Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Drɔ̃ewo Nye Gbedasi Siwo Tso Mawu Gbɔa?

Ðe Drɔ̃ewo Nye Gbedasi Siwo Tso Mawu Gbɔa?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Drɔ̃ewo Nye Gbedasi Siwo Tso Mawu Gbɔa?

WOGBLƆ be drɔ̃e aɖe mee nutovɛla Elias Howe fɔ aɖaŋu si wòtsɔ wɔ nutɔmɔ̃ la tsoe. Hakpala Mozart gblɔ be drɔ̃eƒee yese ha siwo yekpa dometɔ geɖe ƒe gbeɖiɖi tsoe. Nenema ke atikedokpɔla Friedrich August Kekule von Strandonitz hã gblɔ be drɔ̃eƒee yeke ɖe mɔmemi si nye benzene la ƒe nɔnɔme ŋu le. Nudzɔdzɔ mawo tɔgbe bɔ. Le ŋutinya katã me la, dukɔ geɖe gblɔ be ŋusẽ siwo de ŋgɔ wu dzɔdzɔmetɔ gbɔe yewoƒe drɔ̃ewo tso. Ame aɖewo bui be nusiwo ŋu wokua drɔ̃e le kple nusiwo dzɔna ne míele ŋute siaa nye nu ŋutɔŋutɔwo.

Nuŋlɔɖi geɖewo le Biblia me siwo me woƒo nu tso drɔ̃ewo ŋu le abe nyatakakatsoƒe vevi ene—be wonye Mawu ƒe nuƒoƒo na ame mɔnu ƒomevi aɖe. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:13, 14; Fiawo I, 3:5) Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒo nu na Abraham, Yakob, kple Yosef le drɔ̃e me. (Mose I, 28:10-19; 31:10-13; 37:5-11) Mawu na Babilon-fia Nebukadnezar ku drɔ̃e siwo nye nyagblɔɖiwo. (Daniel 2:1, 28-45) Eyata ɖe susu nyui aɖe li si ta míaxɔe ase be drɔ̃e siwo wokuna egbea gɔ̃ hã dometɔ aɖewo nye gbedasiwo tso Mawu gbɔa?

Drɔ̃e Siwo Tso Mawu Gbɔ

Le Biblia me la, susu tɔxɛ aɖe tae Mawu naa wokua drɔ̃e siwo tso egbɔ la ɖo ɣesiaɣi. Nyateƒee, ɣeaɖewoɣi la, drɔ̃ekula la mete ŋu sea drɔ̃ea gɔme enumake o. Gake le wo dometɔ geɖe me la, Mawu, “amesi ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go,” ŋutɔ ɖe wo gɔme be ɖikeke naganɔ gɔmesese si le drɔ̃eawo ŋu la ŋuti o. (Daniel 2:28, 29; Amos 3:7) Nudzɔdzɔ siwo me mekɔna o eye susu menɔa wo me o siwo dzɔna le drɔ̃ekuku me menɔ drɔ̃e siwo tso Mawu gbɔ me o.

Ɣeaɖewoɣi la, Mawu zã drɔ̃ewo tsɔ kpɔ amesiwo le akpa vevi aɖe na eƒe tameɖoɖo me vava la ta. Drɔ̃e siawo kulawo menyea Mawu ƒe subɔlawo kokoko o. Le kpɔɖeŋu me, ɣletivimefakala siwo srã Yesu kpɔ esime wònye ɖevi la megatrɔ yi ɖe Herodes si nɔ didim vevie be yeakɔ ʋu ɖi la gbɔ abe alesi wòbiae ene o. Nukatae? Esi woxlɔ̃ nu wo le drɔ̃eƒe tae. (Mateo 2:7-12) Esia na ɣeyiɣi si hiã la su Yosef, fofo si xɔ Yesu nyi la si be wòte ŋu si kple eƒe ƒomea yi Egipte le mɔfiafia si eya hã xɔ tso drɔ̃eƒe ta. Esia kpɔ Yesu ƒe agbe ta esime wònye ɖevi.—Mateo 2:13-15.

Ƒe alafawo do ŋgɔ la, Egipte ƒe farao aɖe ku drɔ̃ewo le liŋɔ adre siwo ʋã kple nyinɔ dami adre siwo to vovo na liŋɔ adre siwo lé bu kpakple nyinɔ adre siwo ɖi ku ŋu. To Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, Yosef te ŋu ɖe drɔ̃eawo gɔme pɛpɛpɛ: Nuɖuɖu abɔ ɖe Egipte ƒe adre siwo yome dɔwuame ava ɖo. Esia nyanya do ŋgɔ na Egiptetɔwo te ŋu dzra ɖo heƒo nuɖuɖu gbogbo aɖe nu ƒu. To esia me Mawu kpɔ Abraham ƒe dzidzimeviwo ta esi wòkplɔ wo va Egipte.—Mose I, ta 41; 45:5-8.

Fia Nebukadnezar si tso Babilon hã ku drɔ̃e aɖe. Wogblɔ xexemefiaɖuƒe siwo akpɔ ŋusẽ tẽ ɖe Mawu ƒe amewo dzi hekpe ɖe woƒe dodo kple anyidzedze ŋu nya ɖi le drɔ̃e ma me. (Daniel 2:31-43) Emegbe egaku drɔ̃e bubu le alesi eya ŋutɔ gbɔna tsu ku gee kple alesi wòava hayae la ŋu. Nyagblɔɖi me drɔ̃e sia va eme le mɔ si lolo wu nu le ɣeyiɣi si me tututu woɖo Mesia Fiaɖuƒea si dzi Mawu ato awɔ eƒe lɔlɔ̃nu la anyi.—Daniel 4:7-34.

Egbe Ŋkekea me Drɔ̃ewo ya Ðe?

Nyateƒee, Mawu nya ƒo nu na amewo va yi to drɔ̃ewo dzi baa. Gake Biblia fia be ƒã ŋutɔ hafi wòdzɔna alea. Drɔ̃ekuku menye mɔnu vevitɔ si dzi Mawu to ƒo nu na amewo gbeɖe o. Mawu subɔla nuteƒewɔla geɖewo nɔ anyi siwo mexɔ gbedasi aɖeke tso Mawu gbɔ le drɔ̃e me o. Míate ŋu atsɔ alesi Mawu ƒo nu na amewo to drɔ̃e dzi la asɔ kple Eƒe Ƒudzĩa me mama. Míenyae be ewɔ nusia zi ɖeka, gake zi geɖe la, menye aleae wòwɔa nu kple eƒe amewoe o.—Mose II, 14:21.

Apostolo Paulo lɔ̃ ɖe edzi be le ye ŋɔli la, Mawu ƒe gbɔgbɔ wɔa dɔ le eƒe amewo dzi le nukumɔ vovovo nu. Paulo gblɔ be: “Woto Gbɔgbɔ la dzi tsɔ nunya ƒe nya na ame aɖe, ame bubu la sidzedze ƒe nya le Gbɔgbɔ ma ke nu, ame bubu la xɔse le Gbɔgbɔ ma ke me; ame bubu la dɔyɔyɔ ƒe amenuvevenunanawo le Gbɔgbɔ ɖeka ma me; ame bubu la nukudɔwɔwɔwo, ame bubu la nyagbɔgblɔɖi, ame bubu la gbɔgbɔwo dodokpɔ, ame bubu la gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo, ame bubu la gbe bubu ƒomeviwo ƒe gɔmeɖeɖe.” (Korintotɔwo I, 12:8-10) Togbɔ be womeyɔ drɔ̃e siwo tso Mawu gbɔ ŋutɔŋutɔ de eme o hã la, edze ƒã be Mawu na Kristotɔ aɖewo ku drɔ̃e abe gbɔgbɔ ƒe nunana ene le Yoel 2:28 me nyawo me vava nu.—Dɔwɔwɔwo 16:9, 10.

Gake apostoloa gagblɔ nya sia tso gbɔgbɔa ƒe nunana tɔxɛ siawo ŋu be: “Nenye nyagbɔgblɔɖiwo la, woaɖe wo ɖa, nenye gbegbɔgblɔwo la, woadzudzɔ, nenye sidzedze la, woaɖee ɖa.” (Korintotɔwo I, 13:8) Edze ƒã be nunana siwo ‘woaɖe ɖa’ dometɔ aɖewoe nye mɔ vovovo siwo nu Mawu tona ƒoa nu na amewo. Le apostoloawo ƒe ku megbe la, Mawu meganaa gbɔgbɔ ƒe nunana tɔxɛ siawo esubɔlawo o.

Egbea drɔ̃eŋununyalawo le kutri kum kokoko be yewoase alesi drɔ̃ekuku yia edzii la gɔme kple nenye be viɖe aɖe le eŋu. Biblia mena numekɔkɔ aɖeke le nya siawo ŋu o. Gake Biblia xlɔ̃ nu amesiwo tea tɔ ɖe edzi be Mawu ƒoa nu na yewo le drɔ̃e me. Egblɔ le Zaxarya 10:2 be: “Bokɔnɔwo kpɔa alakpaŋutegawo, wolĩa drɔ̃e, siwo mele ɖeke me o.” Mawu xlɔ̃ nu le afakaka hã ŋu. (Mose V, 18:10-12) Le nuxlɔ̃ame siawo ta la, Kristotɔwo megakpɔa mɔ egbea be yewoaxɔ mɔfiafia tso Mawu gbɔ le drɔ̃e me o. Ke boŋ wobua drɔ̃e be enye nusi dzɔna le alɔ̃ me ko.