Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Agbe?

Aleke Mawɔ Agbe?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Agbe?

“Dzomeŋɔli sia nye nu lé dzi na nɔviŋutsu aɖe si le míaƒe hamea me. Le nyateƒe me, eƒe nu menyo ŋunye kpɔ o. Ke kuxiae nye be nyemenya alesi mawɔ agbe eye mavee o.”—Elizabeth. *

“MÍATE ŋu anye xɔlɔ̃ veviwoa?” Ðekakpui aɖe bia nya ma wò kpɔa? Ne ɖetugbi * ye nènye la, ke anɔ eme be adzɔ dzi na wò, wòavivi na wò—eye kura gɔ̃ hã wòalé dzi na wò! Gake agate ŋu ana nàtɔtɔ ale gbegbe be mànya alesi nàɖo eŋui hã o.

Ne wò nu nyo ame aɖe ŋu la, ate ŋu ana seselelãme vovovo nage ɖe mewò. Edzɔna alea vevietɔ ne ètsi ɖo srɔ̃ɖeɖe me eye nàte ŋu alɔ̃ ɖe edzi na amea! * Togbɔ be ele nenema hã la, alesi nàwɔ nui ƒe akpa gã aɖe anɔ te ɖe amesi le lɔlɔ̃nya la dom ɖe gbɔwò ƒe nɔnɔme dzi. Ne etsi le seselelãme me eye eƒe nu nyo ŋuwò la, nyaŋuɖoɖo nɛ anɔ bɔbɔe na wò. Gake ne eva dze kɔte be nudidi siwo hiã hafi wòanye srɔ̃ŋutsu nyui mele esi o ɖe? Alo togbɔ be nɔnɔme nyuiwo le esi hã la, ne eƒe nu melé dzi na wò o ɖe?

Bu ɖetugbi aɖe si wo kple ɖekakpui aɖe wozɔ sẽ gake wòva kpɔ be yemedi be ye kplii yewoanɔ anyi le yeƒe agbemeŋkeke susɔeawo me o hã ŋu kpɔ. Le esi teƒe be wòatso kadodo ɖesiaɖe me kplii la, egayi edzi nɔa go dom kplii. Ebia be: “Aleke mawɔ agbe?”

Ne Eƒe Nu Menyo Ŋuwò O

Le blemafofowo ŋɔli la, edze abe amesiwo dzilawo tia na wo viwoe ɖeviawo ɖena ene. (Mose I, 24:2-4, 8) Le Ɣetoɖoƒedukɔwo me la, mɔɖeɖe li na Kristotɔ akpa gãtɔ be woawo ŋutɔ natia amesi woaɖe. Biblia tɔ asi nudidi ɖeka aɖe dzi—be Kristotɔwo naɖe srɔ̃ ‘le Aƒetɔ la me ko.’—Korintotɔwo I, 7:39.

Ðe wòfia be ele be nàɖe haxɔsetɔ ɖesiaɖe si gblɔ be wò nu nyo ye ŋu alo si mia kplii miezɔ ɣeyiɣi kpui aɖea? Enyo, bu Biblia me kpɔɖeŋu si nye ɖetugbi aɖe si tso Titinaɣedzeƒe ƒe kɔƒedu si nye Sunem me ŋu kpɔ. Esi woƒe fia Salomo kpɔe la, eƒe nu lé dzi nɛ ŋutɔ. Esi Salomo di be yeado ɖeɖenya ɖe egbɔ la, menye ɖeko ɖetugbivi dza sia gbe o, ke eɖe kuku na fiasã me nyɔnu siwo nɔa fia la ŋu be: “Miganyɔ lɔlɔ̃ o, migaʋuʋui o, vaseɖe esime wòadze eya ŋutɔ ŋu hafi!” (Hawo ƒe Ha 2:7) Ðetugbi dzeaɖaŋu sia medi be amewo naƒo nya ɖe ye nu yeatso nya me ɖe seselelãmewo ko nu o. Salomo ƒe nu menyo eŋu o, elabena elɔ̃ alẽkplɔla tsɛ aɖe xoxo.

Nusɔsrɔ̃ vevi aɖe le nya sia me na amesiwo le srɔ̃ɖeɖe ŋu bum egbea: Be lɔlɔ̃ si nɔa srɔ̃tɔwo dome la mate ŋu anɔ wo me na amesiame ƒomevi o. Eyata le zɔzɔ kple ŋutsu aɖe va ɖo afi aɖe vɔ megbe kura gɔ̃ hã la, ɖetugbia ate ŋu ava kpɔe be eƒe nu melé dzi na ye o. Ðewohĩ ɖekakpuia ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe si dze gaglãa tae wòwɔna na ɖetugbia nenema ɖo. Alo ate ŋu anye be eƒe nue menyo eŋu o. Anye bometsitsi be wòaŋe aɖaba aƒu seselelãme siawo dzi. Aɖabaŋeŋe ƒu wo dzi maɖe wo ɖa o. * Tamara gblɔ tso ŋutsu si wònɔ zɔzɔm kplii ŋu be: “Ðikeke geɖe nɔ menye ɖe eŋu. Menye ɖikeke suesuewo koe wonye o, ke boŋ esiwo ɖe fu nam ŋutɔŋutɔ ale gbegbe be metsia dzodzodzoe ne mele egbɔ.” Tamara va kpɔe emegbe be ele be yewoatso yewo dome kadodoa me le ɖikeke siawo ta.

Nusita Gbegbe Sesẽna

Togbɔ be ele nenema hã la, esesẽna be nàgblɔ na ɖekakpui si le ɖeɖenya dom ɖe gbɔwò be menyo na ye o. Abe Elizabeth si míeyɔ va yi le nyatia ƒe gɔmedzedze ene la, ɖewohĩ ànɔ vɔvɔ̃m be yeava do dziku nɛ. Nyateƒee, ele be míade bubu amewo ƒe seselelãme ŋu. Biblia de dzi ƒo na Kristotɔwo be woado “dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ” eye be woawɔ nu ɖe amewo ŋu abe alesi woadi be woawɔe ɖe yewo ŋu ene. (Kolosetɔwo3:12; Mateo7:12) Ðe wòfia be nàwɔ ko abe ɖe wònyo na wò ene bene dzi magaɖe le ɖekakpuia ƒo alo wòabi dzi oa? Ðikekemanɔmee la, ava kpɔ alesi nèsena le ɖokuiwò me ŋutɔŋutɔ adze sii, eye ɖeko wò anukwaremaɖimaɖi nɛ alo wò seselelãme gbɔgblɔ nɛ hehe ɖe megbe ana wòagavee wu. Esi vloe kura enye be nàɖee le esi eƒe nu wɔ nublanui na wò ko ta. Ame ƒe nu ƒe nublanuiwɔwɔ na ame menye gɔmeɖoanyi nyui si dzi woatu srɔ̃ɖeɖe ɖo o.

Ðewohĩ ele fu ɖem na susu na wò be, ‘Ne nyemeɖee o la, nyemagakpɔ ame aɖeke aɖe o.’ Abe alesi Teen magazine me nyati aɖe gblɔe ene la: “Menye eyae nèdi be yeaɖe hafi o, gake eya koe nèkpɔ—eye mèdi be yeatsi akogo o.” Nyateƒee, didi si nu sẽ wònye be zɔhɛ nanɔ ame si. Gake menye amesiame ko ɖeɖee ana woakpɔ ta na didi sia o. Ebia be nàkpɔ amesi nàte ŋu alɔ̃ le nyateƒe me eye wòanye amesi ate ŋu atsɔ Ŋɔŋlɔawo me srɔ̃ɖeɖe me gbanɔamedziwo. (Efesotɔwo 5:33) Eyata mègatsi dzi ɖe nyametsotsowɔwɔ ŋu le kpeɖeŋutɔ didi me o! Eva ve ame geɖewo emegbe be yewotsɔ dzitsitsi ɖe srɔ̃e.

Mlɔeba la, ɖetugbi aɖewo yia edzi nɔa zɔzɔm kple ɖekakpui si ŋu kpɔtsotso gãwo le la kokoko, togbɔ be wokpɔe gaglãa hã. Wosusunɛ be ‘Ne megbɔ dzi ɖi nɛ vie la, ɖewohĩ ava trɔ.’ Ðe susu le eme ŋutɔŋutɔa? Ne ètsɔ susu ɖo eŋu la, àkpɔ be zi geɖe la, numame kple nɔnɔme gbegblẽwo te ŋu ƒoa ke ɖe to le ame me ale gbegbe be bebli hafi wote ŋu trɔna. Nenye be ewɔ tɔtrɔ kpatawo kura gɔ̃ hã la, ɖe nàte ŋu aka ɖe edzi be tɔtrɔ siawo anɔ anyi ɖaa? Le nɔnɔme sia tɔgbe aɖe me la, ɖetugbi aɖe si ŋkɔe nye Karen wɔ nu nunyatɔe esi wòtso nya me be yeadzudzɔ kadodo kple ɖekakpui aɖe esi wòva de dzesii be yewoƒe nukpɔsusu le nuwo ŋu to vovo. Elɔ̃ ɖe edzi be: “Esesẽ nam ŋutɔ, elabena eƒe nu nyo ŋunye. Gake mekpɔ be ema koe nye nu nyuitɔ mawɔ.”

Wɔ Nu le Ŋuɖɔɖɔɖo Me

Nyateƒee, menye nu feŋue wònye be nàgbe o. Abe nubablɛ si me nusiwo gbãna le ene la, ehiã ŋuɖɔɖɔɖo. Aɖaŋuɖoɖo siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò dometɔ ʋɛ aɖewoe nye si.

Dzro nya la me kple dziwòlawo alo ame tsitsi bubu aɖe le hamea me. Woate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya nenye be nusiwo nèle mɔ kpɔm na la kɔ vie akpa.

Wò nyawo me nakɔ eye woanɔ t. Mègana ɖikeke nanɔ eme le alesi nèsena le ɖokuiwò me ŋu o. Gbɔgblɔ be “Ao, megbe” ko ate ŋu aɖe dzi le ame geɖe siwo adi be yewoabia tawò la ƒo. Ne ehiã la, gblɔ alesi nègbee la kakaɖedzitɔe wu, le kpɔɖeŋu me, abe “Ete ɖe dzinye, gake le nyateƒe me la, medzɔ dzi nam o” ene. Kpɔ nyuie be màwɔe wòadze abe ɖe nàte ŋu atrɔ susu ne etee ɖe dziwò vie ene o. Nana eme nakɔ nɛ be eƒe nu menyo ye ŋu o la ana matɔtɔ le susu me o eye wòana wò malɔ̃malɔ̃a nanya tsɔ nɛ wu.

Da sɔ le nyateƒetoto kple aɖaŋudzedze me. Lododowo 12:18 gblɔ be: “Ame aɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene.” Togbɔ be nya gbɔgblɔ tẽ le vevie hã la, Biblia gblɔ be “dze nanɔ [míaƒe] nya me.”—Kolosetɔwo 4: 6.

Lé wò nyametsotsoa me ɖe asi. Xɔlɔ̃ nyuidinamela siwo anɔ eme be womenya nu boo aɖeke tso nusita nètso nya me nenema ŋu o la adi be yewoaƒo nya ɖe nuwò nàgbugbɔ ŋugble ade le nya la ŋu. Gake mlɔeba la, wòe ava nɔ agbe ɖe nya me si nètso la nu—menye xɔ̃wò nyuidinamelawoe o.

Wɔ nu wòasɔ ɖe wò nyawo nu. Ðewohĩ tsã mi ame evea mienye xɔlɔ̃ veviwo, eye esɔ be miadi be nuwo nayi abe tsã ene. Gake zi geɖe la, masɔ eye wòanya wɔ nenema o. Fifia eƒe seselelãmewo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu. Ðe wòasɔ be nàsusui be neɖe asi le seselelãme mawo ŋu awɔ abe ɖe naneke medzɔ o enea? Eyata togbɔ be ade mia dzi wu be miawɔ nu ɖe mia nɔewo ŋu le dɔmenyo kple bubu me hã la, ɖeko kaƒoƒo na mia nɔewo edziedzi alo mia nɔewo gbɔ nɔnɔ fũ le hadomenuwɔnawo me agadzi eƒe blanuilélea ɖe edzi. Ate ŋu asɔ kple eƒe seselelãmewo tsɔtsɔ wɔ fefee, si manyo be nàwɔ o.

Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be amesiame “nagblɔ nyateƒe na ehavi.” (Efesotɔwo 4:25) Asesẽ ya, gake ate ŋu akpe ɖe mi ame evea ŋu agbe naganya nɔ na mia dometɔ ɖesiaɖe.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 4 Togbɔ be ɖetugbiwo koŋue woyɔ le nyati sia me hã la, gɔmeɖose siwo le eme sɔ na ɖekakpuiwo hã.

^ mm. 5 Míedzro afɔku siwo le gbeɖoɖoɖi esime wometsi kura o me le magazine sia ƒe tata si nye February 8, 2001, tɔ me.

^ mm. 10 Kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Ðe Míatso Mía Dome Kadodoa?” si le July 22, 1988, Nyɔ! ƒe Eŋlisigbe me tɔ me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]

Amesiame ko ƒe nu mate ŋu anyo ŋuwò o

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Gblɔ wò seselelãmewo tẽ eme nakɔ