Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Atikewo—Amekawoe Zãa Wo?

Atikewo—Amekawoe Zãa Wo?

Atikewo—Amekawoe Zãa Wo?

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE SOUTH AFRICA GBƆ

“AMESIAME zãa atike.” Woate ŋu azã nya sia si wogblɔ gbadzaa atsɔ able amesi mekpɔ nuteƒe o be wòate atike manɔsenuwo zazã akpɔ. Gake atike kawoe míeɖabu be wonye ‘atike muamewoe’ o, nyateƒe aɖe anɔ nya mawo me.

Woɖe nya “atike muame” gɔme be: “Enye atikemenu ɖesiaɖe, eɖanye dzɔdzɔmetɔ loo alo esiwo amewo wɔ o, si ate ŋu atrɔ ame ƒe nukpɔsusu, seselelãme, alo susu ƒe nɔnɔme vovovowo bubui.” Esia nye atike siwo woyɔna be susu ƒe nɔnɔmetrɔtikewo ɖɔɖɔ gbadzaa si nyo, togbɔ be melɔ dɔyɔtike geɖe siwo wotsɔ kpɔa lãmegbegblẽwo gbɔ ɖe eme o hã.

Le egɔmeɖeɖe nenema nu la, atikee aha nye. Enono fũ mee afɔku le, eye edze ƒã be ele dzidzim ɖe edzi. Numekuku si wowɔ le kɔledzi kple yunivɛsiti siwo le Ɣetoɖoƒe dukɔwo me ɖee fia be “ahatsunonoe nye atikezazã ƒe kuxi si nye ŋkubiãnya wu le sukukpowo dzi.” Numekukua ɖee fia be sukuvi 44 le alafa me nye ahatsunolawo. *

Se ɖe mɔ ɖe atamazazã ŋu abe alesi woɖee ɖe aha ŋu ene, togbɔ be aɖi sẽŋu aɖe le eme si nye nicotine hã. Le Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ ƒe nya nu la, atamanono wua amesiwo ade miliɔn ene ƒe sia ƒe. Ke hã atamasitsala gãwo nye kesinɔtɔ siwo wobuna le hadome. Sigaretnono hã tsia amewo si ŋutɔ, ɖewohĩ wu atike manɔsenu bubu geɖewo gɔ̃ hã.

Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, dukɔ geɖe ɖe boblododo atama dzi kpɔtɔ eye wode se bubuwo ɖe enu. Ke hã ame geɖe bua atamanono be enye hadomenuwɔna si sɔ. Wogakpɔtɔ kafua atamanono le sinimawo me. Le numekuku si California Yunivɛsiti si le San Francisco wɔ tso sinima siwo me wokpɔ ga le wu le ƒe 1991 kple 1996 dome me la, wokpɔe be ŋutsu siwo dze wu dometɔ 80 le alafa me wɔ wɔƒe siwo fia be wonoa atama.

Ke Atike Siwo “Nyo” Zazã Ya Ðe?

Dɔyɔtikewo ɖe vi na ame geɖe vavã, gake woate ŋu azã wo ɖe mɔ gbegblẽ nu. Ðɔktawo te ŋu ŋlɔa atike na ame ɣeaɖewoɣi eŋu mabumabu nyuie, alo dɔnɔwo ƒonɛ ɖe wo nu woŋlɔa atike siwo mehiã o na wo. Atikewɔla aɖe gblɔ be: “Ðɔktawo megbɔa dzi ɖi nɔa anyi ɖe dɔnɔa ŋu akpɔ nusi gbɔ eƒe dɔlélea tso o. Gbɔgblɔ be, ‘Mi atikekui sia,’ le bɔbɔe wu. Gake womekpɔa kuxia ŋutɔ gbɔ o.”

Atike siwo amewo ƒlena le wo ɖokuisi abe aspirin kple paracetamol (Tylenol, Panadol) ene gɔ̃ hã ate ŋu agblẽ nu le lãmesẽ ŋu vevie ne wozãe ɖe mɔ gbegblẽ nu. Ame 2,000 kple edzivɔ kuna ƒe sia ƒe le xexeame godoo ɖe paracetamol zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu ta.

Le alesi míeɖe egɔme va yi nu la, caffeine si le tii kple kɔfi me hã nye atikevɔ̃ɖi, togbɔ be ƒã hafi míebunɛ alea ne míele esi míelɔ̃a nono le ŋdi nom hã. Eye anye nyamaɖinya be woada tii kple kɔfi siwo nono ame geɖe buna be wonyo la ɖe ka ɖeka dzi kple atikevɔ̃ɖiwo abe heroin ene. Ema asɔ kple aƒeme dadivi tsɔtsɔ sɔ kple dzata wɔadã. Ke hã le lãmesẽŋutinunyala aɖewo ƒe nya nu la, ne ema wò be ènoa kɔfi wu kplu atɔ̃ alo tii wu kplu asieke gbeɖeka la, ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò. Gakpe ɖe eŋu la, ne ènonɛ sɔa gbɔ eye nètso agbɔsɔsɔ si nènona dzi kpata la, asiɖeɖe le nu ŋu ƒe fuɖenamewo abe xeɖeɖe, taɖui sesẽ, kple ŋku veame le akaɖi ŋgɔ siwo tɔgbe ɖe fu na tiinola aɖe la ate ŋu aɖe fu na wò hã.

Ke Atike Manɔsenu Zazã Ya Ðe?

Nusi ŋu wohea nya le vevie wu enye atikevɔ̃ɖiwo zazã le kamedefefewo me. Wote gbe ɖe nya sia dzi le Ƒe 1998 Gasɔdodo Tsa le France me esime wonyã gasɔdola asieke le gasɔdoha si xɔ nɔƒe gbãtɔ me elabena wozã atike si dea dzo ame me le kametete me. Kamedelawo dze aɖaŋu vovovo be yewoatsɔ abu mo na atikevɔ̃ɖiwo nenye be wodo wo kpɔ le yewo ŋu. Time magazine ka nya ta be wo dometɔ aɖewo kura gɔ̃ hã na “‘wodo aɖuɖɔ ɖe lãme’ na wo, si fia be wodo ame bubu ƒe aɖuɖɔ ‘si me kɔ’ ɖe woƒe aɖuɖɔtoe me to aŋeto aɖe me, eye enye nuwɔna si vena zi geɖe.”

Míeƒo nu tso atike manɔsenu gbogbo hamehame siwo wozãna le “modzakaɖeɖe” me ŋu haɖe o. Esiawo dometɔ aɖewoe nye marijuana (gbe), esiwo nana wosea vivi le lãme (methylenedioxy-methamphetamine, alo MDMA), LSD (lysergic acid diethylamide), esiwo dea dzo lãme (abe cocaine kple amphetamine ene), esiwo faa lãme (abe dzitsitsinutsitike ene), kple heroin. Esiwo hã míaŋlɔ be o enye eƒomevi vovovo siwo wogbɔna ɖe ŋɔti me abe glue (nulénu) kple gasoline (petrol) ene, si nye nuwɔna si bɔ le sɔhɛwo dome. Le nyateƒe me la, womede se ɖe nusiawo siwo wogbɔna ɖe ŋɔti me nu o eye wobɔ.

Nukpɔsusu si bɔ be atikevɔ̃ɖizãla nye ame ɖiku aɖe si le atike muame dom ɖe lãme le xɔ ƒoɖi aɖe me ate ŋu aflu ame. Atikevɔ̃ɖizãla geɖe wɔa nu abe ame bubuwo ke ko ene le gbesiagbegbenɔnɔ me, togbɔ be woƒe numamea ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe woƒe agbenɔnɔ ƒe nyonyome dzi ŋutɔ alo vie hã. Ke hã míate ŋu abu nusiwo atikevɔ̃ɖizazã gblẽna nu tsɛe o. Nuŋlɔla aɖe gblɔ le cocaine-zãla aɖewo ŋu be “wote ŋu donɛ zi gbɔ zi geɖe le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me, ale abuiteƒewo nɔa woƒe ŋutilã ŋu keŋ, nɔa ʋu ɖim, henyɔa ŋu.”

Esi atike manɔsenu zazã yi to wòdze ƒã le ƒe 1980-awo me megbe la, ezazã gale dzi yim ake le xexeame godoo. Newsweek magazine gblɔ be: “Dziɖuɖumegãwo tɔtɔ le alesi atikevɔ̃ɖiwo tsɔtsɔ gbã dee dzi ɖe edzi, kple alesi atikevɔ̃ɖi ƒomevi ɖesiaɖe kloe zazã dzi ɖe edzi eye ga—kple nyatakaka—siwo hiã woatsɔ akpe akɔ kplii meli o ŋu.” Woŋlɔ ɖe Johannesburg, South Africa ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Star me le dziɖuɖu ƒe akɔntabubu nu be “aha sesẽ alo atikevɔ̃ɖiwo nono zu numame na South Africa nɔla ɖeka le ame ene ɖesiaɖe dome.”

Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Hadome Ŋgɔyidɔwo ƒe Numekuha gblɔ be “atikevɔ̃ɖiwɔlawo kple woƒe asitsalawo . . . wɔ ɖoɖo le wo ɖokui dome le xexeame godoo eye wotsɔ woƒe atikevɔ̃ɖiwo me viɖe agbɔsɔsɔ gã aɖewo de gadzraɖoƒe siwo do ŋugbe be yewomaʋu go wo o eye be yewoana deme gãwo wo. . . . Fifia atikevɔ̃ɖisitsalawo tsɔa woƒe ga tsoa teƒe ɖeka yia bubui to kɔmpiuta dzi eye dukɔ ƒe asi mesua wo dzi tutu o ale be wote ŋu kpɔa viɖe ƒoɖiwo.”

Ele dzedzem abe Amerikatɔ geɖe ka asi cocaine ŋu, evɔ manɔ nyanyame na wo hã o. Nyati aɖe si dze le Discover magazine me ɖe nu me be atikevɔ̃ɖiwo tsia Amerika gagbalẽ akpa gãtɔ ŋu.

Nya lae nye be egbea la, ame geɖe da asi ɖe atikezazã dzi, eye esiwo mele se nu o hã le eme, eye wobunɛ gbesiagbegbenɔnɔ ƒe akpa aɖee. Ne míebu nusi gbegbe atike manɔsenu kple atama kpakple aha sesẽ gblẽna le ame ŋu ŋuti la, biabia si va susume enye be, Nukatae amewo zãa wo ɖe mɔ gbegblẽ nu? Esi míele ŋugble dem le biabia sia ŋu la, esɔ be míagbugbɔ ŋku alé ɖe alesi mía ŋutɔwo míebua atike siawoe ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Woɖe ahatsunono gɔme be ‘ahatukpa atɔ̃ alo esi wu nenema nono tre ɖe enu le ŋutsuwo gome kple ene alo esi wu nenema nono le nyɔnuwo gome.’

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Ahatsunono nye kuxi gã aɖe le sukukpo geɖe dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Ame geɖe bua sigaret kple ‘modzakaɖetikewo’ be wonyo