Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Míayi Kristotɔwo ƒe Kpekpewoa?

Ðe Wòle Be Míayi Kristotɔwo ƒe Kpekpewoa?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Wòle Be Míayi Kristotɔwo ƒe Kpekpewoa?

“MEDEA sɔleme tsã, gake fifia medzudzɔ.” “Mebu be àte ŋu asubɔ Mawu le afisiafi, menye le sɔleme ɖeɖeko o.” “Mexɔ Mawu kple Biblia dzi se, gake nyemexɔe se be sɔlemedede hiã o.” Ðe nèse nya siawo tɔgbe kpɔa? Ame geɖe gblɔa nya siawo egbea, vevietɔ le Ɣetoɖoƒedukɔwo me. Amesiwo dea sɔleme tsã megabui be ehiã o. Nya kae Biblia gblɔ le sɔlemedede ŋu?

Nya “hame” kple “hameawo” (si fia ‘sɔleme’ la) dze zi 110 kple edzivɔ le Eʋegbe Biblia me. Wozã nya siawo le Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo hã me. Nusi Helagbe me nya si gɔme woɖe be “hame” fia ŋutɔŋutɔe nye “yɔyɔ,” alo, ne woagblɔe le mɔ bubu nu la, amewo nuƒoƒoƒu. Le kpɔɖeŋu me, Dɔwɔwɔwo 7:38 gblɔ be Mose “nɔ ha la dome le gbedzi,” si fia be enɔ Israel-dukɔ ƒe ƒuƒoƒoa me. Ŋɔŋlɔawo gblɔe le teƒe bubu be “yometiti gã aɖe va sɔlemeha, si le Yerusalem dzi,” si fia Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem. (Dɔwɔwɔwo 8:1, The Jerusalem Bible) Le Paulo ƒe lɛtawo dometɔ ɖeka me la, edo gbe na “sɔlemeha si le [Filemon] ƒeme,” si nye hame si kpena le afima.—Filemon 2, Revised Standard Version.

Edze ƒã be “sɔleme” si wozã le Biblia me la mefia tadeaguƒe o, ke boŋ efia tadeagulawo ƒe ƒuƒoƒo. Ƒe alafa evelia me mawunyafiala Clement si tso Alexandria lɔ̃ ɖe nya sia dzi heŋlɔ bena: “Menye teƒea yɔm mele be Sɔleme o, ke ame tiatiawo ƒe ƒuƒoƒoa boŋ mewɔnɛ.” Gake ɖe wòle be Kristotɔwo nanɔ teƒe tɔxɛ alo xɔ aɖe me hafi woƒe tadedeagu nadze Mawu ŋua?

Tadedeagu le Israel-dukɔa Me

Mose ƒe Sea bia be Yuda ŋutsuwo katã nayi teƒe tɔxɛ aɖe aɖaɖu azã zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me. Nyɔnu kple ɖevi geɖe hã dena. (Mose V, 16:16; Luka 2:41-44) Le ɣeyiɣi aɖewo dzi la, nunɔlawo kple Lewi-viwo fiaa nu ameha la, eye woxlẽa Mawu ƒe Sea na wo. ‘Woxlẽnɛ eme kɔna, heɖea eme, ale be woase nusi xlẽm wole la gɔme.’ (Nexemya 8:8) Mɔfiafia si Mawu na le Sabat-ƒewo ŋue nye be: “Ƒo dukɔ la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple amedzro, siwo le wò duwo me la nu ƒu, ne woasee, eye woasrɔ̃e, woavɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, eye woalé se sia ƒe nyawo katã me ɖe asi, eye woawɔ wo dzi.”—Mose V, 31:12.

Yerusalem-gbedoxɔa me koe ame ate ŋu asa vɔ na Mawu eye wòaxɔ nufiame tso nunɔlawo gbɔ le. (Mose V, 12:5-7; Kronika II, 7:12) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woɖo tadeaguƒe bubuwo le Israel—woyɔ wo be ƒuƒoƒewo. Woxlẽa Ŋɔŋlɔawo le teƒe siawo hedoa gbe ɖa le afima. Ke hã woƒe tadeaguƒe vevitɔe nye Yerusalem-gbedoxɔa. Nya si Biblia-ŋlɔla Luka gblɔ ɖe esia fia. Eƒo nu tso nyɔnu tsitsi aɖe si ŋkɔe nye Hana, amesi “medzona le mawuƒe la me o hele Mawu subɔm kple nutsitsidɔ kpakple kukuɖeɖe zã kple keli” la ŋu. (Luka 2:36, 37) Hadede kple ame bubu siwo tsɔ wo ɖokui na le tadedeagu vavãtɔ me nye nu vevitɔ le Hana ƒe agbe me. Yudatɔ mawuvɔ̃la bubuwo hã wɔ nu nenema.

Tadedeagu Vavãtɔ le Kristo ƒe Ku Megbe

Le Yesu ƒe ku megbe la, eyomedzelawo meganɔ Mose ƒe Sea te o, eye womebia tso wo si be woade ta agu le gbedoxɔa me hã o. (Galatiatɔwo 3:23-25) Ke hã woyi edzi kpe ta hena gbedodoɖa kple Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃. Xɔ siwo woɖo atsyɔ̃ geɖe na menɔ wo si o, ke boŋ wozã amewo ƒe aƒewo kple duxɔwo. (Dɔwɔwɔwo 2:1, 2; 12:12; 19:9; Romatɔwo 16:4, 5) Wowɔ nuwo bɔbɔe le ɖoɖo nyui nu le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ƒe kpekpe mawo me eye kɔnuwɔwɔ kple atsyã menɔ wo me o.

Biblia me gɔmeɖose siwo wofia le kpekpe mawo me klẽ abe kpe xɔasiwo ene le agbebaɖanɔnɔ si nɔ Roma Fiaɖuƒea me la me. Ewɔ dɔ ɖe dzimaxɔsetɔ siwo de zi gbãtɔ dzi ale gbegbe be wogblɔ be: “Mawu le mia dome vavã.” (Korintotɔwo I, 14:24, 25) Ẽ, Mawu nɔ wo dome nyateƒe. “Azɔ ŋusẽ ɖo hameawo [“sɔlemehaawo,” RS, JB] ŋu le xɔse me, eye woƒe xexlẽme le agbɔ sɔm ɖe edzi gbesiagbe.”—Dɔwɔwɔwo 16:5.

Ðe Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe Kristotɔ ŋu ɣemaɣi ne ɖe wòsubɔ le trɔ̃xɔwo me alo subɔna le eɖokuisia? Biblia na mɔfiame si me kɔ le nya sia ŋu: Ele be tadeagula siwo ŋu wokpɔa ŋudzedze ɖo nanɔ sɔlemeha, alo hame, vavãtɔ ɖeka kolia si nye tadeagula vavãwo ƒe “ŋutilã ɖeka” la me. Amesiawoe nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo, amesiwo woyɔna be Kristotɔwo.—Efesotɔwo 4:4, 5; Dɔwɔwɔwo 11:26.

Ke Egbea Ya Ðe?

Le esi teƒe be Biblia nade dzi ƒo na mí be míade ta agu le gbedoxɔ me la, edea dzi ƒo na mí boŋ be míade ta agu kple sɔlemeha la, “Mawu gbagbe ƒe hame,” amesiwo ‘dea ta agu nɛ le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.’ (Timoteo I, 3:15; Yohanes 4:24) Ele be mawusubɔsubɔ ƒe kpekpe si ŋu Mawu kpɔa ŋudzedze ɖo nafia nu amewo “le anyinɔnɔ kɔkɔe kple mawusosroɖa me.” (Petro II, 3:11) Ele be woakpe ɖe amesiwo dena ŋu be woava zu Kristotɔ tsitsiwo, amesiwo ate ŋu ‘ade vovototo nyui kple vɔ̃ dome.’—Hebritɔwo 5:14.

Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoasrɔ̃ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ƒe kpɔɖeŋu. Hame 91,400 kple edzivɔ kpena edziedzi srɔ̃a Biblia hedea dzi ƒo na wo nɔewo, eye wokpena le Fiaɖuƒe Akpatawo me, amewo ƒe aƒewo me, kple teƒe bubuwo. Esia wɔ ɖeka kple nya siwo apostolo Paulo gblɔ be: ‘Míalé ŋku ɖe mía nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me, eye míagagblẽ mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi o.’—Hebritɔwo 10:24, 25.