Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋɔdzinudzɔɖeamedziwo Nu Ava Yi!

Ŋɔdzinudzɔɖeamedziwo Nu Ava Yi!

Ŋɔdzinudzɔɖeamedziwo Nu Ava Yi!

ÐEWOHĨ asrafo si de aʋa kpɔe nènye eye drɔ̃e dziŋɔwo kple ŋɔdzinu siwo vaa susu me na wò naa wòwɔna na wò abe ɖe aʋaa meke haɖe o ene. Ðewohĩ tagbɔsesẽnu aɖee wowɔ ɖe ŋuwò, abe ɖewohĩ wodɔ gbɔwò sesẽe eye wòwɔna na wò abe ɖe wò ametia ƒe akpa aɖe ku le nudzɔdzɔ dziŋɔ ma me ene. Alo ate ŋu anye be wò ame vevi aɖe ku le dzɔdzɔmefɔku alo afɔku aɖe me eye amea ƒe anyimanɔmanɔ nye vevesese si wu gbɔgblɔ na wò.

Èbiaa ɖokuiwò se be ɖe yeƒe seselelãmewo ate ŋu atrɔa? Míate ŋu aɖo eŋu kakaɖedzitɔe be: Ẽ, woate ŋu atrɔ! Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, amesiwo katã le ŋɔdzinu siwo me woto ƒe fu kpem la ate ŋu akpɔ akɔfafa le Mawu ƒe Nya Biblia la me.

Wokpe Ðe Eŋu Wòdo Dzi le Ŋɔdzinudzɔɖeamedziwo Me

Anye ƒe akpe eve kloe nye sia la, nu dziŋɔ siwo me woate ŋu atsi dzɔ ɖe apostolo Paulo dzi. Wokpɔ nya siwo wòŋlɔ tso nusiawo dometɔ aɖewo ŋu ta wòle Biblia me. Paulo ŋlɔ be: “Nɔviwo, míele didim be, míaƒe xaxa, si míekpɔ le Asia la, nanɔ manyamanya na mi o, bena wowɔ fu mí geɖe ŋutɔ, wu alesi míete ŋu kpee, ale gbegbe be, míetsi dzodzodzoe keŋ le míaƒe agbe ŋuti. Ẽ, mía ŋutɔwo míeɖo kpe dzi le mía ɖokui me bena, míele kuku ge.”—Korintotɔwo II, 1:8, 9.

Togbɔ be míenya nusi tututu dzɔ ɣemaɣi o hã la, ɖikekemanɔmee la, enye ŋɔdzinu. (Korintotɔwo II, 11:23-27) Aleke Paulo wɔ nɔ te ɖe enu?

Esi wònɔ fu siwo wòkpe le Asia ŋu nya gblɔm la, eŋlɔ be: ‘Woakafu Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, si nye dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu la, amesi fa akɔ na mí le míaƒe xaxa blibo la katã me, bene míawo hã míate ŋu atsɔ akɔfafa, si Mawu tsɔ fa akɔ na mí la, afa akɔ na amesiwo kpea fu sia fu la.’—Korintotɔwo II, 1:3, 4.

Ẽ, kpekpeɖeŋu ate ŋu atso “dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu” la gbɔ na amesiwo dzi ŋɔdzinuwo dzɔ ɖo. Aleke nàwɔ akpɔ akɔfafa ma?

Alesi Nàwɔ Axɔ Kpekpeɖeŋu

Gbã—bia kpekpeɖeŋu. Ne ewɔ na wò be yemegasea seselelãme aɖeke o la, ke ɖo ŋku edzi be menye ye ɖeɖe dzie wòdzɔ ɖo alea o. Edzɔa dzi na amesiwo to nɔnɔme siawo me be yewoakpe ɖe ame bubuwo ŋu. Abe apostolo Paulo ene la, wosenɛ le wo ɖokui me be yewoatsɔ akɔfafa si Mawu tsɔ fa akɔ na yewoe la afa akɔe na ‘amesiwo kpea fu sia fu la.’ Mègahe ɖe megbe le tete ɖe Yehowa Ðasefowo—wo dometɔ ɖesiaɖe si wòanya wɔ na wò be nàƒo nu kplii faa—ŋu o eye nàbia be woafia ye alesi yeawɔ axɔ kpekpeɖeŋu tso Yehowa, “akɔfafawo katã ƒe Mawu” la gbɔ.

Nɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe. Ne gbe menya le dodom ɖa na wò o le esi dzi le kuwòm ta la, ke bia be ame aɖe si tsi le gbɔgbɔ me nado gbe ɖa kpli wò. (Yakobo 5:14-16) Ne èle nu ƒom na Yehowa Mawu la, ɖo ŋku edzi ‘nàtsɔ wò dzimaɖiwo katã da ɖe eyama dzi; elabena eyama léa be na wò.’ (Petro I, 5:7) Wogblɔ alesi Mawu tsɔ ɖe le esubɔla ɖesiaɖe mee ŋu nya ɖe teƒe geɖe le Ŋɔŋlɔawo me.

Anɔ eme godoo be Psalmo 94 lia ŋlɔla to ŋɔdzinu sesẽ aɖe me, elabena eŋlɔ be: “Ðe menye Yehowa ye xɔ nam o la, anye ne eteƒe makpɔ didi hafi ɖoɖoe nazi le nye luʋɔ ŋu le tsiẽƒe o. Ne mele gbɔgblɔm be, nye afɔ le ʋaʋãm la, Yehowa, wò amenuveve léam ɖe asi. Mele ŋugble geɖe dem le nye dzi me, ke wò akɔfaname doa dzidzɔ na nye luʋɔ.”—Psalmo 94:17-19.

‘Nya ɖefuname’ siwo tsoa dzika ƒo na ame alo hoa dziku na ame te ŋu wɔa fu amesiwo dzi ŋɔdzinuwo dzɔ ɖo dometɔ aɖewo. Gake gbedodoɖa si tso dzi me ate ŋu ‘alé wò ɖe te’ vaseɖe esime seselelãme mawo nu nava yi. Bu Yehowa abe dzila lɔ̃ame aɖe ene eye wò ŋutɔ abe ɖevi sue aɖe si ta wòkpɔna lɔlɔ̃tɔe ene. Ðo ŋku nugbe si Biblia do la dzi, be: “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.”—Filipitɔwo 4:7.

Hayahaya—eɖanye le ŋutilã, susu, alo gbɔgbɔ me o—nye nusi vana vivivi. Eyata masɔ be woakpɔ mɔ be amesiwo dzi ŋɔdzinuwo dzɔ ɖo la ƒe susu me nadze akɔ anyi kpata zi ɖeka o. Ke hã gbedodoɖa madzudzɔmadzudzɔe hiã vevie. Ana ŋɔdzinudzɔɖeamedzia maɖu amea dzi eye mɔkpɔkpɔ nabu ɖee keŋkeŋ o.

XlMawu ƒe Nya la eye Nàde Ŋugble le Eŋu. Ne esesẽna na wò be wò susu nanɔ nuxexlẽ ŋu la, ke na ame aɖe naxlẽ Biblia me nuŋlɔɖi fakɔnamewo na wò. Àte ŋu atia mawunyakpukpui siwo fia alesi gbegbe Yehowa tsɔ ɖe le eme na esubɔla wɔnuteƒewoe, eɖanye aleke gbegbe nu te ɖe wo dzii alo mɔkpɔkpɔ bu ɖe woe o.

Jane, amesi ƒe ŋutinya míegblɔ le nyati si do ŋgɔ me la kpɔ akɔfafa le Biblia ƒe mawunyakpukpui geɖe me le Psalmowo me. Eƒe ɖewoe nye Psalmo 3:2-9; 6:7-9; 9:10, 11; 11:1-7; 18:6, 7; 23:1-6; 27:7-9; 30:12, 13; 31:13, 20-23; 32:7, 8; 34:19, 20; 36:8-11; 55:6-10, 23; 56:9-12; 63:7-9; 84:9-11; 130:1-6. Mègaxlẽ mawunyakpukpuiawo kpaŋkpaŋ le nuxexlẽ ɖeka me o. Gbɔ dzi ɖi boŋ nàde ŋugble le wo ŋu eye nàdo gbe ɖa.

Xaxaɣi si Meva Kpɔ abe Fifia ene O

Nublanuitɔe la, mele be wòawɔ nuku na mí be amegbɔdɔdɔ sesẽe, amewuwu, aʋawɔwɔ, kple ŋutasesẽnuwɔwɔ yakatsyɔ va bɔ egbea o. Nukatae? Elabena Yesu Kristo gblɔ le míaƒe ɣeyiɣia ŋu be anye ɣeyiɣi si me ‘nu madzɔmadzɔ wɔwɔ adzi ɖe edzi.’ Egblɔ kpee be: “Ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃ nu latsi.”Mateo 24:7, 12.

Dzikatsoƒonamenuwo va bɔ le ŋkeke siawo me ŋutɔ—eye zi geɖe la, nusiwo ƒe nya Yesu gblɔ ɖi gbɔe wòtsona. Abe alesi woŋlɔe ɖe Biblia me le Mateo ta 24, Marko ta 13, kple Luka ta 21 ene la, Yesu gblɔ ɖi be le xexe sia ƒe nuwuɣi la, dukɔwo dome ʋawo kple dzɔdzɔmefɔkuwo adzɔ, eye sedzimawɔmawɔ kple amemalɔ̃malɔ̃ abɔ. Ke hã abe alesi Yesu gblɔe ene la, ɖeɖekpɔkpɔ megale didiƒe o.

De dzesi nusi Yesu gblɔ be amewo nawɔ esi wòƒo nu tso ŋɔdzinuwo ƒe dzidziɖedzi kabakaba le xexeame katã kple “xaxa gã” si akplɔe ɖo ŋu vɔ la: “Ke ne nusiawo katã de asi emevava me la, ekema miwu mo dzi, eye mikɔ miaƒe tawo ɖe dzi, elabena miaƒe ɖeɖe la gogo.” (Mateo 24:21-31; Luka 21:28) Nyateƒee, esi xexeame ƒe nɔnɔmewo le gbegblẽm ɖe edzi la, míate ŋu aka ɖe edzi be xaxa gã aɖe si ava nuɖoanyi donuxaxaname sia dzi la ahe vɔ̃ɖinyenyewo katã ƒe nuwuwu vɛ eye dzɔdzɔenyenyexexe yeye ava ɖe eyome.—Yohanes I, 2:17; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Mele be wòawɔ nuku na mí be ne vɔ̃ɖinyenye kple ŋutasesẽnuwɔwɔ ɖo woƒe kɔkɔƒe kekeake ko hafi míaƒe ɖeɖe la ava o. Nenemae wòdzɔ le ʋɔnu siwo Mawu drɔ̃ xexeame le blema le Noa ƒe ŋkekea me kple esi wòdrɔ̃ Sodom kple Gomora tɔ vɔ̃ɖiwoe me. Ʋɔnu mawo siwo Mawu drɔ̃ le blema la fia nusi adzɔ le etsɔme.—Petro II, 2:5, 6.

Ŋɔdzinuwo ƒe Nuwuwu

Ne ŋɔdzinu ƒe fuɖename emegbe le fu wɔm wò la, àdi be yeanya ne nya ɖudziname siwo dzi yeɖoa ŋkui la nu ava yi gbaɖegbe. Ŋuɖoɖoa si ŋu kakaɖedzi le ye nye be: Ẽ, woava yi godoo! Yehowa Mawu gblɔ le Yesaya 65:17 be: ‘Mawɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye, eye womagaɖo ŋku tsãtɔwo dzi, alo woava ame ƒe ta me o.’ Togbɔ be ŋɔdzinu siwo dzɔ ɖe mía dzi va yi adze abe nusiwo atsi anyi ɖaa ene hã la, mawunyakpukpui sia ka ɖe edzi na mí be woƒe fuɖeɖename nu ava yi kura gbeɖeka.

Anye ƒe ɖeka kple edzivɔe nye sia si wodi be woadɔ Jane gbɔ sesẽe megbe la, fifia ezu Yehowa Ðasefowo ƒe mɔɖela (ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla). Egblɔ nyitsɔ sia be: “Esi wodrɔ̃ ʋɔnu amesi dze dzinye eye wodee mɔ—si wu ɣleti enyi tso ɣiyiɣi si wòdi be yeawɔ nuveviam—vɔ megbe ko hafi megaɖo ɖokuinye me. Ɣeaɖewoɣi le ƒe si va yi me la, nyemenya be magate ŋu anɔ ŋutifafa kple dzidzɔ si me mele egbea la me o. Meda akpe na Yehowa ɖe agbe mavɔ mɔkpɔkpɔ nyui la kple mɔnukpɔkpɔ si wònye be míagblɔ mɔkpɔkpɔ ma ŋu nya na amewo la ta.”—Psalmo 27:14.

Ne mɔkpɔkpɔbuɖeame kple nusi ŋɔdzinu ƒe fuɖename emegbe gblẽna le ame ƒe seselelãme ŋu le fu ɖem na wò la, mɔkpɔkpɔ ma ate ŋu alé wò hã ɖe te.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te

[Nɔnɔmetata siwo le axa 24, 25]

Mawu ƒe Nya la xexlẽ kple gbedodoɖa ate ŋu alé wò ɖe te

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Eteƒe madidi o ŋɔdzinu ɖesiaɖe azu gbaɖegbenya