Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nuvlowɔlawo Ate ŋu Atrɔ Vavãa?

Ðe Nuvlowɔlawo Ate ŋu Atrɔ Vavãa?

Ðe Nuvlowɔlawo Ate ŋu Atrɔ Vavãa?

“Ame aɖeke mate ŋu azi nɔvia dzi be wòatrɔ zu ame ɖɔʋu o. Ele be tɔtrɔa natso amea ŋutɔ me eye wòanye eƒe didi.”—VIVIEN STERN, A SIN AGAINST THE FUTURE—IMPRISONMENT IN THE WORLD.

MƆ VEVI aɖe si dzi woato akpɔ tɔtrɔ vavã le gamenɔlawo dome enye esi nɔa te ɖe nufiafia kple tɔtrɔwɔwɔ le gɔmeɖosewo kple nukpɔsusuwo me dzi. Ðikekemanɔmee la, anukwaretɔ aɖewo li siwo le agbagba dzem be yewoafia nu gamenɔlawo akpe ɖe wo ŋu. Le nyateƒe me, gamenɔla geɖewo kpɔ ŋudzedze ɖe ɖokuitɔmadimadidɔ nyui si ame mawo wɔna la ŋu.

Ame aɖewo ake ɖi be gamenɔnɔ ƒe ɖoɖo bliboa gbɔ dzadzraɖo ŋu ale gbegbe be asesẽ na gamenɔlawo be woate ŋu awɔ tɔtrɔ le teƒe ma tɔgbe. Togbɔ be anye nyateƒe be gamenɔnɔ ɖeɖe meƒãa gɔmeɖose yeyewo ɖe amewo me o hã la, Biblia ƒe nufiafiawo kpe ɖe wo dometɔ aɖewo ŋu wowɔ tɔtrɔ le woƒe agbenɔnɔ me. Esia ɖee fia be woate ŋu awɔ tɔtrɔ le ame ɖekaɖekawo gome.

Egbea gamenɔla aɖewo to Biblia me kpekpeɖeŋu xɔxɔ dzi wɔ tɔtrɔ siwo me wosusua nunyuiwɔwɔ eye woɖea agbe nyui nɔnɔ fiana le. To mɔ ka dzi? To Biblia ƒe nuxlɔ̃ame dzi wɔwɔ me be: “Migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.” (Romatɔwo 12:2) Aleke wowɔa esiae?

Akpa si Biblia Wɔna

Ame geɖe sena le wo ɖokui me be mawusubɔsubɔ ate ŋu awɔ akpa gã aɖe le kpekpe ɖe gamenɔlawo ŋu be woatrɔ tso woƒe agbe gbegblẽ siwo wonɔ va yi la me. Nyateƒee, kuxi sesẽ ɖeka aɖe si le esia ŋu enye be tɔtrɔ ɖesiaɖe si wowɔ le gaxɔa me la buna ne woɖe asi le gamenɔlawo ŋu. Ale gamenɔla ɖeka gblɔe enye esi: “Ame geɖewo va dzea si Kristo le afisia—gake ne wodzo le afisia ko la, wogbea Kristo!”

Nuteƒekpɔkpɔ ɖee fia be ele be tɔtrɔ vavãtɔ natso ememe—tso nuvlowɔla ƒe susu kple dzime—eye gɔmeɖosea nanye dzimetɔtrɔ vavã tso nu gbegblẽ si wòwɔ va yi me. Biblia fiafia ate ŋu akpe ɖe amea ŋu wòasrɔ̃ alesi Mawu bua vɔ̃ɖinyenyee kple nusita menyo o. Esia ate ŋu ana woakpɔ susu vevi si ta madze be wòakpɔtɔ anɔ agbe ma nɔm o.

Yehowa Ðasefowo le Biblia fiafiadɔ sia wɔm le gaxɔ geɖe me le xexeame godoo, eye wole dzidzedze wɔnukuwo kpɔm. (Kpɔ axa 10 lia.) Gamenɔla ɖeka gblɔ be: “Wokpe ɖe mía ŋu míeva se tameɖoɖo si le agbe ŋu gɔme kple yayra si Biblia gblɔ be eli na ameƒomea le etsɔme.” Eyi dzi gblɔ kpe ɖe eŋu be: “Enye nufiafia wɔnuku aɖe!” Gamenɔla bubu hã gblɔ be: “Míewɔa nyametsotso siwo nɔa te ɖe Mawu ƒe nuxlɔ̃amewo dzi. . . . Míekpɔa tɔtrɔ le mía ɖokui me. Míeva nya nusiwo nye nu vevitɔwo le agbe me.”

Nyateƒee, tɔtrɔwɔwɔ bia nu geɖe tsɔ wu gamenɔnɔ ko. Gamenɔnɔ kuxiawo gbɔ kpɔnu vavãtɔ enye nusiwo na gaxɔwo va hiã la ɖeɖeɖa. Wogblɔ Biblia me nyateƒe wɔnuku siwo ʋã dzi na gamenɔla geɖewo dometɔ ɖeka le Mawu ƒe ŋugbedodo sia me be: “Woatsrɔ̃ ame vlowo . . . Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:9, 29.

Dziɖuɖu lɔ̃ame si me nufitifitiwɔwɔ mele o, si metrɔna o, Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒe si le Kristo si me—dziɖuɖu si wofia Kristotɔwo be woado gbe ɖa abia—la ana woawɔ Mawu ƒe dzidzenu kɔkɔwo dzi ne nu ma dzɔ. (Mateo 6:10) Le xexe yeye ma me la, woatrɔ emenɔlawo katã yeyee to Mawu ƒe se deŋgɔwo sɔsrɔ̃ me. Ekema nusi medzɔ kpɔ o ava me be “sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.” (Yesaya 11:9) Nukae anye emetsonu? Ava eme na xexeme yeyea me tɔ siwo wɔa se dzi la be “Dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:11.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 10]

Wona Mɔkpɔkpɔ Va Su Gamenɔlawo Si

Ƒe siwo wu 20 sɔŋ enye sia si subɔla Yehowa Ðasefo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo le Biblia-fiafiadɔ kpɔdzidzedze aɖe wɔm le Atlanta, Georgia, U.S.A., gaxɔ me. Ɣemaɣi la, wokpe ɖe gamenɔla siwo wu 40 ŋu wova zu subɔla Yehowa Ðasefo xɔnyɔnyrɔwo, eye Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi ɖe vi na gamenɔla 90 bubuwo hã.

Nyitsɔ laa sia Nyɔ! ɖo dze kple Biblia-nufialawo dometɔ geɖe siwo wɔ dɔ ɖokuitɔmadimaditɔe le gaxɔ ma me.

▪ Nukatae Biblia-fiafiadɔa kpɔ dzidzedze ale gbegbe le gamenɔla aɖewo ʋaʋã me be woatrɔ woƒe agbenɔnɔ?

David: Gamenɔla geɖewo nye amesiwo womeɖe lɔlɔ̃ fia kpɔ le woƒe ɖevime kura gɔ̃ hã o. Eyata esi wova nya be Mawu lɔ̃ yewo eye be ne yewoɖe yewoƒe dzimenyawo gblɔ nɛ le gbedodoɖa me, eɖoa eŋu na yewo la, eva nyea ame ŋutɔŋutɔ na wo. Eʋãa dzi na wo be woawo hã woalɔ̃e nenema.

Ray: Wowɔ fu gamenɔla siwo mesrɔ̃ nu kplii dometɔ ɖeka le eƒe ɖevime. Esime mebia nusi hee va Yehowa gbɔe la, eɖo eŋu be ne èsrɔ̃ Biblia me nyateƒea la, àva kpɔe be Yehowa sea nu gɔme na ame vavã. Esia ʋãe wòdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso Mawu lɔ̃ame ma ƒe amenyenye ŋuti.

▪ Ame aɖewo agblɔ be gamenɔlawo kuna ɖe mawusubɔsubɔ ŋuti le ɖokuitɔdidi ta—be woaɖe woƒe tohehe dzi akpɔtɔ alo woatsɔ anɔ nane wɔm ne ɣeyiɣia nava yi ko. Nukae nye wò nuteƒekpɔkpɔ le nya sia ŋu?

Fred: Ne gamenɔlawo va míaƒe nusrɔ̃ƒewo la, míewɔa nu be woalé blanui o. Ðeko míesrɔ̃a Biblia la kpli wo. Le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la, wova dzea sii be wogbɔna Biblia fia ge yewo eye ema ko míewɔna. Wovaa gbɔnye va biaa kpekpeɖeŋu le woƒe ʋɔnu nyawo gbɔ kpɔkpɔ me. Nyemeƒoa nu tso eŋu kpli wo o. Esia ta nusi Biblia gblɔ ye amesiwo vaa ƒuƒoƒoa ƒe nusrɔ̃ƒe eye wonɔa anyi eteƒe didina la dina le nyateƒe me be yewoasrɔ̃.

Nick: Nu ɖeka si mede dzesii enye tɔtrɔ si gamenɔlawo dometɔ aɖewo wɔ esime wonɔ gaxɔa me. Wo dometɔ aɖewo va zu subɔla xɔnyɔnyrɔwo gake wokpe fu geɖe le wo tɔ gamenɔla bubuawo si me. Esia sesẽna na wo ŋutɔŋutɔ. Ne menye Bibliae ɖo woƒe dzi gbɔ o la, womate ŋu alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le nɔnɔme mawo me o.

Israel: Zi geɖe la, wonyea amesiwo dina vevie be yewoasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu eye woɖena esia fiana to mɔ nyui aɖe dzi. Àte ŋu akpɔe be etso woƒe dzi me.

Joe: Wo dometɔ siwo va zu Kristotɔ vavãwo la va se nusita nuwo gblẽ le wo ŋu le agbe me la gɔme. Wova dzea sii hã be mɔkpɔkpɔ li be tɔtrɔ ava—mɔkpɔkpɔ va sua wo si. Fifia la, woate ŋu akpɔ mɔ na Yehowa ƒe etsɔme ŋugbedodowo kple dzi blibo.

▪ Nukatae gamenɔnɔ ƒe ɖoɖowo ɖeɖe mate ŋu atrɔ nugbegblẽwɔlawo o?

Joe: Womewɔ tohehe ƒe ɖoɖo la be wòatrɔ nugbegblẽwɔlawo ƒe nɔnɔme o, ke boŋ be woaganɔ ame dome o. Ema koŋue nye kuxia—taɖodzinu si le amesiawo ƒe gamenɔnɔ ŋu.

Henry: Gamenɔnɔ ƒe ɖoɖoa mete ŋu nana agɔdzelawo trɔa dzime o. Amesiawo dometɔ geɖe agawɔ nu gbegblẽ siwo wowɔ va yi ake ne wodo go le game.

[Nɔnɔmetata si le axa 8, 9]

Wokpe ɖe gamenɔla gbogbo aɖe ŋu wosrɔ̃ Biblia me nyateƒea