Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Gbedodoɖa Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋunyee?

Aleke Gbedodoɖa Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋunyee?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Gbedodoɖa Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋunyee?

“Gbedodoɖae kpe ɖe ŋunye metrɔ nye agbenɔnɔ.”—Brad. *

SƆHƐ geɖewo le gbe dom ɖa—ɖewohĩ wu alesi nàsusui. Gallup Numekuku le Sɔhɛwo Ŋu si wowɔ tso ƒe 13 va ɖo 17 viwo dzi le United States ɖee fia be wo dometɔ 56 le alafa me doa gbe ɖa hafi ɖua nu. Numekuku si wowɔ le ɖekakpui kple ɖetugbiwo ŋu ɖee fia be wo dometɔ 62 le alafa me doa gbe ɖa gbesiagbe.

Ke hã le sɔhɛ geɖewo gome la, kɔnu gbɔlo alo gbesiagbe nuwɔna aɖe koe gbedodoɖa nye. Sɔhɛ ʋɛ aɖewo si koe ‘Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ’ si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me le. (Kolosetɔwo 1:9, 10) Eyata womeɖea mɔ Mawu kpɔa ŋusẽ boo aɖeke ɖe woƒe agbe dzi o. Numekuha aɖe bia ƒewuivi aɖewo nenye be wobia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu kpɔ le nyametsotso vevi aɖe wɔwɔ me hã. Nyɔnuvi aɖe ɖo eŋu be: “Metena ɖe Mawu ŋu le gbedodoɖa me ɣesiaɣi be wòafia mɔm ne matia mɔ nyuitɔ le agbe me.” Ke hã elɔ̃ ɖe edzi be: “Nyemate ŋu aɖo ŋku nyametsotsoawo dometɔ aɖeke dzi fifia o.” Eyata mewɔ nuku o be kakaɖedzi mele sɔhɛ geɖe si be gbedodoɖa wɔa dɔ alo ate ŋu akpe ɖe yewo ŋu o!

Ke hã abe Brad si ƒe nya míegblɔ le nyatia ƒe gɔmedzedze ene la, sɔhɛ akpe geɖe ŋutɔ kpɔ alesi gbedodoɖa wɔa dɔe. Eyata wò hã àte ŋu akpɔe! Nyati aɖe si míeta va yi gblɔ nusita míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ase míaƒe gbedodoɖawo. * Ke míabia be, Aleke gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe ŋuwòe? Gbã la, na míadzro alesi Mawu ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋui me.

Alesi Mawu Ðoa Gbedodoɖawo Ŋui

Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, xɔsetɔ aɖewo kpɔ ŋuɖoɖo na woƒe gbedodoɖawo tẽ—le nukumɔ nu gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, esime Fia Xizkiya kpɔ be yele dɔ lém ɖo kudo nu la, eƒo koko na Mawu be woaxɔ na ye. Mawu ɖo eŋu be: “Mese wò gbedodoɖa, eye mekpɔ wò aɖatsiwo, kpɔ ɖa, mayɔ dɔ wò.” (Fiawo II, 20:1-6) Ŋutsu kple nyɔnu Mawu vɔ̃la bubuwo kpɔ Mawu ƒe xɔname teƒe le mɔ sia tɔgbe ke nu.—Samuel I, 1:1-20; Daniel 10:2-12; Dɔwɔwɔwo 4:24-31; 10:1-7.

Gake ƒã hafi Mawu gena ɖe nyaa me le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo gɔ̃ hã me. Le nudzɔdzɔ akpa gãtɔ me la, Mawu meɖo esubɔlawo ƒe gbedodoɖawo ŋu na wo to eya ŋutɔ ƒe nudede nya la me nukutɔe me o ke boŋ ekpe ɖe wo ŋu be ‘yeƒe lɔlɔ̃nu ƒe sidzedze nayɔ wo fũ le gbɔgbɔ ƒe nunya kple gɔmesese katã me.’ (Kolosetɔwo 1:9, 10) Ẽ, Mawu kpe ɖe eƒe amewo ŋu esi wòdo ŋusẽ wo le gbɔgbɔ me kple agbenyuinɔnɔ me—ena nunya kple sidzedze wo be woawɔ nyametsotso nyuiwo. Ne Kristotɔwo ɖo xaxa me la, Mawu meɖea tetekpɔwo ɖa na wo kokoko o. Ke boŋ enaa “ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gbã go” be woate ŋu anɔ te ɖe enu la wo!—Korintotɔwo II, 4:7; Timoteo II, 4:17.

Nenema ke egbea anɔ eme be wò gbedodoɖa ŋuɖoɖo mava eme nukutɔe o. Gake abe alesi Mawu wɔe le blema ene la, ate ŋu ana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wò eye wòado ŋusẽ wò be nàte ŋu ato nɔnɔme ɖesiaɖe si nàdo goe me. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Le kpɔɖeŋu me, na míakpɔ mɔ vovovo ene siwo dzi gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le ɖa.

Akpe Ðe Ŋuwò le Nyametsotso Me

Karen nɔ gbe ɖom ɖi kple ɖekakpui aɖe si ɖi amesi si gbɔgbɔmetaɖodzinu kɔkɔwo le. Karen gblɔ be: “Egblɔna nam ɣesiaɣi be yedi be yeava zu hamemegã le hamea me.” Nya nyui aɖee ma. Gake “egagblɔa dɔ aɖe si gɔme dzem wòle kple nusiwo katã wòate ŋu ava aƒle nam ŋu nya ŋutɔ. Meva nɔ ɖi kem le eƒe nyateƒetɔnyenye ŋu.” Karen tsɔe de gbedodoɖa me. “Meɖe kuku na Yehowa be wòaʋu ŋku nam eye wòafia nusi wòle be manya le eŋu lam.”

Gbedodoɖa la ŋutɔ ɖea vi na ame ɣeaɖewoɣi, elabena ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàtɔ ade ŋugble tso nyaa ŋu abe alesi Yehowa bunɛ ene. Gake Karen hiã aɖaŋuɖoɖo si dzi wòazɔ ɖo hã. Ðe wòakpɔ ŋuɖoɖoa le mɔ wɔnuku aɖe nua? Enyo, de ŋugble le Biblia me nudzɔdzɔ si ku ɖe Fia Dawid ŋu kpɔ. Esime Dawid se be ye xɔlɔ̃ Axitofel si dzi yeka ɖo nɔ aɖaŋu ɖom na ye vi Absalom si le ye yome tim la, edo gbe ɖa be: “Yehowa meɖe kuku na wò, na Axitofel ƒe adaŋudede nazu lãnya!” (Samuel II, 15:31) Gake Dawid wɔ nu wòwɔ ɖeka kple eƒe gbedodoɖa la hã. Egblɔ na exɔlɔ̃ Xusai be: ‘Gblẽ Axitofel ƒe adaŋudede me nɛ nam.’ (Samuel II, 15:34) Nenema ke Karen hã wɔ afɔɖeɖe si wɔ ɖeka kple eƒe gbedodoɖa esi wògblɔe na Kristotɔ hamemegã tsitsi aɖe si nya ɖekakpui si wòle gbe ɖom ɖi kplii. Eɖo kpe nusi tsrim wòle la dzi nɛ: Ðekakpuia mewɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi boo aɖeke o.

Karen gblɔ be: “Nusi dzɔ la na nye ŋku ʋu ɖe gbedodoɖa ƒe ŋusẽ ŋu.” Nublanuitɔe la ɖekakpuia ti kesinɔnuwo yome eye wòdzudzɔ Mawu subɔsubɔ. Karen gblɔ be: “Ðe meɖee la, anye ne nye ɖeka koe anɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo vam.” Gbedodoɖa kpe ɖe Karen ŋu be wòwɔ nyametsotso nyuitɔ.

Akpe Ðe Ŋuwò Nàɖu Wò Seselelãmewo Dzi

Biblia la gblɔ le Lododowo 29:11 be: “Bometsila dudua eƒe dɔmedzoe katã kɔna ɖi; ke nunyala [faa] enu emegbe.” Kuxia enye be nu tena ɖe ame geɖe dzi vevie egbea eye zi geɖe womegate ŋu ɖua wo ɖokui dzi o—ɣeaɖewoɣi wodzea afɔku le eme. Brian si nye ɖekakpui gblɔ be: “Kuxi aɖe nɔ mía kple nye dɔwɔhati aɖe dome. Eɖe hɛ ɖe go gbeɖeka.” Nukae nàwɔ nenye wòe? Brian do gbe ɖa. Egblɔ be: “Yehowa kpe ɖe ŋunye meɖu nye gbɔgbɔ dzi, eye meble enu mezã hɛa o. Eɖe asi le hɛa ŋu hetrɔ dzo.” Seselelãme dzi ɖuɖu kpe ɖe Brian ŋu be mewɔ nu le dziku me o, eye anye nusiae xɔe ɖe agbe.

Madzɔ be woatsɔ hɛ ado ŋɔdzi na wò zi geɖe ya o. Gake nu vovovo ate ŋu adzɔ le wò agbe me siwo me wòahiã le be nàɖu wò seselelãme dzi. Gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàɖu wò gbɔgbɔ dzi.

Akpe Ðe Ŋuwò Nàɖe Dzi Ði

Barbara ɖo ŋku esime wònɔ “ɣeyiɣi sesẽ aɖewo me tom” ƒe aɖewo va yi dzi. Egblɔ be: “Nye dɔ loo, le nye ƒomea me loo, alo xɔ̃nyewo dome o—naneke menɔ edzi dzem nam o. Nyemenya alesi mawɔ o.” Abe alesi Barbara wɔna ɖaa ene la, edo gbe ɖa enumake. Gake kuxi aɖe nɔ anyi. Egblɔ be: “Nyemenya nusi mabia Yehowa o. Mlɔeba mebia be wòana nye susu nadze akɔ anyi. Mebiana zã sia zã be wòakpe ɖe ŋunye maganɔ dzi tsim ɖe nusianu ŋu o.”

Aleke gbedodoɖa kpe ɖe eŋui? Egblɔ be: “Ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, mekpɔ be togbɔ be nye kuxiawo nu meva yi o hã la, nyemegabua tame le wo ŋu fũ alo tsia dzi ɖe wo ŋu boo o.” Biblia do ŋugbe be: ‘Mina Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.’—Filipitɔwo 4:6, 7.

Akpe Ðe Ŋuwò Nàte Ðe Mawu Ŋu

Bu ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Paul ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Ðeko meʋu va kple ƒometɔ aɖewo teti koe nye ema. Melé blanui gbeɖeka zã me ŋutɔ. Nyitsɔ si va yi ye mewu suku kɔkɔ nu eye mesusua xɔ̃nyewo katã vevie. Aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi nam zã ma esi meɖo ŋku dzidzɔɣeyiɣi siwo me míenɔ va yi ɖekae dzi.” Aleke Paul awɔ? Esiae nye zi gbãtɔ wòdo gbe ɖa vevie kpɔ. Egblɔ be: “Megblɔ nye dzimenyawo na Yehowa eye mebiae be wòado ŋusẽm eye wòana nye susu nadze akɔ anyi.”

Nukae do tso eme? Paul gblɔ be: “Eƒe ŋufɔke la, mese le ɖokuinye me be nye lãme kɔ gbemagbe wu nye agbemeŋkeke ɖesiaɖe. Nye dzimevevesese la trɔ meva kpɔ ‘Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta.’” Esi Paul ƒe dzi dze eme fifia la, eva te ŋu bu nuwo ŋu le mɔ si nu eƒe seselelãme megakpɔ ŋusẽ ɖe edzi fũ o me. Eva kpɔe enumake be menye ɖe ɣeyiɣi siwo yebu ‘dzidzɔŋkekewoe va yi’ la me nyo nenema gbegbe o. (Nyagblɔla 7:10) Le nyateƒe me la, menye ŋusẽ nyui aɖekee “xɔlɔ̃” siwo wòbu wòvee la kpɔ ɖe edzi o.

Ƒo wo katã ta la, Paul ŋutɔ va kpɔ alesi gbegbe Yehowa léa be nɛ. Ekpɔ Yakobo 4:8 me nyawo be “Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu” la ƒe nyateƒenyenye dze sii. Esia nye tɔtrɔ gã aɖe le Paul ƒe agbe me. Eʋãe wòda Yehowa ɖe nɔƒe gbãtɔ le nusianu me le eƒe agbe me eye wòtsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe nɛ.

Ƒo Nu na Mawu!

Nuteƒekpɔkpɔ nyui siawo na míekpɔ kakaɖedzi be gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Gake ne èdi vevie be yeanya Mawu ahadze xɔ̃e ko hafi wòanɔ alea na wò. Nublanuitɔe la, sɔhɛ geɖe hea nusia wɔwɔ ɖe megbe. Wonyi Carissa le Kristotɔwo ƒe aƒeme. Gake elɔ̃ ɖe edzi be: “Ewɔ nam be ƒe ʋɛ siwo va yi nyitsɔ koe meva se nu vevi wɔnuku si míaƒe ƒomedodo tɔxɛ me nɔnɔ kple Yehowa nye me bliboe.” Wonyi Brad si míeyɔ le gɔmedzedzea me Kristotɔe gake ede megbe le tadedeagu vavã tɔ ŋu ƒe geɖe. Egblɔ be: “Esi mekpɔ nusi mebu vɔ hafi metrɔ ɖe Yehowa ŋu. Fifia meva kpɔ alesi gbegbe lɔlɔ̃ kple viɖe aɖeke manɔ ame ƒe agbe mee o ne ƒomedodo sia meli o.”

Gake mègalala ne afɔku aɖe nadzɔ ɖe dziwò hafi nàte ɖe Mawu ŋu o. Dze egɔme nàƒo nu nɛ fifia—ƒo nu nɛ edziedzi! (Luka 11:9-13) ‘Trɔ wò dzi ƒo ɖe eŋkume.’ (Psalmo 62:9) Madidi hafi nàva kpɔe le nyateƒe me be, gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò o!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 6 Kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Ðe Mawu Ase Nye Gbedodoɖa?” le July 8, 2001, ƒe Nyɔ! me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 25]

Gbedodoɖa Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò

● Nàwɔ nyametsotso nyuiwo

● Nàɖu wò gbɔgbɔ dzi le xaxaɣiwo

● Nàkpɔ gbɔdzɔe tso dzimaɖitsitsi me

● Nàte ɖe Mawu ŋu