ wu la, ègakpɔtɔ xɔ Mawu dzi se.

Gakpe ɖe eŋu la, ɖo ŋku edzi be togbɔ be màte ŋu atrɔ wò nɔnɔmeawo katã o hã la, àte ŋu atrɔ asi le alesi nàwɔ nu ɖe wo ŋui ŋu. Irene Pollin si le United States Dukɔa ƒe Kansa Ŋuti Nusrɔ̃ƒe gblɔ be: “Alesi nèwɔa nui ɖe wò dɔlélea ŋu kpɔ ŋkuwò me. Ŋusẽ sia le asiwò, eɖanye aleke ke wò dɔlélea le o.” Helen, si nye nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 70 eye ʋukamedɔ sesẽwo le fu ɖem na ɖo kpe edzi be: “Menye alesi wò dɔlélea lee le vevie o ke boŋ alesi nèwɔa nui ɖe wò dɔlélea ŋue aɖee afia ne àgate ŋu aɖo ɖokuiwò me ake.” Ŋutsu aɖe si nye wɔametɔ ƒe gbogbo aɖewo la gblɔ be: “Susu nyui ƒe amesinɔnɔ enye nusi léa ame ɖe te.” Nyateƒee wònye be Lododowo 18:14 gblɔ be: “Ŋutsu ƒe dzidodo tsɔa eƒe fukpekpewo, ke ne wɔna vɔ le dzidodo ŋu la, ameka atsɔ eya?”

Ame Ðokui Me Ðoɖo

Esi wò susu le akɔ dzem anyi la, biabiawo abe ‘Nukatae nusia dzɔ ɖe dzinye ɖo?’ atrɔ zu ‘Esi nusia dzɔ ɖe dzinye ta la, nuka wɔgee mala tso eŋu?’ Va ɖo afisia la, àdi be yeagawɔ afɔɖeɖe bubuwo akpee be nɔnɔme si me yele fifia naganyo ɖe edzi wu. Mina míade ŋugble le wo dometɔ ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ.

Da wò nɔnɔmea kpɔ, de ŋugble le nusi ŋu wòhiã be nàtrɔ asi le ŋu, eye emegbe dze agbagba be yeatrɔ asi le nusiwo ŋu woate ŋu atrɔ asi le la ŋu. Ðk. Spiegel gblɔ be: “Wò dɔlélea nye ɣeyiɣi si wòle be nàgbugbɔ ŋugble ade le agbe ŋu—enye nusi nyɔa ame, ke menye esi wua ame o.” Bia ɖokuiwò se be, ‘Nukae nɔ vevie nam do ŋgɔ na nye dɔdzedzea? Aleke esia trɔe?’ Bia nya siawo tɔgbe, menye be yeakpɔ nusiwo yemagate ŋu awɔ o, ke boŋ be yeakpɔ nusi wɔwɔ ate ŋu anɔ bɔbɔe ɖewohĩ ne yewɔ nuwo le mɔ bubu nu. Le kpɔɖeŋu me, bu Helen si míeyɔ do ŋgɔ ŋu kpɔ.

Ƒe 25 enye sia si ʋukamedɔwo gbɔdzɔ eƒe lãmekawo. Gbã la, etɔna ɖe kpo ŋu. Emegbe esi eƒe ɖusibɔ tu la, edze eƒe miabɔ zazã. Eyome eƒe miabɔ hã gbe dɔ. Eye ƒe enyi enye esia la, megate ŋu zɔna o. Fifia ele be ame bubuwo nale tsi, ado nuɖuɖu, kple awu nɛ. Esia na wòlé blanui, gake togbɔ be ele alea hã la, egblɔ be: “Nye mɔfiamenya ya gakpɔtɔ li be, ‘Bu nusi nàte ŋu awɔ ŋu ke menye nusiwo nète ŋu wɔna tsã la ŋu o.’” Eye to srɔ̃aŋutsu kple dɔnɔdzikpɔla siwo va srãnɛ kpɔ ƒe kpekpeɖeŋu kpakple eya ŋutɔ ƒe nuŋububu nyui aɖewo me la, edzea agbagba yia nusiwo dzɔa dzi nɛ la dometɔ aɖewo wɔwɔ dzi. Le kpɔɖeŋu me, ŋutifafa xexe yeye aɖe si ƒe ŋugbe Biblia do la ŋu nya gbɔgblɔ na ame bubuwo nye eƒe agbenɔnɔ ƒe akpa vevi aɖe tso esime wòxɔ ƒe 11, eye egbea egakpɔtɔ wɔa esia kwasiɖa sia kwasiɖa. (Mateo 28:19, 20) Helen gblɔ alesi wòwɔnɛ be:

“Mebiana dɔnɔdzikpɔla si va srãm kpɔ la be wòalé nyadzɔdzɔgbalẽa ɖe asi nam. Mía kplii míexlẽa kugbeƒãɖeɖewo eye míetia wo dometɔ aɖewo. Ekema megblɔa nya siwo madi be maŋlɔ ɖe lɛta me aɖo ɖe amesiwo ame ku na la, eye dɔnɔdzikpɔla la ƒoa lɛta la le mɔ̃ dzi. Metsɔa agbalẽ gbadza si nye Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku, * si ɖe tsitretsitsimɔkpɔkpɔ fakɔname si le Biblia me la dea lɛtaa me ɖona ɖa. Mewɔa esia Kwasiɖagbe ŋdɔ ɖesiaɖe. Enana dzi dzɔam be megakpɔtɔ le gome kpɔm le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋutinya gbɔgblɔ na ame bubuwo me.”

Ðo taɖodzinu siwo sɔ eye nàte ŋu aɖo wo gbɔ. Susu ɖeka si tae Helen dzea agbagba be yeatrɔ nusiwo yeate ŋu atrɔ enye be ekpena ɖe eŋu be wòaɖo taɖodzinuwo ahaɖo wo gbɔ. Esia le vevie na wò hã. Nukatae? Elabena taɖodzinuwo ɖoɖo ana wò susu nanɔ etsɔme ŋu, eye taɖodzinuwo gbɔ ɖoɖo nana nèsena le ɖokuiwò me be yekpɔ dzidzedze. Ate ŋu ana kakaɖedzi aɖewo nagbugbɔ aɖo asiwò. Gake kpɔ egbɔ be taɖodzinu siwo nàɖo la nye esi anya wɔ. Le kpɔɖeŋu me, àɖoe be: ‘Maxlẽ Biblia ƒe ta ɖeka egbea.’ Gakpe ɖe eŋu hã, ɖo taɖodzinu siwo sɔ na ɖokuiwò. Esi wò ŋutilã kple seselelãme ƒe wɔwɔme to vovo tso dɔmavɔleameŋuléla bubuwo tɔ gbɔ ta la, ɖewohĩ màte ŋu aɖo taɖodzinu siwo gbɔ woate ŋu aɖo la gbɔ o.—Galatiatɔwo 6:4.

Lex, amesi le Netherlands gblɔ be: “Aleke ke taɖodzinu aɖe adze nu sue o, egbɔ ɖoɖo ʋãa wò be nàwɔ geɖe wu.” Ƒe 20 kple edzivɔe nye si va yi, esime wòxɔ ƒe 23 la, afɔku aɖe dzɔ ɖe edzi si wɔe be wòtu. Le dɔyɔƒe gbogbo siwo wòde le esia megbe me la, woxlɔ̃ nui be wòaɖo taɖodzinuwo, abe papahu tsɔtsɔ atutu moe ene, na eɖokui. Esia wɔwɔ sesẽ ŋutɔ, gake ekpɔ dzidzedze. Esi wòkpɔe be yete ŋu ɖo taɖodzinu ma gbɔ la, egaɖo bubu—si nye aɖuklɔtikegoe ʋuʋu kple etutu. Egakpɔ dzidzedze ake. Lex gblɔ be, “Togbɔ be menɔ bɔbɔe o hã la, mekpɔe dze sii be mate ŋu awɔ geɖe wu alesi mesusui.”

Le nyateƒe me la, Lex ɖo taɖodzinu siwo de ŋgɔ wu gbɔ, to srɔ̃a, Tineke, ƒe kpekpeɖeŋu me. Le kpɔɖeŋu me, Tineke, kpena ɖe eŋu woyia tso aƒeme yi aƒeme ɖagblɔa Biblia me sidzedze si su wo si la na ame bubuwo. Esrãa ŋutsu wɔametɔ aɖe si ŋu nu gblẽ le vevie si wòsrɔ̃a Biblia kplii la kpɔna kwasiɖa ɖesiaɖe be wòade dzi ƒo nɛ. Lex gblɔ be, “kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu naa dzidzeme geɖem.” Abe alesi Biblia ɖo kpe edzi ene la, “dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35, NW.

Ðe wò hã àte ŋu aɖo taɖodzinuwo atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋua? Wò dɔlélea ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu anye akɔfala bibi aɖe elabena wò kuxiwo wɔe be nète ŋu sea ame bubuwo ƒe vevesesewo gɔme nyuie wu.

Te ɖe ame bubuwo ŋu. Dɔdadaŋutinusɔsrɔ̃wo ɖee fia be tete ɖe ame bubuwo ŋu tua lãmesẽ ɖo. Gake ɖokuiɖeɖeɖeaga hã gblẽa nu le lãmesẽ ŋu. Numekula aɖe gblɔ be: ‘Ƒomedodo si le akogotsitsi le hadome kple ku dome sɔ pɛpɛpɛ kple ƒomedodo si le atamanono kple ku dome.’ Egblɔ kpee be: “Wò hadomeƒomedodowo tutuɖo atu wò lãmesẽ ɖo abe alesi asiɖeɖe le atamanono ŋu tua lãmesẽ ɖoe ene.” Eyata mewɔ nuku o be eƒo nya ta be alesi míedoa hae “le vevie hena agbetsitsi”!—Lododowo 18:1.

Gake abe alesi míede dzesii le nyati si do ŋgɔ me ene la, kuxia anye be xɔ̃wò aɖewo megava srãa wò kpɔna o. Be wòanyo na wò la, ehiã be nàwɔ nane tso akogotsitsi si le kekem ɖe enu la ŋu. Gake aleke nàwɔe? Àte ŋu adze egɔme kple xɔ̃wòwo kpekpe be woava srã wò kpɔ.

Na amesiwo va srãa wò kpɔ la nakpɔ dzidzɔ. * Àte ŋu awɔ esia to wò dɔlélea ŋu dzeɖoɖo dzi ɖeɖe kpɔtɔ dzi ale be eŋunya sese magava ti amesiwo va srãa wò kpɔ la o. Nyɔnu dɔmavɔleameŋuléla aɖe kpɔ kuxi sia gbɔ to eya kple srɔ̃a ƒe dzeɖoɖowo ku ɖe eƒe dɔlélea ŋu dzi ɖeɖe kpɔtɔ me. Egblɔ be: “Ðeko wòle be míaɖe esia dzi akpɔtɔ.” Le nyateƒe me la, mele be wò dɔlélea naxe mɔ na nu bubu siwo ŋuti miate ŋu aɖo dze tsoe o. Esi amedzro aɖe ɖo dze kple exɔlɔ̃ aɖe si tsi aba dzi ku ɖe aɖaŋudɔwo, ŋutinyawo, kple susu siwo ta wòxɔ Yehowa Mawu dzi se ŋu vɔ la, egblɔ be: “Meɖe mɔ be eƒe dɔlélea kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe amenyenye dzi o. Dzeɖoɖo kplii dzɔ dzi nam.”

Nukokoe dodo na ame ne ehiã hã awɔe be wòadzro xɔ̃wòwo be woato gbɔwò. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nukoko ɖea vi na wò ŋutɔ hã. Ŋutsu lãmetututɔ aɖe gblɔ be: “Nukoko kpena ɖe ŋuwò be nànɔ te le nɔnɔme geɖe me kple ɖe nɔnɔme geɖe nu.” Nyateƒee wònye be nukoko ate ŋu anye atike nyui. Lododowo 17:22 gblɔ be: “Dzi kpɔdzidzɔ nana lãme hayana.” Aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖe ƒe nukoko gɔ̃ hã ade dziwò. Gawu la, agbalẽŋlɔla Susan Milstrey Wells, amesi ŋutɔ hã nye dɔmavɔleameŋuléla gblɔ be, “to vovo na dɔdamɔnu bubu siwo míetena kpɔna la, afɔku kple aɖi aɖeke mele nukoko me o, ke boŋ edoa dzidzɔ na ame. Nusi ko nàbu enye dzidzɔmakpɔmakpɔ.”

Di mɔ siwo dzi nàto aɖe nuteɖeamedziwo dzi akpɔtɔ. Nusɔsrɔ̃wo ɖo kpe edzi be nuteɖeamedzi ate ŋu ana dɔléle aɖe nu nasẽ ɖe edzi, esime nuteɖeamedzi dzi ɖeɖe kpɔtɔ ya wɔnɛ be enu nya nɔna wu. Le esia ta, ɖe dzi ɖi ɣeaɖewoɣi. (Nyagblɔla 3:1, 4) Wò dɔlélea meganye nusi le vevie na wò wu le agbe me o. Ne ètsi aƒeme la, àte ŋu adze agbagba be yeaɖe yeƒe seselelãmea ƒe nuteɖeamedzi dzi akpɔtɔ to ha siwo le blewuu sese, agbalẽ xexlẽ, tsilele, lɛta alo hakpanyawo ŋɔŋlɔ, nutata, haƒonu aɖe ƒoƒo, dzeɖoɖo kple xɔlɔ̃ si dzi nèka ɖo, alo nusia tɔgbe wɔwɔ dzi. Esia wɔwɔ makpɔ wò kuxia gbɔ keŋkeŋ o, gake ate ŋu ana nàɖe dzi ɖi vie.

Ne ète ŋu zɔna la, ɖi tsa vie, yi ɖaƒle asi, wɔ dɔ le abɔ me, ɖi tsa kple ʋu, alo ne anya wɔ la, yi mɔkeke. Enye nyateƒe be mɔzɔzɔ asesẽ le wò dɔlélea ta, gake ne èwɔ dzadzraɖo kple asitɔtrɔ aɖewo do ŋgɔ la, àte ŋu aɖu kplamatsedonuwo dzi. Le kpɔɖeŋu me, Lex kple Tineke, siwo ŋu nya míegblɔ do ŋgɔ, dze agbagba zɔ mɔ yi duta. Lex gblɔ be: “Menɔ bɔbɔe le gɔmedzedzea me o, gake mɔkekea yiyi dzɔ dzi nam!” Le nyateƒe me la, wò dɔlélea anye wò agbenɔnɔ ƒe akpa aɖe, gake mele be wòakpɔ ŋusẽ ɖe wò agbenɔnɔ dzi keŋkeŋ o.

Xɔse nedo ŋuswò. Kristotɔ vavã siwo te ŋu nɔ te ɖe nuwɔame sesẽwo nu dzidzedzetɔe gblɔ be xɔse si le yewo si ɖe Yehowa Mawu me kpakple hadede kple Kristotɔwo ƒe hamea enye afisi yewokpɔa akɔfafa kple ŋusẽ tsonɛ ɣesiaɣi. * Woƒe nya siwo wogblɔ ku ɖe asixɔxɔ si le gbedodoɖa, Biblia sɔsrɔ̃, ŋugbledede le etsɔme ŋu, kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede le Fiaɖuƒe Akpataa me ŋu enye si.

● “Enuenu la, meléa blanui. Ne esia dzɔ la, medoa gbe ɖa na Yehowa, eye wògbugbɔ gadoa ŋusẽ nye tameɖoɖoa be mayi nusi màte ŋui la wɔwɔ dzi.”—Psalmo 55:23; Luka 11:13.

● “Biblia xexlẽ kple ŋugbledede le nusi mexlẽ ŋu kpena ɖe ŋunye ŋutɔ be nye susume dzea akɔ anyi.”—Psalmo 63:7; 77:12, 13.

● “Biblia sɔsrɔ̃ ɖoa ŋku edzi nam be agbe vavã la gakpɔtɔ le ŋgɔ eye be nyemanye wɔametɔ tegbee o.”—Yesaya 35:5, 6; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

● “Etsɔme si ƒe ŋugbe wodo le Biblia me doa ŋusẽm be mawɔ nu ɖe alesi ŋkekea bia nu.”—Mateo 6:33, 34; Romatɔwo 12:12.

● “Kpekpeawo me nɔnɔ le Fiaɖuƒe Akpataa me nana nye susu nɔa nu nyuiwo ŋu ke menye nye dɔlélea ŋu o.”—Psalmo 26:12; 27:4.

● “Hadede kple hamea me tɔwo si me dzideƒoname le doa dzidzɔ na nye dzi.”—Dɔwɔwɔwo 28:15.

Biblia na kakaɖedzi mí be: “Yehowa ƒe dɔme nyo, enye sitsoƒe le xaxagbe, eye wònya amesiwo ɖoa dzi ɖe eŋu.” (Naxum 1:7) Ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Yehowa Mawu kpakple hadede kple Kristo-hamea nye akɔfafa kple ŋusẽ tsoƒe.—Romatɔwo 1:11, 12; Korintotɔwo II, 1:3; 4:7.

Na Ɣeyiɣi Ðokuiwò

Hadomekpekpeɖeŋudɔwɔla aɖe si kpena ɖe amewo ŋu be woanɔ te ɖe nusiwo dɔléle siwo nɔa ame ŋu didina la hena vɛ nu gblɔ be, wò dɔlélea alo wɔametɔnyenyea nu nɔnɔ dzidzedzetɔe nye nusi vana le “ɣeyiɣi aɖe megbe ke menye le ŋkeke ɖeka megbe o.” Eŋutinunyala bubu ɖo aɖaŋu be, na ɣeyiɣi ɖokuiwò, elabena “aɖaŋu yeye kura: si nye agbenɔnɔ ɖe dɔléle gã nu” srɔ̃mee nèle. Nyae be ne nɔnɔme nyui le asiwò gɔ̃ hã la, ŋkeke alo kwasiɖa aɖewo me manyo na wò o ne wò dɔlélea me tsonuwo na nègbɔdzɔ. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, aka ɖe eme. Aleae wònɔ le nyɔnu aɖe gome, amesi gblɔ be: “Dzi dzɔm ale gbegbe esi mekpɔ be ŋkeke blibo va yi si me nyemebu kansa ŋu gɔ̃ hã o. . . . Eteƒe medidi fũ o la, nyemebu kpɔ be mate ŋu awɔ esia o.”

Le nyateƒe me la, ne ènya to wò vɔvɔ̃ gbãtɔwo me eye nèɖo taɖodzinu yeyewo ko la, alesi nàte ŋu anɔ te ɖe enui la awɔ nuku na wò—abe alesi nyati si kplɔe ɖo ɖee fia ene.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 17 Watchtower Bible and Tract Society of New York Inc. ye tae.

^ mm. 24 Le nyateƒe me la, aɖaŋu si woɖo ku ɖe alesi woawɔ nui ɖe amedzrowo ŋu sɔ eye wògahiã vevie wu le alesi nèwɔa nui ɖe wò kpeɖeŋutɔ, viwòwo, alo amesi kpɔa gbɔwò gɔ̃ hã ŋu.

^ mm. 28 Dzidzɔtɔe la, atikeŋutinusɔsrɔ̃ geɖewo ɖee fia be xɔse tua lãmesẽ kple dedienɔnɔ ɖo. Le Nufialagã Dale Matthews si le Georgetown Yunivɛsiti Atikeŋutinusrɔ̃ƒe ƒe nya nu la, “asixɔxɔ si le akpa si xɔse wɔna ŋu dze ƒã.”

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Nusɔsrɔ̃ tso wò dɔlélea ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nanya nu tso eŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Helen ŋlɔa lɛta dedziƒonamewo to ame bubuwo ƒe kpekpeɖeŋu me

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

“Edzɔa dzi nam be makpɔ gome le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nya gbɔgblɔ me”

[PictureS on page 9]

“Mekpɔe dze sii be, togbɔ be metu hã la, mate ŋu awɔ geɖe wu alesi mesusui.”—Lex