Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋɔdzinuwɔwɔ—Enu Ava Yi Kpuie!

Ŋɔdzinuwɔwɔ—Enu Ava Yi Kpuie!

Ŋɔdzinuwɔwɔ—Enu Ava Yi Kpuie!

BƆS si le Jerusalem, dziɖuɖua ƒe dɔwɔƒe si le Oklahoma City, alo dziƒoxɔ si le Moscow, teƒe siawo katã ate ŋu anye afisiwo ŋɔdzinuwɔlawo tɔ ŋkui dometɔ aɖewo. Togbɔ be ewɔna abe ɖe ŋɔdzinuwɔlawo dina be yewoagblɔ gbedasi sẽŋu aɖe na dunyahelawo, asrafomegãwo, gaŋutiɖoɖowɔlawo hã la, zi geɖe la, ewɔna abe ɖe kadodo aɖeke mele woƒe taɖodzinu kple nusi wova gblẽna dome o ene. Le nudzɔdzɔ geɖe me la, dumevi dzrowo—amesiwo gbɔ ŋɔdzinuwɔlawo ƒe nya aɖeke metsɔ o—koŋ ŋue wogblẽa nu le. Ke nukae naa aglãdzelawo wɔa ŋɔdzinu siawo?

Nukatae Wowɔa Ŋɔdzinuwo?

Ŋɔdzinuwo nye nusiwo wobua wɔna, nusiwo ŋu wobu nyuie, eye wowɔ ɖoɖo le wo ŋu. Menye ame gbogbo siwo wowuna kple amesiwo ŋu wodea abii koŋue nyea woƒe taɖodzinu o. Ʋukɔkɔɖi gã siawo nyea mɔ siwo dzi wotona ɖoa woƒe taɖodzinu gbɔ, wowɔnɛ be dzidzi naƒo amewo eye vɔvɔ̃ nalé wo hetsɔ gbleã dziɖuɖua ŋu ale be woase yewoƒe nya na yewo. Bu nusiwo tae ŋɔdzinuwɔlawo wɔa ŋutasẽnu siawo la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

Fuléle. United States ƒe Nyagɔmekuha ƒe tatɔ Louis J. Freeh gblɔ be: “Fulélee . . . hea ŋɔdzinuwɔwɔ vɛ. Xexe si me akpaɖekadzidede, tamevɔ̃ɖoɖo, kple numanyamanya xɔ aƒe ɖoe kpɔa ŋusẽ ɖe fuléamela mawo dzi.”

Ameteteɖeanyi. Stephen Bowman ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye When the Eagle Screams me be: “Ƒuƒoƒo kple dukɔ aɖewo kplɔlawo li siwo ƒe taɖodzinu siwo me susu mele o ye nye be yewoatsrɔ̃ dukɔ bubuwo. Gake eganye nyateƒe hã be mɔkpɔkpɔbuɖeamee hea ŋɔdzinuwɔwɔwo dometɔ geɖe vɛ.”

Dziɖeleameƒo. Agbalẽ si nye Urban Terrorism me tola gblɔ be: “Le nudzɔdzɔ geɖe me la, . . . dunyahehe, hadomeɖoɖo, kple ganyawo ƒe ɖoɖo siwo womate ŋu atrɔ o ƒe dziɖeleameƒo ŋutɔŋutɔe nye nusi koŋ naa ŋɔdzinuwɔlawo wɔa woƒe ŋɔdzinuwo.”

Madzɔmadzɔnyenye. Michael Shimoff gblɔ le nyati aɖe si wòŋlɔ si ƒe tanyae nye “Ŋɔdzinuwɔlawo ƒe Dɔwɔmɔnu” me be: “Kuxi aɖe ƒe dzesie ŋɔdzinuwɔwɔ nye, ke menye eyae nye kuxia tsoƒe ŋutɔŋutɔ o.” Eyi edzi be: “Ele be wòanye míaƒe taɖodzinu be míaɖe hadome kple dunyahehe nuwɔna siwo hea ŋɔdzinuwɔwɔ vɛ la ɖa. . . . Esi míeho aʋa ɖe ŋɔdzinuwɔwɔ ŋu la, ele hã be míadze agbagba vevie nenema ke be míaɖɔ ablɔɖemenɔnɔ, asixɔxɔdedeameŋu, dzɔdzɔenyenye, kple gɔmeɖose siwo ku ɖe dɔmenyonyo ŋu la ɖo. Ne agbagbadzedze vevi mawo kpɔ dzidzedze ko hafi míate ŋu akpɔ ta na agbagba siwo míedzena be míaɖe ŋɔdzinuwɔwɔ ɖa.”

Nusiwo gbɔ ŋɔdzinuwɔwɔ tso kple ŋɔdzinuwɔwɔ ƒe ŋutinya ɖo kpe Biblia ƒe nyateƒenya sia dzi, be: “Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e” la dzi. (Nyagblɔla 8:9) Biblia gblɔ nɔnɔme gbegblẽ siwo he ŋɔdzinuwɔwɔ vɛ la gɔ̃ hã ɖi do ŋgɔ. Egblɔ be: “Le ŋkeke mamlɛawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena amewo lanye ɖokuilɔ̃lawo, . . . amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo.”—Timoteo II, 3:1-4.

Nyateƒe si le nyaa me enye be, aleke ke amegbetɔwo dze agbagba anukwaretɔe be yewoaɖe nusiwo hea ŋɔdzinuwɔwɔ vɛ ɖa o, womate ŋu aɖe nusiwo gbɔ wòtsona la ɖa avɔ keŋkeŋ o. Nyateƒee Biblia to esi wògblɔ be: “Amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremya 10:23) Gake togbɔ be amegbetɔ mate ŋu aɖe ŋɔdzinuwɔwɔ ɖa o hã la, kakaɖedzitɔe la, eɖeɖeɖa megbɔ Mawu ƒe ŋutete ŋu o.

Egbɔkpɔnua

Amesiwo ŋu wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖo alo wote ɖe anyi eye dzi ɖe le wo ƒo la ate ŋu akpɔ akɔfafa le Biblia ƒe ŋugbedodo lédziname sia me, be: “Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi; ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.”—Lododowo 2:21, 22.

Mawu ƒe ŋugbedodo sia ava eme kpuie. Eƒe Dziɖula, Fia Yesu Kristo si le fia ɖum fifia lae awɔ nusia. Biblia me nyagblɔɖi aɖe gblɔ ku ɖe Kristo ŋu be: “Madrɔ̃ ʋɔnu ɖe nusi eƒe ŋku le kpɔkpɔm la nu o, eye matso afia ɖe nusi eƒe to le sesem la nu o. Adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔenyenye me, eye wòatso afia na anyigba dzi hiãtɔwo ɖe eteƒe.”—Yesaya 11:3, 4.

Ẽ, Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, aɖe madzɔmadzɔnyenye kple amesiwo henɛ vɛ la ɖa kpuie. Le Mawu ƒe dzɔdzɔenyenyexexe yeyea me la, ŋɔdzinuwɔwɔ kple ŋutasesẽ ƒomevi ɖesiaɖe azu gbaɖegbenyawo. Ɣemaɣi amesiame anɔ ŋutifafa me esime vɔvɔ̃ na ŋutasesẽ maganɔ anyi o.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Biblia do ŋugbe be Mawu aɖe ameteteɖeanyi kple madzɔmadzɔnyenye ɖesiaɖe ɖa kpuie