Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tenɔnɔ Dzidzɔtɔe le Hloloetsotso ƒe Xexeame

Tenɔnɔ Dzidzɔtɔe le Hloloetsotso ƒe Xexeame

Tenɔnɔ Dzidzɔtɔe le Hloloetsotso ƒe Xexeame

AME AKPA GÃTƆ NƆA TE ÐE AGBE ME NUTEÐEAMEDZIWO NU, GAKE AME ƲƐ AÐEWOE KOE NƆA TE ÐE ENU DZIDZƆTƆE. ESIA BIA NUNYA TƆXƐ AÐE.

AGBALẼ si nye The 24-Hour Society lɔ̃ ɖe nya sia dzi gblɔ be: “Ehiã be míatu nunya si míatsɔ akpɔ amegbetɔ ƒe nuhiahiãwo kple nɔnɔme gbɔe ɖo le mɔ̃ɖaŋuxexe si míewɔ me.”

Dzidzɔtɔe la, nunya si wɔa dɔ bɔ ɖe agbalẽ si woma wòde teƒe geɖe wu le xexeame—si nye Mawu ƒe Nya, Biblia—la me. Esi Biblia tso Amesi nya amegbetɔwo ƒe nuhiahiãwo kple nɔnɔme nyuie ƒe gbɔgbɔ me ta la, gɔmeɖose siwo wodo kpɔ hete kpɔe le eme. Gɔmeɖose siawo tsɔtsɔ awɔ dɔe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe agbenɔnɔ dzi geɖe wu, eye wòana nàkpɔ dzidzɔ aɖe ya teti esi nèle akɔ kpem kple egbe ƒe xexe si me hloloetsotso le.—Yesaya 48:18; Timoteo II, 3:16.

Gɔmeɖose siawo ku ɖe nu vevi etɔ̃ koŋ ŋu. Gbã, woɖea nusiwo me nàte ŋu awɔ asitɔtrɔ vevi aɖewo le fiana. Evelia, woate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtsɔ nu vevitɔwo aɖo nɔƒe gbãtɔ. Etɔ̃lia, wonaa agbenɔnɔ ŋuti gbɔgbɔmenukpɔsusu si de ŋgɔ sasasã wu amegbetɔwo ƒe nukpɔsusu la mí. Azɔ mina míade ŋugble le nu etɔ̃ siawo ŋu.

Nɔ Agbe Bɔbɔe Agbamadonameɖokuii

Tsɔe be èyina ŋkeke ʋɛ aɖewo ƒe mɔkeke. Èdi be yeƒe dzi nadze eme, eyata ètsɔ avɔgbadɔ gã aɖe kple nusianu si nèsusu be ehiã ɖe asi. Ède xɔmenuwo, nuɖanuwo, nufamɔ̃, elektrikŋusẽnamɔ̃, akaɖiwo, television, kple nu bubu geɖewo hã ʋu, tsɔ kpe ɖe nuɖuɖu ŋu. Gake nusiawo katã ɖoɖo ɖe ɖoɖonu xɔ gaƒoƒo geɖe! Emegbe le wò mɔkeke kpuia ƒe nuwuwu la, ègatsɔ ɣeɣiɣi agbɔsɔsɔ ma ke ƒo nuawo nu ƒu ake—agava ɖe wo le aƒeme ahaɖo wo ɖe wo nɔƒe. Esi èbu eŋu kpɔ la, èkpɔe be ɣeyiɣi geɖe mesu ye si yetsɔ se vivi na mɔkekea o! Èbia ɖokuiwò se ne viɖe aɖe do tso agbagba siwo katã nèdze me.

Le ame miliɔn geɖe gome egbea la, ɖeko agbenɔnɔ de mɔkeke ma tɔgbe yiyi ɖi ge. Wozãa ɣeyiɣi si gbɔa eme akpa ɖe ŋutilãmenu gbogbo siwo xexe sia adi be yeana míasusui be wohiã mí be dzi nadzɔ mí la didi kple wo gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Gake Yesu Kristo gblɔ be: “Ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.” (Luka 12:15) Ẽ, menye ŋutilãme nunɔamesiwoe wotsɔna dzidzea ame ƒe agbe ƒe nyonyome o. Le nyateƒe me la, ɖeko kesinɔnuwo dzia agbe me nuteɖeamedziwo kple dzimaɖitsitsiwo ɖe edzi boŋ zi geɖe. Nyagblɔla 5:11 gblɔ be: “Kesinɔtɔ ƒe nu gbogboawo menana wòdɔa alɔ̃ o.”

Eyata lé ŋku ɖe wò nunɔamesiwo dometɔ ɖesiaɖe ŋu nyuie, eye nàbia ɖokuiwò se be, ‘Ðe nusia hiã nyateƒea, alo kplamatsedonu aɖe ko wònyea? Ðe wòtua nye agbenɔnɔ ɖo loo, alo ɖe wòxɔa ɣeyiɣi geɖea?’ Agbalẽ si nye Why Am I So Tired?, si Leonie McMahon ŋlɔ ƒe ŋgɔdonyawo gblɔ be: “Mɔ̃ vovovo siwo woto vɛ, kple susu be woaɖe aƒemedɔwo dzi akpɔtɔ la, wɔe be wòva hiã be nyɔnu aƒedzikpɔla la nadi dɔ awɔ be wòate ŋu aƒle mɔ̃awo ahaxe fe ɖe wo dzadzraɖo ta.”

Ne èna wò agbenɔnɔ le bɔbɔe la, àkpɔ ɣeyiɣi geɖe na ƒomea, xɔlɔ̃wo, kple ɖokuiwò. Ɣeyiɣi sia le vevie hena wò dzidzɔkpɔkpɔ. Mèganɔ abe amesiwo medzea sii kaba le agbe me be xɔlɔ̃wo kple ƒomea le vevie—eye wòvivina—wu ga kple nuwo la ene o. Amewo koe ate ŋu alɔ̃ wò. Togbɔ be ga si anɔ ame si le gadzraɖoƒe, ga si woade adzɔhawo me, kɔmpiutawo, televisionwo, kple mɔ̃ bubuwo, ƒe wɔƒe anɔ anyi hã la, ɖeko wokpe ɖe agbea ŋu, womenye eƒe akpa vevi o. Amesiwo tsɔa nusiawo ɖoa nɔƒe gbãtɔ la megadea asixɔxɔ woƒe agbe ŋu o eye mlɔeba woƒe dzi medzea eme o alo wosea veve gɔ̃ hã.—Timoteo I, 6:6-10.

Zã Ɣeyiɣi Nyuie eye Nàtsɔ Nu Vevitɔwo Aɖo Nɔƒe Gbãtɔ

Le go aɖewo me la, ɣeyiɣi zazã nyuie sɔ kple ɖoɖowɔwɔ ɖe ga zazã ŋu. Ne èdzea agbagba be yeawɔ nu geɖe fũ akpa le gaƒoƒo ʋɛ si le asiwò me la, ekema mèle nu wɔm ɖe ɣeyiɣi si le asiwò nu o. Agbe sia tɔgbe nɔnɔ kplɔa ame dea dziɖeleameƒo, nuteɖeamedzi, kple dzitsitsi me godoo. Eyata srɔ̃ alesi woɖoa taɖodzinuwoe.

Gbã la, di nusiwo le vevie wu, eye nàdi ɣeyiɣi geɖe na wo. Le Kristotɔwo gome la, gbɔgbɔmenudidiwo xɔa nɔƒe gbãtɔ ɣesiaɣi. (Mateo 6:31-34) Ne wotsɔ dzitsitsi kpɔ nya veviwo gbɔe alo kpɔ wo gbɔ ɖewoɖewoe la, zi geɖe la, kuxi sesẽwoe kplɔnɛ ɖo emegbe. Eyata ahiã be nàɖe nusianu si xɔa ɣeyiɣi, evɔ emetsonuwo meɖea vi o la ɖa.

Ðo taɖodzinuwo eye nàtsɔ ɣeyiɣi si nàtsɔ aɖe ɖokuiwò ɖe aga vie hã de eme—si nye ɣeyiɣi si nàtsɔ ade ŋugble tuameɖowo eye nàtsɔ agbugbɔ ado ŋusẽ ɖokuiwòe. Magazine si nye Psychology Today, gblɔ be: “Ɣeyiɣi ɖɔʋu si ame tsɔ ɖea eɖokui ɖe agae nye ŋusẽdoamenu le egbe ƒe xexe si le du dzi me. . . . Ame ɖokui ɖeɖe ɖe aga vie nye nusi tua agbe ɖo.” Amesiwo ŋu vovo mele be woade ŋugble o ate ŋu ava nɔ agbe bum abe nu tsɛ aɖe ko ene.

Ŋuɖɔɖo Kple Gbɔgbɔmemenyenye

Ŋuɖɔɖo kple gbɔgbɔmemenyenye nye nu nyui siwo ate ŋu asu asiwò ne èdi be yeanɔ agbe si me dzidzɔ le eye wòda sɔ la dometɔ eve. Ŋuɖɔɖo le vevie elabena ekpena ɖe ŋuwò be nàƒo asa na dɔ kple agbanɔamedzi siwo sɔ gbɔ akpa la xɔxɔ. Ne èɖɔa ŋu ɖo la, ànya ɣeyiɣi si me wòle be nàgbe dɔwɔwɔ akpee le kpakpã vɔ megbe alo dɔwɔna bubu siwo ate ŋu axe mɔ na nane si le vevie wu la xɔxɔ. Ame ɖɔŋuɖowo menana nusiwo le ame bubuwo si kple nusiwo wowɔna biãa ŋu na wo o; eyata nusi le wo si dzea wo ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, ŋuɖɔɖo vavãtɔ nye gbɔgbɔmemenyenye, si nye nu vevi bubu si akpe ɖe mía ŋu míaɖu míaƒe agbe dzi wu, ƒe akpa aɖe.—Mixa 6:8; Yohanes I, 2:15-17.

Gbɔgbɔmemenyenye si wotu ɖe Biblia me sidzedze vavãtɔ dzi nana nèzua amesi sea nu gɔme hebua tame yia ŋgɔe wu—ànye amesi alesi amewo bua dzidzedzekpɔkpɔe mate ŋu aflu o. Àwɔ ɖe Korintotɔwo I, 7:31 me aɖaŋuɖoɖo si me nunya le dzi be: “Amesiwo wɔa xexe sia me ŋuti dɔ la, nanɔ abe ɖe womele eŋuti dɔ wɔm o ene; elabena xexe sia me ƒe nɔnɔme nu va yina.” Kristotɔwo le ‘xexeame ŋudɔ wɔm’ esime wole woa ŋutɔwo kple woƒe ƒomewo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ kpɔm, gake womeɖea mɔ be xexe sia kpea wo dzi o. Wonya be dedienɔnɔ aɖeke mele esi o, be eteƒe madidi o woaɖee ɖa keŋkeŋ, eye be dzidzedzekpɔkpɔ vavãtɔ—si nye dedienɔnɔ kple agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba aɖe dzi—nɔ te ɖe ame kple Mawu dome ƒomedodo dzi. (Psalmo 1:1-3; 37:11, 29) Eyata wɔ ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi, eye nàwɔ nu nunyatɔe to ‘nu nyuiwo dzadzraɖo le dziƒo, afisi agbagblaʋui kple nusiwo ɖua nu la, megblẽa nu le o, eye fiafitɔ medzea kpɔ va fia nu le o’ me.—Mateo 6:20.

Ƒo Asa Na Dzimaɖitsitsi ne Ŋutifafa Akuakua Nasu Asiwò

Esi fifi nuɖoanyi sia yina eƒe nuwuwu la, ɖikeke mele eme o be nuteɖeamedziwo kple nusiwo wòle be nàwɔ le ɣeyiɣi kpui aɖe me la adzi ɖe edzi. Eyata aleke wòle vevie enye si be nàdze agbagba atsɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo ade dɔwɔna me be: ‘Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la nàtsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya wò dzimedidiwo, eye nàtsɔ akpedada akpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ wò dzi kple wò tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.’ Amesi ŋutilãmenuwo ɖeɖekoe le vevie na eye mekpɔa asixɔxɔ si le gbedodoɖa ŋu o la makpɔ ŋutifafa sia akpɔ gbeɖe o.—Filipitɔwo 4:6, 7.

Ke hã, Yehowa awɔ nusi wu tomefafa ko nana wò. Ne ‘ètsɔ wò dzimaɖiwo katã da ɖe eyama dzi la, akpe ɖe ŋuwò nàtsɔ wò agbanɔamedziwo gbesiagbe.’ (Petro I, 5:7; Psalmo 68:20) Eyata enye nusi me nunya le be nàɖo to Mawu gbesiagbe to eƒe Nyaa ƒe akpa aɖe xexlẽ me. Amekae ate ŋu aɖo aɖaŋu nyui na wò wu Wɔwòla? (Psalmo 119:99, 100, 105) Ẽ, nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be wokpena ɖe amesiwo tu woƒe agbe ɖe Mawu dzi ŋu be woanɔ te ɖe egbe ƒe xexe si me hloloetsotso le la nu dzidzɔtɔe.—Lododowo 1:33; 3:5, 6.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 21]

Ðe nàte ŋu anɔ agbe bɔbɔe agba madomado na ɖokuiwòea?

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Ðe nètsɔa nuwo alo amewo ɖoa nɔƒe gbãtɔa?

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Tsɔ nu veviwo ɖo nɔƒe gbãtɔ, ɖokuiwò ɖeɖe ɖe aga vie kple gbɔgbɔmemenyenye hã nakpe ɖe eŋu