Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Etsɔme Kae Li Na Subɔsubɔhawo?

Etsɔme Kae Li Na Subɔsubɔhawo?

Etsɔme Kae Li Na Subɔsubɔhawo?

SUBƆSUBƆHAWO ƒe dodo ake le dukɔ siwo nɔ tsã Soviet Union nye nusi wɔ nuku ŋutɔ. Le Russia ɖeɖe la, fifia dukɔmeviwo ƒe alafa memama 50 gblɔna be Orthodɔks-ha me tɔwoe yewonye, eye ame miliɔn geɖe hã le ha bubuwo me. Ha siwo le afima tso blema ke la dometɔ aɖewoe nye Islam, Yuda-subɔsubɔha, kple Buddha-subɔsubɔha, eye Yehowa Ðasefowo hã le afima eteƒe didi.

Le ƒe 1891 me ke la, Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye ŋkɔ si woyɔna na Yehowa Ðasefowo do ŋgɔ na ƒe 1931, la teƒenɔlawo de Kishinev, Russia (si nye Chisinau, Moldova, fifia). Wowɔ kpekpe kple haxɔsetɔwo le afima. Le ƒe 1928 me la, Biblia Nusrɔ̃viwo teƒenɔla vevi aɖe si ŋkɔe nye George Young kpe kple Soviet dziɖuɖumegãwo le Moscow, Russia, be yeabia mɔ ne woata Biblia-srɔ̃gbalẽwo le Soviet Union. Emegbe Soviettɔwo ƒe agbagbadzedze be yewoaɖe Ðasefowo ɖa na be wova nya wo nyuie.

Esi Soviet Union va gbã kpata ƒe ewo kloe enye esia la, ame aɖewo va nɔ biabiam be, ‘Nukatae Soviettɔwo dze agbagba be yewoaɖe mawusubɔsubɔ ɖa?’ Ame geɖe siwo me woƒã mawudzimaxɔse ɖo ƒe bla nanewoe nye sia la di vevie be yewoakpɔe ɖa be viɖenu aɖe le mawusubɔsubɔ me na yewo hã. Ðe Biblia, agbalẽ si wote ɖe to be enye agbalẽ si nu woxe mɔ ɖo, la ate ŋu akpɔ kuxi siwo dze ŋgɔ ameƒomea gbɔ nyateƒea? Russiatɔwo ŋutɔ va le nya siawo me kum.

Subɔsubɔ Kuxi Bubu Aɖe

Ame geɖe ƒe susu tɔtrɔ ɖe Biblia ŋu he subɔsubɔ kuxi bubu ƒomevi aɖe va dukɔ siwo nɔ tsã Soviet Union. London, England, nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Guardian gblɔ le ƒe si va yi me be: “‘Aʋa si woho ɖe Mawu ŋu’ anya wu enu ya, gake ƒe ewo ko le xexemedukɔ gbãtɔ si ka atam be yemexɔ Mawu dzi se o ƒe anyidzedze ŋukpetɔe megbe la, subɔsubɔhawo dome hoʋiʋli yeye aɖe le ta dom ɖa le Russia.” Subɔsubɔhawo dome hoʋiʋli ka ƒe nya gblɔm nyadzɔdzɔgbalẽa nɔ?

Abe alesi míegblɔe le míaƒe nyati si do ŋgɔ mee ene la, Russia Orthodɔks Ha la wɔ dɔ kplikplikpli kple Soviet-megãwo bene woaɖe mɔ na wo woanɔ anyi eye woana gomenɔamesiwo wo. Guardian la gblɔ le alesi wo dome gale nenema ŋu be: “Le ƒe 10 siwo va yi me la, ƒomedodo kplikplikpli si mesɔ o hã nɔ dziɖuɖu si metrɔ le nu geɖe me o, si te sɔlemeha la ɖe anyi kpɔ va yi la kpakple sɔlemeha la dome, eye wonɔa megbe na Russia dziɖuɖua (Hakplɔlaa ƒe asidada ɖe Chechnya-ʋa la dzi) eye esia na wòkpɔ ŋusẽ gã aɖe le dunyahenyawo me.”

February 10, 1999, ƒe Los Angeles Times he susu yi sɔlemeha la ƒe ŋusẽkpɔkpɔ le dunyahenyawo me dzi esime wònɔ nu ƒom tso Dzitsinya Kple Subɔsubɔhawo ƒe Ablɔɖesea ŋu. Los Angeles Times la gblɔ be “Russia Orthodɔks Ha lae do” se sia si te Boris Yeltsin si nye Dukpɔla ɣemaɣi de asii le September 1997 me la “ɖa.” Sea da sɔlemeha sia ɖe ŋgɔ na bubuawo esi wòyɔ ha sia, tsɔ kpe ɖe Islam, Yuda-subɔsubɔha, kple Buddha-subɔsubɔha ŋu, be “tɔgbuiwo” ƒe subɔsubɔha. Nusiwo se sia bia dometɔ aɖee nye be subɔsubɔha siwo le Russia nagbugbɔ woƒe ŋkɔwo ade agbalẽ me.

February 11, 1999, ƒe New York Times ka nya ta be esi wode se sia la, “Orthodɔks-ha la ƒo nya ɖe ha bubu siwo wo kplii wole ho ʋlim la nu.” Times la gblɔ kpee be: “Le ƒe si va yi ƒe August me la, Russia Orthodɔks Ha ƒe Hakplɔla Aleksei II bia be woaxe mɔ ɖe xɔse siwo trɔa dzime na amewo nu, vevietɔ esiwo dina be yewoable amewo woado le ‘wo tɔgbuiwo ƒe subɔsubɔhawo’ me.” Tso ɣemaɣi la, wonɔ agbagba ɖesiaɖe dzem be woaxe mɔ ɖe xɔse siwo wobe wotrɔa dzime na ame ƒe dɔwɔwɔ nu, eye esia he nusi woyɔ be “subɔsubɔhawo dome hoʋiʋli” vɛ.

Ha Siwo Wotɔ Ŋkui Dometɔ Ðeka

Yehowa Ðasefowo nye ha siwo Russia Orthodɔks Ha la tɔ ŋkui vevie dometɔ ɖeka. Le June 20, 1996, dzi la, senyala si tsɔa nya ɖe ame ŋu le dziɖuɖua ƒe ŋkɔ me ƒe dɔwɔƒe si le Moscow dze ŋkuléle ɖe ʋɔnunya aɖe si me vivimehawo nutsiha si woyɔna be Kɔmiti Hena Sɔhɛwo Takpɔkpɔ tso Alakpasubɔsubɔhawo si Me tsɔ vɛ na wo la ŋu gɔme. Togbɔ be wotutu nyaa yi ŋgɔe zi gbɔ zi nane le esi womete ŋu kpɔ ɖaseɖiɖi aɖeke si fia be Ðasefowo dze agɔ o hã la, wogafɔa nutsotsoa ɖe tsitre ɣesiaɣi.

Esime nusiawo nɔ edzi yim la, wonɔ aʋatsonyawo kakam le Ðasefowo ŋu. Russiatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ Komsomolskaya Pravda si ƒe ɖekaɖeka 1,200,000 wotana la ƒe November 21, 1998, tɔ gblɔ be: “Le ƒe eve kple nu vi aɖe ko me la, Russia Orthodɔks Ha la ta agbalẽ gã, agbalẽvi, agbalẽ gbadza, kple agbalẽ kpokploe siwo woate ŋu alé ɖe asi siwo wu ewo ‘ɖe’ Yehowatɔwo ‘ŋu koŋ.’” Nukatae sɔlemeha sia ɖoe koŋ be yeagblẽ Ðasefowo ŋu?

Komsomolskaya Pravda la yi edzi be: “Anye esi le ƒe adre siwo va yi me la, ha la me tɔwo dzi ɖe edzi zi gbɔ zi ewo tae, eye Russia Orthodɔks Ha la, abe ha ɖesiaɖe si me wonaa ɖoƒe nunɔlawo le ene, medi be ha aɖeke me tɔwo nasɔ gbɔ ade yewo nu o.”

Le ƒe 1999 ƒe gɔmedzedze la, wogafɔ nya si wotsɔ ɖe Ðasefowo ŋu la ɖe te ake, eye xexeame katã ke to be yewoase alesi wòava yii. February 11 ƒe New York Times ƒe tanyawo dometɔ aɖe xlẽ be: “Moscow Ʋɔnudrɔ̃ƒe Da Mɔ si Woxe Ðe Yehowa Ðasefowo Nu Kpɔ.” Nyatia gblɔ be: “Subɔsubɔhawo kple amegbetɔ ƒe gomenɔamesi habɔbɔwo ke to nyuie be yewoase nya si drɔ̃m wole fifia le Moscow ƒe dukɔmenyawo drɔ̃ƒe ƒe ʋɔnu sue aɖe eye esiae nye afɔ vevitɔ si woɖe zi gbãtɔ be woazã [Dzitsinya Kple Subɔsubɔhawo ƒe Ablɔɖese] la atsɔ axe mɔ ɖe tadedeagu nui.”

Helsinki Dukɔwo Dome Habɔbɔ ƒe zimenɔla Lyudmila Alekseyeva ɖe nusita xexeame ke to be yewoase Ðasefowo ƒe nyadɔdrɔ̃a la me. Aƒenɔ sia gblɔ be ne amesiwo di be yewoate Yehowa Ðasefowo ɖe to “te ŋu ɖu dzi le nya sia me la,” ekema “naneke maxe mɔ na wo be woadze ƒuƒoƒo bubu” siwo hã yɔm wole be womenye yewo tɔgbuiwo ƒe subɔsubɔhawo o “dzi o.” Gake wogatutu nyaa yi ŋgɔgbee le March 12, 1999, dzi. Ke le ɣleti si kplɔe ɖo me, si nye April 29 lia dzi la, Russia ƒe Dudɔwɔƒe si Kpɔa Nyadɔdrɔ̃wo Gbɔ na amedede agbalẽ me ƒe ɖaseɖigbalẽ “Russia Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔƒe” la.

Togbɔ be dziɖuɖua da asi ɖe Ðasefowo dzi alea hã la, wogale fuɖeɖe na wo kple subɔsubɔha suesue bubuwo dzi le Russia kple dukɔ bubu siwo nɔ tsã Soviet la me. Lawrence Uzzell si nye Keston Numekuha si le Oxford, England, ƒe tatɔ gblɔ be “edea ame dzi ɣesiaɣi be ame ƒe susu nanɔ nusi le dzɔdzɔm ɖe Yehowa Ðasefowo dzi ŋu” elabena nusi dzɔna ɖe wo dzi la nyea “nusi gbɔna dzɔdzɔ ge ƒe nyanyanadzesi.” Le nyateƒe me, ame miliɔn nanewo ƒe mawusubɔsubɔblɔɖe vevi la ɖo afɔku me!

Amedzidzedzea Medze O

Le ƒe alafa gbãtɔ me la, nunɔlagãwo kple subɔsubɔhaŋgɔnɔla bubuwo ti Yesu yomedzelawo yome. (Yohanes 19:15; Dɔwɔwɔwo 5:27-33) Eyata wogblɔ le Kristotɔnyenye ŋu be: “Wogblɔ nya ɖe kɔmamã sia ŋuti le afisiafi.” (Dɔwɔwɔwo 28:22) Eyata mele be wòawɔ nuku be egbea hã wole Kristotɔ vavãtɔwo ŋu gblẽm, abe alesi wogblẽ Yehowa Ðasefowo ŋui ene o.

Gake esi Farisitɔ xɔŋkɔ kple Sea fiala Gamaliel dzro nutsotso siwo wotsɔ ɖe Kristotɔ gbãtɔwo ŋu me vɔ la, exlɔ̃ nu be: “Mite ɖa le amesiawo gbɔ, eye miɖe asi le wo ŋu; elabena ne tameɖoɖo alo dɔ sia tso amewo gbɔ la, ekema ava gblẽ; ke ne etso Mawu gbɔ la, miele eŋu te ge agblẽe o, bena womagakpɔ mi abe amesiwo le tsitre tsim ɖe Mawu ŋuti ene o.”—Dɔwɔwɔwo 5:38, 39.

Egbea ɖikelawo ku nu me tsitotsito le Yehowa Ðasefowo hã ŋu. Nuka ŋue woke ɖo? Sergey Blagodarov, si ŋutɔ hã gblɔ be Orthodɔks tɔe yenye, ŋlɔ ɖe Komsomolskaya Pravda la me be: “Le ɣeyiɣi didi si wu ƒe alafa ɖeka megbe la, xexemedukɔ ɖeka pɛ hã mete ŋu ɖo kpe naneke dzi si fia be ha la me tɔwo wɔ hlɔ̃nu alo be woƒe anyinɔnɔ mele se nu o.”

Etsɔme Kae Li na Subɔsubɔhawo?

Biblia ƒo nu le “mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒo aɖeke mele eŋu . . . o” ŋu. (Yakobo 1:27a) Abe alesi míekpɔe le nyati si do ŋgɔ mee ene la, Biblia yɔ alakpasubɔsubɔha ƒe xexemefiaɖuƒe la be “gbolo gã, si . . . kple anyigba dzi fiawo wɔ ahasi.” Wogblɔ be kpɔɖeŋu subɔsubɔhawo ƒe gbolo sia—“Babilon gã” la—“mu ame kɔkɔewo ƒe ʋu kple Yesu ƒe ɖaseɖilawo ƒe ʋu.”—Nyaɖeɖefia 17:1-6.

Aleke nuɖɔɖɔ sia sɔ na subɔsubɔha si wɔ dɔ kplikplikpli kple xexeame ƒe dunyahedziɖulawo ale be gomekpɔkpɔnɔƒe si le wo si la nagakpɔtɔ anɔ wo si enye si! Ke hã tɔtrɔ mele kpɔɖeŋu subɔsubɔhawo ƒe gbolo gã sia ƒe etsɔme ŋu o. Biblia gblɔ be: “Le ŋkeke ɖeka dzi la eƒe fukpekpewo ava edzi: Ku kple konyifafa kpakple dɔwuame, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ; elabena Aƒetɔ Mawu, amesi drɔ̃ ʋɔnui la, enye ŋusẽtɔ.” Eyata mewɔ nuku o be mawudɔla la tsɔ vevienyenye xlɔ̃ nui be: “Mido go tso me, bene . . . miagaxɔ eƒe fuwɔame ƒe ɖeke o”!—Nyaɖeɖefia 18:4, 7, 8.

Esime nusrɔ̃la Yakobo ƒo nu le “mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ” ŋu la, egblɔ be ‘xexeame maƒo ɖii o.’ (Yakobo 1:27b) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesu Kristo gblɔ le eyomedzela vavãtɔwo ŋu be: “Wometso xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene.” (Yohanes 17:16) Eyata èkpɔ nusita Yehowa Ðasefowo menaa xexe sia me ƒe dunyahehe ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi siwo ƒoa ɖi ame kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi oa? Wowɔa nu alea elabena woka ɖe ŋugbe si Biblia do dzi bliboe, be: “Xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:17.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Moscow ʋɔnudɔdrɔ̃a le February 1999 me. Amesiwo ta ʋlim wonɔ (miame), ʋɔnudrɔ̃laa (titina), kple nyatsɔɖeameŋulawo (ɖusime)

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Biblia gblɔ subɔsubɔhawo katã ƒe etsɔme ɖi