Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Mawu Da Asi Ðe Kluvisitsatsa Dzia?

Ðe Mawu Da Asi Ðe Kluvisitsatsa Dzia?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Mawu Da Asi Ðe Kluvisitsatsa Dzia?

AMEYIBƆ siwo te fifia vlevlevle la xa gobaa eye wonɔ afɔ tem anyi ɖɔɖɔɖɔ esime ɖetigba gã siwo wu tsɔtsɔ la nɔ dzime na wo wotsɔ nɔ meli liamee. Dzikpɔla ŋutasẽlawo tsɔ atam siwo wotsɔ ayi wɔe la nɔ wo nyãm ɖe nu. Woxɔ ɖevi siwo ƒe ɣli nɔ ɖiɖim sesĩe le wo dada siwo nɔ avi dzi la si tsɔ dzra le dutoƒo na amesiwo lɔ̃ be yewoana ga gbogbotɔ ɖe wo ta. Ðewohĩ nu dziŋɔ siawoe vaa susu me wò ne wò susu yi kluvinyenye dzi.

Nusi wɔ mo ya enye be wogblɔ be kluvisitsala kple kluviƒlela geɖe nye amesiwo ƒo wo ɖokui ɖe mawusubɔsubɔ me vevie. Ŋutinyaŋlɔla James Walvin ŋlɔ be: “Europatɔ kple Amerikatɔ siawo tɔgbe alafa geɖe nɔ anyi, amesiwo kafu Aƒetɔ la ɖe eƒe yayra ta, eye woda akpe be yewoƒe asitsatsa le Afrika kpɔ dzidzedze henɔ dedie esime woku woƒe kluvimeliwo hetso atsiaƒua ɖo ta Xexe Yeyea me.”

Ame aɖewo gblɔ kakaɖedzitɔe gɔ̃ hã be Mawu da asi ɖe kluvisitsatsa dzi. Le kpɔɖeŋu me, esime Alexander McCaine nɔ nu ƒom na Methodist Kple Protestant Sɔlemeha ƒe Aɖaŋuɖotakpekpe Gã le ƒe 1842 me la, egblɔ be kluvinyenye nye “Mawu ŋutɔ ƒe nuɖoanyi.” Ðe McCaine ƒe nyaa nye nyateƒea? Ðe Mawu da asi ɖe nyɔnuviwo léle kple wo gbɔ dɔdɔ sesẽe, ƒomewo me mama ŋutasesẽtɔe, kple ameƒoƒo anyrawɔwɔtɔe siwo katã yi edzi le kluvisitsatsa me le McCaine ƒe ŋkekea me la dzia? Eye ame miliɔn geɖe siwo dzi wozi be woanɔ agbe ahawɔ dɔ abe kluviwo ene le nɔnɔme dziŋɔwo me egbea hã ɖe? Ðe Mawu da asi ɖe ŋutasẽnu siawo wɔwɔ dzia?

Kluvinyenye le Israel-viwo Ŋɔli

Biblia gblɔ be “amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” (Nyagblɔla 8:9) Ðewohĩ nya sia ƒe nyateƒenyenye megadze le teƒe aɖeke nyuie wu le kluvinyenye ƒe ameteteɖeanyi siwo amegbetɔwo to vɛ me o. Yehowa Mawu meŋe aɖaba ƒu fukpekpe siwo kluvinyenye he vɛ dzi o.

Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le nɔnɔme si me Israel-viwo nɔ ŋu kpɔ. Biblia gblɔ na mí be Egiptetɔwo na be “dɔ sesẽ wɔwɔ na agbenɔnɔ ti wo; wonyã anyi, mè anyikpe, eye wowɔ agbledɔ ƒomevi vovovo, siwo wozi wo dzi nublanuitɔe de asi na wo.” Israel-viwo “fa konyi le woƒe dɔ sesẽ la ŋu, eye wodo ɣli. Eye woƒe ɣli, si wodo, be woavo tso woƒe dɔ sesẽa me la, de Mawu gbɔ.” Ðe Yehowa ŋe aɖaba ƒu woƒe fukpekpea dzia? Kura o, elabena “Mawu se woƒe konyifafa, eye wòɖo ŋku nu, si wòbla kple Abraham, Isak kple Yakob la dzi.” Hekpe ɖe eŋu la, Yehowa gblɔ na eƒe amewo be: “Makplɔ mi le dɔ sesẽ, si wɔm miele na Egiptetɔwo la nu, eye mana miavo atso miaƒe kluvidɔ la me.”—Mose II, 1:14; 2:23, 24; 6:6-8.

Edze ƒã be Yehowa meda asi ɖe alesi ‘amegbetɔ ɖua ehavi dzi’ le kluvinyenye ƒe ŋutasẽnuwɔna me dzi o. Gake ɖe Mawu meɖe mɔ emegbe be kluvinyenye nɔ eƒe amewo dome oa? Ẽ, eɖee. Gake kluvinyenye si nɔ anyi le Israel la to vovo kura na kluvinyenye ƒe ameteteɖeanyi ƒomevi siwo yi edzi le ŋutinya me katã.

Mawu ƒe Se gblɔ be woatsɔ ku ahe toe na amesi lé ame sesẽe dzra la. Hekpe ɖe eŋu la, Yehowa na mɔfiamewo be woatsɔ akpɔ kluviwo tae. Le kpɔɖeŋu me, ne aƒetɔ aɖe wɔ nuvevi eƒe kluvi la, ele be wòaɖe asi le eŋu wòanɔ eɖokui si. Ne aƒetɔ aɖe ƒo eƒe kluvi wòku la, woate ŋu awu eya hã. Nyɔnu aboyomewo ate ŋu azu kluviwo loo alo woate ŋu aɖe wo woazu wo srɔ̃wo. Gake mele be woazã wo ko na kɔɖiɖi na gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo o. Nufiame siwo le Sea me ana Israel-vi siwo si dzi nyui le nawɔ nu ɖe woƒe kluviwo ŋu le bubu kple dɔmenyo me, abe alesi woawɔe ɖe amesiwo woxɔ be woawɔ dɔ na yewo ŋui ene.—Mose II, 20:10; 21:12, 16, 26, 27; Mose III, 22:10, 11; Mose V, 21:10-14.

Yudatɔ aɖewo ŋutɔ tsɔ wo ɖokui de kluvinyenye me faa na wo hati Yudatɔwo be woate ŋu axe fe si wonyi. Nuwɔna sia kpɔ amewo ta be dɔ mewu wo woku o eye wòte ŋu na ame geɖe kpɔ gbɔdzɔe tso ahedada me. Hekpe ɖe eŋu la, le Yudatɔwo ƒe ɣletigbalẽ ƒe ɣeyiɣi tɔxɛ aɖewo dzi la, ele be woaɖe asi le kluviwo ŋu woadzo faa ne woawo ŋutɔ lɔ̃. * (Mose II, 21:2; Mose III, 25:10; Mose V, 15:12) Esi Yudatɔ agbalẽnyala Moses Mielziner nɔ nu ƒom tso se siawo siwo ku ɖe kluviwo ŋu la, egblɔ be “wobua kluvi amegbetɔe ɣesiaɣi, wowɔa nu ɖe eŋu abe ame ene, enye amesi si amegbetɔwo ƒe dzɔdzɔme gomenɔamesi aɖewo le, eye eƒe aƒetɔ gɔ̃ hã mekpɔ mɔ agbɔ eŋu o.” Vovototo gã kae nye si le esia kple ŋutasẽnuwɔwɔ ƒe kluvinyenye ŋu nya gbegblẽ si le ŋutinya me nuŋlɔɖiwo me la dome!

Kluvinyenye le Kristotɔwo Ŋɔli

Kluvinyenye nɔ anyi le Roma Fiaɖuƒe si te ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo nɔ la ƒe gakpɔmɔnuwo me. Eyata Kristotɔ aɖewo nye kluviwo eye kluviwo nɔ wo dometɔ aɖewo hã si. (Korintotɔwo I, 7:21, 22) Gake ɖe esia fia be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo sẽ ŋuta le woƒe kluviwo ŋua? Kura o! Nuka ke ŋue Romatɔwo ƒe se ɖe mɔ le be woawɔ o, míate ŋu aka ɖe edzi be Kristotɔwo mesẽ ŋuta le amesiwo nɔ woƒe dzikpɔkpɔ te ŋu o. Apostolo Paulo de dzi ƒo na Filemon gɔ̃ hã be wòawɔ nu ɖe eƒe kluvi Onesimo ŋu abe “nɔvi” ene. *Filemon 10-17.

Naneke mele Biblia me si fia be amegbetɔ ƒe ehavi amegbetɔ wɔwɔ kluvii la nye Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖo na ameƒomea ƒe akpa aɖe o. Gawu la, Biblia ƒe nyagblɔɖi aɖeke meli si fia be amegbetɔ aɖe azu nɔvia amegbetɔ tɔ le kluvinyenye me le Mawu ƒe xexe yeyea me o. Ke boŋ le Paradiso si gbɔna me la, ame dzɔdzɔewo “dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te, eye ame aɖeke mado voɖi na wo o.”—Mixa 4:4, NW.

Edze ƒã be Biblia meda asi ɖe ŋutasesẽ le ame bubuwo ŋu dzi le mɔ aɖeke nu o. Ðe wòde dzi ƒo be bubu kple tasɔsɔ nanɔ amegbetɔwo dome boŋ. (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Exlɔ̃ nu amewo be woawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu abe alesi woadi be woawɔe ɖe yewo ŋui ene. (Luka 6:31) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia de dzi ƒo na Kristotɔwo be ɖoƒe ka ke ɖale wo si le hadome o, woatsɔ ɖokuibɔbɔ abu wo haviwo gãe wu woawo ŋutɔ ɖokui. (Filipitɔwo 2:3) Kluvinyenye me ŋutasẽnuwɔna siwo yi edzi le dukɔ geɖe me, vevietɔ le ƒe alafa siwo va yi nyitsɔ laa me, la mewɔ ɖeka kple gɔmeɖose siawo kura le mɔ aɖeke nu o.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 11 Esi wònye be mɔɖeɖe li be Israel-viwo ƒe kluviwo ate ŋu atiae be yewoakpɔtɔ anɔ yewoƒe aƒetɔ gbɔ la ɖee fia kɔte be menye kluvinyenye si me ŋutasẽnuwɔwɔ nɔ lae wònye o.

^ mm. 13 Nenema ke egbea Kristotɔ aɖewo xɔ amewo ɖe dɔ me eye bubuwo nye amesiwo woxɔ ɖe dɔ me. Abe alesi Kristotɔ si xɔ amewo ɖe dɔ me masẽ ŋuta le amesiwo le ete ŋu o ene la, nenema ke Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me awɔ nu ɖe woƒe subɔviwo ŋu wòasɔ ɖe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo nu.—Mateo 7:12.