Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gaxɔwo Ðo Xaxa Me

Gaxɔwo Ðo Xaxa Me

Gaxɔwo Ðo Xaxa Me

“Gaxɔ geɖe tutu atsɔ xe mɔ ɖe nuvlowɔwɔ nui sɔ kple ameɖibɔ geɖe tsotso atsɔ atsi dɔ vɔ̃ɖi aɖe nui.”—ROBERT GANGI, AMEÐƆÐƆÐOŊUTINUNYALA.

LE XEXE sia si me wozãa nya dzetowo tsɔ ɖea ami ɖe ŋukpenyawo zi geɖe la, wozãa nya ŋanɛwo ɖe nya “gaxɔ” si faa lãme na ame teƒe. Wolɔ̃a “nuvɔ̃ɖiwɔlawo heƒe” alo “ameɖɔɖoƒe,” afisi wowɔa “asinudɔwo” kple “hadomedɔwo” le zazã wu. Amewo yɔyɔ be “xɔɖekamenɔlawo” dzea amewo ŋu wu nya “gaxɔmenɔla” si doa vlo ame. Ke hã ne èlé ŋku ɖe nɔnɔmea ŋutɔ ŋu la, àkpɔe be gaxɔwo ɖo xaxa gã aɖe me egbea, si ƒe ɖewoe nye nugbegblẽwɔlawo dzi kpɔkpɔ le gaxɔwo me si ƒe home le dzi yim ɖe edzi, kple vovototo gã si le lolom ɖe edzi le gamenɔnɔ ƒe taɖodzinua kple emetsonuwo dome.

Ame aɖewo tɔ gbe viɖe si le gaxɔwo ŋu. Wokpɔe be togbɔ be gamenɔlawo le xexeame godoo dzi ɖe edzi wu miliɔn enyi hã la, nugbegblẽwɔwɔ dzi meɖe kpɔtɔ boo le dukɔ geɖe me o. Gawu la, togbɔ be gamenɔlawo ƒe akpa gã aɖe nye amesiwo wode game ɖe nugbegblẽwɔwɔ siwo do ƒome kple atikevɔ̃ɖiwo zazã ta hã la, atikevɔ̃ɖiwo ƒe bɔbɔ nye nusi gaɖea fu na amewo vevie kokoko.

Ke hã la, ame geɖewo bua gamenɔnɔ be enye tohehe si yewokpɔ be edze. Ne wode nugbegblẽwɔla game la, amewo sena le wo ɖokui me be wodrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe. Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe yɔ amewo ƒe zazã ɖe gamenɔlawo tutu ŋu be “mitu wo nam ƒe tsukuku.”

Susu vevi ene tae wodea sedzidalawo gaxɔ me ɖo: (1) be woahe to na nugbegblẽwɔlawo, (2) be woatsɔ akpɔ amewo tae, (3) be woatsɔ axe mɔ ɖe eƒe dzɔdzɔ ake le etsɔme nu, kple (4) be woatsɔ aɖɔ gamenɔlawo ɖo, to nufiafia wo me be woazu sedziwɔlawo kple amesiwo ŋu viɖe le ne woɖe asi le wo ŋu. Na míakpɔe ɖa be wote ŋu le woƒe taɖodzinua gbɔ ɖom hã.