Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yudatɔwo ƒe Dukɔ me Mawue Yehowa Nyea?

Yudatɔwo ƒe Dukɔ me Mawue Yehowa Nyea?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Yudatɔwo ƒe Dukɔ me Mawue Yehowa Nyea?

LE DUKƆ geɖe me egbea la, Yehowa Ðasefo siwo li egbea ƒe habɔbɔ la ŋue wonya ŋkɔ Yehowa ɖo nyuie. Gake ŋkɔ sia dze le Biblia gɔmeɖeɖe si subɔsubɔha bubuwo hã zãna tsɔ kpe ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu la dometɔ aɖewo me. Le nyateƒe me la, ƒe akpe geɖee nye sia si wole ŋkɔ Yehowa si wotsɔa Ŋɔŋlɔdzesi Ene le Hebrigbe me ŋlɔna la zãm.

Woyɔa Yehowa ɣeaɖewoɣi be “Israel ƒe Mawu.” (Kronika I, 17:24) Nyagbɔgblɔ sia na ame aɖewo xɔe se be teƒe aɖe ƒe mawu si Hebritɔwo xɔ tso dukɔ bubu aɖe gbɔ tsɔ wɔ wo ɖokui tɔe alo mawu aɖe si woawo ŋutɔ to vɛ ko wònye. Karen Armstrong, amesi ŋlɔ agbalẽ si nye A History of God la gblɔ be: “Gbã la, wobu [Yehowa] be enye Israel-viwo ƒe dukɔ me mawu ŋutasẽla gã aɖe. Emegbe Israel nyagblɔɖilawo . . . , le ƒe alafa adrelia kple adelia D.M.Ŋ me lɔƒo, tsɔ dukɔ me Mawu sia ƒe ŋkɔ na Mawu nuwokatãtaƒola si gbɔ amegbetɔ ƒe ɖɔɖɔ ŋu.”

Subɔsubɔŋutinyaŋlɔla geɖewo tee kpɔ be yewoagblɔ be Kanaan alo Egipte tɔwoe to ŋkɔ Yehowa vɛ. Ame bubuwo te tɔ ɖe edzi be “dukɔ aɖe [ƒe mawu ƒe] ŋkɔ xoxo aɖee” eye mefia Mawu si woɖe fia le “Nubabla Yeyea” me o. Nyateƒeea? Nukae Biblia xexlẽ ŋuɖɔɖɔɖotɔe ɖe fia?

Yehowa—Dukɔwo Katã ƒe Mawue Wònye

Biblia la lɔ̃ ɖe edzi be kadodo kplikplikpli nɔ Yehowa kple Israel-dukɔa dome. Gake menye esia ta woabui dukɔ me mawu aɖe ko o. Kristotɔ apostolo Paulo bia be: “Alo ɖe Mawu nye Yudatɔwo ɖeɖe ko tɔ, eye menye [dukɔwo, NW] tɔ hã oa?” Aleke Paulo ɖo eŋu eme kɔe? “Ẽ, [dukɔwo, NW] tɔ hã wònye.” (Romatɔwo 3:29) Mawu kae Paulo wɔnɛ? Enyo, le lɛta sia ke si woŋlɔ na Romatɔwo me la, ŋkɔ Yehowa dze zi gbɔ zi 19 sɔŋ. Esi apostoloa nɔ nya yɔm tso Hebritɔ nyagblɔɖila Yoel ƒe agbalẽa me la, egblɔ be menye Yudatɔwo ɖeɖeko o ke boŋ ‘amesiame, si ayɔ Yehowa ƒe ŋkɔa dzi la, woaɖee.’ —Romatɔwo 10:13; Yoel 3:5.

Menye Israel-viwoe tia Yehowa be wòanye yewoƒe Mawu o; ke boŋ Yehowae tia wo be yeazã atsɔ awɔ yeƒe tameɖoɖo dzii—eyae nye be woadzra mɔ dzi ɖo na Mesia la ƒe vava. Gawu la, dukɔwo ƒe mawuwo ƒe etsɔme nɔa te ɖe esubɔlawo dzi. Ne woɖu dukɔa dzi la, wɔna vɔna le woƒe mawua hã ŋu. Mele alea le Yehowa ya gome o.

Wodo ŋugbe be woayra anyigba dzi dukɔwo katã le nu si Yehowa bla kple Abraham—si dze dɔwɔwɔ gɔme ƒe alafawo do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia—la me, eye esia ɖe alesi gbegbe Mawu tsɔ ɖe le eme na ameƒomea katã la fia. (Mose I, 12:1-3; Dɔwɔwɔwo 10:34, 35; 11:18) Israel-fia Dawid ɖee fia be menye Israel-nyigba ɖeɖekoe nye Yehowa tɔ o ke boŋ: “Yehowa tɔe nye anyigba kple nusiwo yɔ edzi, xexeame kple eme nɔlawo.” —Psalmo 24:1.

Emegbe, esi fia Dawid vi Salomo kɔ gbedoxɔ aɖe ŋu be wòanye Yehowa ƒe tadeaguƒe la, eɖee fia be mɔ aɖe li si dzi ɖokuibɔbɔla siwo tso dukɔ ɖesiaɖe me ate ŋu ato ate ɖe Yehowa ŋu. Le eƒe adzɔgbeɖeɖe gbedodoɖa la me la, Salomo gblɔ be: “Ne du bubu me tɔ hã, amesi metso wò dukɔ Israel me o, ke boŋ anyigba didi aɖe dzi wòtso va . . . eye wòva do gbe ɖa le aƒe sia me la, ekema nasee le nɔwòƒe le dziƒo, eye nawɔ nusiwo katã ŋuti du bubu me tɔ la le yɔwòm ɖo; ne anyigba dzi dukɔwo katã nadze si wò ŋkɔ, eye woavɔ̃ wò abe wò dukɔ Israel ene.”—Fiawo I, 8:41-43.

Wogbe Israel

Nufiala C. J. Labuschagne ŋlɔ le ƒomedodo si le Israel-viwo kple Yehowa dome ŋu be: “Le Israel-viwo ƒe ŋutinya katã me la wokpɔnɛ enuenu be yewoƒe ‘dukɔa’ ƒe Mawu la te ŋu wɔa nu si mede dukɔa dzi o alo tsia tre ɖe dukɔa ŋu kura gɔ hã.” Esi Israel gbe Mesia la le ƒe alafa gbãtɔ me la, Yehowa hã gbe dukɔ ma.

Gake ele be Kristotɔwo nayi edzi azã Yehowa ƒe ŋkɔ la. Esi Kristo-hamea nɔ tsitsim la, emenɔlawo va nye amesiwo tso dukɔ sia dukɔ me. Esime nusrɔ̃la Yudatɔ Yakobo nɔ Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖe dzi kpɔm le Yerusalem la, egblɔ be Mawu ‘kpɔ dukɔ siwo menye Yudatɔwo o ɖa, bena yeaxɔ dukɔ tso wo dome hena yeƒe ŋkɔ la.’ Yakobo yɔ nyagblɔɖi aɖe tso Amos ƒe agbalẽa si me Yehowa ƒe ŋkɔ dze le me tsɔ ɖo kpe edzi be nya sia si wogblɔ ɖi la va me.—Dɔwɔwɔwo 15:2, 12-14; Amos 9:11, 12.

Etsɔ Ðe Le Eme na Amesiame, Eyraa Amesiame

Le kpeɖoɖo Yehowa ƒe xexeame katã ƒe Mawunyenye dzi ake me la, Paulo ŋlɔ bena: ‘Vovototo aɖeke mele Yudatɔ kple Helatɔ dome o, elabena Aƒetɔ ma kee nye wo katã tɔ, eyae nye kesinɔtɔ na amesiwo katã yɔnɛ la.’ (Romatɔwo, 10:12) Ẽ, ameƒomea me tɔ toɖolawo katã ate ŋu akpɔ Yehowa ƒe yayra.

Yehowa do etsɔme wɔnuku aɖe ƒe ŋugbe na via amegbetɔ toɖola wɔnuteƒewo katã—metsɔ le du si me wotso alo ameƒomevi si wonye la me o. Eƒe Nya yɔ amesiawo be ‘dukɔwo katã ƒe nu vevitɔ.’ (Xagai 2:7) Amesiawo va dzea si Yehowa eye wova lɔ̃nɛ. Biblia ƒe agbalẽ mamlɛtɔ gblɔ le wo ŋu bena: “Dukɔwo katã woava ade ta agu le ŋkuwò me [Yehowa]; elabena woɖe wo nu dzɔdzɔe wɔwɔwo ɖe go fia.”—Nyaɖeɖefia 15:4.

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Mose lé Se Ewoawo ɖe asi