Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wògblẽ be Woafa Konyia?

Ðe Wògblẽ be Woafa Konyia?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Wògblẽ be Woafa Konyia?

“KE, NƆVIWO, MÍELE DIDIM BENA, MIANƆ NUMANYAMANYA ME LE AMESIWO DƆ ALƆ̃ LA ŊUTI O, BENE MIAGAXA NU, ABE AME BUBU, SIWO MƆKPƆKPƆ MELI NA O LA ENE O.”—TESALONIKATƆWO I, 4:13.

MƆKPƆKPƆ le Biblia me na amesiwo ku. Amesiwo Yesu fɔ ɖe tsitre, kpakple eƒe nufiafiawo ɖee fia be ɣeyiɣi aɖe gbɔna si me woagbɔ agbe ame kukuwo. (Mateo 22:23-33; Marko 5:35, 36, 41, 42; Luka 7:12-16) Aleke wòle be mɔkpɔkpɔ sia nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii? Apostolo Paulo ƒe nya siwo dze le etame ɖee fia be mɔkpɔkpɔ sia ate ŋu afa akɔ na ame ne lɔlɔ̃tɔ aɖe ku.

Ne wò lɔlɔ̃tɔ aɖe ku kpɔ la, ɖikeke mele eme o be èse veve si nublanuinya sia hena vɛ. Theresa, amesi srɔ̃ si xɔ ƒe 42 ku esime woko dzi nɛ vɔ megbe kpuie la gblɔ be: “Eɖi ɖem ŋutɔ! Gbã la, vɔvɔ̃ ɖom ale gbegbe. Emegbe meva nɔ veve gã aɖe si nu nɔ sesẽm ɖe edzi la sem esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim. Mefaa avi vevie.” Ðe nuwɔwɔ le mɔ mawo nu fia be mèka ɖe Yehowa ƒe ŋugbe si wòdo be yeafɔ ame kukuwo ɖe tsitre dzi se oa? Ðe Paulo ƒe nyawo fia be menyo be woafa konyi oa?

Konyifafa ƒe Kpɔɖeŋu Siwo Le Biblia Me

Míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo ne míedzro konyifafa ƒe kpɔɖeŋu siwo le Biblia me la me. Le nuŋlɔɖiawo dometɔ geɖe me la, wofa konyi ɣeyiɣi aɖe sinu le ƒometɔ kplikplikpli ƒe ku megbe. (Mose I, 27:41; 50:7-10; Psalmo 35:14) Zi geɖe la, seselelãme siwo wotsɔ fa konyi siawoe nu sẽ ale gbegbe.

Bu ŋutsu mawuvɔ̃la siwo fa woƒe lɔlɔ̃tɔwo ŋu kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, Abraham xɔ Mawu dzi se vevie be ate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre. (Hebritɔwo 11:19) Togbɔ be kakaɖedzi sẽŋu sia nɔ esi hã la, ‘efa konyi hefa Sara.’ (Mose I, 23:1, 2) Esi Yakob viŋutsuwo da alakpa gblɔnɛ be via Yosef si wòlɔ̃na vevie ku la, Yakob ‘dze eƒe awu hefae ʋuu.’ (Mose I, 37:34, 35) Le ƒe geɖe megbe kura gɔ̃ hã la, viaŋutsu si gbɔ melɔ̃a nu le o ƒe ku gatena ɖe Yakob dzi kokoko! (Mose I, 42:36-38) Fia Dawid hã xa nu vevie le gaglãgbe le viaŋutsu eve siwo nye Amnon kple Absalom ƒe ku ta. Togbɔ be wo ame evea siaa he fukpekpe va Dawid kple eƒe ƒomea dzi hã la, wogakpɔtɔ nye viawo, ale be woƒe ku na wòxa nu vevie ŋutɔ.Samuel II, 13:28-.39; 19:1.

Ɣeaɖewoɣi la, Israel dukɔa katã faa konyi abe alesi wòdzɔ esi Mose ku ene. Mose V, 34:8 gblɔ na mí be Israel-viwo fa nɛ ŋkeke 30 sɔŋ.

Mlɔeba la, Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋu hã li. Exɔlɔ̃ vevi Lazaro ku. Eye esi Yesu kpɔ alesi Lazaro nɔvinyɔnu Marta kple Maria, kple wo xɔlɔ̃wo nɔ avi fam la, ‘eƒe gbɔgbɔ xa nu, eye eƒe dzi ʋuʋu.’ Togbɔ be Yesu nyae be yele agbe gbɔ ge ye xɔlɔ̃a kpuie hã la, ‘efa avi.’ Yesu lɔ̃ exɔlɔ̃ Marta kple Maria. Eyata ete ɖe edzi vevie esi wòkpɔ alesi wonɔ nu xam le wo nɔviŋutsu ƒe kua ta.Yohanes 11:33-36.

Abraham, Yakob, Dawid, kple Yesu siaa xɔ Yehowa kple eƒe ŋugbedodowo dzi se vevie, ke hã woxa nu. Ðe woƒe konyifafa ɖee fia be wogbɔdzɔ le gbɔgbɔ mea? Ðe woƒe nuxaxa alea fia be womexɔ tsitretsitsia dzi se oa? Kura o! Konyifafa nye nuwɔna si sɔ ne lɔlɔ̃tɔ ku na ame.

Nusita Míefaa Konyi

Mawu meɖoe gbeɖe be ame naku o. Gɔmedzetameɖoɖo si nɔ Yehowa si wòɖe gblɔ na Adam kple Xawa enye be woatrɔ anyigba katã wòazu paradiso dzeani si me ƒome kpɔdzidzɔ si me lɔlɔ̃ le la nanɔ. Ne srɔ̃tɔ gbãtɔ siawo ɖoe koŋ gbe toɖoɖo Yehowa ko hafi woaku. (Mose I, 1:28; 2:17) Nublanuitɔe la, Adam kple Xawa gbe toɖoɖo, eye woƒe tomaɖomaɖoa na ‘ku va amewo katã dzi.’ (Romatɔwo 5:12; 6:23) Eyata ku nye futɔ vɔ̃ɖi si womeɖo be wòanɔ anyi hafi o.Korintotɔwo I, 15:26.

Ekema esɔ be lɔlɔ̃tɔ ƒe ku kpata nye nuxaxa sesẽ na amesiwo amea ku na. Ena wotsia akogo ŋutɔ le agbe me. Theresa si nye ahosi si míeyɔ do ŋgɔ gblɔ le srɔ̃a si ku ŋu be: “Meka ɖe edzi be magakpɔe le tsitretsitsia me, gake mesusunɛ fifia ŋutɔ. Ema koŋue veam ale gbegbe.” Dzila ƒe ku ate ŋu aɖo ŋku mía ŋutɔwo ƒe ku dzi na mí. Gake sɔhɛ ƒe ku vena wu, vevietɔ le alesi menɔ agbe yi ŋgɔe o ta.Yesaya 38:10.

Ẽ, ku menye dzɔdzɔmenu o. Ele be woakpɔ mɔ na veve si wòdona na ame, eye Yehowa mebua konyifafa be enye tsitretsitsi dzi maxɔse o. Abe alesi míekpɔe le Abraham, Yakob, Dawid, Israel-dukɔa, kple Yesu ƒe kpɔɖeŋuawo me ene la, dzi ƒe vevesese si míaɖe fia gaglãa mefia be míegbɔdzɔ le gbɔgbɔ me o. *

Ke hã togbɔ be mí Kristotɔwo míexaa nu ne ame ku na mí hã la, míexaa nu “abe ame bubu, siwo mɔkpɔkpɔ meli na o la ene o.” (Tesalonikatɔwo I, 4:13) Míexaa nu wògbɔa eme o, elabena míenya nɔnɔme si me ame kukuwo le. Míenya be womele veve sem alo le fu kpem o, ke boŋ wòle nɔnɔme si le abe alɔ̃dɔdɔ yi eme ʋĩ ene me. (Nyagblɔla 9:5; Marko 5:39; Yohanes 11:11-14) Kakaɖedzi blibo le mía si hã be Yesu si “nye tsitretsitsi la kple agbe la,” awɔ eƒe ŋugbedodo dzi agbɔ agbe ‘amesiwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me.’Yohanes 5:28, 29; 11:24, 25.

Eyata ne èle konyi fam le ɣeyiɣi sia me la, enyanya be Yehowa se wò vevesesea gɔme nefa akɔ na wò. Sidzedze sia kple tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ si le asiwò nafa wò nuxaxa nu ahakpe ɖe ŋuwò nàkpe akɔ kple wò lɔlɔ̃tɔa ƒe ku.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 15 Ne èhiã alesi woakpe akɔ kple nuxaxa ƒe kpekpeɖeŋu la, ke kpɔ agbalẽ gbadza si nye Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku, si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe axa 14-19.