Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Nàte Ŋu Ana Kpekpeɖeŋui

Alesi Nàte Ŋu Ana Kpekpeɖeŋui

Alesi Nàte Ŋu Ana Kpekpeɖeŋui

“Ðevi siwo lé blanui hiã kpekpeɖeŋu. Gake ɖeviwo mate ŋu akpe ɖe wo ɖokui ŋu o. Ele be ame tsitsi aɖe nakpɔe adze sii gbã ahatsɔe ŋkubiãnyae.”—Ðk. Mark S. Gold.

NUKAE nàte ŋu awɔ ne ewɔ na wò be viwò ƒewuivi lé blanui? Gbã la, megaƒo nya ta le nya la ŋu enumake o. Míenya be dzesia ate ŋu afia nu bubu aɖe kura. * Tsɔ kpe ɖe eŋu la, sɔhɛwo katã kloe toa seselelãme masɔmasɔwo me ɣeaɖewoɣi. Gake ne nɔnɔmea yi dzi hedze abe menye ɣeyiɣi kpui aɖe ko ƒe dziɖeleameƒoe wònye o la, ke anyo wu be woakpɔ ɖɔkta. Le go sia me la, anyo be nya si Yesu gblɔ nanɔ susu me na wò be: “Menye lãmesesẽtɔwoe hiã gbedalawo o negbe dɔlélawo ko.”—Mateo 9:12.

Ʋu nya sia nya si ana woakpɔ nyatakaka ɖesiaɖe si aɖe vi me na atikewɔla, nàgblɔ tɔtrɔ siwo nèkpɔ le ƒewuivia me nyitsɔ laa si na be dzi megale edzɔm o. Kpɔ egbɔ be yezã ɣeyiɣi si dze na ɖɔkta ɖo to nyuie se dɔlélea ƒe dzesiwo keŋ hafi wòagblɔ nusi dɔlélea nye. Ðk. David G. Fassler xlɔ̃ nu be: “Mele bɔbɔe be woaƒo nyatakaka siwo katã hiã nu ƒu le aɖabaƒoƒo blaeve me akpɔ nusi tututu le fu ɖem na ɖevi si wodo go kplii zi ɖeka ko o.”

Bia atikewɔla biabia ɖesiaɖe si anɔ asiwò faa. Le kpɔɖeŋu me, ne ɖɔkta se le eɖokui me be blanuiléle si nu sẽe le fu ɖem na viwò ƒewuivia la, àdi be yeabia nusita mebui be ate ŋu anye dɔléle bubu o. Ne ɖɔktaa ƒe nyametsotso metrɔ na wò o la, gblɔ nɛ be yedi be yease nusi ɖɔkta bubu agblɔ tso eŋu. Ðɔkta nyui si ɖia anukware aɖeke maxe mɔ na wò o.

Nya la Xɔxɔ De Eme

Ne blanuiléle vevie enye dɔ si lém viwò ƒewuivia le la, megana wòakpe ŋu na wò o. Nya lae nye be blanuiléle te ŋu dzea sɔhɛ siwo ɖɔʋu gɔ̃ hã dzi. Nyateƒee, Biblia ɖee fia be seselelãme siwo tena ɖe ame dzi wɔ fu amesiwo le ʋiʋlim le wo tɔ sinu wɔm be yewoasubɔ Mawu, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa. Bu nuteƒewɔla Hiob si se le eɖokui me be Mawu gblẽ ye ɖi si ta agbe nɔ ŋu nyɔm nɛ ŋu kpɔ. (Hiob 10:1; 29:2, 4, 5) Xana nye Mawu subɔla si ‘xa nu vevie’ hegbe nu ɖuɖu. (Samuel I, 1:4-10) Mawu subɔla Yakob hã fa via ƒe ku ŋkeke geɖe eye ‘wofa akɔ nɛ ʋuu do kpoe.’ Yakob di kura gɔ̃ hã be yeayi ye vi gbɔ le tsiẽƒe! (Mose I, 37:33-35) Eyata menye ɣesiaɣie nuteɖeamedziwo fia be ame gbɔdzɔ le gbɔgbɔme o.

Ke hã ƒewuivi ƒe blanuiléle ate ŋu anye nu sesẽ na dzilawo. Ƒewuivi aɖe si lé blanui dada gblɔ be: “Ele be manɔ ŋudzɔ ɖe nya siwo dze be magblɔ kple nusiwo dze be mawɔ ŋu. Metsia dzimaɖi, ŋɔdzi léam, medoa adã, doa dziku, eye megbɔdzɔna.” Vidada bubu gblɔ be: “Ne medo go eye mekpɔ vidada aɖe le asi ƒlem kple vianyɔnu ƒewuivi la, nye dzi gbana elabena ewɔna nam be [mía kple vinyea] míebu mɔnukpɔkpɔ ma eye nyemagakpɔe akpɔ o.”

Seselelãme siawo tɔgbe dzɔna ɖaa. Eva gloa ame ɣeaɖewoɣi ya. Ne edzɔ alea la, nukata màgblɔe na xɔlɔ̃ aɖe si dzi nèka ɖo o? Lododowo 17:17 gblɔ be: “Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, megaɖe ŋu ɖi le gbedodoɖa ŋu o. Biblia ka ɖe edzi na mí be ne míedro míaƒe agbawo ɖe Mawu dzi la, alé mí ɖe te.—Psalmo 55:23.

Ne Ewɔ Na Wò be Ame aɖe Gbɔe Wòtso

Dzi ɖena le dzila geɖe siwo vi ƒewuivi lé blanui la ƒo vevie ale gbegbe be wosena le wo ɖokui me be yewo gbɔe nɔnɔmea tso. Dzila aɖe gblɔ be: “Ne viwò lé blanui la, àse le ɖokuiwò me be ye gbɔe vodadaa tso eye numeɖeɖe bubu aɖeke magatrɔ na wò o. Ɣesiaɣi ko ànɔ eŋu bum be, ‘Vodada kae míewɔ? Afikae nɔnɔmea trɔ le? Nukae mewɔ si he nusia vɛ?’” Aleke dzilawo ate ŋu ada asɔ le woƒe nuŋububu me le nɔnɔme sia me?

Ðikeke mele eme o be ŋutasẽnuwɔna si ayi dzi le aƒeme ate ŋu agblẽ nu le ɖevia ŋu. Susu nyui aɖe tae Biblia xlɔ̃ nu vifofowo be: “migado dziku na mia viwo, bene dzika nagatso wo ƒo o.” (Kolosetɔwo 3:21) Eyata anyo be dzilawo nadzro mɔ si nu wohea wo viwo tonae me eye woawɔ asitɔtrɔ le afisi wòhiã le.

Gake menye dzilawo ƒe dɔ mawɔmawɔ nyuie gbɔe blanuiléle tsona ɣesiaɣi o. Le nyateƒe me la, wokpɔa dɔléle sia le aƒe siwo me woléa be na amewo le ŋutɔ gɔ̃ hã me. Eyata mele be dzila siwo le wo tɔ sinu wɔm be yewoakpe ɖe yewo viwo ŋu nabu fɔ wo ɖokui o.

Ele vevie hã be màgabu fɔ ƒewuivi si lé blanui la hã o. Anye be eya ŋutɔ mate ŋu awɔ nu boo aɖeke le dɔlélea ŋu o. Vidada aɖe gblɔ be: “Nyemabu fɔe ɖe aɖibaku alo ɖe axamedɔ si wòalé la ta akpɔ gbeɖe o. Gake le blanuiléle gome ya la, nu ma tutue mewɔ. Mebu fɔ vinye ɖe eƒe dɔlélea ta—si ɖea dzi le ƒonye.” Blanuiléle bubu dɔlélee ke menye ebubu gbɔdzɔgbɔdzɔe o akpe ɖe dzilawo kple ame bubuwo ŋu be woƒe susu nanɔ alesi woakpe ɖe dɔnɔa ŋui la ŋu.

Ƒewuivi si lé blanui nyinyi ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe dzilawo dome ƒomedodo dzi vevie. Srɔ̃nyɔnu aɖe gblɔ be: “Míebua fɔ mía nɔewo vevietɔ ne míebu tame le agbe si míeɖo be míanɔ kple esi nɔm míele ɖe mía via ŋu ta.” Tim, amesi vi nyɔnuvi lé blanui la gblɔ be: “Ele bɔbɔe be nàda fɔɖiɖia ɖe srɔ̃wò dzi. Ne kuxi aɖewo le dzilawo ƒe srɔ̃ɖeɖea me hafi wova kpɔ blanuiléle dzesiwo le ɖevia ŋu la, ɖevia ƒe nɔnɔme manyatalenua ate ŋu agblẽ nyaa ɖe edzi kuraa.” Megana be ɖevi ƒe blanuiléle nama miaƒe srɔ̃ɖeɖe me o! Nyateƒee viɖe aɖeke mele fɔbubua dada ɖe ame dzi me o—eɖanye wò ŋutɔ, viwòa, alo srɔ̃wò o. Nu vevitɔ enye be woakpe ɖe dɔnɔa ŋu.

Kpekpeɖeŋu Nana

Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Mifa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo.” (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Ne sɔhɛ blanuilélaa sena le eɖokui me be viɖe megale ye ŋu o la, àte ŋu akpe ɖe eŋu. To mɔ ka nu? Menye to fɔbuamenyawo abe “Medze be nàse le ɖokuiwò me nenema o” alo, “Nukpɔsusu gbegblẽ enye ma le asiwò” ene gbɔgblɔ me o. Ke boŋ dze agbagba nànye nugɔmesela eye ‘ame ƒe nu nawɔ nublanui na wò.’ (Petro I, 3:8) Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be “mifa avi kple amesiwo le avi fam la!” (Romatɔwo 12:15) Ðo ŋku edzi be amesi lé blanui ŋutɔŋutɔ la le veve sem nyateƒe. Menye nane si wosusu dzro koe vevesesea nye o, alo ayenuwɔna aɖee wònye be wòana amewo natrɔ susu ɖe eŋu o. Ne èɖo toe vɔ la, na wòagblɔ eƒe dzimenyawo na wò. Biae nusi na wòse le eɖokui me nenema. Emegbe tsɔ tufafa kple dzigbɔɖi kpe ɖe ƒewuivia ŋu wòakpɔe be eɖokui dada ɖe anyi nenema medze o. Dzidede ƒo nɛ be Mawu lɔ̃ mí eye wòkpɔa nublanui na ame ate ŋu akpe ɖe amesi lé blanui ŋu be wòaɖe dzi ɖi.—Petro I, 5:6, 7.

Àte ŋu agawɔ afɔɖeɖe nyui bubu aɖewo. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ ahiã be nàkpɔ egbɔ be viwò ƒewuivia dɔa alɔ̃, ɖua nu, hedea ka me nyuie alesi dze. (Nyagblɔla 4:6) Ne woŋlɔ atike nɛ la, anyo be nàkpe ɖe ƒewuivia ŋu wòakpɔ alesi wòhiã be wòado vevie nu azã atikeawoe. Mègana kpekpeɖeŋunana nati kɔ na wò o, eye mègana wò lɔlɔ̃ nɛ nu natsi gbeɖe o.

Nyateƒee, ƒewuivi ƒe blanuiléle ate ŋu anye vevesese na amesi dzi wòdzɔ ɖo kple ƒomea me tɔwo siaa. Mlɔeba la, dzigbɔgbɔɖi, dzidodo, kple lɔlɔ̃e nye nu vevitɔ siwo woatsɔ akpe ɖe ƒewuivi siwo lé blanui ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Woka nya ta be dɔléle aɖewo—si me mononucleosis, suklidɔ, ʋuvɔlelãmename, hypothyroidism kple hypoglycemia—ate ŋu ana woakpɔ dzesi siwo ɖi blanuiléle tɔ le ame ŋu.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 11]

Amesi lé blanui ŋutɔŋutɔ la sea veve vavã. Menye nu ko wònye wòsusu o

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 13]

NE ƑEWUIVI SI LÉ BLANUIE NÈNYE

Mètsi ya me o, eye wò nɔnɔmea menye esi ŋu mɔkpɔkpɔ mele o. Anye be wò blanuilélea tso (1) lãmetsi ƒe dɔwɔwɔ si meda sɔ o gbɔ alo (2) nusiwo dzɔ ɖe dziwò le agbe me siwo ŋu màte ŋu awɔ naneke le o gbɔ. Nuka kee wòɖanye o, ame aɖeke mate ŋu abu fɔ wò ɖe nɔnɔmea ta o. Ke hã nukae nàte ŋu awɔ tso eŋu?

Biblia la gblɔ be “xɔlɔ̃ aɖewo kuna ɖe ame ŋu wu ame nɔvi gɔ̃ hã.” (Lododowo 18:24) Nukatae màdi xɔlɔ̃ sia ƒomevi ahagblɔ wò dzimenyawo nɛ o? Dziwòlawo dometɔ ɖeka alo ame tsitsi aɖe ate ŋu anye wò velia si akpe ɖe ŋuwò naɖu blanuiléle dzi.

Ne dziwòlawo kpɔ be anye blanuiléle si nu sẽe le fu ɖem na wò la, woate ŋu akplɔ wò ayi atikewɔla si bi ɖe dɔ sia dada me gbɔ. Afɔɖeɖe nyui aɖee esia nye elabena woate ŋu aɖe blanuiléle dzi akpɔtɔ kura le afisi woate ŋu akpɔ egbɔ le. Le kpɔɖeŋu me, ne lãmetsi siwo meda sɔ o gbɔe wòtso la, woate ŋu aŋlɔ blanuilélenutsitike na wò be nàzã. Ne alea wòle le gowòme la megakpe ŋu na wò be nàzã atikewo o. Ðeko wòaɖɔ wò lãmetsiwo ƒe dɔwɔwɔ ɖo, eye esia ate ŋu anye nu vevi si akpe ɖe ŋuwò be nàgakpɔ dzidzɔ kple kelili le agbeme.

Ame geɖe siwo lé blanui gakpɔ akɔfafa to Biblia xexlẽ kple tete ɖe Mawu ŋu le gbedodoɖa me dzi. Biblia de dzi ƒo na mí be: “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.” *Psalmo 34:19.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 29 Ne èdi nyatakaka bubu kpee la, kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Ðe Wòle Be Magblɔ Nye Blanuiléle na Ame Aɖea?” le Nyɔ! ƒe tata si nye November 8, 2000, me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 14]

KPEKPEÐEŊU KPLE MƆKPƆKPƆ LI NA AMESIWO DZI WÒDZE

Esi blanuiléle ŋu nya me goglo ta la, menye eƒe akpawo katã mee míate ŋu adzro le nyati kpui siawo siwo tsiã ɖe enu me o. Ke hã Nyɔ! talawo ka ɖe edzi be nya vevi siwo wogblɔ le eme ate ŋu akpe ɖe ƒewuiviwo kple wo dzilawo ŋu be woado dzi le dɔléle si gbɔdzɔa lãme na ame la me.

Àde dzesii be Biblia dzie wotu mɔfiafia siwo le nyati si do ŋgɔ me la ƒe akpa gãtɔ ɖo. Nyateƒee, agbalẽ xoxoe wònye. Ke hã eƒe aɖaŋuɖoɖowo wɔa dɔ le egbeŋkekeawo me abe alesi wònɔ le eŋlɔɣi ene. Nukatae? Elabena togbɔ be ɣeyiɣiawo trɔ hã la, amegbetɔ ƒe nɔnɔme ya metrɔ o. Nu vevi siwo me tom míele la me ke koe dzidzime siwo do ŋgɔ la hã to. Vovototoa koe nye be kuxiawo lolo eye wokeke ta wu le egbeŋkekeawo me.

Gake susu bubu gali si ta Biblia nyo ŋutɔ be míazã: Mawu ƒe gbɔgbɔ mee wòtso. (Timoteo II, 3:16) Esi wònye mía Wɔla ta la, enya nusi míehiã hafi nu nadze edzi na mí le agbe me.

Nyateƒee, menye atikewɔwɔŋutinunyae le Biblia me o. Eyata emenyawo mete fli ɖe gbedada nyuitɔ didi na dɔlélewo abe blanuiléle ene me o. Ke hã gɔmeɖose siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míafa akɔ na amesiwo dzi wòdze la le Biblia me. Gawu la, Mawu ƒe ŋugbedodo be yeada dɔlélewo katã na mí kpuie la le eme. (Psalmo 103:3) Ẽ, Yehowa ɖoe be ‘yeagbɔ agbe amesiwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.’—Yesaya 57:15.

Àdi be yeasrɔ̃ nu geɖe wu tso mɔkpɔkpɔ wɔnuku sia ŋua? Taflatse te ɖe Yehowa Ðasefo siwo le wò nutoa me ŋu alo nàzã adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Dze agbagba nàna ame nu nawɔ nublanui na wò

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Ne ƒewuivi ƒe blanuiléle teƒe didi la, anyo be nàva kpɔ atikewɔla

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Ne dzilae nenye la, megabu fɔ ɖokuiwò, srɔ̃wò, alo viwò ƒewuivia o