Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbetsi La Didi

Agbetsi La Didi

Agbetsi La Didi

ƑE AKPE eve kple edzivɔe nye sia la, dugã aɖe si me kesinɔnuwo bɔ ɖo, si me ame 30,000 nɔ la ƒe ŋkɔ de du le Arabia-gbedzi. Togbɔ be yame ƒe nɔnɔmewo mede wo dzi o eye tsi si dzana nyea milimeta 150 ko le tsidzadzadzidzenu me hã la, Petratɔwo srɔ̃ alesi woawɔ anɔ agbe ɖe tsi ƒe agbɔmasɔmasɔ ŋu. Eye Petra va zu du si me kesinɔnuwo bɔ ɖo eye nu dze edzi na dua me tɔwo.

Elektrikmɔ̃ si yɔa tsi menɔ Nabataeatɔ siwo nɔ Petra la si o. Womeɖe tsiʋe gãwo hã o. Ke hã wonya alesi woawɔ akpɔ tsi ahadzrae ɖo. Tsidzraɖoƒe sue siwo de nu wo nɔewo me, vudowo, tsimɔwo, kple tsizɔwo kpe ɖe wo ŋu wohe tsi va woƒe dua me kple woƒe agblewo me. Ƒã hafi tsi ma ƒe ɖe gblẽna. Woɖe woƒe vudowo hewɔ woƒe tsizɔwo nyuie ale gbegbe be egbegbe Bedouintɔwo gakpɔtɔ zãa wo.

Ewɔ nuku na tsiŋutinunyala aɖe wògblɔ be: “Nusi nye bubu le Petratɔwo ŋue nye alesi wonya tsi ŋui. Du ma me tɔwo nye aɖaŋuwɔla deŋgɔ akuakuawo.” Nyitsɔ laa sia la, Israel ƒe aɖaŋunyalawo di vevie be yewoasrɔ̃ Nabataeatɔwo, amesiwo hã de nuɖuɖugble ɖe Negeb afisi bebli hafi tsi dzana wòwua dzidzenu milimeta 100 le ƒe me la ƒe aɖaŋu sia. Agblededeŋutinyalawo lé ŋku ɖe Nabataeatɔwo ƒe agble akpe nane siwo me woɖe tsimɔ siwo me tsidzaŋɔli me tsiwo tona yia woƒe agblewo me la ƒe akpa siwo ŋu wote ŋu ke ɖo la ŋu nyuie.

Nusiwo wosrɔ̃ le Nabataeatɔwo gbɔ le kpekpem ɖe agbledela siwo le Sahel, si nye Afrika-dukɔ siwo me ku ɖina le la ŋu xoxo. Gake egbegbe tsitakpɔmɔnuwo hã ate ŋu anyo nenema ke. Agbledela siwo le Lanzarote, si nye Canary-ƒukpo siwo le Afrika ƒe ƒuta la dometɔ ɖeka dzi srɔ̃ alesi woade wein kple gbotigblewoe le afisi tsi medzana le o. Woɖea do wòyia to eye wodoa weinti alo gbotiwo ɖe eme eye woxea dzoto ƒe dzowɔ ɖe eŋu bene woaxe mɔ na alesi ya ano tsi le nusiwo wodo ŋui. Zãmu agbɔsɔsɔ si aɖo keawo gbɔ ate ŋu ana ati siawo nakpɔ tsi atse.

Mɔ̃ɖaŋununya Madeŋgɔ Tsɔtsɔ Kpɔ Kuxia Gbɔe

Woate ŋu akpɔ asitɔtrɔ siawo tɔgbe si wowɔna be woatsɔ akpɔ kuɖiɖikuxiwo gbɔe la le xexeame godoo—Àte ŋu akpɔe le Bishnoitɔ siwo le Thar-dzogbenyigba si le India dzi; Turkana nyɔnu siwo le Kenya; kple Navajo Indiatɔ siwo le Arizona, U.S.A. gbɔ. Aɖaŋu si ŋudɔ wowɔna tsɔ tsyɔa tsi dzadza ƒe tsiwo ɖi, si wosrɔ̃ ƒe alafa nanewo enye esia la, le kpekpem ɖe wo ŋu le agbledekuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me wu mɔ̃ɖaŋununya deŋgɔ ƒe egbɔkpɔmɔnuwo.

Ƒe alafa 20 lia sia nye ɣeyiɣi si me wotu ta siwo me tsi xana ɖo le wu. Wowɔ tɔsisi gã xaɖoƒewo, eye woɖe tsimɔwo hena tsidede agblewo. Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖe bu akɔnta be wozã xexeame katã ƒe tɔsisi alafa memama 60 le mɔ aɖe nu. Togbɔ be nusiawo ɖe vi aɖewo hã la, nutomeŋutinunyalawo gblɔ be egblẽ nu le nutoa me ŋu eye wòna ame miliɔn geɖe zu aƒemanɔsitɔwo.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, togbɔ be susu nyui ye wotsɔna wɔa nusiawoe hã la, ƒã hafi ɖoɖo siawo ɖea vi na agbledela siwo tsia le hiahiãm vevie. Esi India Dudɔnunɔlawo ƒe Tatɔ si nɔ anyi tsã Rajiv Gandhi nɔ nu ƒom tso tsidede agble ƒe dɔwo ŋu la, egblɔ be: “Míegblẽ ga geɖe le ƒe 16 siwo va yi me. Gake meɖe vi aɖeke na mía tɔwo o, womete ŋu ɖe tsimɔwo be woade tsi agblewo o, tsi aɖeke meli o, nukuwo medzi ɖe edzi o, tɔtrɔ aɖeke meva ameawo ƒe gbesiagbegbenɔnɔ me o.”

Gake mɔ̃ɖaŋununyamɔnu madeŋgɔwo va le vi ɖem wu eye megblẽa nu boo le nutoa me ŋu o. Ta kple vudo susue miliɔn ade siwo woɖe le China la le vi geɖe ɖem na nuto siwo me woɖe wo ɖo. Israeltɔwo kpɔe be to ayedzedze vi aɖe me la, yewoate ŋu azã tsi ma ke gbã atsɔ anya nui, emegbe woatsɔe akpɔ dzadzɛnyenyenyawo gbɔe, eye mlɔeba woagate ŋu adee agblemenukuwo hã.

Mɔnu bubu si gaɖea vi enye tsiwuwu ɖe nukuawo ŋu tututu, si kpɔa anyigba la ta eye wòzãa tsi si wozãna le mɔnu bubuwo me ƒe alafa memama 5 ko. Tsizazã nyui bia hã be woatia nuku siwo anyo na kuɖiɖinyigbawo, abe ƒo alo lu ene ƒaƒa ɖe bli kple foŋfoŋ siwo hiã tsi sɔgbɔ teƒe.

Agbagbadzedze vie koe hiã be woaɖe tsi si wozãna le aƒewo me kple le mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒewo dzi akpɔtɔ. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu azã tsi si ade lita ɖeka atsɔ awɔ pepa kilogram ɖeka ne mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒea trɔa asi le tsia ŋu gazãna—esia anye tsia takpɔkpɔ alafa memama 99. Woɖɔ li afɔdzi siwo wozãna tsã la kple yeye siwo zãa tsi si xoxotɔwo zãna la ƒe memama etɔ̃lia ko le Mexico City. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, dugã la na wodo boblo nyatakaka siwo fia alesi woazã tsi nyuie.

Nusi Hiã Hena Dzidzedzekpɔkpɔ

Tsikuxi—kple nutomekuxi akpa gãtɔ—gbɔ kpɔmɔnuwo bia be amewo natrɔ woƒe nɔnɔmewo. Ele be amewo nalɔ̃ woawɔ nu le ɖekawɔwɔ me tsɔ wu be woanye ɖokuitɔdilawo, be woatsɔ nuwo asa vɔe ne ehiã, eye woaɖoe kplikpaa be yewoalé be na anyigba la hena wo megbeviwo. Sandra Postel ɖe nu me le nya sia ŋu le eƒe agbalẽ si nye Last OasisFacing Water Scarcity (Tsiteƒe Mamlɛtɔ—Akɔkpekpe Kple Tsikuɖiɖi) me be: “Míehiã tsizazã ŋuti gɔmeɖose—agbenɔnɔ si sɔ ŋuti mɔfiame le nyametsotso sesẽ siwo ku ɖe dzɔdzɔmenu siwo gɔme míese o eye míate ŋu ase wo gɔme bliboe o la wɔwɔ me.”

Gake menye nuto aɖe me tɔwo koe “tsizazã ŋuti gɔmeɖose” sia hiã na o. Ele be dukɔwo kple duwo nawɔ nu aduadu, elabena tɔsisiwo medea vovototo dukɔwo me liƒo me o. Ismail Serageldin gblɔ le eƒe nyatakaka si dze le Beating the Water Crisis (Tsikuxia Dzi Ðuɖu) me be: “Ele be woabu tsi ƒe agbɔsɔsɔme si woate ŋu akpɔ kple eƒe nyonyome kuxiwo be wonye xexeame katã ƒe kuxi—menye abe alesi dukɔ ɖesiaɖe kpɔa etɔ gbɔ vovoe le ŋutinya me ene o.”

Gake abe alesi Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔdzikpɔlagã Kofi Annan lɔ̃ ɖe edzii ene la, mele bɔbɔe be woaƒo dukɔwo nu ƒu hena kuxi siwo dze ŋgɔ xexeame katã la gbɔ kpɔkpɔ o. Egblɔ be: “Xexeame katã ƒe nuwɔwɔ ɖekae le egbe xexe sia si zu abe teƒe ɖeka ene me meɖo afi aɖeke kura o. Ehiã kpata be míana wòadze le nuwɔna ŋutɔŋutɔ me wu be ‘ame ɖekawo koe dukɔ vovovoawo katã nye.’”

Eme kɔ ƒã be menye tsi si nyo na zazã ƒe anyinɔnɔ si asɔ gbɔ koe nye nusi hiã hena lãmesẽ me nɔnɔ kple dzidzɔkpɔkpɔ o—togbɔ be tsi nye nuhiahiã vevi aɖe hã. Ke ele be gbã, amewo nalɔ̃ ɖe edzi be agba le yewo dzi le Amesi na tsi kple agbe siaa wo la gbɔ. (Psalmo 36:10; 100:3) Le esi woazã anyigba la kple eƒe kesinɔnuwo ɖe mɔ siwo mesɔ o nu nuŋumabumabuyiŋgɔe teƒe la, ele be ‘woalé be nɛ akpɔ edzi’ boŋ, abe alesi Wɔla la gblɔ na mía dzila gbãtɔwo ene.—Mose I, 2:8, 15; Psalmo 115:16.

Tsi aɖe si ƒe Asixɔxɔ De Ŋgɔ Wu

Esi tsi le vevie alea gbegbe ta la, mewɔ nuku be wozãa asixɔxɔ si le eŋu le kpɔɖeŋumɔ nu le Biblia me o. Le nyateƒe me la, be míanɔ agbe alesi wowɔ míi la, ehiã be míanya amesi gbɔ kpɔɖeŋutsi sia tso. Ele hã be míaɖe nɔnɔme si ƒe alafa gbãtɔ me nyɔnu aɖe si bia Yesu Kristo be, “Aƒetɔ, na tsi siam” ɖe fia la afia. (Yohanes 4:15) Bu nusi va dzɔ la ŋu kpɔ.

Yesu va tɔ ɖe vudo globo aɖe si te ɖe egbegbe Nablus ŋu—anye vudo sia kee amewo ɖia tsa tso xexeame ƒe teƒe vovovowo va kpɔna va de asi na egbea. Samaria-nyɔnu aɖe hã va vudoa to ɣemaɣi. Abe ƒe alafa gbãtɔ me nyɔnu geɖe ene la, ɖikeke mele eme o be edua eme tsi vaa aƒemee ɣesiaɣi. Gake Yesu gblɔ be yeate ŋu ana ‘agbetsii’—tsi si anɔ dzidzim yi ɖe mavɔmavɔ me.—Yohanes 4:10, 13, 14.

Eme kɔ ƒã be nyɔnua di be yeanya nu tso tsi sia ŋu ayi ŋgɔe. Gake menye tsi ŋutɔŋutɔe “agbetsi” si Yesu wɔnɛ la nye o. Gbɔgbɔmenunana siwo ate ŋu ana be amewo nanɔ agbe tegbee ye nɔ susu me na Yesu. Ke hã ƒomedodo aɖe le kpɔɖeŋutsia kple tsi ŋutɔŋutɔ dome—evea siaa hiã hafi míate ŋu anɔ agbe bliboe.

Mawu na tsi ŋutɔŋutɔ eƒe amewo wu zi ɖeka esi tsi menɔ wo si o. Ena tsi Israel-vi sitsoƒedilawo ƒe ha gã si to tsikuɖiɖinyigba si nye Sinai-gbedzi yina Ŋugbedodonyigba dzi la. (Mose II, 17:1-6; Mose IV, 20:2-11) Mawu ƒe nyagblɔɖila Elisa yɔ dɔ Yerixo ƒe vudo me tsi si menyo o. (Fiawo II, 2:19-22) Eye esi Israel ƒe ame susɔeawo trɔ tso Babilon yina ɖe wo denyigba dzi la, Mawu kplɔ wo yi ɖe ‘tsi gbɔe le gbegbe.’—Yesaya 43:14, 19-21.

Tsidzɔƒe si ƒe tsi mevɔna ɣeaɖekeɣi o lae míaƒe anyigba la hiã egbea. Esi mía Wɔla Yehowa Mawu kpɔ tsikuxiwo gbɔ va yi ta la, ɖe magakpɔ egbɔ ake le etsɔme oa? Biblia ka ɖe edzi na mí be akpɔ egbɔ. Mawu gblɔ le nɔnɔme siwo anɔ eƒe Fiaɖuƒe si ƒe ŋugbe wòdo ƒe dziɖuɖu te ŋu be: “Maʋu go tɔsisiwo le to ƒeƒlewo ta me, eye tsidzɔƒe anɔ balimewo; mana gbegbe nazu tá, eye tsi nado bababa le kuɖiɖinyigba dzi, . . . ne woakpɔe, eye woadze sii, wòade dzigbɔ na wò, eye woanyae be, Yehowa ƒe asie wɔ esia, Israel ƒe kɔkɔetɔ lae wɔe.”—Yesaya 41:18, 20.

Biblia do ŋugbe be “dɔ kple tsikɔ mawu” amewo ɣemaɣi “o.” (Yesaya 49:10) Xexeame katã ƒe dziɖuɖu yeyea akpɔ tsikuxiwo gbɔ bliboe. Dziɖuɖu sia—Fiaɖuƒe si Yesu fia mí be míado gbe ɖa abia la—aɖu dzi le ‘dzɔdzɔenyenye me ɖaseɖe mavɔmavɔ me.’ (Yesaya 9:5, 6; Mateo 6:9, 10) Esia awɔe be anyigba ƒe afisiafi tɔwo ava zu ame ɖekawo vavã mlɔeba.—Psalmo 72:5, 7, 8.

Ne míedi agbetsia fifia la, míate ŋu akpɔ mɔ na ɣeyiɣi si me tsi ŋutɔŋutɔ anɔ anyi na amesiame la ƒe vava.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 26]

Garo Nalbandian

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Etame: Blema Petratɔwo nya alesi woakpɔ tsi tae

Ete: Nabataeatɔwo ƒe tsimɔ aɖe le Petra

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Agbledela siwo le Canary-ƒukpowo dometɔ ɖeka dzi srɔ̃ alesi woade agblee le afisi bebli hafi tsi dzana le

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Nukae Yesu wɔnɛ esime wòdo ‘agbetsi’ ƒe ŋugbe na nyɔnu sia?