Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Xexeame Tsiwo Le Vɔvɔma?

Ðe Xexeame Tsiwo Le Vɔvɔma?

Ðe Xexeame Tsiwo Le Vɔvɔma?

“Tsi nyui, si womeƒo ɖii o si anɔ anyi woakpɔ le agbɔsɔsɔ me ɖaa nye nuhiahiã vevi aɖe hena amegbetɔƒomea katã ƒe agbenɔnɔ, woƒe nyonyo kpakple woƒe hadome kple ganyawo ƒe ŋgɔyiyi. Gake ɖeko míenɔa nu wɔm abe ɖe tsi nyui li woakpɔ ɣesiaɣi ene. Meli nenema o.”—KOFI ANNAN, DUKƆ ƑOƒUAWO ƑE DƆDZIKPƆLAGÃ.

LE ƑE akpe ɖeka siwo va yi ƒe Yawoɖa ŋdɔ ɖesiaɖe la, ʋɔnudrɔ̃ƒe vevi aɖe ɖia ʋɔnu le Spaintɔwo ƒe dugã si nye Valencia la me. Eƒe taɖodzinue nye be wòakpɔ nyaʋiʋli siwo ku ɖe tsinyawo ŋu gbɔ.

Agble siwo wodea tsii ŋue agbledela siwo le Valencia bali wɔnua me nɔa agbe ɖo, eye tsidede agble xɔa tsi geɖe ŋutɔ—esia naa kuxi nɔa tsi ŋu le Spain ƒe akpa sia ɣesiaɣi. Agbledelaawo te ŋu tsɔa woƒe tsinyawo yia ʋɔnudrɔ̃ƒe sia si kpɔa tsinyawo gbɔ ɣesiaɣi si wokpɔ be wotafa yewo. Menye nu yeyee dzrewɔwɔ ɖe tsi ta nye o, gake ƒã hafi wokpɔa wo gbɔ nyuie abe alesi wokpɔnɛ le Valencia ene.

Anɔ ƒe 4,000 kloe enye esi va yi la, dzre gã aɖe dzɔ ɖe alẽkplɔlawo dome le amesi adu vudo aɖe me tsi ta le Beer-Seba, le Israel. (Mose I, 21:25) Eye tsikuxiwo le Titina Ɣedzeƒe va do gã ɖe edzi tso ɣemaɣi. Tatɔ eve teti le nuto ma me gblɔ be tsinya koe nye nusi ana yewoaho aʋa ɖe dukɔ bubu si do liƒo kpli yewo la ŋu.

Le dukɔ siwo me tsi medzana le tututu o le xexeame godoo la, tsi nye nusi ŋu wotsia dzi ɖo vevie ɣesiaɣi wu. Nusitae la me kɔ ƒã: Tsi hiã vevie hena ame ƒe agbenɔnɔ. Abe alesi Kofi Annan gblɔe ene la, “tsi nyui nye nusi le vevie: míate ŋu anɔ agbe eya manɔmee o. Naneke meli woatsɔ aɖɔ lii o: Womate ŋu atsɔ nu bubu aɖeke aɖo eteƒe o. Evɔ nu geɖewo te ŋu gblẽa nu le tsi ŋu ŋutɔ: amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo gblẽa nu le tsi si nyo na zazã ƒe agbɔsɔsɔme si li kple eƒe nyonyome ŋu ale gbegbe.”

Míaƒe ɣletinyigbaa ƒe tsi si woate ŋu azã ƒe agbɔsɔsɔme kple nyonyome siaa ɖo afɔku me egbea wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe si do ŋgɔ. Migana alesi wòdze abe ɖe tsi bɔ ɖe xexeame ƒe akpa aɖewo naflu mí o.

Tsikuɖiɖi

Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔdzikpɔlagã ƒe Kpeɖeŋutɔ Elizabeth Dowdeswell gblɔ be: “Nane si me mekɔna kura le amegbetɔ ŋu o ye nye alesi ne nane va le vevem ko hafi míekpɔa nua ƒe asixɔxɔ. Ne vudo me tsi mie ko hafi míedea asixɔxɔ eme tsi ŋu. Eye menye afisiwo tsiku ɖina le koe vudoawo le miemiem le o, ke boŋ wole miemiem le teƒe siwo tsiku meɖina le o tsã hã.”

Amesiwo kpea tsi fu gbesiagbe se kuxi sia me nyuie. Ele be Asokan si nye ɔfisdɔwɔla le Madras, India, nafɔ gaƒoƒo eve do ŋgɔ na fɔŋli. Etsɔa tɔkpo atɔ̃ ɖe asi zɔa aɖabaƒoƒo atɔ̃ yia dua ƒe pɔmpi to. Esi wònye tso ŋdi ga 4:00 kple ga 6:00 dome koe woʋua tsia ta la, ele be wòaɖo fli kaba. Tsi si le tɔkpo mawo me wòtsɔ yi aƒeme ŋudɔe wòawɔ ŋkeke bliboa katã. Nu mede etɔ Indiatɔ bubu geɖe—kple ame biliɔn ɖeka bubu le xexeame godoo—dzi nenema o. Pɔmpi, tɔsisi, alo vudo aɖeke mete ɖe woƒe aƒewo ŋu o.

Abdullah si nye ŋutsuvi aɖe si le Sahel nutome le Afrika nye amesiawo dometɔ ɖeka. Woŋlɔ ɖe ʋuƒo si dzi woŋlɔ duvi si me wòle ƒe ŋkɔ ɖo be enye afisi woate ŋu akpɔ tsi le le woƒe nutoa me afisi tsiku ɖina le; gake tsi vɔ le afima ɣeyiɣi didi aɖee nye esia, eye màkpɔ ati aɖeke gɔ̃ hã le afima o. Enye Abdullah ƒe dɔ be wòanɔ tsi dum na eƒe ƒomea, tso vudo aɖe si didi kilometa ɖeka tso dua gbɔ me.

Le xexeame ƒe akpa aɖewo la, tsi nyui si womeƒo ɖii o ƒe agbɔsɔsɔme si amewo hiã la le dzi dem wu esi li woate ŋu akpɔ. Nusitae la me kɔ: Ameƒomea ƒe akpa gãtɔ le kuɖiɖinyigbawo dzi alo teƒe siwo tsi medzana le nyuie o, afisiwo tsiku ɖina le ɣeyiɣi didi aɖee nye esia. (Kpɔ anyigba ƒe nɔnɔmetata si le axa 19.) Stockholm Anyigba Kple Eƒe Nutome Habɔbɔ gblɔ be xexeame nɔlawo ƒe akpa etɔ̃lia le teƒe siwo ku meɖina le boo o kple afisiwo wòɖina le ŋutɔ xoxo. Eye tsinyawo ƒe sesẽ dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve wu alesi amewo dzi ɖe edzii.

Gake tsi agbɔsɔsɔme si li ya gakpɔtɔ le nenema. Vudo siwo goglo kple ta siwo woaɖe ate ŋu ana gbɔdzɔe vaseɖe afi aɖe ya, gake tsi agbɔsɔsɔme si dzana kple esi xana ɖe tome ya gakpɔtɔ le nenema. Le esia ta xexeame ƒe nɔnɔme ŋuti nusrɔ̃lawo bu akɔnta be le ƒe 25 domee la, tsi agbɔsɔsɔme si anɔ anyi na amesiame dzi ate ŋu aɖe akpɔtɔ va ɖo eƒe afã.

Nusi Wògblẽna le Lãmesẽ Kple Nuɖuɖunyawo Ŋu

Nukae tsiku ƒe ɖiɖi gblẽna le amewo ŋu? Gbã la, egblẽa nu le woƒe lãmesẽ ŋu. Mefia be woaku le tsikɔwuame ta o; ke boŋ tsi manyomanyo tsɔtsɔ ɖa nui alo enono ate ŋu ana woadze dɔ. Elizabeth Dowdeswell ɖe nu me be “tsi ƒoɖi zazã gbɔe dɔ siwo katã dukɔ madeŋgɔwo me tɔwo dzena ƒe alafa memama si ade 80 kple afima tɔ siwo wu ɖeka le etɔ̃ ɖesiaɖe me siwo kuna la ƒe ku tsona.” Zi geɖe le dukɔ madeŋgɔ siwo me tsi medzana le tututu o me la, amegbetɔwo alo lãwo nɔƒe ƒe gbeɖuɖɔwo, lãwutikewo, anyigbanyronuwo, kple aɖitike siwo tsoa mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒewo la ƒoa ɖi dukɔa me tsiwo. Wɔna aɖeke menɔa ƒome dahewo si tsɔ wu be woazã tsi ƒoɖi siawo o.

Abe alesi míaƒe ŋutilã hiã tsi be wòate ŋu aɖe nu gbegblẽwo le lãme na mí ene la, nenema ke tsi geɖe hiã be woatsɔ akpɔ dzadzɛnyenyenyawo gbɔe—gake tsi agbɔsɔsɔ ma meli na ameƒomea ƒe akpa gã aɖe o. Amesiwo mete ŋu kpɔa nusiwo hiã hena ame ƒe dzadzɛnɔnɔ o dzi ɖe edzi tso biliɔn 2.6 le ƒe 1990 va ɖo biliɔn 2.9 le ƒe 1997 me. Xexlẽme sia sɔ kple amewo ƒe agbɔsɔsɔ si le anyigba katã dzi ƒe afã kloe. Evɔ agbe kple ku ƒe nyae dzadzɛnyenye nye. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔmemegã eve, Carol Bellamy kple Nitin Desai, wɔ ɖeka xlɔ̃ nu be: “Ðeviwo ƒe tsitsi kple woƒe lãmesẽ ƒe akpa sia akpa kloe ɖoa afɔku me ne tsi nyui meli woano alo azã o.”

Tsi hiã vevie ŋutɔ hafi woate ŋu ade agble. Nyateƒee, tsidzadzae dea tsi nuku geɖewo, gake le ɣeyiɣi siawo me la, agble siwo wodea tsii lae va nye nuɖuɖutsoƒe na xexeame tɔ siwo le agbɔ sɔm ɖe edzi kabakaba la. Egbea agble siwo le xexeame katã ƒe alafa memama 36 nye esiwo wodea tsii. Gake teƒe siwo wodea agble siwo wodea tsii le xexeame katã la dzi ɖe edzi va ɖo woƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ le ƒe 20 siwo va yi me, eye edzi le ɖeɖem kpɔtɔ tso ɣemaɣi va ɖo fifia.

Ne tsi dona nyuie le pɔmpi siwo le míaƒe aƒewo me me hekplɔa míaƒe nugodo la, asesẽ na mí be míase eme be tsi si hiã le vɔvɔm le xexeame. Ke hã la, ele be míaɖo ŋku edzi be amesiwo le xexeame katã ƒe alafa memama 20 koe le teƒe nyui siawo. Le Afrika la, nyɔnu geɖe tsɔa gaƒoƒo ade sɔŋ dua tsii—eye zi geɖe la, enyea tsi ƒoɖi. Nyɔnu siawo sea nɔnɔme madeamedzi sia ƒe nyateƒenyenye gɔme nyuie: Tsi nyui le vevem, eye vevem ɖe edzi ko wògale.

Ðe mɔ̃ɖaŋununya ate ŋu akpɔ kuxi sia gbɔa? Ðe woate ŋu azã tsidzɔƒewo nyuie wua? Afikae xexeame tsiwo katã yi? Nyati siwo kplɔe ɖo adze agbagba aɖo nyabiabia siawo ŋu.

[Box/Diagram on page 20]

AFISI TSI NYUIA XA ÐO

Tsi si le anyigba dzi ƒe alafa memama 97 lɔƒo le atsiaƒu gã gbana la me eye dze sɔ gbɔ ɖe eme ale gbegbe be menyo na nono, agbledede, kple mɔ̃ɖaŋunuwo wɔwɔ o.

Xexeame katã ƒe tsi alafa memama 3 pɛ koe nye tsi nyui. Ke hã eƒe akpa gãtɔ kpɔkpɔ mele bɔbɔe o, abe alesi kpɔɖeŋu siwo gbɔna ɖee fia ene.

[Diagram]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Tsikpe kple sno siwo menyina bɔbɔe o 68.7%

Tometsi 30.1%

Tometsikpe si menyina bɔbɔe o 0.9%

Tawo, tɔsisiwo, kple tɔbawo 0.3%

[Aɖaka si le axa 21]

TSIKUXIAWO

ÐIƑOƑO Le Poland la, tsi alafa memama 5 koe nyo na nono, eye alafa memama 75 ƒo ɖi ale gbegbe be menyo na zazã le mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒewo gɔ̃ hã o.

DUGÃ ME TSIWO Le Mexico City si nye xexeame ƒe dugã evelia ƒe tometsi, si nye afisi du ma me tɔwo kpɔa woƒe tsi alafa memama 80 tsonɛ la yi edzi le miemiem madzudzɔmadzudzɔe. Tsi si woyɔna tso tome sɔ gbɔ alafa memama 50 wu tsi si dzana alo yina tome ɖe eteƒe. Beijing, China ƒe fiadu hã le go dom kuxi sia tɔgbe. Afisi wokena ɖe tsi ŋu le le tome gayia to ɖe edzi meta 1 le ƒe ɖeka me, eye vudo ɖeka le etɔ̃ ɖesiaɖe me tsi le miemiem.

AGBLE SIWO WODEA TSII Wozã tometsitsoƒe gã si le Ogallala si le United States me tsi ale gbegbe be womegadea agble ɖe agbledenyigba siwo le Texas ƒe dzieheɣetoɖoƒe ƒe akpa etɔ̃lia dzi o le tsi ƒe anyi manɔmanɔ ta. China kple India siwo nye dukɔ evelia kple etɔ̃lia siwo dea nuɖuɖugble gãwo hã le go dom kuxi sia tɔgbe ke. Tsidede agble le India ƒe anyiehenuto si nye Tamil Nadu me na be tometsi mie heyi to meta 23 le ƒe ewo siwo va yi me.

TƆSISIWO ƑE MIEMIE Le dzomeŋɔli la, Ganges-tɔsisi gã la megate ŋu dea nu atsiaƒu me o, elabena wotrɔa mɔ na eme tsiwo yia teƒe bubuwoe le mɔ dzi. Nusia tɔgbe ke dzɔna ɖe Colorado-tɔsisi si le Dziehe Amerika hã dzi.

[Anyigbatata si le axa 19]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

AFISIWO TSINYAWO SESẼNA LE

Tsikuɖiƒewo