Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amesiwo Koŋ Soviettɔwo Tɔ Ŋkui

Amesiwo Koŋ Soviettɔwo Tɔ Ŋkui

Amesiwo Koŋ Soviettɔwo Tɔ Ŋkui

TOGBƆ be Soviet Union megãwo ɖe mɔ na Russia Orthodɔks Ha la le Xexemeʋa II me hã la, wogayi edzi xe mɔ ɖe sɔlemehawo ƒe nuwɔnawo nu. Eyata abe alesi The Sword and the Shield si nye agbalẽ aɖe si woŋlɔ le ƒe 1999 me si ƒo nu tso Soviet Dziɖuɖua ƒe Dedienɔnɔ Dzikpɔkɔmiti (KGB) ŋu gblɔe ene la: “amesiwo ŋu Dedienɔnɔ Dzikpɔkɔmiti la tsi dzi ɖo wu kurae nye Kristotɔ siwo dzi mekpɔ ŋusẽ ɖo tẽ o ƒe ‘dugbãnuwo’ wɔwɔ.” Woawoe nye subɔsubɔha kawo?

Ha siawo ƒe gãtɔe nye Greece Katoliko Ha si le Ukraine, si woyɔna fifia be Ukraine Katoliko Ha. Woƒe hameviwo ade ame 4,000,000. The Sword and the Shield gblɔ be: “Eƒe bisiɔp ewoawo katã ku le Siberiatɔwo ƒe dɔsesẽwɔsaɖawo me, negbe eve koe do le eme, tsɔ kpe ɖe nunɔla kpakple hamevi akpe geɖe ŋu.” Ha bubu siwo Dedienɔnɔ Dzikpɔkɔmitia tɔ ŋkui ye nye Protestant-ha siwo womede agbalẽ me o siwo menɔ Dziɖuɖua ƒe ŋusẽkpɔɖedzi te tẽ o. Le ƒe 1950-awo ƒe nuwuwu lɔƒo la, Dedienɔnɔ Dzikpɔkɔmitia bu Protestant-ha siawo be wo katã ƒe hameviwo ƒe ƒuƒoƒo ade ame 100,000.

Dedienɔnɔ Dzikpɔkɔmitia bu Yehowa Ðasefowo, amesiwo ƒe xexlẽme wosusu be woade 20,000 le Soviet Union le ƒe 1968 me la de Protestant ƒuƒoƒowo me. Va ɖo Xexemeʋa II ƒe gɔmedzedze le ƒe 1939 me la, afima Ðasefowo nye ame ʋɛ aɖewo ko. Eyata wometɔ ŋku wo ale o. Gake nuwo va trɔ kpata esi Ðasefo akpe nanewo va do ɖe Soviet Union kpata zi ɖeka. Aleke nusia va dzɔe?

Dzidziɖedzi Wɔnuku aɖe Dze Egɔme

Walter Kolarz yɔ nu vevi eve siwo gbɔ dzidziɖedzi wɔnuku sia tso le eƒe agbalẽ si nye Religion in the Soviet Union si wota le ƒe 1961 me la me. Egblɔ be wo dometɔ ɖekae nye be “Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo geɖe siwo me dzo nɔ la nɔ anyigbamama siwo Soviet Union xɔ le ƒe 1939-40 la me”—anyigbamama siawoe nye Latvia, Lithuania, Estonia, kple Moldavia. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Ðasefo siwo wu akpe ɖeka nɔ Poland ƒe ɣedzeƒenutome kple Czechoslovakia, siwo hã nye anyigbamama siwo Soviet Union xɔ kpe eƒe dukɔa ale be wova zu Ukraine ƒe akpa aɖe. Eyata ɖeko wòwɔ abe alesi woaho Ðasefo siawo atso teƒe aɖe ava ado, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, ɖe Soviet Union le ŋkeke ɖeka dzi ene.

Kolarz ŋlɔ be “nu bubu si adze abe nusi dzi manya xɔ se o ene” si gbɔ dzidziɖedzia tsoe nye “Germanytɔwo ƒe fuwɔamesaɖawo.” Nazitɔwo de Ðasefo akpe geɖe gaxɔ me ɖe woƒe gbegbe be yewomada megbe na Hitler kple eƒe amedzidzeʋawo o ta. Kolarz ɖe nu me be “‘Ðasefowo’ ƒe dzideƒo kple tenɔnɔ sesĩe wɔ dɔ” ɖe Russiatɔ siwo wode game kple wo “dzi eye anye susu ma tae woƒe mawunyafiafia dzɔ dzi na wo ɖo.” Esia na be Russiatɔ sɔhɛ geɖe siwo nɔ asaɖa siawo me tsɔ Yehowa Mawu kple tame wɔnuku siwo wòɖo ɖe anyigba ŋu dzixɔse gbɔ va wo de Soviet Union.—Psalmo 37:29; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Nusiawo na be Ðasefo akpe geɖe va ɖo Soviet Union zi ɖeka. Le ƒe 1946 me la, Ðasefo siwo ade 1,600 ya teti nɔ afima, eye va ɖo ƒe 1940-awo ƒe nuwuwu la, wosɔ gbɔ wu 8,000. Dzidziɖedzi sia dzi ŋɔ na Dedienɔnɔ Dzikpɔkɔmitia, amesiwo, abe alesi míegblɔe va yi ene la, tsi dzi ɖe ‘Kristotɔ siwo ƒe nuwɔnawo dzi mekpɔ ŋusẽ ɖo tẽ o’ ŋu.

Amedzidzedzea Dze Egɔme

Togbɔ be Ðasefowo ƒe xexlẽme mesɔ gbɔ boo le Soviet Union o hã la, mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi Soviet dziɖuɖumegãwo tsi tre ɖe woƒe gbeƒãɖeɖe dzonɔamemetɔea ŋu o. Tsitretsiɖeŋua dze egɔme le Estonia le August 1948 me esime wolé ame atɔ̃ siwo nɔ ŋgɔ na dɔa de game. Ðasefo Estoniatɔ si ŋkɔe nye Lembit Toom gblɔ be: “Eteƒe medidi hafi Dedienɔnɔ Dzikpɔkɔmitia di be yealé amesiame o.” Alea koe wònɔ le afisiafi si wokpɔ Ðasefowo le le Soviet Union.

Soviettɔwo na Ðasefowo dze abe woawoe nye hlɔ̃dola gãtɔwo kekeake kple ŋɔdzidonu na Soviet Dukɔ maxɔmawudzisea ene. Eyata woti wo yome le afisiafi, wolé wo, eye wode wo game. The Sword and the Shield gblɔ be: “Ðewohĩ Yehowatɔwo ƒe nya ƒe fuɖeɖe na Dedienɔnɔ Dzikpɔkɔmitia ƒe amegãwo ƒe kpɔɖeŋue nye gãtɔ kekeake si fia alesi womenya vovototo le nusi nye tsitretsiɖeŋu ŋutɔŋutɔ kple nusi nye malɔ̃malɔ̃ɖenudzi ƒomevi si meɖi naneke kura o dome o.”

Woƒe dzitsitsi sia dze kɔte le Ðasefowo dzi dzedze si ƒe ɖoɖo wowɔ nyuie hedze wo dzi le April 1951 me la me. Ƒe eve koe nye sia, le ƒe 1999 me, esi Russiatɔ agbalẽnyala si ŋu wodea bubui Nufiala Sergei Ivanenko gblɔ le eƒe agbalẽ si nye The People Who Are Never Without Their Bibles (Amesiwo Woƒe Biblia Megbea Wo Ŋu Nɔnɔ Gbeɖe O) me be le April 1951 ƒe gɔmedzedze la, “Wonya Yehowa Ðasefowo ƒe ƒome siwo wu 5,000 siwo tso Ukraine, Byelorussia, Moldavia, kple Baltik Soviet dukɔwo me be ‘woava tsi’ Siberia, le Ɣedzeƒeʋĩ kple Kazakhstan ‘tegbee.’”

Edze be Woaɖo Ŋku Wo Dzi

Àte ŋu akpɔ agbagba siwo wòle be woadze le amedzidzedze ma me le susu me—be gbeɖeka ko woaƒo Ðasefowo ƒe ƒome akpewo nu ƒu le dukɔ gã ma mea? Bu nusi wòbia be woakpɔ egbɔ be ɖekawɔwɔ nanɔ ame alafa alo akpe nane siwo ahiã la ƒe dɔwo wɔwɔ me—gbã be woade dzesi Ðasefoawo, eye emegbe ne viviti do la, wo katã nadze woƒe aƒewo dzi—la ŋu kpɔ. Ðe eyome la, ele be woade ameawo agbatsɔkekewo kple ʋuwo me ayi ɖe ketekeɖoƒewo; eye emegbe woade wo agbatsɔketekewo.

Bu fu si amesiwo nyam wonɔ de gbe akpe hã ŋu kpɔ. Àte ŋu akpɔe le susu me alesi wòanɔ be woazɔ mɔ kilometa akpewo—kwasiɖa etɔ̃ sɔŋ alo wu nenema gɔ̃ hã—le agbatsɔketeke siwo me wotege amewo ɖo, le nɔnɔme siwo mede ame ƒe lãmesẽ dzi o me eye tɔkpo ko nanye miaƒe afɔdzideƒea? Eye dze agbagba nàkpɔ alesi wòanɔ be woatsɔ wò aƒu gbe ɖe Siberia gbedadaƒo, eye nànya be ye ŋutɔ yeƒe hloloetsotso me koe wòato hafi asi nade nu gbɔ na ye le teƒe ma si nɔnɔ sesẽ nenema gbegbe, la ɖa le susu me.

Ɣleti siae nye Yehowa Ðasefowo ƒe aboyomeyiyi le April 1951 me ƒe ƒe 50 lia. Bene míagblɔ alesi woyi edzi lé woƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asii togbɔ be woti wo yome ƒe bla nanewo hã la, míelé amesiwo tsi agbe to fukpekpe mawo me ƒe nuteƒekpɔkpɔwo ɖe video dzi. Edze le wo me be mlɔeba la, agbagba siwo wodzena be woaxe mɔ ɖe amewo nu be womegade ta agu na Mawu o la va doa kpo nu godoo—abe alesi wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo gome ene.

Nusiwo Do tso Aboyomenɔnɔa Me

Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke o Soviettɔwo va kpɔe be tetɔtɔ Ðasefowo be womegade ta agu na Yehowa o mele bɔbɔe nenema abe alesi yewosusui ene o. Togbɔ be wo lélawo tsi tre ɖe eŋu hã la, Ðasefoawo dzi kafukafuhawo na Yehowa esime wozi wo dzi kplɔ wo yina ɖe aboyomee eye wotsi nuŋɔŋlɔ siwo nye “Yehowa Ðasefowo Le Mɔ Dzi Yina” ɖe keteke siwo me wonɔ ŋu. Ðasefo aɖe ɖe nu me be: “Míedo go keteke bubu siwo tsɔ amesiwo wokplɔ yina aboyomee le ketekedzeƒewo le mɔa dzi, eye míekpɔa dzesi siawo siwo woŋlɔna tsina ɖe ketekeawo ŋu.” Dzideƒo ka gbegbe nye si wònyena na wo!

Eyata le esi dzi naɖe le amesiwo wokplɔ yina ɖe aboyomee ƒo teƒe la, woɖe gbɔgbɔ si nɔ Yesu ƒe apostolowo me la boŋ fia. Biblia gblɔ be esi woƒo wo eye wode se na wo be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖe la, “womedzudzɔ nufiafia kple nyanyuigbɔgblɔ fia le Yesu Kristo ŋuti . . . o.” (Dɔwɔwɔwo 5:40-42) Le nyateƒe me, abe alesi Kolarz gblɔe le aboyomenɔnɔa ŋu ene la, “menye ‘Ðasefowo’ ƒe vɔɖoƒe le Russia ye nye ma o, woƒe dzimetrɔdɔwo ƒe akpa bubu ƒe gɔmedzedze koe. Wodze agbagba gɔ̃ hã be yewoakaka yewoƒe xɔse ne wotɔ ɖe ketekedzeƒewo esime wonɔ mɔa dzi yina ɖe aboyome.”

Esi Ðasefowo ɖo teƒe vovovo siwo wodi be woada wo ɖo eye woɖi wo ɖe afimawo la, woxɔ ŋkɔ nyui le alesi wonye ame buamewo kple dɔsesẽwɔlawoe ta. Gake le ɣeyiɣi ma ke me, le Kristo ƒe apostolowo sɔsrɔ̃ me la, woto woƒe nuwɔna me gblɔ na amesiwo nɔ wo tem ɖe anyi be: ‘Míate ŋu adzudzɔ nuƒoƒo le míaƒe Mawu la ŋu o.’ (Dɔwɔwɔwo 4:20) Ame geɖe ɖo to Ðasefoawo ƒe nufiafia eye wova wɔ ɖeka kpli wo le Mawu subɔsubɔ me.

Nusi do tso eme nɔ ko abe alesi Kolarz ɖe nu mee ene be: “Le wo nyanya me la, Soviet Dziɖuɖua magate ŋu awɔ nu nyui aɖeke na wo wu ema le woƒe xɔse kaka me o. Esi ‘Ðasefowo’ dzo le saɖagakɔƒedu siwo le [Soviet dukɔawo ƒe ɣetoɖoƒenutowo me] la, wokplɔ wo va afisi amewo sɔ gbɔ ɖo, togbɔ be afisia ya nye fuwɔame kple kluvinyenye saɖawo me hã.”

Agbagba Siwo Wodze be Woatsi Woƒe Dzidziɖedzia Nu

Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, Soviettɔwo di mɔnu vovovowo be yewoatsɔ axe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo nui. Esi wo yometiti ŋutasesẽtɔea mena wote ŋu kpɔ nusi dim wonɔ o la, wodze aʋatsonyawo kaka le wo ŋu gɔme, eye esia nye nusi ŋu wowɔ ɖoɖo memi aɖe ɖo. Agbalẽe womaŋlɔ ɖe wo ŋu kpɔ o loo, aɖe sinimawo, agblɔ nya le wo ŋu le radio dzi tsɔ da alakpa ɖe wo si kpɔ o loo—tsɔ kpe ɖe Dedienɔnɔ Dzikpɔkɔmitia ƒe amedɔdɔ siwo wona hehee wova tra ɖe hameawo me ŋu.

Aʋatsonya siwo wokaka le wo ŋu na ame geɖe tsɔa vɔvɔ̃ kple makamakaɖeamedzi kpɔa Ðasefowoe, abe alesi esia dze le August 1982 ƒe Reader’s Digest, si nye Canadatɔwo ƒe Tata la me ene. Russiatɔ Vladimir Bukovsky si woɖe mɔ na wòyi England le ƒe 1976 mee ŋlɔe. Eŋlɔ be: “Fiẽ aɖe me le London la, mekpɔ nuŋɔŋlɔ aɖe le xɔ aɖe dzi be: YEHOWA ÐASEFOWO . . . Nyemegate ŋu xlẽe yi edzi o, ewɔ nuku nam ale gbegbe be ɖeko wòdi be yeadzi ŋɔ nam zi ɖeka.”

Vladimir ɖe nusita vɔvɔ̃ dzodzro lée alea ɖo me be: “Amesiawoe nye vivimeha siwo me tɔwo dziɖuɖumegãwo gblɔna be wonye bibi eye wotsɔ nɔa vɔvɔ̃ dom na ɖeviwo le mía dedukɔ me . . . Le U.S.S.R. la, gaxɔ kple fuwɔamesaɖawo me koe nàkpɔ ‘Ðasefowo’ ŋutɔŋutɔ le. Evɔ eyae nye esi woŋlɔ ɖe xɔ aɖe ŋu mele kpɔkpɔm le afisia. Ebia be: “Ðe ame aɖe ate ŋu ayi aɖasrã wo kpɔa?” Vladimir gblɔ tsɔ te gbe ɖe nusita vɔvɔ̃ lée dzi le etaƒoƒo me be: “Dziku si wotsɔna tia ‘Ðasefowo’ yomee le mia de la sɔ kple dziku si wotsɔna tia Mafiawo [nuvlowɔhabɔbɔwo] yomee le wo de, eye alesi womesea Mafiawo ƒe nuwɔna gɔmee o la nenema ke womesea woawo hã tɔ gɔmee o.”

Gake togbɔ be woti Ðasefowo yome vevie eye wokaa aʋatso ɖe wo si hã la, wodo dzi le woƒe dɔa me eye woƒe xexlẽme dzi ɖe edzi. Agbalẽ siwo Soviettɔwo ŋlɔ, abe The Truths About Jehovah’s Witnesses (Nyateƒe si Ku Ðe Yehowa Ðasefowo Ŋu) si ƒe ɖekaɖeka 100,000 wota ɖe Russiagbe me le ƒe 1978 me ene, gblɔ be ehiã be woadzi nya siwo wogblɔna tsia tre ɖe Ðasefowo ŋu ɖe edzi. Eŋlɔla V. V. Konik si ƒo nu tso alesi Ðasefowo le woƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔm togbɔ be woxe mɔ ɖe wo nu vevie hã ŋu la ɖo aɖaŋu be: “Ele be Soviet subɔsubɔ ŋuti numekulawo nasrɔ̃ mɔ siwo gade ŋgɔ wu le Yehowa Ðasefowo ƒe nufiafia nutsitsi ŋu.”

Nukatae Wònye Woawo Koŋue Wotɔ Ŋkui?

Kpuie ko la, esi Yehowa Ðasefowo srɔ̃a Yesu yomedzela gbãtɔwo tae Soviettɔwo tɔ ŋku woawo koŋ ɖo. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, wode se na apostolowo be ‘womegafia nu le Yesu ƒe ŋkɔa me o.’ Ke hã amesiwo tsɔ nya ɖe wo ŋu fa konyi be: “Kpɔ ɖa, mieyɔ Yerusalem fũ kple miaƒe nufiafia.” Apostoloawo megbe be yewomenɔ ɖase ɖim na amewo togbɔ be wode se na yewo hã o, woɖo eŋu boŋ bubutɔe be: ‘Ele be, míabu Mawu awu amewo.’—Dɔwɔwɔwo 5:27-29.

Yehowa Ðasefowo hã tsɔa se si Yesu de na eyomedzelawo be ‘woaɖe gbe ƒã afia dukɔ la, eye woaɖi ɖase tsitotsito’ la nya vevii. (Dɔwɔwɔwo 10:42) Maurice Hindus ɖe nu me le eƒe agbalẽ si nye The Kremlin’s Human Dilemma me be Ðasefowo ƒe “nyanyuigbɔgblɔ ƒe dzonɔameme si nu womate ŋu atsi o koŋ” ye na woƒe nya zu “taɖui gã aɖe na Moscow eye wo kple Soviet kpovitɔwo menyina ɣeaɖekeɣi o.” Egblɔ kpee be: “Màte ŋu atɔ te wo o. Kaka nàɖo asi wo dzi le afii ko woawo ke nye ma gado ɖe afimɛ.”

Russiatɔ ŋutinyaŋlɔla Sergei Ivanenko ŋlɔ be: “Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa koe menya be wonye subɔsubɔhabɔbɔ si ƒe hameviwo dzi ɖe edzi le USSR togbɔ be woxe mɔ ɖe wo nu eye woti wo yome hã.” Nyateƒee, ha bubuwo hã ganɔ anyi, eye wo dometɔ si ɖe dzesi wue nye Russia Orthodɔks Ha. Adzɔ dzi na wò be nàse alesi ha sia kple Ðasefowo siaa wɔ nɔ te ɖe Soviettɔwo ƒe amedzidzedzea nu.

[Aɖaka si le axa 14]

“Subɔsubɔ Habɔbɔ si Yome Woti Ŋutasesẽtɔe Wu”

A Concise Encyclopaedia of Russia si wota le ƒe 1964 me gblɔ be Yehowa Ðasefowo “nɔ dzime trɔm na amewo ŋkubiãtɔe ale gbegbe” eye woawoe nye “subɔsubɔ habɔbɔ si yome woti ŋutasesẽtɔe wu le Soviet Union.”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 15]

AME AKPEAWO DOMETƆ AÐE—Fyodor Kalin Gblɔ Woƒe Ƒomea ƒe Aboyomeyiyi Ŋu Nya

Mía kple míaƒe ƒomea míenɔ kɔƒedu si nye Vilshanitsa me le Ukraine ƒe ɣetoɖoƒe nutome. Le April 8, 1951, ƒe fɔŋli me, esime xexeme mekɔ haɖe o la, asrafo siwo kplɔ avuwo ɖe asi va nyɔ mí, eye wogblɔ na mí be dziɖuɖua ɖo agbalẽ ɖa tso Moscow be woakplɔ mí ayi aboyomee le Siberia. Gake ne míede asi agbalẽ aɖe si gblɔ be míeganye Yehowa Ðasefowo o te la, ke míate ŋu atsi anyi. Míaƒe ƒomea si me ame adre siwo dome dzinyelawo kple nɔvinye bubuwo nɔ míeɖoe be míanye Ðasefowo. Ƒe 19 ye mexɔ ɣemaɣi.

Asrafoa ɖeka gblɔ be: “Mitsɔ ayi, bli, wɔ, nuɖuɖu siwo míede atikee, kple detsiƒonuwo ɖe asi—ne menye nenema o nuka miana ɖeviawo woaɖu?” Woɖe mɔ na mí míetso koklowo kple ha ɖeka tsɔ ɖe asi. Wotsɔ keke eve siwo sɔ hena vɛ míedo agba ɖesiaɖe ɖe wo me eye wokplɔ mí yi Hriplin. Esi míeɖo afima la, wotege mí ame 40 alo 50 ɖe agbatsɔketeke aɖe me eye wodo ʋɔa.

Woda ʋuƒo ʋɛ aɖewo ɖe ʋua me be míamlɔ wo dzi—gake mede amesiame nu o—tsɔ kpe ɖe gamle, aka, kple nake ŋu. Míeɖa nu le nuɖanu siwo míetsɔ ɖe asi me le gamlea dzi. Gake afɔdzi meli o—tɔkpo aɖe koe míezãna. Emegbe míeɖe do ɖe ʋua me, tsɔ tɔkpoa de eme eye míetsi avɔ ƒo xlãe be ame naganɔ dzedzem to eme o.

Agbatsɔketeke ma mee míemimi ɖo le míaƒe ŋkeke geɖe ƒe mɔzɔzɔ yi manyamanyɛƒe aɖe la me. Gbã la, dzi di be yeaɖe le mía ƒo vie. Gake esi mí katã míedzi Fiaɖuƒehawo—ŋusẽtɔe ale gbegbe be míaƒe gbeme xe—la, dzi dzɔ mí. Asrafomegã la va ʋua ʋɔwo gblɔna na mí be míadzudzɔ haa dzidzi gake míetɔna o negbe ɖe míedzii vɔ hafi. Ne míetɔ ɖe ketekedzeƒewo le mɔa dzi la, ame geɖe senɛ be Yehowa Ðasefowoe wokplɔ yina aboyomee. Mlɔeba le ŋkeke 17 alo 18 megbe le agbatsɔketeke ma me nɔnɔ megbe la, wova ɖi mí ɖe Siberia le Baikal-ta la gbɔ.

[Nɔnɔmetata]

Nyee le megbeflia ƒe ɖusime

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 16]

ARMAGEDDON—Soviettɔwo ƒe Ameŋugblẽsinima Aɖe

Soviettɔwo wɔ sinima si ŋkɔe nye Armageddon (Harmagedon) be yewoatsɔ agblẽ Yehowa Ðasefowo ŋui. Enye ahiãwɔwɔ sinima aɖe si wokpa, si me woɖe ɖekakpui aɖe si nye Soviet-srafo kple ɖetugbi aɖe si nu woble de Ðasefowo ƒe ha me le. Le sinimaa ƒe nuwuwu la, ɖetugbia nɔvinyɔnuvi sue ku le afɔku aɖe si Ðasefowo ƒe dzikpɔla aɖe si wogblɔ be Amerikatɔwo ƒe ŋkutsala wònye na wòdzɔ me.

Esi May 14, 1963, ƒe Ukraine nyadzɔdzɔgbalẽ The Red Flag nɔ nu ƒom tso sinima sia si ku dzi na ekpɔlawo ŋu la, egblɔ be: “Mawudzimaxɔse ameŋugblẽmɔnu sia wɔ dɔ, edzi nya xɔ se, eye woate ŋu azãe le dukɔa ƒe kɔƒedu bubuwo me afisiwo woɖea sinima mawo tɔgbe le.”

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Wotsɔ agbatsɔketekewo lɔ ame akpe nanewo yi Siberia