Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzɔtsoƒea Didi

Dzɔtsoƒea Didi

Dzɔtsoƒea Didi

“Zi geɖe la, menye nu ɖeka ko gbɔe ƒewuiviwo ƒe blanuiléle tsona o, ke boŋ nuteɖeamedzi vovovo gbɔe wòtsona.”—Ðk. Kathleen McCoy.

NUKA gbɔe sɔhɛwo ƒe blanuiléle tsona? Ate ŋu atso nu geɖe gbɔ. Nusiawo dometɔ ɖekae nye be tɔtrɔ siwo vaa sɔhɛwo ƒe ŋutilã kple seselelãme me ne wole sɔhɛnyenye me ɖom ate ŋu ana dzodzodzoetsitsi kple vɔvɔ̃ naɖe fu na wo eye wòana woƒe susu nayi nu masɔmasɔwo dzi. Hekpe ɖe eŋu la, seselelãme masɔmasɔwo te ŋu ɖoa sɔhɛwo me ne wose le wo ɖokui me be wo hatiwo alo ame aɖe si ƒe nu lé dzi na wo la gbe yewo. Azɔ hã, abe alesi míaƒe nyati si do ŋgɔ ɖee fia ene la, egbeviwo le tsitsim le xexe aɖe si me blanuiléle xɔ aƒe ɖo me. Nyateƒee wònye be míele ‘ɣeyiɣi vɔ̃ siwo me nɔnɔ sesẽ’ me.—Timoteo II, 3:1.

Nusi ganaa kuxia nu gasẽna ɖe edzie nye be esiae nye zi gbãsi sɔhɛwo le agbemenuteɖeamedziwo me tom eye ame tsitsiwo ƒe aɖaŋudzedze kple nuteƒekpɔkpɔ mesu wo si o. Eyata ɖeko sɔhɛwo va nɔa abe modzakaɖetsaɖila siwo le mɔ manyamanyɛ aɖe zɔm ene—nusiwo ƒo xlã wo tɔtɔ ɖe wo, eye womedi be yewoaxɔ mɔfiafia o. Nɔnɔme siawo ate ŋu awɔe be woalé blanui bɔbɔe.

Gake nu bubu aɖewo hã li siwo ate ŋu ahe sɔhɛwo ƒe blanuiléle vɛ. Mina míade ŋugble le wo dometɔ ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ.

Blanuiléle Kple Nubuname

Ɣeaɖewoɣi woate ŋu alé blanui ne nu vevi aɖe bu na ame—ɖewohĩ ne lɔlɔ̃tɔ aɖe ku alo srɔ̃gbegbe wɔe be dzila ɖeka megali o. Aƒemelã malɔ̃nugbɔ aɖe ƒe ku gɔ̃ hã ate ŋu ana sɔhɛ nabu mɔkpɔkpɔ.

Nubuname siwo medzena gaglã o hã li. Le kpɔɖeŋu me, ne woʋu yi nuto yeye aɖe me hegblẽ afisi nɔnɔ ma ame kpakple xɔlɔ̃wo ɖi. Nusi wole mɔ kpɔm na vevie—abe dodo le suku ene—gɔ̃ hã ate ŋu ana woase le wo ɖokui me be nane bu ɖe yewo. Nya lae nye be agbenɔnɔ yeye aɖe gɔmedzedze fia be woagblẽ xoxoa si me dzidzɔ kple dzidzeme le ɖi. Sɔhɛ aɖewo hã li siwo wòva hiã be woakpe akɔ kple dɔmavɔleameŋu aɖe. Le nɔnɔme sia me la, alesi woto vovo tso wo hatiwo gbɔ—ɖewohĩ ne wo hatiwo gbe wo gɔ̃ hã—ate ŋu ana sɔhɛa nase le eɖokui me be nane gblẽ le ye ŋu.

Enye nyateƒe be sɔhɛ geɖe toa nubuname siawo ƒomevi me evɔ wometsia dzi boo o. Woanya lé blanui, woafa avi, woaxa nu, woafa konyi ya—ke hã wova trɔna ɖe nɔnɔmea ŋu le ɣeyiɣi aɖe megbe. Ekema nukatae sɔhɛ geɖe te ŋu nɔa te ɖe agbemenuteɖeamedziwo nu dzidzedzetɔe gake wo dometɔ bubuwo ya va gena ɖe blanuiléle ƒe fuwɔamewo si me? Ŋuɖoɖo bɔbɔe aɖeke meli o, elabena blanuiléle nye dɔléle manyatalenu. Gake ete ŋu ɖea fu na sɔhɛ aɖewo wu ɖewo.

Akpa si Lãmetsiwo Wɔna

Ahɔhɔ̃ŋutinunyala geɖe xɔe se be lãmetsiwo ƒe masɔmasɔ le ahɔhɔ̃a me wɔa akpa vevi aɖe le blanuiléle me. * Masɔmasɔa ate ŋu anye nusi woxɔ tso dzilawo gbɔ, elabena numekulawo kpɔe be sɔhɛ siwo dzilawo léa blanui hã te ŋu va zua blanuilélawo. Agbalẽ si nye Lonely, Sad and Angry gblɔ be: “Zi geɖe la, ɖevi siwo léa blanui ƒe dzilawo dometɔ ɖeka ya teti hã nye blanuiléla.”

Esia fɔ biabiaa ɖe te be, Ðe wònye nyateƒe be ɖeviwo nyi blanuiléle ƒe dome tso wo dzilawo gbɔa, alo ɖeko wosrɔ̃ blanuiléle tso wo dzila si léa blanui gbɔa? ‘Nɔnɔme si ƒe dome wonyi loo alo hadome ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi’ ƒe biabia sia ŋu ɖoɖo sesẽ, elabena ahɔhɔ̃a ƒe dɔwɔwɔ gɔmesese sesẽ abe alesi nusiwo na sɔhɛwo léa blanui hã sɔ gbɔe ene.

Blanuiléle Kple Ƒomegbenɔnɔ

Wogblɔ be blanuiléle nye ƒomenya, eye susu nyui aɖe tae. Abe alesi míegblɔe va yi ene la, ate ŋu anye be blanuiléle ƒe nɔnɔme aɖe li si ƒe dome dzidzime ɖeka nyina tsoa esiwo do ŋgɔ gbɔ. Gake nɔnɔme si le ƒomea me hã ate ŋu awɔ akpa aɖe. Ðk. Mark S. Gold ŋlɔ be: “Ele bɔbɔe ŋutɔ be ɖevi siwo dzilawo wɔa ŋlɔmi le wo ŋu nalé blanui. Nenema ke enye ɖevi siwo dzilawo ƒe nya me sẽ eye wokea ŋku ɖe wo viwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me fũ akpa.” Woate ŋu alé blanui hã ne dzilawo wɔa vi na wo viwo eye woƒe asi le wo ŋu akpa. Eɖe dzesi be numekula aɖe kpɔe be ɖeviwo te ŋu léa blanui bɔbɔe wu gɔ̃ hã ne dzilawo metsɔ ɖeke kura le eme na wo o.

Gake esia mefia be sɔhɛ blanuilélawo katã dzilawo mewɔ woƒe dɔ nyuie o. Nyametsotso kpla alea anye aɖabaŋeŋe ƒu nu bubu geɖe siwo hã te ŋu hea kuxia vɛ dzi. Ke hã le go aɖewo me la, ƒomegbenɔnɔ wɔa akpa vevi aɖe le nyaa me. Ðk. David G. Fassler ŋlɔ be: “Ðevi siwo le aƒe siwo me masɔmasɔ nɔa dzilawo dome ɣesiaɣi va zua blanuilélawo bɔbɔe wu ɖevi siwo le aƒe siwo me masɔmasɔwo mele boo o me. Susuawo dometɔ ɖekae nye be dzila siwo wɔa dzre ƒe susu katã nɔa woƒe nyaʋiʋlia dzi ale gbegbe be womegatsɔa ɖeke le wo viwo ƒe nuhiahiãwo me o. Susu bubu hã enye be zi geɖe la, dzilaawo ƒe nyaʋiʋli kuna ɖe ɖeviawo ŋu, si wɔnɛ be fɔbuameɖokui, dziku, kple fuléle ɖoa ɖeviawo me.”

Nusiwo ate ŋu ana sɔhɛwo nalé blanui dometɔ aɖewo koe enye esiawo. Bubuwo gali. Le kpɔɖeŋu me, eŋutinunyala aɖewo gblɔ be hadomenɔnɔmewo (abe nunyuimakpɔɖu, aɖinu siwo le yame, kple atike muamewo ene) ate ŋu ana woalé blanui. Ame bubuwo fia asi atike aɖewo (abe vevesesenutsitikewo kple dzitsitsinutsitikewo ene) be woate ŋu ahee vɛ. Edze abe ɖevi siwo nu menya srɔ̃na na o hã te ŋu léa blanui bɔbɔe ene, ɖewohĩ esi wodaa wo ɖokui ɖe anyi esime wokpɔe be yewomate ŋu anya agbalẽ abe yewoƒe sukuxɔmehatiwo ene o ta.

Gake nuka ke gbɔe wòɖatso o, ele vevie be míabu biabia sia ŋu be, Aleke woate ŋu akpe ɖe sɔhɛ blanuilélawo ŋui?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 11 Ame aɖewo xɔe se be wodzi blanuiléla aɖewo kple masɔmasɔa, evɔ ame bubuwo ya dzea agbe gɔme dedie gake ne wova do go nɔnɔme sesẽ aɖe si trɔ ahɔhɔ̃a me tsiwo ƒe dɔwɔwɔ hafi wova zua blanuilélawo.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 8, 9]

Masɔmasɔ siwo le ƒomea me te ŋu naa woléa blanui zi geɖe