Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Aʋawɔwɔ Va Le Egbea

Alesi Aʋawɔwɔ Va Le Egbea

Alesi Aʋawɔwɔ Va Le Egbea

WOTSO sitsoƒesaɖa la kpatakpata be woate ŋu akpɔ dzeƒe na sitsoƒedila 1,548 siwo tso Afrika-dukɔ si ɖe liƒo kpli wo me va ɖo le vome. Wotu avɔgbadɔ siwo ƒe amadede nye blɔ kple aŋutiɖiɖi ɖe ba me ɖe deve aɖe me. Elektrikŋusẽ alo aba menɔ anyi o, eye pɔmpimetsi alo afɔdzi menɔ anyi o. Tsi nɔ dzadzam. Sitsoƒedilaawo zã atiwo tsɔ ɖe ʋe suesuewoe be tsi magage ɖe agbadɔawo me o. Dukɔwo dome kpekpeɖeŋunahabɔbɔ eve wɔ dɔ moveviɖoɖotɔe be woana nuwo naka ɖe eme na wo.

Do ŋgɔ la, sitsoƒedilaawo zã mɔnukpɔkpɔa tsɔ ɖo agbatsɔtɔdziʋu gbagbã aɖe tsɔ sii le dukɔmeviʋa si gblẽ nu le wo de dukɔ ŋu ƒe geɖe la nu. Menye aʋawɔʋuwo kple bɔmbdayameʋu gãwoe wotsɔ wɔ aʋa siae o. Asrafo siwo anye ame 150 siwo si tuwo nɔ wotsɔ ge ɖe dukɔa me koe wotsɔ dze egɔmee. Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, asrafoawo dze kɔƒeduwo dzi, xɔ adzɔ le dukɔmeviwo si, xɔ ame geɖe ɖe asrafodɔa me, hewu amesiame si tsi tre ɖe wo ŋu. Mlɔeba, woɖu dukɔ bliboa dzi.

Sitsoƒedilaawo dometɔ ɖeka si nɔ asaɖaa me la nye ɖetugbi aɖe si ŋkɔe nye Esther. Egblɔ be: “Nu sesẽtɔ kekeake si dzɔ ɖe dzinye kpɔ le nye agbe mee nye srɔ̃nye wuwu le aʋa sia me. Tue wodae. Vɔvɔ̃ nɔ anyi ale gbegbe. Ne èse ame aɖe ƒe ɣli la, ɖeko wòawɔ na wò be ame aɖe gbɔna ye wu ge. Ɣesiaɣi si nàkpɔ ame aɖe wòalé tu ɖe asi la, àsusu be ɖe wògbɔna ye wu ge. Nye dzi medze eme gbeɖe o. Afisia koe mete ŋu dɔa alɔ̃ le zã me le. Nyemete ŋu dɔa alɔ̃ le mía de o. Afisia ya medɔa alɔ̃ abe vidzĩ ene.”

Nyɔ! ŋlɔlaa biae be: “Le agbadɔ fafa sia me hã.”

Esther ko nu. “Ne ahiã be madɔ ba sia me gɔ̃ hã la, madɔ alɔ̃ wu alesi medɔnɛ le afisi metso va.”

Ambrose, amesi xɔ ƒe ewo, tsɔ eƒe agbenɔƒe akpa gãtɔ nɔ sisim le aʋawɔwɔwo nu kpe ɖe eƒe ƒomea ŋu. Egblɔ be: “Medi be ŋutifafa neva ne mayi suku elabena mele tsitsim.”

Kpana, amesi xɔ ƒe asieke la, ƒe ŋkuwo le hɔ̃e eye wodze ani. Esi wobia nusiwo nye ɖevimenu siwo dzi wòɖo ŋkui la, eɖo eŋu enumake be: “Aʋawɔwɔ! Dzrewɔwɔ!”

Aʋa si nu amesiawo si le la ƒomeviwo bɔ le ƒe siawo me. Magazine aɖe gblɔ be le aʋa gã 49 siwo wowɔ tso ƒe 1990 me la, tu suewo koe wotsɔ wɔ wo dometɔ 46. To vovo na yi alo akplɔ̃, siwo zazã bia aɖaŋu kple ŋusẽ be woate ŋu azãe nyuie le aʋawɔwɔ me la, tu suewo zazã wɔe be aʋawɔwɔ va le bɔbɔe na amesiwo mebi ɖe ezazã me o kple amesiwo bi ɖe ezazã me siaa. * Zi geɖe la, woxɔa ƒewuiviwo kple ɖevi suewo dea eme hezinɛ ɖe wo dzi be woaha nunɔamesiwo, awɔ nuvevi amewo, ahawu amewo.

Aʋa siawo dometɔ geɖe menyea dukɔ eve dome ʋa o, ke boŋ esiwo dukɔawo me tɔwo ŋutɔŋutɔ wɔna kpli wo nɔewo. Menye asrafo siwo xɔ hehe le aʋagbedzi ye wɔa aʋa siawo o, ke boŋ zi geɖe la, dukɔmevi siwo le dugãwo, duviwo, kple kɔƒewo mee wɔnɛ. Esi aʋawɔlaawo dometɔ geɖe mexɔ asrafowo ƒe hehe o ta la, meɖea fu na wo be woada aʋawɔsewo dzi o. Le esia ta ebɔ be wodzea nyɔnuwo, kple ɖeviwo, amesiwo si ametaʋlinu aɖeke mele o dzi. Wobui be le aʋa siwo wowɔna egbea me la, amesiwo wowuna la dometɔ siwo wu alafa memama 90 nye dukɔmevi dzrowo. Le aʋa siawo me la, tu suewo kple tu siwo mekpena o ye wozãna wu.

Ele eme baa be tuwo mehea aʋawɔwɔ vɛ tẽ ya o—amewo nɔ aʋa wɔm xoxoxo hafi wova to ɖu vɛ. Ke hã kɔlili tuwo ɖi ate ŋu ade aʋawɔwɔ ƒe dzi ƒo wu ŋutifafawɔwɔ. Aʋawɔnuwo ate ŋu ana aʋawɔwɔ teƒe nadidi ahana ʋukɔkɔɖi nasɔ gbɔ.

Togbɔ be aʋawɔnu siwo zãm wole le aʋa siwo wɔm wole le egbeŋkekeawo me le sue hã la, woƒe nugblẽƒe teƒe mekɔ o. Le ƒe 1990-awo me la, aʋawɔnu siawoe wu ame miliɔn ene kple edzivɔ. Amesiwo wu miliɔn 40 va zu sitsoƒedilawo loo alo amesiwo wonya de gbe. Tu suewo gblẽ nu le teƒe siwo wole aʋa wɔm le ƒe dunyahehe, hadomegbenɔnɔ, ganya, kple nutowo me nyawo ŋu. Dukɔ vovovowo ƒo ƒu zã ga dɔlar biliɔn geɖe ɖe kpekpeɖeŋu kpatawo nana, sitsoƒedilawo dzikpɔkpɔ, ŋutifafawɔwɔ, kple asrafowo ƒe avuléle ŋu.

Nukatae tu suewo va nye egbeŋkekea me ʋawo ƒe akpa vevi aɖe? Afikae wokpɔa wo tsonɛ? Nukae woate ŋu awɔ be woaɖe woƒe nugbegblẽ ƒe afɔkua dzi akpɔtɔ alo aɖee ɖa kuraa? Míadzro nyabiabia siawo me le nyati siwo kplɔe ɖo la me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 9 Nya “tu suewo” fia tu siwo woléna ɖe abɔta dana kple asituwo—tu siwo ame ɖeka te ŋu dana; tu siwo woyɔna be “tu siwo mekpena o” dometɔ aɖewoe nye esiwo dana trena ɖe enu, kple bɔmbdatuwo, siwo wohiãna ame eve ɣeaɖewoɣi hafi woadae.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 11]

UN PHOTO 186797/J. Isaac