Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Ŋɔdzinu Dzɔ

Ne Ŋɔdzinu Dzɔ

Ne Ŋɔdzinu Dzɔ

“Hɛ le ŋunye hee! Ne mèzi ɖoɖoe o mawu wò fifia!”

DZOMEŊƆLI ŋdɔ nyui aɖe mee, Jane * si nye Yehowa Ðasefo ƒe 17 vi aɖe do kekefɔkpa nɔ du ƒum le modzakaɖebɔ aɖe me le Virginia, U.S.A. Kasia ekpɔ zi ɖeka be amewo vɔ le abɔa me, eye wòdi be yeadzo. Esime wòbɔbɔ nɔ woƒe ƒomea ƒe bɔs gbɔ nɔ afɔkpaa ɖem la, ame tutɔ aɖe te ɖe eŋu. Esi amea gblɔ nya tsodzikaƒoname siwo míeŋlɔ ɖe etame la, egblɔ na Jane be nena yeadɔ egbɔ, eye wòlée sesẽe hedi be yeahee ade ʋua me. Jane do aƒa sesĩe alesi wòate ŋui, gake amea gbe asiɖeɖe le eŋu.

Jane gblɔ emegbe be: “Wɔna aɖeke kura meganɔ ŋunye o. Ðeko wòwɔ abe alesi nudzodzoe vi aɖe nanɔ kame tem kple ame dzɔtsu aɖe ene. Gake meganɔ aƒaa dodo kple ʋiʋlia dzi. Ke mlɔeba la, medo ɣli sesĩe yɔ Mawu be ‘Oo, Yehowa, mègana nusia nadzɔ ɖe dzinye o dzro!’” Ewɔ abe ɖe nya ma do vɔvɔ̃ na amea ene eye wòɖe asi le ŋunye enumake si dzo le teƒea.

Esi amesi di be yeadɔ Jane gbɔ sesẽe ge ɖe eƒe ʋu me la, Jane hã ge ɖe etɔ me do ʋɔtru ɖe eɖokui nu eye wònɔ ƒoƒom tititi. Etsɔ eƒe kotokumetelefon eye wòzi eɖokui dzi be yeanɔ anyi kpoo. Eyɔ kpovitɔwo eye wòɖɔ amea ƒe ʋu na wo tsitotsito kple ʋua ƒe xexlẽdzesi siaa, si na be mede aɖabaƒoƒo aɖeke hafi wolée o.

Ðe Nya la ƒe Nuwuwu Nye Dzidzɔa?

Ẽ, gake menye enumake o. Azɔ hafi Jane ƒe fukpekpewo dze egɔmee nye esi. Togbɔ be kpovitɔwo kple nyadzɔdzɔgbalẽwo kafu Jane ɖe alesi wòɖe abla le susu me eye wòwɔ nu nunyatɔe esi amea dze edzi ta hã la, esi wòɖo eɖokui me le edzidzedzea vɔ megbe la, mewɔ nɛ be yewɔ nu nunyatɔe kura o. Egblɔ be: “Le kwasiɖa aɖewo megbe la, meva tɔtɔ le ɖokuinye me ale gbegbe. Nye ame bliboa meva nɔ vɔvɔ̃m enuenu, si na be nyemegate ŋu dɔa alɔ̃ o. Le nua ƒe dzɔdzɔ kwasiɖa geɖe megbe hã la, nyemegate ŋu srɔ̃a nu alo nye susu meganɔa nu ŋu o. Ne meli hã dzika tsoa ƒonye le vome. Míaƒe sukuhati aɖe si de amesi dze dzinye la ɖi ge vie ƒo abɔta nam be yeabia be ga nenie ƒo hã, enumake ɖeko metɔtɔ kura.”

Eyi edzi be: “Melé blanui ale gbegbe. Nyemegadea ha kple xɔ̃nyewo o, eye ɖeko akogotsitsia gadzi nye blanuilélea ɖe edzi. Mebu fɔ ɖokuinye be nye ŋutɔe na amea di be yeawɔ nu gbegblẽ ɖe ŋunye, eye mexa nu vevie be nyemeganye dzidzɔme si dzi wote ŋu kana ɖo abe tsã ene o. Ðeko wòwɔna nam abe ɖe amenyenye ma ku fifia ene.”

Ŋɔdzinu ƒe fuɖename emegbe ƒe dzesi aɖewo tututu me tom Jane nɔ. Dɔ kae eye nukae woate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe amesiwo ŋu eƒe dzesi gblẽnuawo dze le la ŋu? Míaɖo biabia siawo ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Míetrɔ eƒe ŋkɔ.