Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Ametsɔtsrɔ̃ Gã la Agate Ŋu Adzɔ Akea?

Ðe Ametsɔtsrɔ̃ Gã la Agate Ŋu Adzɔ Akea?

Ðe Ametsɔtsrɔ̃ Gã la Agate Ŋu Adzɔ Akea?

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE SWEDEN GBƆ

TSO January 26-28, 2000, dzi la, Dukplɔla kple dziɖuɖu 48 teƒenɔla siwo tso xexeame ƒe akpa vovovo kpe ta le Sweden ƒe fiadu me hena Stockholm Ametsɔtsrɔ̃ Gã la Ŋuti Dukɔwo Dome Takpekpe wɔwɔ. Nya aɖewo siwo wogblɔ le nuƒolanɔƒea ɖee fia be vɔvɔ̃ lé xexeame kplɔlawo be Nazi ŋutasẽdziɖuɖua ate ŋu agatrɔ agbɔ. Israel Dukplɔla tsãtɔ Ehud Barak gblɔ be: “Gbedasi aɖe le takpekpe sia si na xexeame katã: Mele be míagaɖe mɔ gbeɖe ɖe dziɖuɖu si ahe ŋutasesẽ kple amewuwu kpakple vovototo dede amewo me le woƒe subɔsubɔ, ameƒomevinyenye alo ŋutigbalẽ ƒe amadede ta le xexeame ƒe afi aɖeke ŋu o.”

Menye Yudatɔwo Ðeɖeko ƒe Nyae O

Ame geɖe ƒoa nu tso “Ametsɔtsrɔ̃ Gã” la ŋu le xexeame godoo tsɔ kuna ɖe Yudatɔwo ko ŋu. Gake ametsɔtsrɔ̃ gã la gblẽ nu le ame bubuwo hã ŋu. Le wɔna aɖe si ŋu woƒo nu tsoe nyuie le nyadzɔdzɔwo me le takpekpea me le Stockholm ƒe Ƒuƒoƒe Gã be woatsɔ aɖo ŋku Yudatɔwo Tsɔtsrɔ̃ dzi la, Swedentɔwo ƒe dukplɔla do susua ɖa be ele be yewoaka atam be yewoaʋu xexeame nuŋɔŋlɔdzraɖoƒewo katã be woatsɔ agblɔ Ametsɔtsrɔ̃ Gã la ŋu nya na amewo. Egblɔ be: “Mina míase alesi wotsrɔ̃ Roma ƒe [Gypsytɔwo], alesi wowu nuwɔametɔwoe le agbɔsɔsɔ gã me, alesi woti ŋutsu siwo dɔa ŋutsu gbɔ, aglãdzelawo kple Yehowa Ðasefowo yome hewu woe la ŋu nya.”Sweden dziɖuɖua ta Ametsɔtsrɔ̃ Gã la ŋu gbalẽ aɖe si woyɔ be Tell Ye Your Children (Migblɔe na Mia Viwo) si woma femaxee na ƒome siwo me ɖeviwo le le dukɔa me godoo. Agbalẽ sia gblɔ be Yehowa Ðasefowo “gbe be yewomaka atam be yewoawɔ nuteƒe na Hitler kple Nazi Germany o. Gbegbe ma nye nusi ɖe dzesi elabena asidede agbalẽ si gblɔ be yewolɔ̃ ɖe edzi be yewoawɔ nuteƒe na wo ana woadzudzɔ wo yometiti—ke hã ame ʋɛ aɖewo koe lɔ̃ ɖe edzi.”

Yehowa Ðasefowo le Ametsɔtsrɔ̃ Gã la Me

Le ƒe 1933 me la, Yehowa Ðasefo siwo ade 25,000 ye nɔ Germany. Wo dometɔ akpe geɖe nye ame gbãtɔ siwo wokplɔ yi Nazi saɖawo kple gaxɔwo me. Woɖe woƒe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade le dunyahehe kple asrafo nuwɔna ɖesiaɖe me fia. Wogbe be yewomalɔ̃ ɖe edzi be Hitler gbɔe xɔname atso o. Wogbe be yewomalɔ̃ ɖe Nazitɔwo ƒe vovototodedeameme dzi alo awɔ ɖeka kple Hitler le eƒe aʋahohowo me o. Wo dometɔ siwo ade 2,000 ku eye ɖe wowu amesiawo dometɔ siwo wu 350.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Ðasefo gamenɔlawo kpe ɖe wo nɔvi gamenɔlawo ŋu be woado dzi, tsɔ kpe ɖe Yudatɔwo kple ame bubuwo ŋu. Wowɔ esia to alesi wotsɔ mɔkpɔkpɔ si wotu ɖe Biblia dzi la de dzi ƒo na woe me tsɔ kpe ɖe nusianu si nɔ wo si la nana dɔnɔwo kple amesiwo gbɔdzɔ la ŋu, eye zi geɖe la, wonaa abolo kakɛ mamlɛtɔ si le wo si ƒe ɖe wo. Le Nazitɔwo ƒe yometiti ƒe gɔmedzedzea me la, wofi fuwɔamegaxɔwo ƒe anyinɔnɔ kple nusiwo nɔ edzi yim le wo me ŋu to fi na egodotɔwo hã. Tso ɣemaɣi dzi la, wota nyati gbogbo aɖewo siwo ƒo nu tso Nazitɔwo ƒe ŋutasẽnuwɔnawo kple amesiwo tsi agbe le wo me ƒe agbemeŋutinyawo ɖe woƒe magazine siwo nye Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! siwo ɖoa xexeame ƒe afisiafi la me.

Vɔvɔ̃ nɔ Stockholm Ametsɔtsrɔ̃ Gã la Ŋuti Dukɔwo Dome Takpekpea valawo me ɖe Nazi dziɖuɖu ƒe tɔtrɔgbɔ ŋu. Ale Nufialagã Yehuda Bauer si nye Dukɔwo Dome Ametsɔtsrɔ̃ Gã Ŋuti Nusrɔ̃ƒe si le Egbegbe Israel, Yudatɔwo Ŋuti Nusrɔ̃ƒe gblɔ le eŋue nye si: “Esi wòdzɔ kpɔ la, agate ŋu adzɔ ake, menye abe alesi wòdzɔ tsã ene o, menye ɖe amesiwo dzi wòdzɔ ɖo va yi kokoko o, eye menye ame mawo ke koe agana wòadzɔ o, ke boŋ ate ŋu adzɔ ɖe amesiame dzi, eye amesiame ate ŋu ana wòadzɔ. Medzɔ kpɔ do ŋgɔ tsã o, gake fifia ya edzɔ kpɔ.”

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Wotsɔ dzesidevɔ hɛ̃ si le dzogoe etɔ̃ me de dzesi Yehowa Ðasefowoe le gakpɔa me

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

1. Julius Engelhardt, Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka si Nazitɔwo wu le Brandenburg le August 14, 1944, dzi

2. Yehowa Ðasefoawo dometɔ etɔ̃ siwo ɖo ta aƒeme esime woɖe asi le wo ŋu le Sachsenhausen, le ƒe 1945 me

3. Elsa Abt, Ðasefo si kple vianyɔnuvi dome woklã eye wodee game ƒe etɔ̃ kloe

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 29]

Nordrhein-Westfälisches Hauptstaatsarchiv, Düsseldorf

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Ðasefo siwo tsi agbe gblɔ woƒe ŋutinya le video siawo me