Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xexe sia me Hloloetsotso

Xexe sia me Hloloetsotso

Xexe sia me Hloloetsotso

ÐE ALESI NUWO YINA KABAKABAE LE AGBE ME LA WUA TSƆTSƆ NA WÒ ƔEAÐEWOƔIA? ÐE WÒÐEA DZI LE ƑOWÒ, TEA ÐEÐI ŊUWÒ, EYE NÈDE TE NƆ GE ÐE ENU DO KPOEA? NE NENEMAE LA, KE MENYE WÒ ÐEKAE O.

AME miliɔn geɖe, vevietɔ dugã me nɔlawo, va kpɔe be agbenɔnɔ va zu hloloetsotso si tea ɖeɖi ame ŋu hetɔtɔa ame. Ele alea vevietɔ le Ɣetoɖoƒedukɔwo me. Le mawusubɔsubɔ takpekpe aɖe si wowɔ le United States nyitsɔ laa me la, nuƒola aɖe bia tso eƒe nyaselawo si be woado asi ɖe dzi ne nu tia kɔ na wo zi geɖe. Enumake asi gbogbo aɖe yi dzi.

Agbalẽ si nye Why Am I So Tired? (Nukata Ðeɖi Te Ŋunye Alea Gbegbe Ðo?) gblɔ be: “Egbegbe ƒe agbenɔnɔ yɔ fũ kple dzimaɖitsitsi siwo ŋu míesea nu tsoe tsã o—yameʋuɖoɖo ɖe game dzi, nuwɔwɔ ɖe ɣeyiɣi ɖoɖiwo dzi, ɖeviwo tsɔtsɔ ayi abɔdzokpo kple wo kpɔkplɔ gbɔe ɖe game dzi—kple bubuawo fũ.” Mewɔ nuku o be woƒo nu tso nutikɔname ŋu be enye nusi wua ame le míaƒe ŋkekea me. *

Tsã la, wometsia dzi ɖe nuwo ŋu le agbe me o, eye wometsoa hloloe abe fifia ene o. Amewo nɔ agbe wòsɔ ɖe alesi nuwo yinae le dzɔdzɔme nu wu—ŋkeke nyea dɔwɔɣi, eye zã nyea ƒomea gbɔ nɔɣi kple anyimlɔɣi. Egbea susu geɖe li siwo ta ɖeɖi tea amewo ŋu wu eye nu tia kɔ na wo.

Ŋkeke Va Didi Ðe Edzi Kpata

Ðewohĩ nusiwo gbɔ wòtso dometɔ ɖekae nye be amewo va le woƒe alɔ̃dɔdɔ dzi tsom. Eye nusiwo va gblẽ alɔ̃dɔɣi me wòɖe dzesi ŋutɔ la dometɔ ɖekae nye elektrikkaɖi ƒe dodo. Ne amegbetɔ te asi ɖe akaɖisinu dzi ko la, ete ŋu trɔa “ŋkeke” ƒe didime, eye eteƒe medidi o amewo va nɔ ŋu nɔm wòdidina wu. Le nyateƒe me la, naneke meli si ame geɖe awɔ tso nɔnɔmea ŋu o elabena adzɔnuwɔƒewo te dɔwɔwɔ zã kple keli eye dɔwɔlawo didi woƒe dɔwɔɣiwo ɖe edzi. Nuŋlɔla aɖe gblɔ be: “Gaƒoƒo blaeve vɔ ene ƒe dzidzimea va do.”

Mɔ̃ɖaŋununya me ŋgɔyiyi bubuwo, siwo ƒe ɖewoe nye radio, television, kple kɔmpiuta, hã gblẽa amewo ƒe alɔ̃dɔdɔ me. Le dukɔ geɖewo me la, woɖea television dzi wɔnawo gaƒoƒo 24 gbesiagbe. Menye nu yeye wònye be alɔ̃ nabla sinima alo kamedefefe lɔ̃lawo eye ɖeɖi nate wo ŋu woatsɔ ava dɔ mee le nukpɔkpɔ ɣeyiɣi didi le zã me vɔ megbe o. Aƒeme kɔmpiutawo, kple susuhenu gbogbo siwo le eme, hã ble ame miliɔn geɖe nu wonɔa ŋu zã tsina. Naneke megblẽ le nusiawo ŋutɔ ŋu ya o; gake wonaa ame aɖewo mebua gbɔɖeme si wohiã la ŋuti o.

Nuwo Yina Kabakaba Wu le Agbe Me

Menye ɖeko míaƒe ŋkekea va didi ɖe edzi ko o ke edze abe nuwo yina kabakaba wu le agbenɔnɔ ŋutɔ hã me ene—mɔ̃ɖaŋununya gbɔe esia hã gatso. Agbatsɔʋu si sɔwo hena si nɔ anyi ƒe alafa ɖeka kloe enye esia la megaɖi naneke ne wotsɔe sɔ kple egbegbe ʋu siwo zɔna ŋutɔ, keteke ɖiduwo, kple yameʋu ɖeablawo o. Le nyateƒe me la, egbeŋkekeawo me ƒe asitsala, si ɖewohĩ tɔgbuia zɔ afɔ loo alo do sɔ alo gasɔ hafi dea dɔ me, ate ŋu anɔ yameʋu me atso Atlantik-ƒua le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko me!

Tɔtrɔ gãwo va le dɔwɔƒewo hã le tsɔtsɔedodo dɔ kple nuwo wɔwɔ le agbɔsɔsɔ me gome. Kɔmpiuta, faksmɔ̃wo, kple nyatakakawo ɖoɖo ɖa to kɔmpiuta dzi va xɔ ɖe agbalẽŋlɔmɔ̃wo ŋudɔwɔwɔ kple lɛta ɖoɖo ɖe ame mɔnu si nɔ anyi tsã la teƒe. Kɔmpiuta suewo, kotokumetelefonwo, kple nyaxɔmɔ̃wo na vovototo megava le aƒeme kple dɔwɔƒe dome o.

Nyateƒee, mía dometɔ aɖeke mate ŋu alé alesi nuwo le du dzii le xexeame nu ya o. Gake mí ame ɖekaɖekawo míate ŋu awɔ asitɔtrɔ siwo ana míanɔ agbe si me dziɖeɖi le wu wòada asɔ. Gake hafi míadzro nya sia me la, mina míadzro dɔ siwo egbegbe hloloetsotso vevie ate ŋu awɔ ɖe mía ŋutɔwo kple amesiame dzi la dometɔ aɖewo me akpɔ.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Le gbesiagbedzimaɖitsitsiwo megbe la, nu bubu geɖewo hã ate ŋu ahe ɖeɖiteameŋu si nɔa anyi ɖaa vɛ alo ana wòado gã ɖe edzi. Ate ŋu atso lãmegbegblẽ, nunyuimaɖumaɖu, atikewo, aɖinuwo ƒe ɖiƒoƒo, tagbɔ kple seselelãme dɔwo, tsitsi, alo nusiawo dometɔ geɖe gbɔ.