Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Mawu Ase Nye Gbedodoɖa?

Ðe Mawu Ase Nye Gbedodoɖa?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Ðe Mawu Ase Nye Gbedodoɖa?

“Medoa gbe ɖa tso nusianu ŋu elabena Yehowa nye xɔ̃nye, eye menya be akpe ɖe ŋunye ne nane le fu ɖem nam.”—Andrea.

ÐETUGBI si nye Andrea ka ɖe edzi be Mawu sea yeƒe gbedodoɖa. Gake menye sɔhɛwo katãe ka ɖe edzi nenema o. Wo dometɔ aɖewo se le wo ɖokui me be yewo kple Mawu dome didi akpa be yewoate ɖe eŋu. Womenya gɔ̃ hã ne Mawu tsɔ ɖe le eme na wo kaka wòahayi woƒe gbedodoɖa se ge o.

Nukae ʋua mɔ na gbedodoɖa? Kpuie ko la, enye xɔlɔ̃wɔwɔ vavã si anɔ mia kple Mawu dome. Hakpala la do gbe ɖa be: “Amesiwo dze si wò ŋkɔ la, ɖoa ŋu ɖe ŋuwò.” (Psalmo 9:11) Ke wò ya ɖe? Ðe nènya Mawu nyuie ale gbegbe be nàɖo ŋu ɖe eŋu le gbedodoɖa mea? Hafi nàxlẽ nua ayi ŋgɔe la, taflatse tee kpɔ nàɖo biabia siwo le aɖaka si ƒe tanyae nye “Aleke Gbegbee Nènya Mawui?” la me ŋu. Wo dometɔ neni ŋue nàte ŋu aɖo?

ALEKE GBEGBEE NÈNYA MAWUI? Kpɔ ŋuɖoɖoawo ɖa le axa 14

1. Mawu ƒe ŋkɔ ɖe, eye egɔme ɖe?

2. Nɔnɔme vevi ene kawoe Biblia gblɔ be wole Mawu si?

3. Lɔlɔ̃ si Mawu ɖe fia ƒe gãtɔ enye ka?

4. Aleke míawɔ xɔlɔ̃wɔwɔ nanɔ mía kple Mawu dome?

5. Nɔnɔme nyui kae le be wòanɔ mía si ne míele gbe dom ɖa?

Ðe nète ŋu ɖo biabiaawo dometɔ aɖewo ya teti ŋu fifia, hafi ava xlẽ nyatia ƒe akpa mamlɛa gɔ̃ hã? Ekema ènya nu geɖe tso Mawu ŋu wu ame geɖe. Ðewohĩ anye be wò nyaŋuɖoɖowo fia be ahiã be nàgasrɔ̃ nu geɖe tso eŋu, be nàdze sii nyuie wu. (Yohanes 17:3) Ne nenemae la, ke de ŋugblẽ le nu ʋɛ aɖewo siwo Biblia fia mí tso ‘Gbedodoɖasela’ la ŋu kpɔ.—Psalmo 65:3.

Ame Ŋutɔŋutɔe Mawu Nye

Gbã la, Biblia kpe ɖe mía ŋu míese egɔme be Mawu menye ŋusẽ aɖe si si amenyenye mele o. Enye ame si si ŋkɔ le eŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:19) Le Hebrigbe me la ŋkɔa gɔmee nye “Enana Wòvaa Eme.” Ete ŋu trɔa eɖokui wɔa nusianu si hiã be eƒe tameɖoɖowo nava eme. Ŋusẽ dzro aɖe si si amenyenye mele o mate ŋu awɔ nusia o! Eyata ne èle gbe dom ɖa la, àte ŋu aka ɖe edzi be yemele nu ƒom na ŋusẽ dzro aɖe alo be yele nu ƒom ɖe ya me o. Amee nèle nu ƒom na, amesi ate ŋu aɖo to wò ahaɖo wò gbedodoɖawo ŋu.—Efesotɔwo 3:20.

Esia na ɖetugbi si nye Diana gblɔ be: “Menya be afisiafi si mele la, Yehowa aɖo tom.” Hafi kakaɖedzi sia nanɔ asiwò la, ele be Mawu nanye ame ŋutɔŋutɔ na wò! Biblia gblɔ be: “Amesi ke tena va Mawu gbɔ la, naxɔ ase be, Mawu li.”—Hebritɔwo 11:6.

Nunya Kple Ŋusẽ Dzɔtsoƒe

Mawu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu vavã elabena eƒe ŋusẽ wɔ nuku. Seɖoƒe meli na eƒe ŋusẽ o, abe alesi wòdze le xexeame si míekpɔna ƒe lolome kple eƒe nɔnɔme nyadri ŋu ene. Biblia gblɔ be Yehowa nya ɣletivi ɖesiaɖe ƒe ŋkɔ—togbɔ be wo dometɔ biliɔn siwo manya axlẽ o li hã! Gawu la, eya gbɔe ŋusẽ siwo le ɣletivi mawo me tso. (Yesaya 40:25, 26) Ðe mewɔ nuku oa? Eye togbɔ be nyateƒenya siawo wɔ nuku hã la, Biblia gblɔ be “esiawo nye eƒe mɔwo to ko”!—Hiob 26:14.

Bu Yehowa ƒe nunya si seɖoƒe meli na o hã ŋu kpɔ. Biblia gblɔ be eƒe susuwo me “goglo ŋutɔ.” (Psalmo 92:6) Eyae wɔ ameƒomea eyata enya mí wu alesi míenya mía ɖokuii. (Psalmo 100:3) Esi wòli “tso mavɔ me yi mavɔ me” ta la, nuteƒekpɔkpɔ si seɖoƒe meli na o ye le esi. (Psalmo 90:1, 2) Naneke gɔmesese mesesẽ nɛ o.—Yesaya 40:13, 14.

Aleke Yehowa zãa eƒe ŋusẽ kple nunya gbogbo lae? Kronika II, 16:9 (NW), gblɔ be: “Yehowa ya la, eƒe ŋku le tsatsam le anyigba blibo la dzi be yeaɖe yeƒe ŋusẽ afia ɖe amesiwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo la nu.” Kuxi aɖeke meli si ava dziwò si gbɔ Mawu mate ŋu akpɔ na wò alo wòado kpo kpekpeɖeŋunana be nàɖu edzi o. Ðekakpui Kayla gblɔ be: “Esi mía kple nye ƒomea me tɔwo míenɔ xaxa aɖe me tom nyitsɔ laa la, medo gbe ɖa na Yehowa, eye mese le ɖokuinye me be ekpe ɖe mía ŋu míeto nɔnɔmewo, kuxiwo, kple seselelãme siwo ne menye ɖe wòkpe ɖe mía ŋu o la wo tsɔtsɔ manɔ bɔbɔe o me.” Ne èƒo nu kple Mawu la, ke nunya dzɔtsoƒe gbɔe ma nèyi. Naneke meli nàwɔ wu esia o!

Dzɔdzɔenyenye Kple Lɔlɔ̃ ƒe Mawu

Gake aleke nàwɔ anya be Mawu di be yeakpe ɖe ŋuwò? Elabena Yehowa meɖoe be woanya ye to yeƒe ŋusẽ triakɔ alo nunya deto alo dzɔdzɔenyenye matrɔmatrɔ dzro ko dzi o. Ke nɔnɔme si koŋ dzi wotona nyaa Yehowae nye lɔlɔ̃. Yohanes I, 4:8 gblɔ be: “Mawu enye lɔlɔ̃.” Eye lɔlɔ̃ gã ma tae míedoa gbe ɖa kple ŋusẽ. Lɔlɔ̃ si wòɖe fia ƒe gãtɔ kekeakee nye Via si wòtsɔ na wònye tafevɔsa bene míate ŋu anɔ agbe mavɔ.—Yohanes 3:16; Yohanes I, 4:9, 10.

Esi Mawu nye lɔlɔ̃ ta la, mele be nàvɔ̃ be atrɔ megbe ade ye alo awɔ nu madzemadzee ɖe ŋuwò o. Mose V, 32:4 gblɔ be: “Eƒe mɔwo katã dzɔ.” Lɔlɔ̃ si le Mawu si na wò ana nàka ɖe edzi be aɖo to ye. Esia na míetsɔa kakaɖedzi gblɔa míaƒe dzimenya ɣaɣlawo kple seselelãmewo nɛ.—Filipitɔwo 4:6, 7.

Xɔlɔ̃dzedze Mawu

Le nyateƒe me la, Yehowa le mía kpem be míaƒo nu na ye. Medi be yeanye amedzro na mí o. Ke boŋ Yehowa kpe amewo le amegbetɔ ƒe ŋutinya katã me be woava nye ye xɔlɔ̃wo. Amesiwo kple Mawu wonye xɔlɔ̃wo eye woƒe nu dzea eŋu la nye ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple tsitsiawo. Wo dometɔ aɖewoe nye Abraham, Fia Dawid, kple Maria, Yesu dada.—Yesaya 41:8; Luka 1:26-38; Dɔwɔwɔwo 13:22.

Wò hã àte ŋu anye Yehowa xɔlɔ̃wo dometɔ ɖeka. Gake, xɔlɔ̃wɔwɔ sia mefia be nàbu Mawu be enye gbɔgbɔ aɖe ƒomevi si nàyɔ ne nu hiã wò alo èɖo xaxa me ko hafi o. Mele be míaƒe gbedodoɖa naku ɖe míaƒe nudidiwo ɖeɖeko ŋu o. Ne míedi be Mawu nanye mía xɔlɔ̃ la, ele be míatsɔ ɖe le eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ me—menye mía tɔ ɖeɖeko me o—eye ele na mí be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋutɔŋutɔ. (Mateo 7:21) Eyatae Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woaƒo nu tso nusiwo le vevie na Mawu ŋu le woƒe gbedodoɖa me. Egblɔ be: “Mido gbe ɖa ale: Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:9, 10) Ele be kafukafu kple akpedada na Mawu nasɔ gbɔ le míaƒe gbedodoɖawo me!—Psalmo 56:13; 150:6.

Ke hã mele be míabui gbeɖe be míaƒe nuhiahiãwo alo nusiwo ŋu míetsi dzi ɖo le sue akpa alo meɖi naneke be míado woƒe gbe ɖa o. Steve gblɔ be: “Togbɔ be medzea agbagba be magblɔ nye dzimenyawo nɛ faa hã la, mesena le ɖokuinye me ɣeaɖewoɣi be mele be matsɔ xexemenyawo aɖe fu na Mawu o.” Ɣesiaɣi si nàse le ɖokuiwò me nenema la, dze agbagba be nàɖo ŋku nusi Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo dzi be: “Alo womedzraa atsutsre atɔ̃ xɔa hotakpo oa? Eye womeŋlɔ wo dometɔ aɖeke be le Mawu ƒe ŋku me o. . . . Migavɔ o; mia tɔ vena wua atsutsre geɖewo tɔ.” (Luka 12:6, 7) Ðe nya sia mede dzi ƒo ŋutɔ oa?

Àte ŋu akpɔe azɔ be zi geɖe alesi nèle nu nyam tso Yehowa ŋue la, zi nenemae wòaʋã wò be nàte ɖe eŋu le gbedodoɖa me eye zi nenemae nàka ɖe edzi be Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò eye awɔe hã. Eyata susu ƒe nɔnɔme kae anɔ asiwò ne èle gbe dom ɖa na Mawu? Bubu, ɖokuibɔbɔ, kple ɖokuitɔmadimadie wòle be nàɖe afia. Ðe nèbu be anyigba dzi dziɖuɖumegã aɖe aɖo to wò ne ètsɔ dada kple amemabumabu bia nuia? Ekema megawɔ nuku na wò be Yehowa hã kpɔa mɔ be nàde bubu ye kple yeƒe dzidzenu kɔkɔwo ŋu hafi yeaɖo to wò gbedodoɖa o.—Lododowo 15:29.

Sɔhɛ mawuvɔ̃la akpe geɖe srɔ̃ alesi woaɖe woƒe dzimenyawo agblɔ na Mawu. (Psalmo 62:9) Brett gblɔ be: “Ne Yehowa se nye gbedodoɖawo la, edea dzi ƒo nam be egakpɔtɔ nye xɔ̃nye.” Wò hã ɖe? Aleke nàwɔ ase vivi le xɔlɔ̃wɔwɔ ma ƒomevi me kple Mawu? Sɔhɛ Kristotɔ eve gblɔ nya siwo gbɔna be:

Rachel: “Mese le ɖokuinye me be ele be masrɔ̃ eƒe Nya wòayi to wu, bene mía kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli, eye mele dzodzroa tum ɖo na nusɔsrɔ̃ ma ƒomevi wɔwɔ”—Petro I, 2:2.

Jenny: “Mesena le ɖokuinye me be zi geɖe alesi nèƒoa ɖokuiwò ɖe Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa mee la, zi nenemae mia kplii dome nɔa kplikplikpli.”—Yakobo 4:8.

Èbu vi siwo gbegbe gbedodoɖa te ŋu ɖena ŋu kpɔa? Kristotɔ sɔhɛ aɖe gblɔ be: “Mase le ɖokuinye me be mía kple Mawu dome le kplikplikpli ne aƒo nu nam alo aɖo gbedasi aɖe ɖem.” Esi Yehowa meɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu míesena ne míedo gbe ɖa o ta la, aleke gbedodoɖa kpena ɖe mía ŋu ŋutɔŋutɔe? Míadzro nya sia me le tata si agava me.

[Aɖaka si le axa 14]

Biabia siwo le axa 12 ƒe ŋuɖoɖowo

1. Yehowa. Egɔmee nye “Enana Wòvaa Eme.”

2. Lɔlɔ̃, ŋusẽ, dzɔdzɔenyenye, kple nunya.

3. Edɔ eƒe Tenuvi, Yesu, wòva ku ɖe mía ta.

4. Míagatsɔ ɖe le míaƒe nuhiahiã ɖeɖeko me o ke boŋ míatsɔ ɖe le Mawu ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ me.

5. Ele be míabɔbɔ mía ɖokui, aɖe bubu afia, eye míaganye ɖokuitɔdilawo o.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 13]

Biblia sɔsrɔ̃ kple nusɔsrɔ̃ tso nuwɔwɔwo ŋu akpe ɖe ŋuwò be nànya Mawu nyuie wu