Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mozambique Ƒe Tɔɖɔɖɔwo—Alesi Kristotɔwo Kpe Ðe Amesiwo Ŋu Nu Gblẽ Le la Ŋui

Mozambique Ƒe Tɔɖɔɖɔwo—Alesi Kristotɔwo Kpe Ðe Amesiwo Ŋu Nu Gblẽ Le la Ŋui

Mozambique Ƒe Tɔɖɔɖɔwo—Alesi Kristotɔwo Kpe Ðe Amesiwo Ŋu Nu Gblẽ Le la Ŋui

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE MOZAMBIQUE GBƆ

LE ƑE si va yi ƒe gɔmedzedze la, television kpɔlawo ƒe nu ku esime woɖe tsi si ɖe amewo le Mozambique si na be amewo lia atiwo ku ɖe eƒe alɔwo ŋu wokpɔ. Wokpɔ nyɔnu aɖe si dzi vi le ati aɖe ta me eye wotsɔ helikɔpta (yameʋu sue) va eya kple vidzĩa ɖe ge ayi dedienɔƒee. Ke hã ame akpe geɖe tso abo ŋkeke geɖe—dawo nye wo dometɔ aɖewo ƒe zɔhɛwo—vaseɖe esime tsia mie alo wotsɔ helikɔpta va ɖe woe.

Afɔkua dze egɔme kple tsi gã aɖe ƒe dzadza le Mozambique ƒe fiadu Maputo me. Le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo me la, tsi ɖe golɔgoe blibowo. Le teƒe aɖewo la, tsia ɖɔ ɖo xɔwo ta. Mɔdodowo trɔ zu tɔsisi wɔadãwo. Tsia ɖe ʋe gãwo, hekplɔ aƒewo kple ʋuwo, kpakple nusianu kloe dzoe. Gake vɔ̃ɖitɔ le ŋgɔ gbɔna.

Tsia yi edzi nɔ dzadzam, henɔ ɖɔɖɔm le dukɔa ƒe anyiehekpa bliboa katã. Tsi dza le South Africa, Zimbabwe, kple Botswana, siwo nye dukɔ siwo do liƒo kplii hã. Esi wònye be Incomati, Limpopo, kple Zambezi tɔsisiawo sina tso dukɔ siawo me toa Mozambique hafi ɖagena ɖe atsiaƒu gã gbana la me ta la, nu gblẽ le Mozambique ƒe akpa gã aɖe esime tɔsisi siawo ɖɔ gbagba ɖe afimawo. Alesi Kristotɔwo kpe ɖe wo nɔewo ŋui le afɔku sia me la nye ŋutinya tuxɔseɖo aɖe.

Ŋkuléle Ðe Nugbegblẽ Gbãtɔwo Ŋu

Le ƒe si va yi ƒe February 9 lia dzi la, Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Maputo teƒenɔla eve yi be yewoaɖakpɔ amesiwo le dziehe la ɖa. Kaka wòaƒo ŋdi ga asieke la, woto Xinavane dugã, afisi Incoluane-tɔsisia ɖɔ le ŋutɔ la me va yi. Woɖoe be yewoayi mɔzɔzɔa dzi aɖo Xai-Xai, si nye Gaza nutoa ƒe fiadu la me. Gake wokpɔe be dzesi aɖeke mefia be kuxi aɖeke le Chókwè dugã, afisi tɔ ɖɔna le edziedzi ne tsi dza la me, alo gogo afima o. Eyata wotso nya me be yewoatrɔ ayi Maputo.

Gake esi wòsusɔ vie woaɖo Xinavane le woƒe tɔtrɔgbɔa me la, kpovitɔwo tɔ wo. Kpovitɔawo na wonya be: “Tɔwo ɖɔ tso South Africa va ɖe mɔ gã la. Bɔswo kple agbatsɔʋuwo gɔ̃ hã mete ŋu le yiyim o.” Mɔa ƒe akpa ma ke si woto va yi le ŋdi me la bu ɖe tsi gɔme keŋkeŋ! Esi tɔsisi siwo gale dziehe gome ʋĩ la hã nɔ ɖɔɖɔm ta la, nutoa sa ɖe aga tso dukɔa ƒe akpa mamlɛa gbɔ.

Nɔvi eveawo ɖoe be yewoatsi Macia, si tsɔ ɖe afima gbɔ, adɔ. Le zã ma me la, nɔnɔmea gavloe ɖe edzi. Tsi ɖe Xinavane dugã bliboa, eye dua me tɔwo bu woƒe nusianu. Wowɔ ɖoɖo be woakpe ɖe Ðasefo siwo le nutoa me ŋu ne woayi ɖe Fiaɖuƒe Akpata si le Macia, afisi wotso sitsoƒesaɖa ɖo, me. Ðasefowo yi asitsanuwo dzraɖoƒewo enumake va ƒle nuhiahiã vevi siwo nye mɔli, ayi, wɔ, kple ami.

Fifia wotrɔ susu ɖe hati Kristotɔ siwo le Chókwè kple dugã siwo tsɔ ɖe wo gbɔ me ŋu. Dzikpɔla siwo le Chókwè hamewo me la kpe ta hewɔ ɖoɖo ɖe ame hahoowo ƒe ʋuʋu dzo le afima ŋu. Wotsɔ gbedasia yi na ameawo be: “Midzo enumake yi Macia!” Gake eteƒe medidi o wode dzesii be Xinavanetɔ geɖe meva ɖo o. Eyata wodɔ Ðasefowo ɖa be woaɖadi wo akpɔ. Wose hã be tsi lé Kristotɔ hamemegã aɖe le eƒe aƒeme. Wowɔ ɖoɖo eye woɖii, eye wokpe ɖe Ðasefo mamlɛawo, amesiwo dometɔ aɖewo tsi xɔta, siwo ŋu woke ɖo la ŋu wova Macia.

Esi wowɔ ɖoɖo siawo vɔ la, alɔdzedɔwɔƒea teƒenɔlawo yi Bilene, si nye ƒutadu sue aɖe me, heda yameʋu aɖe tsɔ yi Maputo. Nusi ko yameʋua me nɔlawo te ŋu kpɔna koe nye tsi si ɖe nutoa. Woka nya ta be le Gaza nutoa me ɖeɖe la, ame 600,000 ŋue nu gblẽ le.

Nɔnɔmea Gagblẽ Ðe Edzi

Tsidzadza nu gasẽ ɖe edzi le ŋkeke ʋɛ siwo kplɔe ɖo me, eye Mozambique ƒe titina nutowo hã ɖɔ. Emegbe wokpɔ be anyigbaxɔdzowo dzi ya sesẽ aɖe si wotsɔ ŋkɔ na be Eline gbɔna ƒoƒo ge. Le February 20 lia dzi la, ena tsi gã aɖe si gblẽ nu ŋutɔ dza le nuto siwo nye Inhambane, Sofala, kple Manica me. Tsiawo gaɖɔ ɖe edzi, amewo gaku, eye nuwo dome gagblẽ kpee.

Emegbe esi February yina ɖe eƒe nuwuwu la, tsiɖɔɖɔ si tɔgbe teƒe womekpɔ kpɔ o ɖe Chókwè dugã kple eƒe golɔgoewo katã. Esime wosusɔ vie ne Memleɖa, February 26 lia ƒe zãtitina naɖo la, tɔwo gaɖɔ ake abe towo dzie wòɖɔ tso va yina ene hekplɔ nusianu si ŋu woake ɖo la dzoe. Luis Chitlango si nye Ðasefo si xɔ ƒe 32 gblɔ be: “Aƒelika aɖe si nɔ ɣli dom to fesre nue nyɔ mí.”

Chitlango ɖe eme be: “Esi míefɔ le aba dzi la, tsia ƒe hoowɔwɔ ko sem míenɔ. Esi míesi dzo yina la, míekpɔ da gbogbo aɖewo. Le ŋdi ga ade me la, míeɖo kpo aɖe dzi, gake esi tsia nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi le ŋdia me la, eva hiã be míalia ati. Ame 20 ye nɔ míaƒe ƒuƒoƒoa me.

“Ŋutsuawo liaa atia gbã. Emegbe nyɔnuawo tsɔa ɖeviawo na wo, eye woblaa ɖeviawo ɖe atiawo ƒe alɔwo ŋu. Emegbe nyɔnuawo kpaa woƒe vidzĩwo vana. Míeɖina tso atia me edziedzi va léa ŋku ɖe tsia gɔme kpɔ be míakpɔ azigbo aɖewo si míenya be eƒe agblee wodena le nutoa me la afɔ hã.

“Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, míeɖoe be mí katã míazɔ ayi Chókwè. Tsia se akɔta na mí, eye míekpe akɔ kple tsia ƒe sisi si nu sẽ la. Esi míenɔ yiyim la, míekpɔ ame geɖewo le atiwo me kple xɔwo ta. Eƒe ŋufɔke tsia mie ɖo afisi agbatsɔʋuwo ate ŋu ato eme ayi dugã la me aɖatsɔ amewo ayi Macia.”

Ðasefoawo ƒe Sitsoƒesaɖa

Le March 4 lia dzi la, Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒea da yameʋu hetsɔ eteƒenɔlawo yi afisiwo afɔkua dzɔ le. Afimatɔwo dometɔ akpa gãtɔ si yi Macia, si wotrɔ wòzu asaɖa gã aɖe na sitsoƒedilawo. Kpedɔ, nunyuimakpɔɖui, asrãdɔ, kple fukpekpe bubuwo ɖe fu na amesiwo tsia ɖe la dometɔ geɖe.

Ðeko nàbu be aʋae dzɔ. Helikɔpta siwo dukɔ vovovowo ɖo ɖa la nɔ dzodzom le dugã la tame eye wodzena ɖe teƒe si woɖo na wo ale be woaɖe nunana siwo wotsɔ vɛ. Esi Ðasefoawo ƒe kpekpeɖeŋunaha la va ɖo Macia la, menye nuɖuɖu nana amesiwo dzi afɔkua dzɔ ɖo ƒe ɖoɖowo koe wowɔ o, ke woɖo dɔnɔkɔdzi hã. Gake gbã la, woxɔ mɔɖeɖe tso dziɖuɖumegãwo, amesiwo da asi ɖe afɔɖeɖe sia dzi, gbɔ.

Wodzroa Biblia ƒe kpukpui aɖe me le Ðasefoawo ƒe asaɖa si me Ðasefo 700 kloe tsɔ kpe ɖe ame bubuwo ŋu nɔ me ŋdi sia ŋdi ga 6:30. Ne nuɖuɖu si wona nɔvinyɔnu Kristotɔwo ɖa la bi la, woyɔa ƒome ƒe tawo ŋkɔwo. Wo dometɔ ɖesiaɖe doa eƒe asibide ɖe dzi tsɔ fiaa nuɖuɖu agba alesinu wòahiã na eƒe ƒomea, eye wotsɔa nuɖuɖua yina nɛ.

Wowɔ ɖoɖo nyuiwo ɖe asaɖaa me nuwɔna ɖesiaɖe ŋu. Wode dɔ asi na ame aɖewo be woaƒle nuɖuɖu; eye na ame bubuwo be woakpɔ tsinono ƒe dzadzɛnyenye gbɔ, adzra nugododeƒewo ɖo, kple bubuawo. Dziɖuɖumegãwo kpɔ ɖoɖo nyui sia dze sii hegblɔ be: ‘Afisia nɔnɔ nyo ŋutɔ. Dɔ mewua ame aɖeke o, eye womewɔa dzre o.’ Dumegã aɖe gblɔ be: ‘Amesiame neyi ɖasrã Ðasefoawo ƒe asaɖaa me kpɔ aɖakpɔ alesi wòle be woawɔ nui ɖa.’

Kpekpeɖeŋunakɔmitia yɔ Kristotɔ hamemegãwo ƒo ƒui gbeɖeka heka nya ta na wo be alɔdzedɔwɔƒea wɔ ɖoɖo be woagbugbɔ aƒewo kple Fiaɖuƒe Akpatawo atso ahakpɔ amesiwo tsia ɖe la ƒe nuhiahiã vevi bubuwo gbɔ na wo. Le ŋufɔke esi wonɔ gbemagbe ƒe mawunyakpukpuia me dzrom la, woɖe gbeƒã ɖoɖo sia. Wosi akpe ɣeyiɣi didi aɖe ŋutɔ.

Togbɔ be dziɖuɖumegãwo na avɔgbadɔ gã eve hã la, asaɖaa me tɔ geɖe gakpɔtɔ mlɔa xexe. Eyata woƒo amesiwo tsia ɖe la dometɔ aɖewo nu ƒu be woatu Fiaɖuƒe Akpata gã aɖe ɖe anyigba aɖe si nye hame si le afima tɔ la dzi. Wotsɔ aƒla kple zingi tui—ɖe Mozambiquetɔwo ƒe atsyã nu—be ame 200 nate ŋu anɔ eme. Wowu enu le ŋkeke eve pɛ ko me!

Amesiwo Sa Ðe Aga la Didi

Le ɣeyiɣi ma ke me, le March 5 lia dzi, esi tsia ka mie la, woɖo kpekpeɖeŋunaha aɖe be woazɔ mɔ ayi du si nye Aldeia da Barragem si le nuto gbãtɔ siwo tsia ɖe la dometɔ ɖeka me la me. Hame aɖe si me Ðasefo 90 le la nɔ afima, eye womese wo ŋu nya aɖeke o.

Esime ƒuƒoƒoa yina la, woto Chihaquelane si nye sitsoƒesaɖa gã aɖe si me amesiwo ade 100,000 nɔ me. Tsi ɖe mɔdodo si ƒe akpa aɖewo tsia gblẽ la ƒe go evea siaa de afisi ŋku ate ŋu akpɔ nu ase ɖo. Ƒuƒoƒoa me tɔ ɖeka gblɔ be: “Esi míeɖo Chókwè la, aƒedowo ŋu koe míeke ɖo. Tsi gakpɔtɔ yɔ gbɔtoƒe geɖe me va ɖo xɔawo ta ke. Aƒeawo dometɔ akpa gãtɔ tsi tɔ gɔme. Zã dze dodo, eye kilometa 25 ƒe mɔzɔzɔ gakpɔtɔ nɔ mía ŋgɔ hafi míaɖo Aldeia da Barragem.”

Ƒuƒoƒoa va ɖo afisi woyina la mlɔeba le zã me. Ƒuƒoƒoa me tɔ aɖe gblɔ be: “Míetɔ hede ŋugble le nusi míawɔ azɔ la ŋu.” Emegbe amewo dze dodo henɔ ɣli dom be: “Nɔviwoe!” eye dzidzɔnukoko ɖi hoo sesĩe. Esi wokpɔ ʋu eveawo ƒe akaɖi la, Ðasefo siwo nɔ afima susui enumake be anye yewo nɔviwoe, eye wogblɔe na ame bubuwo. Ewɔ dɔ ɖe eteƒekpɔlawo dzi ale gbegbe be wogblɔ be: ‘Amesiawo lɔ̃a ame vavã. Wotsɔa nuɖuɖu vɛ eye wova srãa wo kpɔna gɔ̃ hã!’

Woyi Edzi Na Kpekpeɖeŋu

Wokpe ɖe nɔvi siwo tso Aldeia da Barragem ŋu be woyi asaɖa si le Macia me, afisi wona nuɖuɖu kple mlɔƒe wo eye wowɔ atike na wo le. Gake nɔnɔmea va nɔ gbegblẽm ɖe edzi le Macia. Esi wònye be yameʋuwoe tsɔa nuɖuɖu, atike, kple mɔmemi vɛ ta la, nusiawo va nɔ vevem. Eva hiã kpata be woagbugbɔ mɔ si yi Maputo la ado. Kaka March 8 lia naɖo la wowɔ esia.

Tsi ɖe Xai-Xai dugã bliboa keŋkeŋ. Tsia ƒe kɔkɔme le eƒe akpa aɖewo ade meta etɔ̃! Ðasefoawo ɖo kpekpeɖeŋunakɔmiti aɖe be wòakpɔ yewo nɔvi siwo le afima la gbɔ. Gakpe ɖe eŋu la, woɖo kɔmitiwo be woakpɔ amesiwo le Sofala kple Manica ƒe nutowo me ƒe nuhiahiãwo gbɔ.

Ðasefo siwo le dukɔ bubuwo me la ɖo kpekpeɖeŋununanawo ɖa. Le kpɔɖeŋu me, South Africa ƒe alɔdzedɔwɔƒea wɔ ɖoɖo be woatsɔ awu, kuntru, kple nu bubuwo tɔn gbogbo aɖewo ayi na wo. Eye Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã, si le Brooklyn, New York, ɖo ga ɖa be woatsɔ akpɔ amesiwo dzi afɔkua dzɔ ɖo ƒe nuhiahiãwo gbɔe.

Esi tsiawo mie alesi dze eye woxlẽ amesiwo ƒe aƒewo gbã la, wodze aƒewo kple Fiaɖuƒe Akpatawo gbugbɔgatudɔa gɔme. Woɖo xɔawo gbugbɔgatu kɔmiti eye lɔlɔ̃nufaadɔwɔla geɖe siwo kpe ɖe wo ŋu la dze dɔ gɔme enumake. Tso ɣemaɣi la, wogbugbɔ aƒe siwo wu 270 kple Fiaɖuƒe Akpata atɔ̃ ya teti tu.

Esi Ðasefo lɔlɔ̃nufaadɔwɔlaawo wu aƒe gbãtɔawo tsotso nu vɔ la, amewo de dzesii. Aƒelika aɖe gblɔ be: ‘Mawu gbagbee miesubɔna. Míaƒe osɔfowo ŋlɔ woƒe alẽ siwo le fu kpem la be. Gake miawo ya wole aƒe dzeani siawo tsom na mi.’ Le nuto siawo tɔgbe me la, ame geɖe xɔ Fiaɖuƒegbedasi si Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒãe la, eye wote Biblia sɔsrɔ̃ kple ame geɖe.—Mateo 24:14; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Togbɔ be Ðasefo geɖewo ƒe ŋutilãmenunɔamesiwo dome gblẽ hã la, wo dometɔ aɖeke mebu xɔse o. Ðe eteƒe la, woƒe Yehowa Mawu dzixɔse kple kaka ɖe woƒe xexeame katã ƒe haxɔsetɔwo ƒe habɔbɔa dzi nu gasẽ ɖe edzi. Wokpɔ dzidzɔ ɖe woƒe dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔ, si tso kpla ɖe afɔku dziŋɔ sia ŋu la ŋu. Woawo ŋutɔ wokpɔ Yehowa ƒe ɖetsɔleme kple takpɔkpɔ si me lɔlɔ̃ le la dze sii, eye womaŋlɔ nya si Biblia gblɔ be: “Yehowa lolo” la be gbeɖegbeɖe o.—Psalmo 48:2.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Tsi bublu ɖe Xai-Xai dugã la

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Yameʋuwoe tsɔ kpekpeɖeŋununanawo vɛ

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ðasefoawo ƒe kpekpeɖeŋunahaa ɖo dɔnɔdzikpɔƒe

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Wokpɔtɔ le aƒe yeyewo tsom

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ame 100,000 ye nɔ sitsoƒesaɖa gãtɔ kekeake me