Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amewo ƒe Susu le Tsitsi ŋu Le Tɔtrɔm

Amewo ƒe Susu le Tsitsi ŋu Le Tɔtrɔm

Amewo ƒe Susu le Tsitsi ŋu Le Tɔtrɔm

ƑE NENIE nàxɔ hafi azu ame tsitsii? Edze abe ɖe ŋuɖoɖoa nɔ te ɖe amesi nèbia nyaae dzi ene. Ƒewuiviwo aɖo eŋu kple dzidzɔ enumake be amesiame si xɔ ƒe 25 la zu ame tsitsi.

Gake fefewɔƒehadzilawo ya xɔa ƒe geɖe wu hafi wobua wo be woɖo woƒe sɔhɛ me. Nyatakaka aɖe si dze le Australia ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Sun—Herald me gblɔ le amesiwo tsɔ woƒe susu ɖo ŋgɔyiyi kpɔkpɔ le dɔwɔƒe dzi ŋu be: “Nyateƒe si li egbea enye be ne mènya te ŋu kpɔ dzidzedze le agbe me hafi xɔ ƒe 40 o ko la, màgakpɔ dzidzedze gbeɖe o.”

Eŋuti Nukpɔsusu Siwo Bɔ

Ame aɖewo asusui be ame tsitsiwo te ŋu dzea afɔku bɔbɔe eye woƒe nusɔsrɔ̃ ŋutete le ʋɛ wu eye ŋusẽ vɔna le wo ŋu kabakaba. Ðe wòsɔ be woabui nenemaa? Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ bu akɔnta be le Europa katã la, “ame etɔ̃ ɖesiaɖe siwo dzea ʋufɔku la dometɔ ɖeka nyea amesi xɔ ƒe 25 alo amesi mexɔ nenema o.” Gakpe ɖe eŋu la, ƒe 30 kple 40 domee ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ kabakaba yia edzi le wu, eye kpeɖodzi aɖeke meli si fia be amesiwo le lãmesẽ me ƒe tamebubu ŋutete dzi ɖena kpɔtɔna ne wole tsitsim o.

Ke alesi wobunɛ be ame tsitsiwo nyea dɔnɔwo ya ɖe? Agbalẽ si nye Medical Journal of Australia gblɔ be: “Alakpadzixɔse aɖe si bɔ enye be tsitsi kple dɔlélee zɔna.” Nyateƒea enye be ame tsitsi geɖe gakpɔtɔ le lãmesẽ me eye womebua wo ɖokui be yewotsi o. Ame geɖe sena le wo ɖokui me abe alesi Amerika-dziɖuɖumegã Bernard Baruch ene, esi wògblɔ be: “Nye ya amesi mebuna ame tsitsi ɣesiaɣie nye amesiwo tsi wum ƒe wuiatɔ̃.”

Ekema nukatae woɖea ɖeklemi ame tsitsiwo hebua nazã gɔ̃ hã ɖe wo ŋu? Ŋuɖoɖoa ƒe akpa gãtɔ nɔ te ɖe alesi amewo bua tsitsii dzi.

Alesi Amewo Bua Tsitsii

Max Frankel gblɔ le New York Times Magazine me be: “Amerikatɔwo va le vivi dom ɖe sɔhɛmenɔnɔ ŋu ale gbegbe be wona nyakakadɔwɔƒewo ƒe nukpɔsusu le ame tsitsiwo ŋu va tro.” Efa konyi be: “Woɖe ame tsitsiwo ɖa keŋkeŋ kloe le nyakakadɔwɔƒewo ƒe dɔwɔnawo me.” Ðewohĩ esia ana míese nuwɔna aɖe si tsi tre ɖe eɖokui ŋu si wode dzesii le UNESCO Courier me la me, esi nye be: “Ameƒomea mewɔ nu na woƒe ame tsitsiwo alea gbegbe . . . kpɔ o. Wonaa gakpekpeɖeŋu wo eye wokpɔa wo ta le hadomenyawo me, gake ameƒomea mebua nu nyui aɖeke ɖe wo ŋu kura o.”

Atikewɔlawo kura gɔ̃ hã meto le nukpɔsusu manyomanyo sia me léle ɖe asi me o. Medical Journal of Australia gblɔ be: “Ðɔkta geɖe kple ame hahoawo bui be etsi megbe akpa be woana mɔxexe ɖe dɔléle nu ƒe kpekpeɖeŋu amesiwo xɔ wu ƒe 65. . . . Nukpɔsusu manyomanyoa. . . wɔe be woŋe aɖaba ƒu wo dzi le numekuku vevi geɖe wɔwɔ me.”

Magazine sia ke gblɔ be: “Woate ŋu anɔ te ɖe amesiwo xɔ ƒe geɖe ŋuti nukpɔsusu manyomanyo, wo yɔyɔ be ‘tɔgbuiwo’ kple ‘mamawo’, dzi agbe atike adodoea wɔwɔ na wo. Woŋea aɖaba ƒua woƒe kuxi bɔbɔ suesue siwo ku ɖe woƒe ŋutinuwo ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie ŋu, abe numakpɔmakpɔ kple numasemase nyuie ene dzi alo wobua wo be wonye tsitsi ƒe nɔnɔme siwo le dzɔdzɔme nu. . . . Ehiã vevie be amewo natrɔ woƒe susu hafi wòanya wɔ be woaxe mɔ ɖe woƒe dɔlélewo nu.”

Britaintɔwo ƒe atikewɔwɔ magazine si nye Lancet kafui be: “Ewɔ abe game su be míagbugbɔ ŋku alé ɖe alesi míese tsitsi gɔmee la ŋu ayi ŋgɔe wu, le dukɔ deŋgɔwo ya me teti.” Nukatae nusia le vevie? Magazinea ɖe nu me be: “Ne míetrɔ asi le alesi míese [tsitsi] gɔmee ŋu la, ate ŋu atsi dziɖeleameƒo, mɔkpɔkpɔmanɔamesi, kple etsɔme ŋuti nya dziŋɔ siwo wozãna enuenu zi geɖe tsɔ bua nazã ɖe ame tsitsi siwo ‘le dzidzim ɖe edzi kabakaba’ ŋu eye ‘wogbea’ ga sue si dukɔa ka ɖe atikewɔwɔ ŋu la ‘zazã alesi dze ɖe wo ŋu’ la nu.”

Ame Tsitsiwo ƒe Xexlẽme Le Dzidzim Ðe Edzi

Nyateƒea enye be ame tsitsi siwo li fifia la sɔ gbɔ xoxo—menye ɖeko wosɔ gbɔ ko o ke wole dzidzim ɖe edzi ɣesiaɣi hã. UNESCO Courier ka nya ta be: “Le xexeame godoo la, amesiwo xɔ wu ƒe 65 ƒe xexlẽme adzi ɖe edzi zi gbɔ zi ene le ƒe 1955 vaseɖe ƒe 2025 dome, eye woƒe agbɔsɔsɔme le alafa me le xexeamenɔlawo katã ƒe xexlẽme dome adzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve.”

Ame tsitsi siwo le India sɔ gbɔ wu Francetɔwo katã ƒe xexlẽme xoxo. Eye wogblɔ be le United States la, ame miliɔn 76 siwo wolɔ̃a yɔyɔ be “kpedeviwo,” siwo nye amesiwo wodzi le ƒe 18 siwo kplɔ Xexemeʋa II ɖo me, axɔ dzudzɔ le dɔme le ƒe blaatɔ̃ siwo gbɔna me. Togbɔ be nɔnɔme sia si ku ɖe ame tsitsiwo ƒe agbɔsɔsɔ ɖe xexeame ŋu nye nusi ŋu gaŋutiɖoɖowɔlawo kple lãmesẽdɔwɔlawo tsi dzi ɖo vevie hã la, egaƒonɛ ɖe mía nu be míagbugbɔ ŋku alé ɖe nukpɔsusu siwo le mía si ɖe ame tsitsiwo ŋu la dometɔ aɖewo ŋu.

Eŋuti Nukpɔsusuwo Ðɔɖɔɖo

Ame aɖewo ate ŋu atsɔ agbe asɔ kple fefe aɖe si ma ɖe akpa etɔ̃ me. Wokpɔa mɔ be sɔhɛmenɔɣi kple eƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple agbalẽsɔsrɔ̃ naxɔ akpa gbãtɔ. Ƒomegbanɔamedziwo tsɔtsɔ kple dɔwɔwɔ kpakple eŋu hloloetsotso atraɖii nyea wɔnaa ƒe akpa evelia. Le wɔna ƒe akpa etɔ̃lia la, wodea dzi ƒo na fefea wɔlawo be woadzudzɔ aɖanɔ zikpui dzi le afisi nukpɔlawo magakpɔ wo le o eye woalala dziɖeleameƒotɔe vaseɖe esime wɔnaa nawu nu mlɔeba.

Gake le susu vovovo siwo dometɔ aɖewoe nye ŋgɔyiyi ɖedzesi siwo wowɔ le atikewɔwɔ kple dzadzɛnyenye nyawo me le ƒe alafa 20 lia me ta la, ɣeyiɣi didi si “fefewɔlaawo” zãna le ɖiɖiɖemeɣia me le “wɔnaa ƒe akpa etɔ̃lia” me dzi ɖe edzi va ɖo ƒe 25. Amewo megakpɔa dzidzɔ azɔ be woana dzudzɔxɔxɔledɔme si me womegawɔa dɔ aɖeke o la yewo o. Alesi ame tsitsi siawo siwo ŋu ŋusẽ le va le agbɔ sɔm bia be woagbugbɔ fefea aŋlɔ.

Akpa Vevi Siwo Wowɔna

Nukpɔsusu si le ame geɖe si si nye be ame tsitsiwo zua agba ɖe amewo dzi mele eteƒe o. New York Times Magazine ka nya ta be le United States la, “ame tsitsiwo ƒe akpa gãtɔ ŋutɔ te ŋu kpɔa wo ɖokui dzi, ga le wo si eye nu le wo si wu srɔ̃tɔ siwo metsi o. . . eye [be] hadomegbenɔnɔŋunyalawo va le ekpɔm be . . . alɔme le ame tsitsi siawo si.” Philip Kotler si nye adzɔnuŋununyafialagã le Northwestern Yunivɛsiti le United States ƒo nu tso nya sia ŋu. Egblɔ be “eteƒe madidi o adzɔnudzralawo abu amesiwo xɔ tso ƒe 55 dzi heyinae be woawoe nye amesiwo aƒle yewoƒe adzɔnuwo wu.”

Menye ganyawo me koe ame tsitsi siwo le lãmesẽ me wɔa akpa aɖe le o. Sydney nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Sunday Telegraph gblɔ be le Australia la, “mamawoe wɔa aƒemedɔ siwo ku ɖe vidzikpɔkpɔ ŋu la katã ƒe afã, esi nyɔnu dɔwɔlawo dometɔ ɖeka le etɔ̃ me nana be mamawo nakpɔ wo viwo dzi na wo ne woyi dɔ me.”

Le teƒe siawo abe Franseawo ƒe dugã si nye Troyes ene me la, wodea asixɔxɔ ame tsitsiwo ƒe nunya ŋu. Ame bubuwo srɔ̃a nu tsoa ame tsitsiwo gbɔ ne woxɔ wo be woafia dɔ siwo nye atikpakpa, ahuhɔ̃ewɔwɔ, kpefufu, xɔtutu, kple pɔmpidɔwo wɔwɔ ne ɖeviwo kpã tso suku. Tsɔ kpe ɖe nufiafia ŋu la, ame tsitsiwo gale suku hã dem hena dɔ vovovowo sɔsrɔ̃.

January 1999 ƒe UNESCO Courier gblɔ be “Dukɔwo Dome Ame Tsitsiwo ƒe Yunivɛsiti Habɔbɔ si le Paris” gblɔ be: “Ame tsitsiwo ƒe yunivɛsiti siwo wu 1,700 ye le xexeame godoo.” Magazinea gblɔ le yunivɛsiti siawo ŋu be: “Togbɔ be ame tsitsiwo ƒe yunivɛsitiwo delawo kple alesi wokpɔa wo dzii to vovo sã tso dukɔ me yi dukɔ me hã la, wodina be yewoakpe ɖe ame tsitsiwo ŋu be woawɔ akpa vevi aɖe le agbalẽnyanya kple hadomegbenɔnɔ ŋu bliboe.” Woka nya ta be sukuvi 2,500 sɔŋ ye le yunivɛsiti sia ƒe ɖe le Japan!

Alexandre Kalache si nye akameti na Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe Tsitsi Kple Lãmesẽ Gbɔkpɔha gblɔ be: “Akpa si ame tsitsiwo wɔna na woƒe ƒomewo kple nutowo sɔ gbɔ ale gbegbe be esesẽ be woabu woƒe home elabena womexea fe na wo ɖe dɔ siawo ƒe akpa gãtɔ ta o.” Egblɔ be: “Mele be . . . dukɔwo nabu woƒe ame tsitsiwo be wonye agba o ke boŋ be wonye kuxigbɔkpɔlawo . . . , vevietɔ be wonye amesiwo yewoate ŋu azã.”

Nyateƒee, amewo ƒe nukpɔsusu kple nazãbubu ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe alesi míawɔ ase vivi le míaƒe tsitsime ŋu, gake akpa gã aɖe hã nɔ te ɖe mía ŋutɔwo míaƒe nɔnɔme ɖe agbe ŋu dzi. Nukae wò ŋutɔ nàte ŋu awɔ be nànɔ te le susu kple ŋutilã me lãmesẽ siaa me ne èle tsitsim? Taflatse xlẽ nya si le aɖaka si le axa 12 kple 13, eye nàde dzesi nusiwo ame tsitsi aɖewo gblɔ be eya enye nu vevi si nana wonɔa te eye wosea vivi le agbe me.

Dze Agbagba Nànɔ Nane Wɔm

Àkpɔe be nane siwo dze le ame tsitsi siawo ŋue nye be wonɔa nane wɔm eye wodzea agbagba wɔna ɖe dɔwɔwɔ ƒe ɖoɖowɔɖi nyui aɖe dzi—eɖanye le ŋutilãmedɔwo me loo alo le lɔlɔ̃nu faa dɔwo wɔwɔ me o. Wodea kame hã edziedzi, wotsɔa ɖe le ƒe vovovo xɔlawo me, eye wokpɔa woƒe gbɔgbɔmenuhiahiã veviwo gbɔ. Abe alesi nàde dzesii ene la, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa ate ŋu aɖe vi tso nu vevi siawo siwo naa wokpɔa dzidzɔ eye wowɔa nane le agbe me la me.

Fifia nyateƒenya aɖe si medoa dzidzɔ na ame o enye be esi nèle nyati sia xlẽm kura gɔ̃ hã la, èle ame tsitsi zum. (Nyagblɔla 12:1) Gake nunya le eme be nàwɔ ɖe nyataƒonya si Bulletin of the World Health Organization gblɔ la dzi, be: “Alesi lãmesẽ naa wote ŋu wɔa dɔe la, nenema kokoko dɔwɔwɔ hã naa wonɔa lãmesẽ mee.”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 16, 17]

Wodoa Ŋusẽ Wo Ðokui eye Wosea Agbe ƒe Vivi

SOUTH AFRICA: Piet Wentzel si xɔ ƒe 77 nye ɣeyiɣia katã ƒe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla.

“Mekpɔe be kamedede edziedzi hiã ŋutɔ hafi woate ŋu anɔ lãmesẽ me. Ƒe aɖewoe nye esia si mele nye ŋutɔ nye abɔ sue aɖe dzi kpɔm. Agbe yeye gaɖoa menye ne mede kame alea vɔ. Be mate ŋu awɔ dɔ geɖe la, mena gɔmeɖose sia dea dzo menye ɣesiaɣi be, ‘Dzimevesusu nye ɣeyiɣifila; megbelelehehe ye nye eƒe kpeɖeŋutɔ vevitɔ.’”

[Nɔnɔmetata]

“Mekpɔ vevienyenye si le kamedede edziedzi ŋu.”—Piet

JAPAN: Yoshiharu Shiozaki si xɔ ƒe 73 nye aƒe kple anyigba ŋuti ɖaŋuɖola.

“Dzimevee, ʋusɔgbɔdɔ kple tomevee le ŋunye. Medoa gasɔ tso aƒenyeme yia dɔme zi ene kwasiɖa sia kwasiɖa; yiyi kple gbɔgbɔa katã le kilometa 12. Esia nye kamedede si sɔ nam, elabena menaa nu tea nye dzime ŋu o ke hã edoa ŋusẽ nye afɔmekawo. Medzea agbagba be manɔ ŋutifafa me kple amewo, eye kple nye aƒelikawo hã. Medzea agbagba be nyemaganɔ ŋku lém ɖe amewo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ kple vodadawo ŋu o. Meva kpɔe be amewo kɔa ŋkume ɖe ame ne wode dzi ƒo na wo wu ne wodia vodada le wo ŋu.”

[Nɔnɔmetata]

“Medzea agbagba be nyemanɔ vodada dim le amewo ŋu o.”—Yoshiharu

FRANCE: Léone Chalony si xɔ ƒe 84 nye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla.

“Esi mexɔ dzudzɔ le dɔ me le ƒe 1982 me la, esesẽ nam ŋutɔ elabena melɔ̃ ɖawɔwɔdɔ si wɔm menɔ. Agbanɔamedzi aɖeke menɔ dzinye o, eyata mezu gbesiage mɔɖela, si nye alesi woyɔna na Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawo. Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kple ɖetsɔlemetɔ geɖe kpe ɖe ŋunye be nye susu le te. Mezɔa afɔ ŋutɔ, elabena ʋu mele asinye o. Esia na mele lãmesẽ me.”

[Nɔnɔmetata]

“Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe wɔwɔ na nye susu le te.”—Léone

BRAZIL: Francisco Lapastina si xɔ ƒe 78 nye ɣeyiɣiawo katã ƒe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla.

“Metena ɖe dzinye alo veam ne amewo dze agɔ le dzinye alo ne womebu ŋunye o. Metsɔnɛ be amea anya nɔ nɔnɔme sesẽ alo kuxi aɖe me tom. Mí katã la, ŋkeke aɖewo li siwo dzi dzi medzɔa mí o. Medzea agbagba be nyemanɔ amewo lém ɖe dɔme o eye meɖoa ŋku edzi be amewo tsɔa nye vodadawo keam. Esia kpe ɖe ŋunye mete ŋu dze xɔlɔ̃ vavã geɖe.”

[Nɔnɔmetata]

“Medzea agbagba be magalé dziku ɖe dɔme o.”—Francisco

AUSTRALIA: Don MacLean si xɔ ƒe 77 gawɔa dɔ gaƒoƒo 40 kwasiɖa ɖesiaɖe.

“Megakpɔtɔ le lãmesẽ me togbɔ be woko nye dzi ƒe ene enye esia. Nyemeɖe mɔ be amekoko sia nawɔe be fifia wɔna navɔ le ŋunye le agbe me o. Mezɔa azɔli gbesiagbe abe alesi mewɔnɛ ƒe geɖe enye esi va yi ene. Esi menɔ ɖevi me eye mekpɔa alesi amewo dzena ame tsitsiwoe wu ƒe si woxɔ la, meɖonɛ kplikpaa be nyemaɖe mɔ wòanɔ nam nenema o. Amewo nyanya kpakple dzeɖoɖo kpli wo dzɔa dzi nam. Ne míetsɔ gbɔgbɔmenuwo kpe ɖe míaƒe agbe ŋu la, ekema nya si wogblɔ le Psalmo 103:5 ava eme na mí, be: ‘[Yehowa] tsɔa nu nyui ɖia ƒo na wò amegãkuku, ale be wò ɖekakpuinyenye gaɖoa yeye me abe hɔ̃ tɔ ene.’”

[Nɔnɔmetata]

“Mègatsi wu wò ƒe o.”—Don

JAPAN: Chiyoko Chonan si xɔ ƒe 68 nye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla.

“Asaƒoƒo na nuteɖeamedzi kple nutikɔname nye nu vevi aɖe si na wonɔa lãmesẽ me. Medzea agbagba be nyemagatsi dzi ɖe nyawo ŋu wu alesi hiã o eye mekpɔe be modzakaɖeɖe ɣeaɖewoɣi kpena ɖe ŋunye. Nyitsɔ laa sia la, mete akɔntabumɔ̃ sɔsrɔ̃ be matsɔ ado ŋusẽ nye asibidɛwo kple susu. Mebui be enyo be madze nu yeyewo gɔme.”

[Nɔnɔmetata]

“Mebui be enyo be woadze nu yeyewo gɔme.”—Chiyoko

FRANCE: Joseph Kerdudo si xɔ ƒe 73 nye ɣeyiɣiawo katã ƒe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla.

“Nu vevi aɖe si ana woaku amegã le atsyɔ̃ɖoɖo mee nye be woanɔ dɔ dzi. Dɔwɔwɔ naa wokpɔa dzidzeme, eye ehiã be nàlé ŋku ɖe wò nuɖuɖu ŋu eye nàwɔ tɔtrɔ siwo hiã. Mebui be ne taɖodzinu le agbe ŋu la, ena wotoa vovo. Mebui be gbɔgbɔmemenyenye wɔa akpa vevi aɖe si kpena ɖe mía ŋu míenɔa lãmesẽ me. Hafi mava zu Yehowa Ðasefo la, menye dzimevesusula kple mɔkpɔkpɔmanɔsitɔ. Biblia me nyateƒea nyanya nye ŋusẽ tɔxɛ aɖe si doa ŋusẽ ame ƒe susu be wòte ŋu kpea akɔ kple nɔnɔme vovovowo.”

[Nɔnɔmetata]

“Gbɔgbɔmeme- nyenye le vevie.”—Joseph