Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Asitsaɖoɖo aɖe si Li tso Gbaɖegbe Ke

Asitsaɖoɖo aɖe si Li tso Gbaɖegbe Ke

Asitsaɖoɖo aɖe si Li tso Gbaɖegbe Ke

John ƒe atikpaƒee wotu nyuie hedzra eme ɖo wu le eƒe nutoa me. Edana ɖe edzi eye wònyea dzidzɔ nɛ. Gake gbeɖeka dzo dze dɔwɔƒea le zã me. Le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, eƒe dɔwɔƒe dzeania bi keŋkeŋ zu dzofi.

DO ŊGƆ la, John bu ga si wòtsɔ tu dɔwɔƒea ƒe ɖe tsɔtsɔ wɔ dzobibi ŋuti nugblẽfexeɖoɖoe ŋu. Gake ebui be: ‘Meɖɔa ŋu ɖo ale gbegbe. Eye ne dzo aɖeke meva dze aƒea dzi o la, ke nugblẽfexeɖoɖo wɔwɔ anye ga dome gbegblẽ.’ Gake dzo va fiã aƒea. Ne ɖe John wɔ nugblẽfexeɖoɖo na eƒe dɔwɔƒea la, anye ne agate ŋu agbugbɔe atu. Ne mewɔ nugblẽfexeɖoɖo nɛ o la, ke mate ŋu atui o.

Nukae Nye Nugblẽfexeɖoɖo?

Menye gadede asitsadɔ me si ame kpɔa mɔ be yeaxɔ yeƒe ga emegbe ye nugblẽfexeɖoɖo nye o. Eye menye tsatsadada hã o. Tsatsadala dea eƒe nunɔamesiwo afɔku me, ke nugblẽfexeɖoɖo ya nye ametakpɔkpɔ tso afɔku siwo li xoxo me. Nugblẽfexeɖoɖo nye ame bubuwo ƒe alɔdodoame le afɔkudzɔɣi.

Tso blemaɣeyiɣiwo me ke la, nutowo me nɔlawo dzɔa woƒe nunɔamesi aɖewo tsɔ kpena ɖe ame ɖekaɖeka siwo nu bu na ŋu. Anɔ ƒe 3,500 enye si va yi la, Mose gblɔ na Israel-dukɔa be woadzɔ woƒe agblemenuwo ƒe ɖe enuenu na “amedzro, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo.”—Mose V, 14:28, 29.

Nugblẽfexeɖoɖo ƒe Dzɔtsoƒewo

Wole nugblẽfexeɖoɖo zãm ƒe akpe nanewoe nye sia. Gadodoname ƒe nugblẽfexeɖoɖo aɖe tɔgbe nɔ Hammurabi ƒe Sedede, si nye Babilontɔwo ƒe sewo ƒe ƒuƒoƒo si wogblɔ be enɔ anyi do ŋgɔ na Mose ƒe Sea, la me. Be melitɔwo nakpɔ ga na woƒe asitsamɔzɔzɔwo le blemaɣeyiɣiwo me la, wodoa ga le gadedɔmelawo si. Ne meli aɖe va nyrɔ la, womegbugbɔ xɔa gadodoa le ʋutɔawo si o. Esi meli geɖe trɔ gbɔ dedie ta la, viɖe siwo ʋutɔ bubu geɖe xena wɔnɛ be gadolaa meɖua agba o.

Ƒudzisitsatsa kee wɔe be emegbe wova ɖo nugblẽfexeha si xɔ ŋkɔ wu le xexeame, si nye Lloyd’s si le London. Kaka ƒe 1688 naɖo la, Edward Lloyd ɖo tiidzraƒe aɖe, afisi asitsala kple gadzraɖoƒedɔwɔla siwo nɔ London doa go le le vome kpɔa woƒe asitsanyawo gbɔ. Le afima la, gadedɔmelawo, amesiwo wɔ nugblẽfexeɖoɖo na ƒudzidelawo la, ŋlɔa woƒe ŋkɔwo ɖe afɔku aɖewo koŋ te hexɔa ga home aɖe, alo nugblẽfe ƒe adzɔ, ɖe eta. Wova yɔa nugblẽfexeɖoɖowɔla siawo be megbedanamelawo. Mlɔeba le ƒe 1769 me la, Lloyd’s va zu megbedanameha si woɖo koŋ si keke ta va zu ƒudzifɔkuwo ŋuti sitsaha gbãtɔ.

Nugblẽfexeɖoɖo si Li Egbea

Ne amewo wɔ nugblẽfexeɖoɖo egbea la, ame bubuwo ƒe alɔdodoame le afɔkudzɔɣi kee wòganyena. Egbeŋkekea me nugblẽfexehawo kua nu me le nuŋlɔɖi siwo ku ɖe alesi gbegbe nuwo bu na amewo tsãe ŋu me—le kpɔɖeŋu me, fiasewo ƒe fiafiã—eye wote ŋu kpɔna nusiwo agate ŋu abu na woƒe asisiwo le etsɔme. Nugblẽfexehawo wɔa ga siwo woƒe asisiwo xena ŋudɔ tsɔ xea nugblẽfe na asisi siwo nu bu na.

Ðe nugblẽfexeɖoɖo hiã na wòa? Ne ehiã na wò la, nugblẽfexeɖoɖo kae asɔ na wò nɔnɔmewo? Eye ne èwɔ nugblẽfexeɖoɖo alo mèwɔe o hã la, ŋuɖɔɖonuwɔna kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe agbemefɔkuwo nu?

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Nugblẽfexeha siwo xɔ ŋkɔ wu le xexeame dometɔ ɖeka dze egɔme le tiidzraƒe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Courtesy of Lloyd’s of London