Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Biblia Xexlẽ Navivi Nunye Wu?

Aleke Mawɔ Biblia Xexlẽ Navivi Nunye Wu?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Biblia Xexlẽ Navivi Nunye Wu?

“Ɣeaɖewoɣi la, Biblia gɔmesese sesẽna ŋutɔ, eye ema te ŋu ɖea dzi le ame ƒo ŋutɔ.”—Annalieza, si xɔ ƒe 17.

“Biblia xexlẽ tiam ŋutɔ.”—Kimberly, si xɔ ƒe 22.

NUXEXLẼ medzɔa dzi na ame geɖe o. Eyata agbalẽ si lolo abe Biblia ene la xexlẽ aɖi vɔvɔ̃—na nuxlẽla dovevienuwo gɔ̃ hã. Tammy, amesi xɔ ƒe 17, gblɔ be: “Le gonyeme la, Biblia nye agbalẽ titri aɖe si me nya gã geɖe siwo gɔmesese sesẽ ŋutɔ la le. Biblia xexlẽ bia ŋugblemeyiyi kple dzidodo geɖe.”

Gakpe ɖe eŋu la, sukudɔdasiwo, aƒemedɔwo, kple modzakaɖeɖe ate ŋu axɔ wò ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe. Esiawo hã ate ŋu awɔe be wòasesẽ be wò susu naku ɖe Biblia ŋu eye nàse vivi na exexlẽ. Alicia, amesi hã nye Yehowa Ðasefo, dia ɣeyiɣi dzrana ɖo ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu eye wòdena heƒoa nu tso eƒe dzixɔsewo ŋu na ame bubuwo. Elɔ̃ ɖe edzi be: Biblia xexlẽ ate ŋu anye nu sesẽ elabena edze abe nu geɖe li ame nawɔ ene.”

Ke hã Alicia, Tammy, kple sɔhɛ bubu geɖe te ŋu ɖu gbetɔamea dzi. Fifia woxlẽa Biblia edzidzi hesea vivi nɛ. Wò hã ate ŋui! Bu nu etɔ̃ siwo nàte ŋu awɔ be Biblia xexlẽ navivi nuwò wu la ŋu kpɔ.

Ðo Ɣeyiɣi Ði na Biblia Xexlẽ

Kelly, amesi xɔ ƒe 18, gblɔ be: “Ewɔ nam be esi sɔhɛwo mexlẽ Biblia boo o tae wogblɔna be exexlẽ tiaa ame ɖo.” Abe alesi kamedefefe alo fefe aɖe si nèwɔna edziedzi vivia nuwòe ene la, àse vivi na Biblia xexlẽ ne èxlẽnɛ edziedzi.

Ke ne ɣeyiɣi mele ŋuwò kura o ya ɖe? Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu be: “Mikpɔ nyuie be, miazɔ pɛpɛpɛ; menye abe numanyamanyatɔwo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, [amesiwo ƒlea ɣeyiɣi nyuitɔ, NW]; elabena ŋkekeawo nye vɔ̃.” (Efesotɔwo 5:15, 16) Àte ŋu “aƒle ɣeyiɣi” to ɣeyiɣi si nèzãna ɖe dɔwɔna siwo mele vevie o ŋu, abe television kpɔkpɔ ene, dzi ɖeɖe kpɔtɔ me. Nyagbe si Paulo zã na “ɣeyiɣi” ate ŋu afia ɣeyiɣi si woɖo ɖi na tameɖoɖo aɖe koŋ. Ɣekaɣie nàte ŋu aɖo ɖi atsɔ axlẽ Biblia?

Ame geɖe xlẽa Biblia le ŋdi me, ne wodzro mawunyakpukpui kple numemeɖeɖe si le agbalẽvi si nye Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe * me vɔ. Ame bubuwo dina be yewoaxlẽe hafi amlɔ anyi le zãme. Tia ɣeyiɣi aɖe koŋ si asɔ na wò, eye nàwɔ asitɔtrɔ siwo ahiã. Alicia gblɔ be: “Nusi wɔe be mete ŋu lé nuxexlẽ edziedzi ƒe ɖoɖo si mewɔ me ɖe asi enye asitɔtrɔwɔwɔ.”

Sɔhɛ Kristotɔ aɖewo ɖo aɖabaƒoƒo 10 vaseɖe 15 ɖi gbesiagbe tsɔ xlẽa Bibliae. To esia wɔwɔ me la, wote ŋu wu Biblia bliboa xexlẽ nu le ƒe ɖeka alo eve me! Ne ema hã manya wɔ na wò o la, ɖoe wò taɖodzinui be yeaxlẽ Biblia ƒe akpa aɖe gbesiagbe. Ne èɖoe kplikpaa wɔ ɖe ɣeyiɣi si nèɖo ɖi na Biblia xexlẽ dzi la, lɔlɔ̃ si le mewò na Mawu ƒe Nyaa adzi ɖe edzi.—Psalmo 119:97; Petro I, 2:2.

Do Gbe Ða Nàbia Nunya

Enye nyateƒe be Mawu ƒe Nya ƒe akpa aɖewo gɔmesese sesẽna na amesiwo xlẽnɛ edziedzi la gɔ̃ hã. Biblia la Ŋlɔla, Yehowa Mawu, di be nàse yeƒe Nya la gɔme. Dɔwɔwɔ ƒe agbalẽa gblɔ Etiopiatɔ mɔzɔla aɖe si mete ŋu se Yesaya ta 53 lia me nyagblɔɖi aɖe gɔme tututu o ŋu nya na mí. Ŋutsua lɔ̃ faa bia kpekpeɖeŋu, eye Yehowa ƒe dɔla dɔ dutanyanyuigblɔla Filipo ɖa be wòayi aɖaɖe nyagblɔɖia me nɛ.—Dɔwɔwɔwo 8:26-39.

Ekema Biblia xexlẽ si ɖea vi medzea egɔme kple exexlẽ o, ke boŋ gbedodoɖa. Ezu numame na ame aɖewo be hafi woaʋu Biblia la, wodoa gbe ɖa na Yehowa biaa nunya be yewoate ŋu ase nusi yewoaxlẽ la gɔme ahatsɔe ade dɔwɔna me. (Timoteo II, 2:7; Yakobo 1:5) Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ate ŋu aɖo ŋku mawunyakpukpui siwo akpe ɖe ŋuwò nàɖo biabiawo ŋu alo anɔ te ɖe tetekpɔwo nu la dzi na wò gɔ̃ hã.

Ðekakpui Kristotɔ aɖe ɖo ŋku edzi be: “Esi mexɔ ƒe 12 la, fofonye dzo le míaƒe ƒomea gbɔ. Le zã aɖe me menɔ aba dzi nɔ gbe dom ɖa henɔ kuku ɖem na Yehowa be wòana fofonye natrɔ agbɔ. Emegbe metsɔ nye Biblia hexlẽ Psalmo 10:14: ‘Wò Yehowa si mee nublanuitɔ kple tsyɔ̃evi tsɔ eɖokui dee. Wò ŋutɔe nye eƒe kpeɖeŋutɔ.’ Metɔ sẽe. Mese le ɖokuinye me be Yehowae nɔ nu ƒom nam henɔ nyanya namem be yenye kpeɖeŋutɔ nam; yenye Fofo nam. Fofo bubu kae ganyo nam wui?”

Àte ŋu awɔe wòanye numame na wò be nàdo gbe ɖa ɣesiaɣi si nànɔ anyi be yeaxlẽ Biblia? Adrian do susua ɖa be: “Do gbe ɖa hafi axlẽ nua—kple ne èwu enu—ale be wòanye dzeɖoɖo ŋutɔŋutɔ kple Yehowa.” Gbedodoɖa tso dzi me ana tame si nèɖo kplikpaa be yeawɔ ɖe Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖo si nèwɔ dzi me asẽ ɖe edzi eye wòado ŋusẽ mia kple Mawu dome ƒomedodo.—Yakobo 4:8.

Wɔe Wòavivi

Kimberly, si ŋkɔ míeyɔ le gɔmedzedzea me, bu be Biblia xexlẽ tiaa ame. Nyateƒee, Biblia nye agbalẽ xoxo aɖe—si woŋlɔ do ŋgɔ sasasã na kɔmpiuta, television, alo yameʋu totovɛ—eye Biblia me mewo ku ƒe akpewo va yi. Ke hã apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu.” (Hebritɔwo 4:12) Aleke blemagbalẽ sia ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe dziwòe?

Le nugbugbɔgaŋlɔla Ezra ŋɔli la, woƒo ŋutsu, nyɔnu, kple ‘amesiame, si ate ŋu ase nu gɔme’ akpe geɖe nu ƒu le Yerusalem be woaxlẽ Mose ƒe Sea na wo. Ɣemaɣi la, Sea xɔ ƒe 1,000 xoxo! Ke hã Ezra kple eƒe kpeɖeŋutɔwo ‘xlẽ Mawu ƒe segbalẽ la eme kɔ, eye woɖe eme, ale be wose nusi woxlẽ la gɔme.’ Esi ŋutsu siawo ɖe Ŋɔŋlɔawo me hede agbe nuxexlẽa me la, nukae do tso eme? “Dukɔ la yi be, yewoaɖaɖu nu ano nu, eye woana nu amewo, eye woatu aglo gã; elabena wose nya, si wogblɔ na wo la gɔme.”—Nexemya 8:1-12.

Aleke nàte ŋu ana ‘gɔmesese’ nanɔ wò Biblia xexlẽ ŋui? Cathy, amesi nuxexlẽ medzɔa dzi na o, xlẽa nua wòɖina ale be eƒe susu nate ŋu anɔ eŋu. Nicki dzea agbagba wɔa nusi xlẽm wòle ƒe nɔnɔmetata ɖe susu me. Egblɔ be: “Mèkpɔa alesi mawɔ nui le nɔnɔme ma me le susume ɖaa. Ŋutinya si dzɔa dzi nam wue nye Rut kple Naomi ŋuti nuŋlɔɖia. Mete ŋu xlẽnɛ gaxlẽnɛ ake. Esime meʋu yi dugã yeye aɖe me la, ŋutinya sia fa akɔ nam elabena mete ŋu kpɔ alesi Rut se le eɖokui me esime wòyi tɔmanyaƒe nɔmanyaƒe eye menya ame aɖeke o la le susu me ɖaa. Mekpɔ alesi wòɖo ŋu ɖe Yehowa ŋui, eye ekpe ɖe ŋunye ŋutɔ be nye hã mewɔ ema.”—Rut, ta 1-4.

Be Biblia ‘nakpɔ ŋusẽ’ ɖe dziwò la, ŋugbledede hiã. Ɣesiaɣi si naxlẽ mawunyakpukpui aɖe la, gbɔ dzi ɖi nàde ŋugble le nusi nèxlẽ ŋu eye nàbu alesi nàzã nusi nèsrɔ̃ lae ŋu. Anyo be nàwɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo Yehowa Ðasefowo ta ŋudɔ atsɔ ana wò nuxexlẽa nalé vi awu. *

Ku Kutri!

Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi dzi wɔwɔ mele bɔbɔe o. Ahiã be woawɔ asitɔtrɔ le Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi nyuitɔ kekeake gɔ̃ hã ŋu tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi. Aleke nàte ŋu awɔ tame si nèɖo be yeaxlẽ Biblia gbesiagbe dzi kutrikukutɔe?

Xɔlɔ̃wo kple wò ƒomea ate ŋu ana kpekpeɖeŋu. Amber, amesi xɔ ƒe 15, gblɔ be: “Mía kple ƒenyee le xɔme. Ðeɖi tea ŋunye le zã aɖewo me ale gbegbe be ɖeko medina be mamlɔ anyi, gake ƒenyea ɖoa ŋku edzi nam be maxlẽ Biblia. Eyata nyemeŋlɔna be gbeɖe o!” Ne mawunyakpukpui alo nyati aɖe xexlẽ do dzidzɔ na wò la, ɖo dze le eŋu na ame bubuwo. Esia ana wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe Nyaa ŋu nadzi ɖe edzi eye wòate ŋu anyɔ woƒe ɖetsɔleme ɖe Biblia xexlẽ ŋu. (Romatɔwo 1:11, 12) Ne mète ŋu xlẽ Biblia o ŋkeke ɖeka alo wu nenema la, mègana ta o! Yi edzi tso afisi nèse ɖo, eye gaɖoe kplikpaa be nàlé wò ɖoɖowɔɖia me ɖe asi sesĩe wu.

Mègaŋlɔ viɖe xɔasi siwo Biblia xexlẽ gbesiagbe hena vɛ la be gbeɖe o. Ne èɖo to Yehowa to eƒe Nyaa dzi la, àte ŋu ava nɔ ƒomedodo kplikplikpli me kplii. Àva se eƒe nukpɔsusu kple seselelãmewo gɔme. (Lododowo 2:1-5) Nyateƒe xɔasi siawo siwo tso míaƒe Dziƒofofoa gbɔ la anye takpɔnu na wò. Hakpala la bia be: “Aleke ɖekakpui alé eƒe mɔ atsɔ fɔɖiɖi manɔmee? Ne elé ŋku ɖe eɖokui ŋu ɖe wò nya la nu.” (Psalmo 119:9) Eyata wɔ ɖoɖo ɖe Biblia xexlẽ gbesiagbe ŋu—eye nàle eme ɖe asi. Àva se vivi nɛ wu alesi nèbui be anɔ!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 11 Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 22 Aɖaŋuɖoɖo nyui geɖe le October 1, 2000, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 16-17, siwo akpe ɖe ŋuwò nàku Biblia me wòade to.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 28]

Gbedodoɖa kple numekukuwɔwɔ ana wò Biblia xexlẽ naɖe vi wu eye wòakpe ɖe ŋuwò nàse Ŋɔŋlɔawo gɔme

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Nusi xlẽm nèle ƒe nɔnɔmetata wɔwɔ le susu me ana Ŋɔŋlɔawo xexlẽ navivi nuwò wu