Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AIDS Ŋuti Nyatakaka Doŋɔdziname!

AIDS Ŋuti Nyatakaka Doŋɔdziname!

AIDS Ŋuti Nyatakaka Doŋɔdziname!

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE SOUTH AFRICA GBƆ

THEMBEKA nye nyɔnuvi ƒe 12 vi si le kɔƒedu aɖe si le Afrika ƒe anyiehekpa dzi me. AIDS wu edzilawo eye wogblẽe ɖi be wòakpɔ nɔvia nyɔnuvi sue etɔ̃, siwo xɔ ƒe ewo, ade, kple ene dzi. Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe gblɔ be: “Gakpɔmɔnu aɖeke mele nyɔnuviawo si o, ale wonɔa agbe ɖe aƒelikawo ƒe dɔmenyonunana siwo nye . . . abolo ɖeka, anagotee ʋɛ aɖe, koŋ dzi.” Wotsɔ nyɔnuvi tsyɔ̃evi eneawo ƒe foto aɖe de South Africa nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe si ka nya ta le Dukɔwo Dome Aids Takpekpe 13 lia si wowɔ le Durban, South Africa, le July 2000 me ŋu la ƒe axa gbãtɔ wòdze gaglã.

AIDS tsyɔ̃evi miliɔn geɖe dze ŋgɔ nɔnɔme si me Thembeka kple nɔvia nyɔnuvi sueawo le la tɔgbe. Wodzro mɔ siwo dzi woato alé AIDS dɔvɔ̃a si le dzidzim ɖe edzi la nu le takpekpea me, abe nufiafia amewo tso mɔxexe ɖe AIDS dɔlélea nu to kɔndɔm zazã me; atike siwo woazã na AIDS dɔlélawo siwo mexɔ asi akpa o zazã, siwo li fifia; kple ga geɖe dede AIDS nutsitike didi me ene. Woƒo nu tso alesi wòle bɔbɔe le nyɔnuwo, vevietɔ ɖetugbiviwo koŋ, gome be woxɔa dɔlélea wu la hã ŋu.

Nublanuitɔe la, ŋutsu siwo xɔe se be nyɔnu ɖetugbi nɔaƒewo gbɔ dɔdɔ ada nulɔdɔwo na yewo la le AIDS tsyɔ̃evi geɖe dzi dzem. Gakpe ɖe eŋu la, ŋutsu geɖe melɔ̃na ɖena nyɔnu ne medzi vi nɛ do ŋgɔ hafi o. Eyata amewo kpɔnɛ be kɔndɔm zazã nye mɔxenu na srɔ̃ɖeɖe kple vidzidzi siaa.

Nublanuitɔe la, nyɔnuvi geɖe menya nu tso AIDS fɔkua ŋu o. South Africa nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Sowetan ƒo nu tso nyatakaka aɖe si Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha (UNICEF) gblɔ le takpekpea me ŋu be: “Unicef ƒe numekukuwo ɖee fia be nyɔnuvi siwo xɔ ƒe 15 va ɖo 19 le South Africa ƒe alafa memama 51 menya be HIV ate ŋu anɔ ame aɖe si meɖi dɔnɔ o ŋu wòaɖe na yewo o.”

Nu bubu si hã gana AIDS kakanae nye nyɔnuwo gbɔ dɔdɔ sesẽe. Ranjeni Munusamy, si de takpekpea, ka nya ta le Johannesburg, South Africa ƒe Sunday Times me be: “Ŋutsuwo ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe nyɔnuwo ŋu, si nye woƒe ŋusẽ zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu si gbãa dzi na ame wu la, kpɔtɔ nye mɔxenu gã aɖe le mɔxexe ɖe HIV nu kple edada me. Mɔ geɖe siwo nu wosẽa ŋuta le nyɔnuwo ŋu le—siwo nye amegbɔdɔdɔ sesẽe, ƒometɔ kplikplikpli gbɔ dɔdɔ, srɔ̃nyɔnuwo ƒoƒo kple wo gbɔdɔdɔ sesẽe—fia be zi geɖe la, wozia gbɔdɔdɔ ɖe wo dzi, si nye HIV xɔxɔ ƒe afɔku le eɖokui si.”

Dɔa xɔlawo ƒe agbɔsɔsɔ siwo woyɔ le takpekpea me do ŋɔdzi na ame ale gbegbe, abe alesi aɖaka si kpe ɖe eŋu ɖee fiae ene. Wobu akɔnta be sɔhɛ 7,000 kple vidzĩ 1,000 xɔa HIV gbesiagbe. Le ƒe ɖeka ko me, si nye ƒe 1999 me la, ɖevi siwo ade 860,000 bu woƒe nufialawo le AIDS ta le Afrika Sahara ƒe anyigbe.

Numekuku aɖe si South Africa ƒe Atikeŋutinumekuƒe ta la gblɔ be ame miliɔn 4.2 le South Africa xɔ HIV, si nye ame 1 le dukɔmevi 10 ɖesiaɖe me. Nɔnɔmea vloe wu le dukɔ siwo do liƒo kpli wo me. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Natal Witness ka nya ta tso akɔntabubu si United States ƒe Amexexlẽ Dzikpɔha na ŋu be: “Madidi o Afrika-dukɔ aɖewo siwo me Aids dɔvɔ̃a le nu gblẽm le me nɔlawo ƒe agbɔsɔsɔ ate toyiyi le ame miliɔn geɖe siwo dɔlélea le wuwum ta, eye kaka ƒe ewo nava yi la, amewo ƒe agbenɔƒe aɖiɖi ava ƒe 30 lɔƒo.”

AIDS fɔkua ganye kpeɖodzi bubu si fia be ameƒomea le agbe le ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asẽ’ si Biblia gblɔ ɖi be woava le “ŋkeke mamlɛawo me” la me. (Timoteo II, 3:1-5) Mawu ƒe Nya, Biblia, lɔ̃lawo le mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me woaɖe AIDS dɔlélea kple kuxi bubu siwo le fu ɖem na ameƒomea ɖa keŋkeŋ. Eteƒe madidi o, Mawu ƒe Fiaɖuƒe akpɔ anyigba dzi nyawo gbɔ. Le dzɔdzɔenyenyexexe yeyea me la, hiãkame kple ameteteɖeanyi maganɔ anyi o. (Psalmo 72:12-14; Petro II, 3:13) Ðe wo teƒe la, lãmesẽ deblibo agaɖo anyigba dzi nɔlawo si, eye wo dometɔ aɖeke magblɔ akpɔ gbeɖe be: “yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 14]

Ðevi siwo zu tsyɔ̃eviwo le AIDS ta ade 13,000,000 le xexeame katã

[Nyaɖoɖo/Anyigbatata si le axa 15]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

AME TSITSI (ƑE 15 va ɖo 49) SIWO XƆ HIV/AIDS ƑE XEXLẼME, LE ƑE 1999 ƑE NUWUWU

Dziehe Amerika 890,000

Caribbean 350,000

Latin Amerika 1,200,000

Ɣetoɖoƒe Europa 520,000

Dziehe Afrika kple Titina Ɣedzeƒe 210,000

Ɣedzeƒe kple Titina Europa 410,000

Anyiehe kple Anyieheɣedzeƒe Asia 5,400,000

Ɣedzeƒe Asia kple Pasifik 530,000

Australia kple New Zealand 15,000

Afrika Sahara ƒe Anyigbe 23,400,000

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Nyatakaka Tsoƒe: UNAIDS

[Akɔntabubu/Nɔnɔmetata si le axa 15]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

AME TSITSI (ƑE 15 va ɖo 49) SIWO XƆ HIV/AIDS LE AFRIKA DUKƆ 16 ME ƑE ALAFA MEMAMA LE ƑE 1999 ƑE NUWUWU

1 Botswana 35.8%

2 Swaziland 25.2

3 Zimbabwe 25.0

4 Lesotho 23.5

5 Zambia 20.0

6 South Africa 20.0

7 Namibia 19.5

8 Malawi 16.0

9 Kenya 14.0

10 C.A.R. 14.0

11 Mozambique 13.2

12 Djibouti 11.7

13 Burundi 11.3

14 Rwanda 11.2

15 Côte d’Ivoire 10.7

16 Ethiopia 10.6

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Nyatakaka Tsoƒe: UNAIDS

[Nɔnɔmetata]

Thembeka kple nɔvianyɔnuwo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Foto: Brett Eloff