Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amesiame ƒe Lãmesẽ me Nɔnɔ—Ate Ŋu Adze Edzia?

Amesiame ƒe Lãmesẽ me Nɔnɔ—Ate Ŋu Adze Edzia?

Amesiame ƒe Lãmesẽ me Nɔnɔ—Ate Ŋu Adze Edzia?

ÀDI be mia kple wò ƒomea mianɔ lãmesẽ mea? Àdii godoo. Gake togbɔ be ɣeaɖewoɣi koe mía dometɔ akpa gãtɔ dzea dɔ vie hã la, lãmegbegblẽ nye vevesese si ɖea fu na ame miliɔn geɖe le woƒe agbemeŋkekewo katã me.

Ke hã wole agbagba geɖe dzem be woaɖe dɔléle kple lãmegbegblẽ dzi akpɔtɔ. Bu Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ, si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔwɔha ŋu kpɔ. Le kpekpe aɖe si wowɔ le Lãmesẽ Habɔbɔa ƒe ŋkɔ me le ƒe 1978 me la, dukɔ 134 teƒenɔlawo kple Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe habɔbɔ 67 lɔ̃ ɖe edzi be menye dɔmadzemadze alo lãmemagblẽmagblẽname koe nye lãmesẽmenɔnɔ o. Wogblɔ be lãmesẽmenɔnɔ fia “alesi woanɔ nyuie le ŋutilã me, susu me, kple hadome le go sia go me.” Emegbe habɔbɔ teƒenɔlaawo wɔ afɔɖeɖe aɖe dzideƒotɔe esi woɖe gbeƒãe be “amegbetɔ ƒe gomenɔamesi vevi aɖe” ye lãmesẽ nye! Eyata Lãmesẽ Habɔbɔa ɖoe be yewoakpɔ egbɔ be “lãmesẽ me nɔnɔ va ɖo afisi dze la nasu amesiame si le xexeame katã.”

Taɖodzinu ma do dzidzɔ na ame loo eye wònyo kpem hã. Gake mɔkpɔkpɔ kae li be ava dzɔ alea gbaɖegbe? Le amegbetɔ ƒe agbagbadzedzewo katã dome la, ɖikeke mele eme o be atikewɔwɔe nye nusiwo dzi wokana ɖo kple nusiwo ŋu wodea bubui wu dometɔ ɖeka. Britain nyadzɔdzɔgbalẽ The European ka nya ta be “‘nukugbedada’: si nye atikekui ɖeka nada dɔ aɖe, si nye atikewɔwɔmɔnu si nɔ anyi tso gbaɖegbe ke” la va ma Ɣetoɖoƒedukɔwo me tɔwo. Ne míagblɔe bubui la, wole mɔ kpɔm be atike siwo atikewɔlawo awɔ na dɔ sia dɔ la nate ŋu atsi dɔa nu keŋkeŋ. Ðe gbedada le mɔ sia nu ate ŋu ana woaɖo taɖodzinu kɔkɔ sia gbɔ vavãa?