Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amekae Nye Kristo ƒe Futɔ La?

Amekae Nye Kristo ƒe Futɔ La?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Amekae Nye Kristo ƒe Futɔ La?

“MIESE BE, KRISTO ƑE FUTƆ LA GBƆNA.”—YOHANES I, 2:18.

NUKAE nàwɔ ne woxlɔ̃ nu wò be adzoblasu vɔ̃ɖi aɖe gbɔna míaƒe nutoame? Àbia eƒe dzedzeme kple eƒe adzodada mɔnuwo ta se tsitotsito godoo. Ànɔ ŋudzɔ hã.

Nɔnɔme ma tɔgbe li egbea. Apostolo Yohanes xlɔ̃ nu mí kple eƒe nya siawo be: “Gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ, si meʋua Yesu me o la, metso Mawu gbɔ o; eye esia nye Kristo ƒe futɔ la ƒe gbɔgbɔ, si ŋkɔ míese bena, egbɔna, eye azɔ la ele xexeame xoxo.” (Yohanes , 4:3) Ðe Kristo ƒe futɔ, Mawu ƒe futɔ kple amewo blela, si nye ŋɔdzidonu na amegbetɔwo ƒe nyonyo aɖe lia?

Yohanes zã nya “Kristo ƒe futɔ” zi gbɔ zi atɔ̃ le eƒe agbalẽwo me. Esia fia ameha ɖedzesi aɖewo siwo tsi tre ɖe nusi Biblia fia le Yesu Kristo ŋu tsɔ kpe ɖe ameblela siwo flua ame be yewonye Kristo alo amesiwo wòdɔ ɖa la. Nyatakaka vavãtɔ si ku ɖe Kristo ƒe futɔ sia ŋu le Biblia me. Gake zi geɖe abe alesi wodzɔna le hlɔ̃dolawo gome ene la, ame geɖe trɔa to ɖe ameha siawo ƒe nyatakaka siwo ŋu kpeɖodzi gobi menɔna o ŋu wu nyateƒea.

Amesi Wònye Ŋuti Nufiafia Totro

Tso keke apostolo Yohanes ƒe ŋkekewo me ke la, amewo gblɔnɛ be Yohanes ƒe nya siwo ku ɖe Kristo ƒe futɔ sia ŋu tsi tre ɖi na ame ɖeka aɖe ko. Amewo kpɔ mɔ na ame ŋkuta vovovowo. Ƒe alafa aɖewo nye sia va yi la ame geɖewo susui be eyae nye Roma Fiagã Nero. Fuléle kple ŋɔdzinu gbogbo si Adolf Hitler wɔ na be amewo bui be eya enye Kristo ƒe futɔa. Wozã ŋkɔ ma kura gɔ̃ hã na Germany xexemenunyala Friedrich Nietzsche. Ke hã, ame bubu aɖewo xɔe se be Kristo ƒe futɔa anye dunyahela dzeaɖaŋu aɖe si gbɔna eye wòava aɖu xexeame dzi. Woxɔe se be lã wɔadã si ŋu nya wogblɔ le Nyaɖeɖefia ta 13 la nye nya si Yohanes gblɔ tẽ ku ɖe Kristo ƒe futɔa ŋu. Wogblɔnɛ be dzesi “666” anye nusi ade dzesi fia aʋafia gã aɖe si ahe vɔ̃ɖinyenye vɛ le etsɔme.

Amesiwo gblɔa nya siawo susui be ame ɖeka aɖe ŋu nya gblɔm Yohanes le. Gake nukae eƒe nyaawo fia? De ŋugble le Yohanes I, 2:18, ƒe nya ŋu kpɔ: “Abe alesi miese be, Kristo ƒe futɔ la gbɔna ene la, nenema ke Kristo ƒe futɔ geɖewo tsi tre azɔ.” Ẽ, “Kristo ƒe futɔ geɖewo,” menye ame ɖeka aɖe koe he gbɔgbɔ me tɔtɔtɔ va ƒe alafa gbãtɔ me o. Egbea hã, menye ame ɖekae o, ke boŋ futɔ geɖewoe ƒo ƒu nye Kristo ƒe futɔ ƒe ƒuƒoƒoa. Woƒo ƒu he gbegblẽ ƒu ameƒomea ƒe gbɔgbɔmemenyenye dzi. (Timoteo II, 3:1-5, 13) Amekawoe ƒo ƒu wɔ Kristo ƒe futɔ ƒe ƒuƒoƒoa?

Mina míatsɔ Nyaɖeɖefia 13 ƒe lãa be enye wo dometɔ ɖeka. Apostoloa ŋlɔ be: “Eye lã, si mekpɔ la, le abe lãkle ene, eye eƒe afɔwo le abe sisiblisi ƒe afɔwo ene, eye eƒe nu me le abe dzata ƒe nu ene.” (Nyaɖeɖefia 13:2) Nukae kpɔɖeŋu lã siawo tsi tre ɖi na?

Biblia nyala geɖewo de dzesi ƒomedodo si le Nyaɖeɖefia ta 13 kple Daniel ta 7 dome. Mawu na Daniel kpɔ ŋutega si me kpɔɖeŋu lã siwo nye lãkle, sisiblisi, kple dzata nɔ. (Daniel 7:2-6) Aleke Mawu ƒe nyagblɔɖila la ɖe wo mee? Èŋlɔ be lã wɔadã siawo nye kpɔɖeŋu na anyigba dzi fia, alo dziɖuɖuwo. (Daniel 7:17) Eyata míate ŋu aƒo nyata nunyatɔe be Nyaɖeɖefia ƒe lã wɔadã tsi tre ɖi na amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo. Esi dziɖuɖu siawo tsi tre ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu ta la, woawo hã nye Kristo ƒe futɔawo ƒe akpa aɖe.

Ameka Hãe Nye Kristo ƒe Futɔa ƒe Akpa Aɖe?

Esi Kristo, Mawu ƒe Vi la, nɔ anyigba dzi la futɔ geɖe nɔ eŋu. Togbɔ be fifia ele afisi womate ŋu aɖo ŋutɔŋutɔ o hã la, egbeŋkekea me tsitretsiɖeŋulawo le esi. De dzesi amesiwo le tsitretsiɖeŋula siawo dome.

Apostolo Yohanes gblɔ be: “Amekae nye aʋatsokala, ne menye amesi sẽ nu bena, Yesu menye Kristo o lae oa? Amesi ke gbe nu le Fofo la kple Vi la gbɔ la eyae nye Kristo ƒe futɔ la.” (Yohanes I, 2:22) Xɔsegbelawo kple alakpa tadeagulawo ƒe ŋgɔnɔlawo tɔtɔ Yesu ƒe nufiafia siwo me kɔ wòva zu beble si ɖe subɔsubɔhawo. Amesiawo gbea Biblia me nyateƒea eye wokakaa alakpanufiafiawo le Mawu kple Kristo ƒe ŋkɔ me. Esia wɔnɛ be wogbea ƒomedodo vavãtɔ si le Fofo la kple Vi la dome le woƒe Mawuɖekaetɔ̃ ƒe alakpanufiafia ta. Eyata woawo hã nye Kristo ƒe futɔawo ƒe akpa aɖe.

Yesu do ŋgɔ xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo le Luka 21:12 be: “Ke le nusiawo katã ŋgɔ la woaɖo woƒe asiwo mia dzi, eye woati mia yome, akplɔ mi ayi ɖe ƒuƒoƒowo kple gaxɔwo me . . . le nye ŋkɔ la ŋuti.” Tso ƒe alafa gbãtɔ me ke la, Kristotɔ vavãwo do dzi to yometiti si wohe va wodzi ŋutasesẽtɔe la me. (Timoteo. II, 3:12) Amesiwo daa megbe na nuwɔna siawo tsia tre ɖe Kristo ŋu. Woawo hã nye Kristo ƒe futɔa ƒe akpa aɖe.

“Amesi ke mele dzinye o la, eya tsi tre ɖe ŋunye; eye amesi ke meƒoa ƒu kplim o la, ekana hlẽna.” (Luka 11:23) Yesu ɖe eme le afisia be amesiwo tsi tre ɖe ye kple Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋu la zua Kristo ƒe futɔa ƒe akpa ɖe. Nukae anye woƒe nuwuwu?

Nukae Le Kristo ƒe Futɔwo Lalam?

Psalm 5:6 gblɔ be: “[Mawu tsrɔ̃a] aʋatsokalawo; Yehowa tsria hlɔ̃me kple alakpatɔ.” Ðe nya sia lɔ Kristo ƒe futɔwo ɖe emea? Ẽ. Apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Elabena ameblela geɖe, siwo meʋua me bena, Yesu Kristo va le ŋutilã me o la, do go yi ɖe xexeame. Esiae nye ameblela kple Kristo ƒe futɔ la.” (Yohanes. II, 7) Mawu Ŋusẽkatãtɔ ahe gbegblẽ ava Kristo ƒe futɔawo dzi le woƒe amebeble ta.

Esi ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo ma le ɖoɖom la, mele be nyateƒe Kristotɔwo naɖe mɔ Kristo ƒe futɔawo ƒe beble kple nyaƒoɖeamenuwo, vevietɔ esiwo tso xɔsegbelawo gbɔ nagbɔdzɔ woƒe xɔse o. Yohanes ƒe nuxlɔ̃ame sia le vevie be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bene miagabu dɔ, siwo miewɔ la o, ke boŋ fetu blibo nasu mia si.”—Yohanes II, 8.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 30]

Nero si dze le axa 2 kple 30: Courtesy of the Visitors of the Ashmolean Museum, Oxford