Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusiwo Gbɔ Fuléle Tsona

Nusiwo Gbɔ Fuléle Tsona

Nusiwo Gbɔ Fuléle Tsona

AMEGBETƆ ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze kee fuléle do mo ɖa zi gbãtɔ. Biblia me nuŋlɔɖi si le Mose I, 4:8 gblɔ be: “Eva ve me bena, esime wole gbe me la, Kain tso ɖe nɔvia Habel ŋuti, eye wòwui.” Biblia-ŋlɔla Yohanes bia be: “Eye nukaŋuti wòwui ɖo?” “Elabena eƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi, eye nɔvia tɔwo le dzɔdzɔe.” (Yohanes I, 3:12) Nusiwo gbɔ fuléle tsona dometɔ ɖeka si bɔ wue na wowu Habel: eyae nye ŋuʋaʋã. Lododowo 6:34 gblɔ be: “Ŋutsu ƒe dziku ɖe wòʋãa ŋu.” Egbea la, ŋuʋaʋã ɖe hadomeɖoƒe ƒe amesinɔnɔ, kesinɔnu, nunɔamesiwo, kple mɔnukpɔkpɔ bubuwo ta kpɔtɔ le dzre dem amewo dome.

Numanyamanya Kple Vɔvɔ̃

Gake nu geɖe siwo gbɔ fuléle tsona dometɔ ɖeka koe ŋuʋaʋã nye. Zi geɖe la, numanyamanya kple vɔvɔ̃ hã gbɔe fuléle tsona. Ðekakpui aɖe si le ƒuƒoƒo aɖe si lé fu ŋutigbalẽ bubu tɔwo heliheli me gblɔ be: “Mesrɔ̃ vɔvɔ̃ kura hafi va nya fuléle.” Numanyamanya gbɔe vɔvɔ̃ sia tsona zi geɖe. Le nya si The World Book Encyclopedia gblɔ nu la, nukpɔsusu aɖewo va nɔa nazãbulawo si “evɔ woŋea aɖaba ƒua kpeɖodzi siwo li dzi hafi kuna ɖe susu mawo ŋu. . . . Zi geɖe la, amesiwo bua nazã la troa nyateƒenya siwo tsi tre ɖe nukpɔsusu siwo le wo si xoxo la ŋu, wotrɔnɛ gbo, wogblɔnɛ bubui, heŋea aɖaba ƒua wo dzi gɔ̃ hã.”

Afikawoe wokpɔa nukpɔsusu siawo tsonɛ? Internet dzi nyatakakanaƒe aɖe gblɔ be: “Blemanyadzɔdzɔwo gbɔe wòtso be nukpɔsusu aɖewo va le nuto aɖewo me tɔwo si, gake nusiwo me mía ŋutɔwo míeto hã gbɔe susu totro geɖe siwo le mía si la tso.”

Le kpɔɖeŋu me le United States la, kluvisitsatsa de masɔmasɔ yevuwo kple amesiwo dzɔ tso Afrika dome—masɔmasɔ sia gali vaseɖe egbe. Zi geɖe la, dzilawo tsɔa ŋutigbalẽ bubu tɔwo ŋuti nukpɔsusu gbegblẽwo naa wo viwo. Yevu aɖe si ʋu eme be yelé fu ŋutigbalẽ bubu tɔwo gblɔ be nenemae wòdzɔ le ye gome hafi ŋutigbalẽ bubu tɔwo ŋuti seselelãme gbegblẽwo va su ye si “evɔ yemedo go ame yibɔwo le afi aɖeke kpɔ o.”

Azɔ ame aɖewo hã li siwo xɔe se be amesiwo to vovo na yewo la mele ɖeke me kura o. Ate ŋu anye be masɔmasɔ aɖe si dzɔ ɖe ame aɖe kple ŋutigbalẽ bubu tɔ aɖe alo nuto bubu me tɔ aɖe dome zi ɖeka pɛ ta koe nukpɔsusu sia su esi. Tso ema dzi ko la, wotsoa nya me zi ɖeka kpla be nɔnɔme manyomanyo mae le ameƒomevi mawo alo nuto ma me tɔ ɖesiaɖe si.

Ele eme baa be etɔa ŋku ŋutɔ ne nyee nyo wu ƒe nɔnɔme le ame ɖekaɖeka aɖewo me, gake ne wòxɔ aƒe ɖe dukɔ blibo alo ameƒomevi aɖewo me la, ate ŋu ahe ku vɛ. Susu si le amewo si be dukɔ si me yewo tso, yewoƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede, dekɔnu, alo gbegbɔgblɔ wɔe be yewole ŋgɔ na ame bubuwo la ate ŋu anyɔ nyee nyo wu ƒe seselelãme kple fuléle dutatɔwo alo dutanuwo ɖe wo me. Le ƒe alafa 20 lia me la, nyee nyo wu ƒe seselelãme ma dɔ amewo wowɔ ŋutasesẽnu zi geɖe.

Anyo be míanya be menye ŋutigbalẽ ƒe amadede alo dukɔ si me ame tso kokokoe nyɔa fuléle kple nyee nyo wu ƒe seselelãme ɖe amewo me o. Numekula Clark McCauley si le Pennsylvania Yunivɛsiti ŋlɔ be “amewo me mama ɖe hatsotso eve me dzro ko, ne wòanye gakue woda ɖe yame tsɔ dzidze nu gɔ̃ hã la, ema ɖeɖe sɔ gbɔ ate ŋu ana hatsotso ɖeka me tɔwo nabui be yewoe nyo wu.” Klass etɔ̃lia me nufiala aɖe wɔ nusia ƒe kpɔɖeŋu esime wònɔ numekuku tɔxɛ aɖe wɔm, ale be wòma eƒe klass me ɖe hatsotso eve me—sukuvi siwo ƒe ŋku ƒe amadede nye blɔ kple esiwo tɔ le hɛ̃. Eteƒe medidi hafi fuléle ɖo hatsotso evea dome o. Ne amewo ɖo ƒuƒoƒowo le esi kamedefefe hatsotso ɖeka aɖe dze wo ŋu dzaa ta hã la, wote ŋu wɔa ʋunyaʋunya.

Anyrawɔwɔ Siawo Katã Gɔme Ðe?

Gake nukatae amewo ɖea fuléle mawo ɖe go anyratɔe nenema zi geɖe? Numekulawo ku nya siawo me yi ŋgɔe gake susu aɖewo koe wodona ɖa kokoko. Clark McCauley ƒo numekuku siwo wòwɔ le amegbetɔ ƒe anyrawɔwɔ kple amedzidzedze ŋu ƒe nya gbogbo aɖewo nu ƒu. Numekukuawo dometɔ ɖeka me nya si wògblɔ la fia be “ŋutasẽnuwɔwɔ do ƒome kple aʋawɔwɔ kple aʋadziɖuɖu.” Numekulaawo kpɔe be “dukɔ siwo kpɔ gome le Xexemeʋa I kple Xexemeʋa II me, vevietɔ dukɔ siwo ɖu dzi le aʋa siawo me, va nɔ amewo wum wu tsã esi aʋaa ke.” Le nya si Biblia gblɔ nu la, míele aʋawɔwɔ ƒe ɣeyiɣi me. (Mateo 24:6) Ðe wòanye be aʋawɔwɔ mawo hã wɔ akpa aɖe ale be ŋutasesẽnuwɔna ƒomevi bubuwo dzi ɖe edzia?

Numekula bubuwo le numeɖeɖe si tso amegbetɔ ƒe dzɔdzɔme ŋu dim na amegbetɔ ƒe anyrawɔwɔ. Wote kpɔ gblɔ le numekuku aɖe me be anyranuwɔna ƒomevi aɖewo tso “susu me tsi si nye serotonin ƒe agbɔmasɔmasɔ” gbɔ. Susu bubu aɖe si wodo ɖa wòde du enye be anyranuwɔna be ɖe míaƒe domenyiŋusẽmenugbagbeviwo me. Dunyaheheŋutinunyala aɖe gblɔ be “anye be ɖe wode [fuléle] ƒe akpa gã aɖe ame me tso dzɔdzɔme gɔ̃ hã.”

Biblia ŋutɔ gblɔ be wotsɔ nɔnɔme baɖawo dzi amegbetɔ madeblibowoe eye gbegblẽƒewo le wo ŋu. (Mose I, 6:5; Mose V, 32:5) Ele eme baa be nya mawo ku ɖe amegbetɔwo katã ŋu ya. Gake menye amegbetɔwo katãe léa fu ame bubuwo susumanɔmee o. Ðeko wosrɔ̃nɛ hafi. Susuŋutinunyala Gordon W. Allport si wonya nyuie gblɔ be ‘dzesi boo aɖeke medzena le vidzĩwo ŋu be ŋutasẽnuwɔwɔ ƒe gbɔgbɔ le wo me o. Susu nyui le vidzĩwo si, wotena ɖe nusianu kloe ŋu, ameƒomevi ɖesiaɖe ko.’ Nusiwo ŋu woke ɖo alea ɖo kpe edzi be ŋutasẽnuwɔwɔ, nazãbubu, kple fuléle nye nɔnɔme siwo wosrɔ̃na koŋ! Alesi wòdze ƒã be amegbetɔwo te ŋu srɔ̃a fulélee la nye nusi zãm fuléle fialawo le kple ŋkubiã.

Togbegblẽ na Amewo

Amesiwo xɔ ŋgɔ le nusia wɔwɔ mee nye fuléle hatsotsowo abe Nazi dzidela takolikoliwo kple Ku Klux Klan ƒe ŋgɔnɔlawo. Zi geɖe la, hatsotso siawo me tɔwo tɔa ŋku sɔhɛ siwo tso ƒome gbagbãwo me eye wote ŋu blea wo nu bɔbɔe ale be wohea wo dea woƒe ha me. Sɔhɛ siwo bunɛ be yewo nye amemanɔsitɔwo eye be yewomeɖi naneke o la ate ŋu asusui be fuléle habɔbɔwo me nɔnɔ ana yewoase le yewo ɖokui me be ame le yewo ŋu.

Internet hã nye dɔwɔnu sẽŋu aɖe si ame aɖewo zã tsɔ nyɔ fuléle ɖe amewo me. Le akɔnta si wobu nyitsɔ laa nu la, Nyadzraɖoƒe siwo dea fuléle ƒe dzi ƒo 1,000 sɔŋ ye le Internet dzi. The Economist magazine gblɔ be amesi tɔe Nyadzraɖoƒeawo dometɔ ɖeka nye la gblɔ dadatɔe be: “Internet na mɔnukpɔkpɔ su mía si be míegblɔ míaƒe nukpɔsusu na ame akpe alafa geɖe.” Eƒe Nyadzraɖoƒea ƒe akpa aɖe nye “Ðeviwo ƒe Nyatakakakpɔƒe.”

Ne ƒewuiviwo le haƒoƒowo dim le Internet dzi la, woate ŋu ava ke ɖe mɔfianu si akplɔ wo ayi Nyadzraɖoƒe bubu gbɔe bene woaɖe hadzidzi siwo dea fuléle ƒe dzi ƒo le afima. Zi geɖe la, ha siawo ɖina sesĩe henɔa gbodogbodo, eye nya siwo nu sẽ nɔa wo me siwo fiana be woalé fu ŋutigbalẽ bubu tɔwo. Azɔ Nyadzraɖoƒe siawo hã fiaa mɔ yia Internet dzi nyatakakanahawo, dzeɖohawo, alo nyadzraɖoƒe bubu siwo dea fuléle ƒe dzi ƒo gbɔ.

Teƒe tɔxɛwo le Nyadzraɖoƒe siwo dea fuléle ƒe dzi ƒo dometɔ aɖewo siwo fefewo kple wɔnawo le na sɔhɛwo. Nyadzraɖoƒe aɖe si de Nazitɔnyenye dzi te kpɔ zã Biblia be yeatsɔ aʋli fuléle ŋutigbalẽ bubu tɔwo kple Yudatɔwo tae. Ƒuƒoƒoa wɔ nyatakakakpɔƒe si nyawo ɖoɖo ƒe dodokpɔwo le siwo me nya aɖewo fia fuléle ŋutigbalẽ bubu tɔwo. Nukae nye eƒe taɖodzinu? “Be wòakpe ɖe yevuvi sɔhɛwo ŋu be woase míaƒe ʋiʋliwo gɔme.”

Gake menye amesiwo dea fuléle ƒe dzi ƒo katãe le habɔbɔ siwo wɔa nu wɔmoya nenema me o. Hadomegbenɔnɔŋutinunyala aɖe si ŋlɔ nu tso aʋa siwo wowɔ nyitsɔ laa le Balkan-nutowo me ŋu gblɔ le nuŋlɔla kple dumegã bubume aɖewo ŋu be: “Nye nu ku esi mekpɔ be [wozãa nuŋɔŋlɔ ƒe] atsyã aɖe ƒomevi si nyɔa dzodzro ɖigbɔtɔ kekeake ɖe wo deviwo me, si nyɔa fuléle sesẽ ɖe wo me, esi flua tagbɔ na wo henaa womegabua nuwɔna aɖeke be egblẽ o . . . , eye wotrɔa gbo nuwo.”

Mele be míaŋe aɖaba aƒu akpa si subɔsubɔhakplɔlawo wɔna le nya sia me dzi o. Agbalẽŋlɔla James A. Haught gblɔ nya wɔmoya sia le eƒe agbalẽ si nye Holy Hatred: Religious Conflicts of the ‘90’s me be: “Nusi wɔ mo yaa ŋutɔ le ƒe 1990-awo mee nye be mawusubɔsubɔ gbɔe fuléle, aʋawɔwɔ, kple ŋɔdzidoname tso wu—evɔ eyae wobu be ana amegbetɔ nanyo dɔme ahaɖe ɖetsɔleme afia hafi.”

Eyata míekpɔe be nusiwo gbɔ fuléle tso sɔ gbɔ eye wo gɔme menya le sesem o. Ðe wòfia be mɔ aɖeke meli na ameƒomea be woato edzi adzudzɔ fulélenu siwo wòwɔ va yi movitɔe la wɔwɔ ake oa? Ðe nane li woate ŋu awɔ le ame ɖekaɖekawo ŋu kple le xexeame godoo atsɔ aɖu nugɔmemasemase, numanyamanya, kple vɔvɔ̃ si hea fuléle vɛ dzia?

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

Nazãbubu kple fuléle nye nɔnɔme siwo wosrɔ̃na!

[Nɔnɔmetata si le axa 4, 5]

Womedzi mí kple . . .

. . . fuléle kpakple nyee nyo wu ƒe seselelãmewo o

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Fuléle habɔbɔwo le Internet zãm tsɔ le sɔhɛwo hem de woƒe hawo me

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Mawusubɔsubɔ de dzre amewo dome zi geɖe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

AP Photo