Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋɔdzinu ƒe Fuɖename Emegbe—Dɔ Kae Wònye?

Ŋɔdzinu ƒe Fuɖename Emegbe—Dɔ Kae Wònye?

Ŋɔdzinu ƒe Fuɖename Emegbe—Dɔ Kae Wònye?

ƑE AÐEWO va yi la, woyɔa ŋɔdzinu ƒe fuɖename emegbe be aʋadegbɔlawo ƒe susutɔtɔdɔ eye asrafo siwo de aʋa kpɔ gbɔe wosrɔ̃a nu tso dɔ sia ŋu le. Egbea megale nenema le go geɖe me o. Menye asrafo koe nànye hafi woakpɔ dɔ sia le ŋuwò o. Ne ènya to nu dziŋɔ aɖe me kpɔ ko la, woate ŋu akpɔe le ŋuwò.

Nudzɔdzɔa ate ŋu anye aʋa ƒe dzɔdzɔ loo, amegbɔdɔdɔ sesẽe loo, alo ʋufɔku ƒe dzɔdzɔ, nusianu ko. Ale United States Dukɔa ƒe Ŋɔdzinu ƒe Fuɖename Emegbe Ŋuti Nusrɔ̃ƒe gblɔ le eŋue nye si: “Ne nu dziŋɔ dzɔ ɖe ame dzi hafi koe woate ŋu akpɔ ŋɔdzinu ƒe fuɖename emegbe dɔ le eŋu.” Eye “ele be [nu dziŋɔ sia] nanye nuvevi aɖe si wowɔ amea ŊUTƆŊUTƆ alo esi wodi be woawɔe.”

Jane, amesi ƒe nya míegblɔ le nyati si va yi me gblɔ be: “Mekpɔe be ne nu tso dzika ƒo na ame aɖe kpata la, enana be ame ƒe ŋutilã dzaa lãmetsi gbogbo aɖe ɖe lãme na ame, eye lãmetsi siawo naa wonɔa ŋudzɔ ale gbegbe ɖe afɔku ŋu. Le ɖoɖoa nu la, lãmetsiawo gaɖoa woƒe nɔnɔ ne afɔkua nu va yi, gake agbɔsɔsɔme gbogbo si dza ɖe lãme na amesiwo ŋɔdzinua gaɖea fu na emegbe la tsia lãme na woawo ya.” Nusi dzɔ la dzɔ va yi xoxo, gake vɔvɔ̃ si ɖo lãme na Jane la gbe dzodzo le susu me nɛ, abe xɔhayala aɖe si wogblɔ na be wòadzo gake wòagbe ʋuʋu ene.

Ne nu dziŋɔ aɖe dzɔ ɖe dziwò kpɔ eye nusiawo tɔgbe va le dzɔdzɔm ɖe dziwò fifia la, ele vevie be nànyae be menye ye ɖeɖe dzi koe nusia le dzɔdzɔm ɖo o. Agbalẽŋlɔla Linda E. Ledray ɖe nu me le agbalẽ aɖe si wòŋlɔ tso amegbɔdɔdɔ sesẽe ŋu me be ŋɔdzinu ƒe fuɖename emegbe “nye nudzɔdzɔ si sɔ le dzɔdzɔme nu si wokpɔna le amesiwo ƒe susu ŋu naneke megblẽ le o gake nu tsodzikaƒoname aɖe si ŋu womate ŋu awɔ naneke le o dzɔ ɖe wo dzi kpɔ la ŋu.”

Ke hã gbɔgblɔ be ŋɔdzinu ƒe fuɖeɖe na ame emegbe sɔ le dzɔdzɔme nu mefia be anɔ fuɖeɖe dzi na amesiame si dzi nu tsodzikaƒoname aɖe dzɔ ɖo kpɔ o. Ledray gblɔ be: “Wokpɔ le numekuku aɖe si wowɔ le ƒe 1992 me le amesiwo gbɔ wodɔ sesẽe ŋu me be le wo gbɔ dɔdɔ kwasiɖa ɖeka megbe la, ŋɔdzinu ƒe fuɖename emegbe ƒe dzesiwo dze le wo dometɔ 94 le alafa me ŋu eye le kwasiɖa wuieve megbe la, eganɔ wo dometɔ 47 le alafa me ŋu. Ŋɔdzinu ƒe fuɖename emegbe ƒe dzesiwo ganɔ nyɔnu siwo gbɔ wokpɔ le Amesiwo Gbɔ Wodɔ Sesẽe ƒe Kpekpeɖeŋunana Dɔwɔƒe le Minneapolis le ƒe 1993 me la ƒe afã ŋu kokoko le wo gbɔ dɔdɔ sesẽe ƒe ɖeka megbe.”

Akɔntabubu mawo fia be ŋɔdzinu ƒe fuɖename bɔ, ebɔ wu alesi ame akpa gãtɔ susunɛ kura. Eye edzea ame ƒomevi ɖesiaɖe dzi le afɔku vovovowo ƒe dzɔdzɔ ɖe wo dzi vɔ megbe. Agbalẽŋlɔla Alexander C. McFarlane kple Lars Weisaeth gblɔ be: “Numekuku siwo wowɔ yeyee fia be ŋɔdzinuwo dzɔna ɖe dukɔmeviwo dzi le ŋutifafa ɣeyiɣiwo me, eye edzɔna ɖe asrafowo kple amesiwo kpe fu le aʋa me hã dzi, eye ŋɔdzinu ƒe fuɖename emegbe dɔ dzea amesiwo toa nusiawo siwo dzɔna edziedzi me la dometɔ geɖe dzi.” Atikewɔwɔ ƒe mɔnu aɖewo alo dzidɔ gɔ̃ hã na ŋɔdzi léa ame aɖewo emegbe.

Agbalẽŋlɔla siawo ɖe nu me be “ŋɔdzinu ƒe fuɖename emegbe va zu dɔ si bɔ ŋutɔ.” Wogagblɔ yi edzi be: “Esi wotia Amerika ƒewuivi 1,245 tatata eye woku nu me le wo ŋu la, wokpɔe be wowɔ ŋɔdzinu ɖe wo dometɔ 23 le alafa me ŋu alo wodɔ wo gbɔ sesẽe, eye amesiawo kpɔ eteƒe hã esi wowɔ ŋɔdzinuwo ɖe ame bubuwo ŋu. Le ƒewuivi siwo to nusiawo me dometɔ atɔ̃ ɖesiaɖe me la, ŋɔdzinua le fu ɖem na ɖeka emegbe. Efia be ŋɔdzinu ƒe fuɖename emegbe le United States sɔhɛ siwo ade 1,070,000 ŋu fifia.”

Ne akɔntabubu ma sɔ la, ke efia be le dukɔ ɖeka ko me la, ƒewuivi gbogbo aɖee nye ma le dɔ sia lém! Nukae woate ŋu awɔ na ame mawo, kpakple ame miliɔn gbogbo siwo le elém le xexeame godoo?

Nukae Woate Ŋu Awɔ na Wo?

Ne ewɔ na wò be ŋɔdzinu ƒe fuɖename emegbe le ye ŋu alo ele fu ɖem na ame bubu aɖe si yenya la, ke eŋuti ɖaŋuɖoɖo aɖewoe nye si.

Dze agbagba gbɔgbɔmenuwo wɔwɔ ƒe ɖoɖo nanɔ asiwò. Jane ɖe nu me be: “Medea kpekpeawo le míaƒe Fiaɖuƒe Akpata me ɣesiaɣi. Ne nye susu mete ŋu le nya si gblɔm wole ŋu o hã la, menyae be afimae Yehowa Mawu di be manɔ. Hamea me tɔwo ɖe lɔlɔ̃ fia eye wotum ɖo ale gbegbe, eye woƒe ɖetsɔtsɔ le eme nam kpe ɖe ŋunye ŋutɔ le nye xaxa bliboa me.” Jane gblɔ kpee be: “Psalmowo xexlẽ hã kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Le mɔ aɖe nu la, amesiwo to xaxawo me ƒe gbedodoɖawo ƒoa nu ɖe nunye. Ne nyemete ŋu gblɔ nusi medi be magblɔ le gbedodoɖa me o la, mete ŋu lɔ̃na ɖe nuxexlẽa dzi ko be ‘Amen.’”

Mègagbe dzi dede ƒo na amesi le dɔa lém o. Ne wò ame aɖe ƒe ŋku nɔa ŋɔdzinu aɖe si me wòto dzi eye wòle avu wɔm kple seselelãme sia la, se egɔme nɛ be menye ɖe wòle nusi gbɔ eme wɔm alo ɖe wòɖoe koŋ be yeƒe nya dzi nasẽ o. Le seselelãme ƒe tɔtɔ, dzodzodzoetsitsi, alo dziku ta la, ɖewohĩ mate ŋu axɔ agbagba siwo dzem nèle be yeakpe ɖe eŋu la abe alesi nèdii ene o. Gake mègana ta o! Abe alesi Biblia gblɔe ene la, “xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.”—Lododowo 17:17.

Ele be dɔa léla nade dzesi kuxia gbɔ kpɔkpɔ ƒe mɔnu siwo me nunya mele o, siwo gahea kuxi bubuwo vɛ, eye wòatsri wo. Wo dometɔ aɖewoe nye atikevɔ̃ɖizazã kple ahatsunono. Togbɔ be aha kple atikevɔ̃ɖiwo ana wòawɔ abe ɖe nèkpɔ gbɔdzɔe vie ene hã la, ɖeko wonaa nuwo gasẽna ɖe edzi le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe. Zi geɖe la, wonaa woɖea ame ɖokui ɖe aga, wogbea amesiwo di be yewoakpe ɖe ame ŋu la ƒe kpekpeɖeŋu xɔxɔ, wonaa wotsoa hloloe wògbɔa eme, wokpɔa dziku kaɖikaɖi, woɖua nutsu alo wotsoa nuɖuɖu dzi na ame ɖokui wògbɔa eme, alo wowɔa nu bubu siwo gblẽa nu le wo ɖokui ŋu vevie.

Bia kpekpeɖeŋu tso ɖɔkta aɖe si nya nu nyuie tso dɔa ŋu gbɔ. Ðewohĩ menye ŋɔdzinu ƒe fuɖename emegbe dɔ ye le amea ŋu o, gake ne eganye eyae hã la, eƒe atike nyuiwo li woawɔ nɛ. * Ne atikenyalawo le atike wɔm na wò la, ke zɔ ɖe atikewɔɖoɖo si woawɔ na wò la dzi pɛpɛpɛ eye nàbia be woakpe ɖe ye ŋu yeaɖu nɔnɔme siwo ŋu míeƒo nu le va yi dometɔ ɖesiaɖe dzi.

Nenɔ susu me na wò be: Zi geɖe la, abi siwo woxɔ ɖe ŋutilã ŋue kana ɖe eme gbã, gake ŋɔdzinu ƒe fuɖename emegbe ƒe fukpelawo te ŋu xɔa abi le mɔ vovovo nu le ŋutilã, susu, kple gbɔgbɔ me. Nyati si kplɔe ɖo agagblɔ nya bubuwo tso alesi dɔa dzela kple egbɔnɔlawo ate ŋu awɔ akpa aɖe le amea ƒe hayahaya me ŋu eye míaƒo nu tso mɔkpɔkpɔ si li na amesiwo katã ŋɔdzinu le fu ɖem na emegbe ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 15 Yehowa Ðasefowo medea atike ƒomevi aɖe koŋ wɔwɔ alo tagbɔdɔdadamɔnu aɖe koŋ zazã ƒe dzi ƒo na ame alo kafunɛ na ame o.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 22]

Ŋɔdzinu ƒe Fuɖename Emegbe ƒe Dzesiwo

Dzikatsoƒoenuawo gavaa susu me na ame geɖe siwo dzi ŋɔdzinuwo dzɔ ɖo va yi. Zi geɖe la, amesiwo dzi nua dzɔ ɖo mete ŋu gbea ŋkuɖoɖo edzi alo ɖua edzi ne eva susu me na wo o. Fu siwo wòwɔa wo ƒe ɖewo ate ŋu anye:

• Nudzɔdzɔ bliboa kpɔkpɔ le susu me—awɔ na amea abe ɖe nua gale dzɔdzɔm ake ene

• Drɔ̃e baɖabaɖawo kple drɔ̃e dziŋɔwo kuku

• Dzodzo hahã ne wose ɣli aɖe alo ne ame aɖe zɔ to wo megbe va lili wo

• Ame ƒe lãme ƒe ƒoƒo kple fifiaƒoɖeameŋu

• Woƒe dzi lãna kpo alo gbɔgbɔ sesẽna na wo

• Wotɔtɔna ne nane si wokpɔ, wose, alo si ŋu woka asii alo wose eƒe ʋeʋẽ alo ɖɔ nane kpɔ ɖo ŋku ŋɔdzinua dzi na wo

• Dzodzodzoetsitsi alo vɔvɔ̃—kple susu be afɔku ma ke gale dzɔdzɔ ge ɖe ye dzi

• Esesẽna na wo be woaɖu woƒe seselelãmewo dzi le esi nusiwo ɖoa ŋku edzi na wo wɔnɛ be enumake wotsia dzodzodzoe, dzi kua wo, alo wònaa wotɔtɔna ta

• Esesẽna na ame be ame ƒe susu nanɔ nu ŋu alo be woabu tame nyuie

• Esesẽna be woage ɖe alɔ̃ me alo adɔ alɔ̃ ayi eme

• Mavomavo le ame ɖokui me kple ŋudzɔnɔnɔ ɣesiaɣi ɖe afɔku ƒe dzɔdzɔ ŋu

• Ðekematsɔmatsɔ le nuwo me

• Esesẽna na amea be wòalɔ̃ ame alo seselelãme sẽŋu nanɔ eme na ame

• Sese le ame ɖokui me abe teƒe saga aɖee wole alo ɖe menye afisi wonya tsãe wole o ene

• Vivimadomado ɖe nusiwo dzɔa dzi na ame tsã ŋu

• Esesẽna na ame be wòaɖo ŋku ŋɔdzinu si dzɔ la ƒe akpa veviwo dzi

• Ewɔna na ame abe ɖe woɖe aga tso amesiwo le ame gbɔ kple nusiwo le dzɔdzɔm ɖe amewo dzi la gbɔ ene

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Ŋɔdzinu hamehame ate ŋu ana ŋɔdzi nanɔ ame lém emegbe