Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akɔkpekpe Kple Ŋɔdzinuwɔwɔ

Akɔkpekpe Kple Ŋɔdzinuwɔwɔ

Akɔkpekpe Kple Ŋɔdzinuwɔwɔ

LE ƑE 1980-awo ƒe nuwuwu lɔƒo la, edze abe ɖe ŋɔdzinuwɔwɔ dzi ka ɖe kpɔtɔ ene. Gake ŋɔdzinuwɔwɔ ƒomevi bubu gado mo ɖa. Egbeŋkekea me ŋɔdzidodowo tsoa aglãdzeha siwo ŋutɔwo si gakpɔmɔnu le gbɔ—wokpɔnɛ toa atikevɔ̃ɖisitsatsa, adzɔdodo, ame ɖekaɖekawo ƒe gadede eme, dɔmenyohabɔbɔwo ƒe nunanawo, kple nutoa me ƒe alɔdohawo dzi. Eye woyia edzi wɔa nu nublanuimakpɔmakpɔtɔe abe alesi wonɔ tsã ene.

Ŋɔdzinuwɔlawo ƒe susumanɔmee nuwɔnawo dzi ɖe edzi le ƒe siawo me. Woda bɔmb ɖe Xexeame Katã ƒe Adzɔnuwo Dzraƒegã le New York City, si wu ame 6 hede abi amesiwo ade 1,000 ŋu. Vivimeha aɖe da aɖiya si nye sarin ɖe Tokyo ƒe tomemɔ aɖe dzi si wu ame 12 eye wòde abi amesiwo wu 5,000 ŋu. Ŋɔdzinuwɔla aɖe tsɔ bɔmb si wòɣla ɖe ʋu me gbã dziɖuɖu ƒe xɔ aɖe le Oklahoma City, si wu ame 168 eye wòde abi ame alafa nanewo ŋu. Abe alesi aɖaka si le axa 12 kple 13 ɖee fia ene la, ŋɔdzinuwɔlawo ƒe nuwɔna vovovoawo gakpɔtɔ le edzi yim vaseɖe fifia.

Le go geɖe me la, ewɔ abe ŋɔdzinuwɔlawo le nu wɔm yakayaka wu tsã ene. Amesi wolé wòda bɔmb dziɖuɖua ƒe xɔ le Oklahoma City le ƒe 1995 me gblɔ be yedi be “yeawu ame gbogbo aɖe” be ame geɖe nase ye ŋkɔ. Ŋɔdzinuwɔla siwo da bɔmb Xexeame Katã ƒe Adzɔnuwo Dzraƒegã si le New York City le 1993 me di be yeagbã dziƒoxɔ ɖeka aƒu evelia dzi ne amesiame naku le dziƒoxɔ evea siaa me.

Azɔ aʋawɔnu deŋgɔ siwo ŋɔdzinuwɔlawo le zazãm fifia hã nye nu yeye. Louis R. Mizell, Jr., si nya nu tso ŋɔdzinuwɔlawo ƒe nuwɔna ŋu nyuie gblɔ be: “Dziku heliheli kple aʋawɔnu dziŋɔ siwo gɔme màte ŋu ase o ƒe ɣeyiɣi mee míele: esiwo nye nukliaʋawɔnuwo, aɖitike tɔwo, kple dɔlékuiʋawɔnuwo.” Aglãdzeha siwo di be yewoana yewo ŋkɔ naɖi la zãa aʋawɔnu siwo vɔ̃ɖi wu siwo mɔ̃ɖaŋununya to vɛ la boŋ.

Kɔmpiuta Zazã le Ŋɔdzinuwɔwɔ Me

Wozãa egbegbe mɔ̃ɖaŋununya, abe kɔmpiutawo ene, le nusi woyɔna be kɔmpiuta dzi ŋɔdzinuwɔwɔ me. Eƒe aʋawɔnuwo dometɔ ɖekae nye kɔmpiuta nuŋlɔɖoɖomegblẽnu, si tutua kɔmpiuta nyatakakawo alo naa kɔmpiutaa megawɔa dɔ kura o. Bubu hãe nye “kɔmpiuta fluɖoɖo” si blea kɔmpiuta be wòawɔ dɔ siwo mate ŋu awɔ o, si naa kɔmpiuta gblẽna. Esi wònye kɔmpiutae dukɔwo zãna le woƒe ga kple dedienɔnɔ ŋu nyawo me ta la, ame geɖewo va le vɔvɔ̃m be ŋɔdzinuwɔlawo ate ŋu agblẽ nu le amehawo ŋu bɔbɔe. Eye togbɔ be dukɔ geɖe ƒe asrafowo te ŋu kpɔa woƒe kadodomɔnuwo ta le nukliaʋawo kura gɔ̃ hã me hã la, ate ŋu anɔ bɔbɔe be woagblẽ nu le dukɔmeviwo ƒe nuzazãwo ya ŋu—le elektrikŋusẽ, mɔzɔnyawo, kple gadzikpɔdɔwɔƒewo ŋu.

Eteƒe medidi boo o ne ŋɔdzinuwɔla aɖe di be yeatsi akaɖiwo le Berlin la, ele be wòava di dɔ le elektrikdɔwɔƒea hafi wòate ŋu agblẽ nu le dɔwɔƒea ŋu. Gake ame aɖewo be kɔmpiutadzinufixlẽla si wona hehee ate ŋu anɔ eƒe aƒeme le didiƒe ʋĩ le kɔƒe totroe aɖe me atsi dugã la me kaɖiwo bɔbɔe.

Eteƒe medidi boo o Swedentɔ kɔmpiutadzinufixlẽla aɖe ge ɖe Floridatɔwo ƒe kɔmpiuta kadodo aɖe me le Florida, eye wòɖo asi dɔwɔkadodo siwo kpɔa nyadzɔdzɔ kpatawo gbɔ dzi gaƒoƒo ɖeka sɔŋ, si de afɔ atame na kpovitɔwo, dzotsidɔwɔƒe, kple dɔnɔkɔʋu ƒe dɔwɔwɔ.

Aʋahoɖaŋu Kple Dukɔwo Dome Nyawo Ŋuti Nusrɔ̃ƒe (CSIS) ƒe dɔwɔha si nye Aʋahoho ɖe Nyatakakaxɔƒe Ŋu Dɔwɔha la ƒe dɔdzikpɔla Frank J. Cilluffo gblɔ be: “Míewɔ xexeame katã wòzu ko abe kɔƒe gã aɖe si kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe mele o ene.” Eye dɔwɔha sia ƒe aɖaŋuɖola gã Robert Kupperman hã gblɔ le ƒe1997 me be ne ŋɔdzinuwɔlawo ɖo be yewoazã mɔ̃ɖaŋumɔnu deŋgɔ la, “dziɖuɖu ƒe dɔwɔha siwo li fifia dometɔ aɖeke mate ŋu akpe akɔ kple woƒe amedzidzedzea o.”

Numedzrola aɖewo xɔe se be dɔwɔnu deŋgɔ siwo mɔ̃ɖaŋununya to vɛ la le kɔmpiuta dzi ŋɔdzinuwɔlawo si si woate ŋu atsɔ akpe dɔwɔnu siwo dedienɔnɔdzikpɔhawo ato vɛ dzi. United States ƒe Futɔwo Ŋuti Nyatakaha ƒe dɔdzikpɔla George Tenet gblɔ be: “Ne futɔ aɖe te ŋu tsɔ nuŋlɔɖoɖomegblẽnu si sɔ alo wòte ŋu ge ɖe kɔmpiuta si sɔ na eƒe taɖodzinu me la, ate ŋu agblẽ nu geɖe ŋutɔ.”

Aɖitike Kple Dɔlékuiwo Zazã le Ŋɔdzinuwɔwɔ Me

Amewo gatsia dzi ɖe aɖitike kple dɔlékuiwo zazã abe avuwɔnuwo ene hã ŋu. Dzidzi ƒo xexeame katã le ƒe 1995 ƒe gɔmedzedze, esime wose aɖiya wuame si wotsɔ dze tomeketekemɔ aɖe dzi le Tokyo ŋu nya. Woda fɔbubua ɖe kɔmama aɖe si xɔe se be tsɔtsrɔ̃ dziŋɔ aɖe gbɔna ɖe xexeame dzi la dzi.

Brad Roberts si le dɔ wɔm le Takpɔkpɔ Ŋuti Numekudɔwɔƒe gblɔ be: “Ŋɔdzinuwɔlawo ƒe ŋɔdzidodo ƒe nɔnɔme trɔ. Tsã la, ŋɔdzinuwɔlawo dina be woaɖe mɔ na yewo le nanewo me le dunyahehe me. Gake fifia la, ƒuƒoƒo aɖewo gblɔna be yewoƒe taɖodzinu koŋ enye amehawo wuwu. Esia wɔe be dɔlékuiwo zazã sɔna na ŋɔdzinuwɔlawo wu.” Ðe amewunu siawo kpɔkpɔ sesẽna? Scienctific American magazine gblɔ be: “Ame aɖe ate ŋu anyi nugbagbevi suesue triliɔn nanewo si magblẽ nu boo aɖeke le eya ŋutɔ ŋu o eye mahiã dɔwɔnu deŋgɔ aɖeke tsɔ wu esiwo wotsɔna ɖaa beer tsɔ kpe ɖe protein nunyiame si nugbagbeviawo aɖu ŋu, kple motsyɔnu si ana magbɔ ya gbegblẽ o kpakple aŋewu si wòado ɖe eƒe awu dzi ko.” Esi wonya trɔ asi le dɔlékuiawo ŋu vɔ ko la, wozazã nɔa bɔbɔe. Amesiwo dzi wodzena la mete ŋu nyana kaba be wotre mɔ̃ aɖeke ɖe afima o vaseɖe ŋkeke ɖeka alo eve megbe hafi. Eye kaka ɣemaɣi naɖo la, atsi megbe akpa be woawɔ nane tso eŋu.

Wogblɔ be nyiwo ƒe dɔlékui anthrax koŋ ye wolɔ̃a zazã wu. Woɖe ŋkɔ sia tso Helagbe me ŋkɔ si woyɔna na aka me—wozãnɛ na akpa yibɔyibɔe siwo dona ɖe amesiwo xɔ dɔ sia le lãwo ŋu la ƒe abi ŋkume. Dɔlélea nutsilawo tsia dzi ɖe alesi anthrax ƒe dɔlékuiawo gbɔgbɔ to ŋɔtime gblẽa nu le ame ƒe dzitodzitowo ŋui la ŋu vevie. Dɔlékui sia te ŋu wua ame kabakaba ŋutɔ.

Nukatae wozãna dɔlékui sia vevie alea? Dɔlékui sia nyinyi be wòadzi ɖe edzi le bɔbɔe, ke hã enutsitsi sẽ ale gbegbe. Exɔa ŋkeke geɖe hafi dɔnɔa nate ŋu akpɔ eŋu dzesi gbãtɔ, si nyea wɔɖi kple ɖeɖiteameŋu sesẽ. Eyome kpe ƒoa amea eye akɔta tea eveve. Emegbe amea sea veve ŋutɔŋutɔ ne ele gbɔgbɔm, ekua ƒenyi, eye le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe wòkuna.

Ðe Nukliaʋawɔnuwo Le Ŋɔdzinuwɔlawo Sia?

Le Soviet Union ƒe anyidzedze vɔ megbe la, ame aɖewo vɔ̃ be woava fi nukliaʋawɔnuwo adzra na edzrala siwo se meɖe mɔ na o. Gake ame ŋkuta geɖewo ke ɖi le nusia ƒe dzɔdzɔ ŋu. Robert Kupperman si míeyɔ va yi gblɔ be “kpeɖodzi aɖeke meli si fia be ŋɔdzidonuwɔha aɖe di kpɔ be nukliaʋawɔnuwo nanɔ yewo si o.”

Nusi hã ŋu wotsi dzi ɖo wu fifiae nye aɖitu bubu si ɖi nukliabɔmb—nusiwo me keklẽŋusẽ si nye aɖi dona tsona. Aʋawɔnu sia mewóna o. Eye dzoxɔxɔ gblẽnu hã mele eme o. Ke boŋ etua keklẽ aɖe siwo ate ŋu awu ame ƒe lãmenugbagbeviwo. Ƒutomemi me lãmenugbagbeviwo koŋ ŋue wòte ŋu gblẽa nu le bɔbɔe wu. Ne lãmenugbagbeviawo ku la, egblẽa nu hamehame le ame ŋu, esi ƒe ɖewoe nye ʋukawo ƒe ʋuɖuɖu ɖe lãme na ame kple ŋutilã la ƒe dɔlélenutsiŋutete ƒe dɔmawɔmawɔ. Ŋɔdzinuwɔlawo ƒe aɖitikewo dome gblẽna ne ya si nye ɔksidzin ƒo ɖe wo eye fafa lé wo, gake nusiwo me aɖikeklẽŋusẽ le ya te ŋu yia edzi nɔa nu gblẽm le ame ŋu ƒe geɖewo.

Afɔku aɖe si dzɔ le Brazil ƒe anyiehe titina dugã si nye Goiânia me ɖe alesi keklẽŋusẽ sia ate ŋu agblẽ nui fia. Le ƒe 1987 me la, ŋutsu aɖe menya o eye wòʋu nugo si wotsɔ lead wɔe si wotsi ɖe ɖɔktawo ƒe dɔwɔnu siwo womegale zazãm o ŋu. Gakpo si nye cesium-137 nɔ nugoa me. Esi kpea ƒe keklẽ blɔtɔ do dzidzɔ nɛ ta la, etsɔe ɖafia exɔlɔ̃wo. Le kwasiɖa ɖeka dome la, ame eve gbãtɔ siwo kpɔe la dze dɔ eye wote kɔdzi dede. Wova do ame akpe nanewo kpɔ be woawo hã xɔ dɔ hã. Dua me tɔ siwo ade alafa ɖekae dze dɔ. Woxɔ ame 50 ɖe kɔdzi, eye ame ene to eme ku. Nusi wòagblẽ nenye ɖe woɖoe koŋ da cesium la ɖi la na dzika tso ƒo na amesiwo tsi tre ɖe ŋɔdzinuwɔlawo ƒe nuwɔna ŋu ŋutɔ.

Nusiwo Dome Ŋɔdzidodo Gblẽ

Amegbetɔ ƒe agbe dome gbegblẽ nublanuitɔe ye nye nusi dze gaglãa le ŋɔdzinuwɔwɔ ƒe nugbegblẽ me wu. Gake egagblẽ nu geɖe yi ŋgɔ wu. Ŋɔdzinuwɔwɔ ate ŋu agblẽ ŋutifafawɔwɔ dome alo wòahe ewɔwɔ ɖe megbe le xexeame ƒe afisiwo zitɔtɔwo le. Edɔa aʋa, naa wònɔa anyi didina, eye wòdoa tsɔtsɔe ŋutasesẽnuwɔwɔ siwo nu metsina o.

Ŋɔdzinuwɔwɔ ate ŋu agblẽ nu le dukɔwo ƒe ganyawo hã ŋu. Eva zu dzizizi na dziɖuɖuwo be woazã ɣeyiɣi kple nunɔamesi gbogbo aɖewo ɖe eŋu. Le kpɔɖeŋu me, le United States ɖeɖe la, ga si woka ɖe ŋɔdzinuwɔwɔ nutsitsi ŋu wu dɔlar biliɔn ewo le ƒe 2000 me.

Míenyae alo míenyae o, ŋɔdzinuwɔwɔ gblẽa nu le mí katã ŋu. Ekpɔa ŋusẽ ɖe alesi míezɔa mɔe kple tiatia siwo míewɔna ne míele mɔ zɔm la dzi. Ezia dukɔwo dzi be woazã adzɔga gbogbo aɖe ƒe akpa gãtɔ atsɔ akpɔ dɔwɔƒe veviwo, kple dukɔmeviwo ta.

Eyata nyabiabia si gakpɔtɔ li enye be, Ðe woate ŋu akpɔ ŋɔdzinuwɔwɔ ƒe kuxia gbɔ kuraa? Woadzro nya sia me le nyati si gbɔna me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 15]

Ŋɔdzinuwɔwɔ si Wowɔna le Nugbagbewo ƒe Ŋkɔ Me

Oregonian nyadzɔdzɔgbalẽ ka nya ta be ŋɔdzinuwɔwɔ ƒomevi yeye si gato fifiae nye “dzotɔtɔ kesinɔnuwo, bɔmbdada kple nuwo dome gbegblẽ yakatsyɔ si wowɔna be woatsɔ akpɔ nugbagbewo kple wo nɔƒewo ta.” Woyɔna nudomegbegblẽ nuwɔna sia be ŋɔdzinuwɔwɔ le nugbagbewo kple wo nɔƒewo ƒe ŋkɔ me. Nudzɔdzɔ sia ƒe gãtɔ siwo ade alafa ɖeka ya teti dzɔ le United States ƒe ɣetoɖoƒe nutome tso ƒe 1980 me, eye nusiwo dome wògblẽ katã ƒe home ade dɔlar miliɔn 42.8. Wowɔa hlɔ̃nu siawo be woatsɔ atɔ te atitsotso, modzakaɖeɖe le gbedzi, alo lãwo zazã be woawɔ woƒe fu ŋudɔ, na ɖuɖu, alo numekuku.

Wobu nuwɔna sia be enye ŋɔdzinuwɔwɔ elabena wowɔa ŋutasesẽnuwo le eme be woatsɔ atrɔ amewo kple habɔbɔwo ƒe ɖoɖowo. Nusiawo wɔlawo lɔ̃a nugbegblẽ le didiƒewo, zi geɖe enyea le zã me, eye menɔa bɔbɔe be woakpɔ wo ŋuti dzesi aɖeke o negbe woƒe nugblẽƒe koe wogblẽna ɖi. Vaseɖe nyitsɔ laa la, womegatsɔ ɖeke le hlɔ̃nu siwo wowɔna be woatsɔ akpɔ nutowo ta la me boo o, eye teƒe aɖewo koe wowɔa wo le. Gake woƒe nugblẽƒe va sɔ gbɔ ŋutɔ le ƒe siawo me. James N. Damitio, si nye United States Avedzikpɔdɔwo teƒenɔla vevi aɖe si nye nyagɔmekula tsã, gblɔ be: “Amesiawo ƒe taɖodzinue nye be yewoahe amewo ƒe susu ava tɔtrɔ si dim yewole dzi. Eye ne ewɔ na wo be amewo ƒe susu mele yewo dzi vam abe alesi yewodii ene o la, wowɔa nu bubu ɖesiaɖe ƒomevi faa.”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ŋɔdzinuwɔwɔ Kple Nyakakamɔnuwo

Terry Anderson, nyadzɔdzɔŋlɔla si ŋɔdzinuwɔlawo sika le Lebanon ƒe adre kloe la gblɔ be: “Alesi woawɔ ahe amewo ƒe susu ava wo ɖokui dzii alo woahe zitɔtɔ vɛ ye nye ŋɔdzinuwɔla siwo gblẽa nu le amesiwo medze agɔ aɖeke o ŋu ƒe taɖodzinu kple mɔnu si wozãna tsɔ doa woƒe dunyahehe taɖodzinuwo ɖe ŋgɔe. Dunyahelawo léle asika ɖi, dumemegãwo wuwu alo bɔmb vɔ̃ɖiwo dada ŋuti nyatakaka gbãtɔ nye ŋɔdzinuwɔlawo ƒe aʋadziɖuɖu gbãtɔ. Ne dukɔwo mede nu eme na wo o la, ke agbagba si wodze le ŋutasẽnuwɔna siawo katã me zua dzodzro.”

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]

1. Bɔmb si edala ɖoe koŋ be yeaku faa le edada me le Jerusalem, Israel

2. Gbeɖekadolawo ƒe ŋɔdzinuwɔlawo da bɔmb ɖe gadzraɖoƒe aɖe le Colombo, Sri Lanka

3. Bɔmb si woɣla ɖe ʋu me la wó le Nairobi, Kenya

4. Amesiwo bɔmb wu ƒe ƒomea, le Moscow, Russia

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Heidi Levine/Sipa Press

A. Lokuhapuarachchi/Sipa Press

AP Photo/Sayyid Azim

Izvestia/Sipa Press