Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋutinya—De Wòle Be Míaka Ðe Edzia?

Ŋutinya—De Wòle Be Míaka Ðe Edzia?

Ŋutinya—De Wòle Be Míaka Ðe Edzia?

“Ŋutinya nyanya naa . . . míesena le mía ɖokui me be míenye habɔbɔ si me tɔwo nɔ anyi xoxoxo do ŋgɔ na mía dziɣi eye wòanɔ anyi ɣeyiɣi didi le míaƒe ku megbe la ƒe akpa aɖe.”—A COMPANION TO THE STUDY OF HISTORY, SI MICHAEL STANFORD ŊLƆ.

AGBENƆNƆ blemaŋutinya manɔmee sɔ kple nu vevi aɖe ƒe bubu le míaƒe agbe me. Ŋutinya manɔmee la, wò ƒome, to si me nètso, alo wò dukɔ adze abe gɔmedzedze aɖeke meli nɛ o, alo be meto naneke me va yi kpɔ o ene. Adze abe gɔmeɖoanyi aɖeke meli na míaƒe ɣeyiɣia o, eye be gɔmesese sue aɖe alo ɖeke kura mele eŋu o ene.

Ŋutinya ate ŋu anye agbenɔnɔ ŋuti nufiame gbogbo aɖe dzraɖoƒe. Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na vodada siwo wowɔ tsã la gbugbɔgawɔ enuenu. Abe alesi xexemenunyala aɖe gblɔe nyuie ene la, amesiwo ŋlɔ nusiwo me woto tsã be la agato nu mawo ke me ake godoo. Ŋutinya nyanya ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase alesi ŋkuʋuʋu dze egɔmee, nu wɔnuku siwo ŋu woke ɖo, amewo ƒe nuwɔna lédzinamewo, kple nuwo ŋuti nukpɔsusu vovovo ƒe amesinɔnɔ gɔme.

Gake esi blemaŋutinya kuna ɖe amesiwo nɔ anyi tsã kple nusiwo dzɔ gbaɖegbe ʋĩ ke ŋu ta la, aleke míawɔ anya ne woate ŋu aka ɖe wo dzi? Ne nusɔsrɔ̃ veviwo anɔ blemaŋutinya me na mí la, ke edze ƒã be ele be woanye nusiwo dzɔ nyateƒe. Eye ne míeke ɖe nyateƒenya aɖe ŋu la, ele be míalɔ̃ ɖe edzi, togbɔ be mado dzidzɔ na mí ɣesiaɣi o hã. Míate ŋu atsɔ tsã nudzɔdzɔwo asɔ kple abɔ si me wodo rose seƒoƒowo ɖo—enya kpɔna gake ŋuwo hã le eŋu; ate ŋu ado dzidzɔ na ame, eye ate ŋu atɔ ame hã.

Míadzro ŋutinya ƒe akpa aɖewo siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míada nusi míexlẽna ƒe nyateƒenyenye akpɔ la me le nyati siwo kplɔe ɖo me. Míadzro alesi ŋutinya si ŋu kakaɖedzi le ate ŋu akpe ɖe exlẽla ŋkuléɖenuŋula ŋui hã me.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Fianyɔnu Nefertiti

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Nukawoe míate ŋu asrɔ̃ tso ŋutinya me?

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Nefertiti: Ägyptisches Museum der Staatlichen Museen Preußischer Kulturbesitz, Berlin

Togafli: Míeɖe fotoa le British Museum ƒe mɔɖeɖe nu