Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Afikae Tsiawo Katã Yi?

Afikae Tsiawo Katã Yi?

Afikae Tsiawo Katã Yi?

Cherrapunji si le India, nye teƒe siwo tsi dzana le wu le xexeame katã la dometɔ ɖeka. Tsi dzana ɖe afima ƒe togbɛ siwo le Himalaya-toawo ŋu la dzi wòɖoa milimeta 9,000 le tsidzadzadzidzenu me. Gake awɔ nuku na wò be tsiku ɖina le Cherrapunji hã.

ESI ati kple gbe si susɔ ɖe afima megade ha o ta, kaka tsia nadza ko emiena hã zi ɖeka. Tsiku ɖina le ɣleti eve siwo kplɔ tsidzaŋɔli gã la ɖo me. Ƒe aɖewoe nye sia si Robin Clarke gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Water: International Crisis me be Cherrapunji nye “dzogbenyigba si dzi tsi dzana le wu le xexeame katã.” *

Le Cherrapunji ƒe anyigbe vie la, àkpɔ Bangladesh si nye bali me dukɔ si me tɔwo sɔ gbɔ la, eye afisiae tsidzaŋɔli ƒe tsi siwo tsana tso India kple Nepal togbɛ siwo dzi avewo vɔ le va tona kple du. Le ƒe aɖewo me la, tsiɖɔɖɔ xɔa Bangladesh ƒe memama eve le etɔ̃ me. Gake ne tsiɖɔɖɔa nya mie ko la, Ganges-tɔsisia hã miena ale gbegbe be megate ŋu sina nyuie o, si naa anyigba ƒuna kplakplakpla. Bangladeshtɔ siwo wu miliɔn 100 kpea kuɖiɖi kple tsiɖɔɖɔ fu sia ƒe sia ƒe. Nusi gagblẽ nya la ɖe edzi enye be nudzodzoewutike si nye arsenic ge ɖe vudo me tsiwo me, si anya ade aɖi lãme na ame miliɔn geɖe xoxo.

Le Nukus, Uzbekistan, du si te ɖe Aral-ƒua gbɔ gome la, dze boŋue nye kuxia ke menye arsenic ye o. Nu ɣi suesue aɖe va le ɖetigblewo me xɔm si hea ɖetia ƒe tsitsi ɖe megbe. Dzea nyèna ɖe afisiwo tsi xa ɖo. Menye kuxi yeyee kuxi sia nye o. Le ƒe akpe ene siwo va yi me la, agbledede le Mesopotamia dzi ɖe kpɔtɔ le kuxi sia ke ta. Agbledede siwo me woɖea tsimɔwo tsɔ dea tsi nukuawoe evɔ tsiawo metsana dzona o la wɔe be dzea nyèna vaa dzi. Ehiã be woazã tsi gbogbo aɖe si me dze mele o hafi akpɔ nuku aɖe axa. Ke hã la, anyigba va kuna mlɔebale dzidzime siwo ava kplɔe ɖo me.

Afikae Tsiawo Katã Yina?

Dzɔgbevɔ̃etɔe la, tsidzadzaa ƒe akpa gãtɔ dzana trena ɖe enu akpa. Menye tsiɖɔɖɔ koe wòhena vɛ o ke enaa tsiawo sina yia atsiaƒu me enumake. Eye tsi dzana le teƒe aɖewo fũ gake medzana boo le teƒe bubuwo ya o. Wode dzesii be tsi dza le Cherrapunji wòɖo milimeta 26,000 le tsidzadzadzidzenu me le ɣleti 12 me kpɔ, gake ƒe gbogbo aɖe ate ŋu ava yi si tsi boo aɖeke madza le Atacama Dzogbenyigba si le Chile ƒe dziehe ya dzi o.

Gakpe ɖe eŋu la, ame akpa gãtɔ le xexeame ƒe afisiwo tsi mesɔ gbɔ ɖo o. Le kpɔɖeŋu me, ame ʋɛ aɖewo koe le Afrika kple Anyiehe Amerika ƒe teƒe siwo tsi dzana le nyuie. Amazon-tɔsisi gã la kplɔa tsi siwo dzana le ƒe ɖeka me ƒe alafa memama 15 yia Atlantik-ƒu gã la me, gake esi ame ʋɛ aɖewo koe le afima ta la, tsi sue aɖe ŋutɔ ŋudɔ koe wowɔna. Gake amesiwo ade miliɔn 60 ye le Egipte afisi tsi mete ŋu dzana le tututu o, eye Nil-tɔsisi si le miemiem la mee wokpɔa woƒe tsi ɖesiaɖe kloe tsonɛ.

Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, vovototo sia menye kuxi boo aɖeke o. Akɔntabubu aɖe fia be le ƒe 1950 me la nuto aɖeke mekpe tsikuɖiɖi ƒe fu le xexeame ale o. Gake tsi ƒe anyinɔɣi ma nu va yi. Le Dziehe Afrika kple Titina Asia ƒe kuɖiɖinyigbawo dzi la, tsi si li hena ame ɖeka ɖesiaɖe ƒe zazã la dzi ɖe kpɔtɔ zi gbɔ zi ewo wu alesi wònɔ le ƒe 1950 me.

Tsɔ kpe ɖe amewo ƒe agbɔsɔsɔ si le dzidzim ɖe edzi kple tsimadzamadza nyuie le teƒe siwo amewo sɔ gbɔ ɖo ŋu la, nu bubuwo hã he tsi ƒe veve vɛ. Ŋgɔyidɔwo kple dzidzedzekpɔkpɔ kple tsi ƒe anyinɔnɔe zɔna le xexeame egbea.

Tsi ƒe Hiahiã la Le Dzidzim Ðe Edzi

Ne èle dukɔ si de ŋgɔ me la, ɖikeke mele eme o be àde dzesii be adzɔnuwɔƒewo bɔna ɖe tɔsisi gãwo to. Nusitae la me kɔ. Adzɔnuwɔƒewo hiã tsi be woatsɔ awɔ nu ɖesiaɖe kloe, tso kɔmpiuta dzi va ɖo gavi siwo wotsɔa léa pepae dzi. Nuɖuɖudɔwɔƒewo hã zãa tsi geɖe ŋutɔ. Elektrikŋusẽdɔwɔƒewo hiã tsi gbogbo aɖe, esia nana be wotua wo ɖe ta alo tɔsisiwo to.

Tsi si hiãna le agbledenyawo me ya wu gbɔgblɔ. Tsi si dzana le teƒe geɖewo le ʋɛ ale gbegbe be esi womate ŋu aɖo ŋu ɖe eŋu o ta la, edze abe tsidede nukuwo koe nye mɔ si dzi woato akpɔ xexeame ƒe dɔwuamekuxia gbɔ ene. Le tsidede nukuwo ta la, wova zãa xexeame ƒe tsi nyuiwo ƒe akpa gãtɔ le agbledede me.

Gakpe ɖe eŋu la, aƒemetsi zazã hã le dzidzim ɖe edzi. Le ƒe 1990-awo me la, ehiã be woakpɔ dugãmetɔ yeye miliɔn 900 siwo dzi ɖe edzi nukutɔe la ƒe dzadzɛnyenyenyawo gbɔ eye wohiã tsi nyui hã. Teƒe siwo wokpɔa tsi tsonɛ tsã abe tɔsisiwo kple vudowo me ene megale dugãmenɔlawo sum o. Le kpɔɖeŋu me, ele na Mexico City be wòahe tsi tso didiƒe si ade kilometa 125 to togbaka siwo kɔkɔ meta 1,200 wu bali si me dua le la tamee. Dieter Kraemer gblɔ le nɔnɔmea ŋu esi wònɔ nya ta kam le Water: The Life-Giving Source me be “ɖeko wòɖi bosrã; esi dugã la le eƒe abɔ didim be yeakpɔ tsi.”

Eyata mɔɖaŋudɔwɔƒewo, agbledelawo kple dugãmetɔwo le tsi dim kple ŋkubiã. Wokpɔ wo dometɔ geɖewo ƒe kuxia gbɔ sẽ gbɔto tsi si anyigba la dzra ɖo—tometsiwo dudu me. Tometsiwo nye anyigba la ƒe tsi nyui dzɔtsoƒe veviwo dometɔ ɖeka. Gake womeli ɖaa o. Tsiteƒe mawo le ko abe ga si le gadzraɖoƒe ene. Màte ŋu ayi edzi anɔ eɖem le esime wònye ga sue aɖe koe nèdena eme o. Gbeɖeka, akɔntawɔgbe aɖo.

Tometsi Zazã ɖe Mɔ Nyui Kple Gbegblẽa Nu

Tometsie míeduna le vudowo me. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha ƒe nyatakaka si dze le Groundwater: The Invisible and Endangered Resource ƒe akɔntabubu me ɖee fia be afisiae tsi siwo wozãna le aƒeme kple esi wozãna le tsidede agblemenukuwo me ƒe afã tsona. Esi tometsi mete ŋu ƒoa ɖi dea tsidzadza nu o ta la, enyea tsinono na dugã kple kɔƒe me tɔwo siaa. Ne wodu tometsi sia ɖe ɖoɖo nu la, ekema anɔ anyi ɖaa, elabena tsidzadza siwo miena la gava ɖoa tsi sia teƒe. Gake ƒe bla nanewoe nye sia la, amegbetɔ du tsi siwo sɔ gbɔ wu esi teƒe dzɔdzɔme ate ŋu aɖo.

Ena be tometsi va le to yim ʋĩ ale gbegbe be tsia dudu xɔa ga geɖe loo alo egbɔ menya ɖona bɔbɔe o. Ne vudowo mie la, gakuxiwo kple dzɔdzɔmefɔkue dzɔna. Afɔku sia te dzɔdzɔ le India xoxo. Esi ame geɖe siwo ade biliɔn ɖeka siwo le China kple India ƒe agbledenyawo nɔa te ɖe tometsi dzi ta la, nya la ɖu ta ŋutɔ.

Alesi wole ɖi ƒom tsi hã ganye nusi na tometsi gale vɔvɔm ɖe edzi. Anyigbanyronu siwo wozãna le agbledede me, amegbetɔ kple lãwo ƒe gbeɖuɖɔ, kpakple mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe ƒe aɖitikewo va gena ɖe tometsiwo me. Xexeame ƒe Yamenutomeŋutinusɔsrɔ̃ Habɔbɔ ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be: “Ne tometsi nya ƒo ɖi ko la, asitɔtrɔ le eŋu xɔa ɣeyiɣi kple ga geɖe, eye ɖewohĩ asi manya trɔ le eŋu gɔ̃ hã o. Woyɔ aɖinuwo ƒe tomeyiyi ʋɛʋɛʋɛ la be ‘atikevɔ̃ɖibɔmb si woɖo be woada le ɣeyiɣi dzi.’ Enye ŋɔdzidonu na amegbetɔƒomea.”

Nusi va dzɔna mlɔeba enye be tsi si wohe tso tome la va gblẽa anyigba siwo woɖo be wòade tsii. Dze va xɔ dukɔ siwo me ku ɖina le vie kple esiwo me wòɖina le vevie ƒe anyigba siwo wodea tsii. Nu gblẽ le India kple United Statesdukɔ siwo me wodea nuɖuɖugble le wuƒe anyigba alafa memama 25 ŋu vevie.

Ne Mègblẽ Edome o la, Mahiã Wò O

Togbɔ be kuxi siawo katã li hã la, nɔnɔmeawo mavloe nenema gbegbe ne ɖe wowɔa tsi ŋudɔ nyuie o. Zi geɖe la, tsidedenumɔnu manyomanyowo gblẽa tsi ƒe alafa memama 60 hafi wòɖoa nukuwo gbɔ. Asitɔtrɔ le kuxia ŋuto mɔ̃ɖaŋununya siwo li zazã meate ŋu aɖe tsi siwo mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒewo zãna ƒe afã dzi akpɔtɔ. Woate ŋu aɖe tsi siwo dugã metɔwo zãna ƒe alafa memama 30 dzi akpɔtɔ ne wodzra pɔmpi siwo gbãna la ɖo kaba kura gɔ̃ hã.

Ne woaxe mɔ na tsi dome gbegblẽ la, ehiã be esia wɔwɔ natso ame ƒe dzime eye ewɔwɔmɔnu hã nanɔ anyi. Ðe susu nyuiwo li si ta míaxɔe ase be tsi si le míaƒe xexeame asusɔ ɖi na dzidzime siwo gbɔna le etsɔme laa? Míaƒe nyati mamlɛa aɖo nyabiabia sia ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Kpɔ nyati si nye “CherrapunjiAnyigba ƒe Teƒe Siwo Tsi Dzana le Wu Dometɔ Ðeka,” le May 8, 2001, Eŋlisigbe me Nyɔ! me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 23]

TSI HIÃ HAFI NUWO NATE ŊU AYI EDZI LE XEXEAME

Mɔ̃ɖaŋuwɔmɔnuwo katã kloe zãa tsi gbogbo aɖe.

▪ Gakpo tɔn ɖeka wɔwɔ ate ŋu axɔ tsi tɔn 280.

▪ Pepa kilogram 1 wɔwɔ ate ŋu axɔ tsi kilogram 700 (ne adzɔnuwɔƒea megagbugbɔ trɔ asi le tsia ŋu zã o).

▪ United States ʋuwɔla zãa tsi ƒe kpekpeme si wu ʋua ŋutɔ tɔ zi gbɔ zi 50 le ewɔwɔ me.

Lãnyinyi hã ate ŋu awɔ tsi gbogbo aɖe ŋudɔ, vevietɔ ne wole lãwo nyim le xexeame ƒe teƒe siwo tsi medzana le tututu o.

▪ Asitɔtrɔ le nyi siwo wonyina le California ŋu kaka woakpɔ lã kilogram ɖeka le eme biaa tsi lita 20,500.

▪ Koklo ɖeka dzadzraɖo ade nufamɔ̃ me te ŋu xɔa tsi lita 26 ya teti.

[Akɔntabubu/Nɔnɔmetata siwo le axa 24]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

AFIKAE WOZÃA TSIAWO LE?

Aƒeme 10%

Adzɔnuwɔƒewo 25%

Agbledede 65%

[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]

Pɔmpi gbagbã siwo womedzra ɖo o naa tsi gbogbo aɖe gblẽna

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

AP Photo/Richard Drew