Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Azã Nyanyɛwo Ŋuti Nyateƒenya La

Azã Nyanyɛwo Ŋuti Nyateƒenya La

Azã Nyanyɛwo Ŋuti Nyateƒenya La

ADZEWO, ŋɔliwo, aŋanyiwo, kple gaglãgbe dzotɔtɔwo, ɖeviwo ƒe nubiabia ŋɔdzidonametɔe. Halloween ɖulawo kpɔkpɔ dze sii menye nu sesẽ kura o. Gake nuka mee azã sia kple esiwo ɖii dzɔ tso? Wogayɔa Halloween be Ame Kɔkɔewo Katã ƒe Fiẽ alo Ame Kɔkɔewo Katã ƒe Azã ƒe Dzodragbe. Gake ŋkɔ sia si dze abe Kristo subɔsubɔ ŋue wòku ɖo ene na be eƒe dzɔtsoƒe si mete ɖe kɔkɔenyenye ŋu kura o la bu. Le nyateƒe me la, agbalẽnyalawo gblɔ be Halloween dzɔ xoxoxo hafi Kristotɔnyenye va dzɔ—enɔ anyi le ɣeyiɣi si me blema Celttɔwo nɔ Britain kple Ireland. Celttɔwo zã ɣletigbalẽ si wobuna ɖe dzinu dzi tsɔ ma ƒea ɖe azã eve mee—vuvɔŋɔli ɣleti siwo me viviti nɔa anyi kple dzomeŋɔli ɣleti siwo me kekeli nɔna. Ne ɣletia sɔ tegblẽe gogo November 1 tututu la, Celttɔwo ɖua azã si woyɔna be Samhain, si gɔmee nye “Dzomeŋɔli ƒe Nuwuwu.” *

Woɖua azã sia, si nye Celttɔwo ƒe ƒe yeye ƒe gɔmedzedze la le dzomeŋɔli ƒe nuwuwu, le ɣeyiɣi si me woxa agblemenukuwo vɔ eye wokplɔ lãhawo tso gbedzi va kpo mee megbe. Celttɔwo xɔ se be le ƒea ƒe ɣeyiɣi si me ŋkekeawo nɔa kpuie me la, ahiã be yewoawɔ kɔnu kple vɔsa vovovowo atsɔ ado ŋusẽ ɣe lae. Wotsia dzo le afisiafi wònyea dzesi be ƒe xoxoa le enu wum alo le kukum eye wodoa gaglãgbedzo kɔkɔewo tsɔ ʋua ƒe yeyea nui, dzo sia ƒe ɖee dua me tɔ ɖesiaɖe ɖena va dona ɖe eƒe mlekpui me.

Wobu hã be gaglãgbedzo siawo—si tɔgbe wogadona egbea le Britain ne wole Guy Fawkes Fiẽ ƒe azã ɖum kple azã siwo woɖuna le June me le Brazil—nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo.

Woxɔe se be le Samhain ƒe azãa ɖugbe la, dometsonu si tso amegbetɔwo kple gbɔgbɔmexexeame dome la mana ɖe eve eye gbɔgbɔwo, nyuia kple vɔ̃awo siaa, va tsana le anyigba dzi. Wobuna be ame kukuwo ƒe luʋɔwo gbɔna vaa woƒe aƒewo me, eye ƒometɔwo daa nuɖuɖu kple aha ɖe gota na woƒe ŋɔlimedzrowo kple susu be yewole dzi fam na wo hele dzɔgbevɔ̃e ɖem le mɔ me na yewo ɖokui. Eyata ne ɖeviwo do awu abe ŋɔliwo alo adzetɔwo ene hele tsatsam tso aƒeme yi aƒeme le Halloween-ɖunuwo biam alo le ŋɔdzi dom na amewo be yewoagblẽ nu la, blemakɔnu si wowɔna le Samhain ɖuɖu me la wɔmee wole le manyamanya me. Jean Markale gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Halloween, histoire et traditions (Halloween—Ŋutinya Kple Kɔnyinyiwo) me be: “Ne woxɔ nusi biam wole ɖe asi la, wole kpe ɖom edzi le kpɔɖeŋumɔ nu be nɔviwo dome nunana aɖeke meli yewonya be eyia dzi le xexeme si wokpɔna kple vivimexexeame dome o. Esia tae amemowo ɖɔɖɔ le Halloween ɖuɣi . . . nye wɔna kɔkɔewo ɖo.”

Esi amewo xɔ se be mɔxenu siwo tso xexeme si wokpɔna kple esiwo womekpɔna o dome ɖe ɖa ta la, wosusu be amegbetɔwo ate ŋu age ɖe gbɔgbɔmexexeame bɔbɔe. Eyata Samhain ɖuɣi nye ɣeyiɣi nyui ŋutɔ aɖe si me woate ŋu anya etsɔme nya ɣaɣlawo. Wozãa atɔtɔŋuti (apple) alo ati si nye hazel ƒe tsetse, siwo nye atikutsetse eve siwo wobuna be ati kɔkɔewo dzie wogbea wo le la tsɔ kaa afa le srɔ̃ɖeɖe, dɔléle, kple ku ŋui. Le kpɔɖeŋu me, wolɔa atɔtɔŋuti siwo ŋu atɔtɔŋuti tɔa ƒe dzesi le kɔna ɖe agba si me tsi le me. Ne ɖekakpui alo ɖetugbi te ŋu tsɔ eƒe nu lé atɔtɔŋuti ɖeka la, wogblɔna be ate ŋu anya amesi wòava ɖe le etsɔme. Wogawɔa afakanu si nye nu tsɔtsɔ lé atɔtɔŋuti ƒe fefe sia le Halloween ɖuɖu me egbea.

Ahanono blibaa kple nu gbegblẽ ɖesiaɖe ƒomevi wɔwɔ hã yia edzi le Samhain ɖuɖu me. Markale gblɔ be: “Ne menye ɖe woda dekɔnu xɔasiwo dzi o la, ke wotrɔa woƒe ta tuna. Woɖea mɔ ɖe nutsitsriwo ŋu eye wotsria nusiwo ŋu mɔɖeɖe le.” Nɔnɔme sia gadzena kokoko le Halloween ɖuɖu hã me egbea, si ŋu ɖikeke mele o be eya koŋ tae wòle ta kekem ɖo. Esi The Encyclopedia of Religion nɔ nu ƒom tso nya sia ŋu la, egblɔ le Halloween ɖuɖu egbea ŋu be enye “ɣeyiɣi si me ame tsitsiwo hã ate ŋu awɔ nusiwo ŋu dekɔnu meɖe mɔ ɖo o eye woɖea asi le nɔƒe si le wo si ŋu heƒoa wo ɖokui ɖe yakanu ɖesiaɖe ƒomevi wɔwɔ me le fiẽ ma. Eyata alesi Celttɔwo bua azã ɖuɖuae be enye fiẽ si me woasi le agbemenyawo kple nusiwo wokpɔa mɔ na tso ame gbɔ nu la tsi anyi va ɖo ƒe alafa blaevelia me.”

Mawusubɔsubɔ me Hoʋiʋli

Esi yevutedɔ to le ƒe alafa 19 lia me la, Irelandtɔ siwo ʋu yi United States tsɔ Halloween-zã la kple eƒe kɔnuwo yi afimae. Afimae wòtso trɔ gbɔ va Europa le ƒe ʋɛ siwo va yi me. Gake menye amesiamee alesi Halloween la le vivim na amewoe la do dzidzɔ na o. Abe alesi nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Le Monde gblɔe ene la, “Halloween si va doa go ɖe Ame Kɔkɔewo Katã ƒe Ŋkeke kple Luʋɔwo Katã ƒe Ŋkeke (November 1 kple 2) nu eye wòate ŋu ava xɔ ɖe wo teƒe gɔ̃ hã, na be fiasetɔwo le dzidzɔ kpɔm, gake wòle dzikatsoƒoe dom na subɔsubɔhakplɔlawo ya.”

Xɔseha teƒenɔla siwo le France tsi dzi le alesi Katolikotɔwo ƒe ŋkekenyui siawo le to yim le Halloween la ta, eye wobui be enye “trɔ̃subɔsubɔ si le gegem ɖe dukɔa me” ƒe dzesi. Le France Katoliko Bisiɔpwo ƒe Takpekpe me nyanuɖela Stanislas Lalanne gome la, Halloween ‘tɔtɔa gɔmesese si le agbe kple ku ŋu la me.’ Nice ƒe bisiɔp, Jean Bonfils, gblɔ be “kadodo aɖeke mele azã sia kple eŋu kɔnuwo kpakple míaƒe Mediterranea Kristotɔwo ƒe kɔnuwo dome o,” eye wòxlɔ̃ nu Katolikotɔwo tso “Satana subɔlawo ƒe azã vevitɔ kekeake le xexeame godoo la ŋu.”

Esi Clermont-Ferrand ƒe bisiɔp Hippolyte Simon nɔ nu ƒom tso alesi Franseawo ɖe asi le Katolikotɔwo ƒe kɔnuwo ŋu va ku ɖe trɔ̃subɔlawo ƒe azã siawo ŋu ŋuti la, egblɔ be: “Ðeko wòwɔ abe ɖe Franseawo va le dukɔmeviwo ƒe subɔsubɔha aɖe tɔgbe si ate ŋu axɔ ɖe Kristotɔnyenye teƒe la dim ene.” Eŋlɔ bena: “Le Halloween ɖuɣi la, amewo nɔ ame kukuwo srɔ̃m eye woƒe ‘ŋɔliwo’ va nɔa vɔvɔ̃ dom na mí hetsɔa ku nɔ ŋɔdzi domee na mí. Gake le Ame Kɔkɔewo Katã ƒe Ŋkeke ya ɖuɣi la, míetea gbe ɖe edzi be ameyinugbeawo gale agbe eye wodo ŋugbe na mí be míava wɔ ɖeka kple yewo le Mawu ƒe Du la me.”—Vers une France païenne? (Ðe France Le Trɔ̃subɔdukɔ Zuma?)

Nenema ke Carlo Maria Martini, papatenɔla si le Milan, Italy hã xlɔ̃ nu Italytɔwo be woagaɖe asi le Katolikotɔwo ƒe ŋkekenyuiwo ŋu o, eye wògblɔ be “nu tutɔe” Halloween nye “na míaƒe kɔnyinyi, si ŋu asixɔxɔ gã le eye wòle be míalé eme ɖe asi la. Luʋɔwo Katã ƒe Ŋkeke nye azã nyanyɛ le míaƒe ŋutinya me. Enye ɣeyiɣi si me agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ʋuna na ame, ɣeyiɣi si me Aƒetɔ la naa míenyana be menye agbea katã koe nye esi míele le anyigba dzi o.” Ðikekemanɔmee la, Katolikotɔ akuakua geɖe sena le wo ɖokui me nenema. Gake ɖe vovototo si le Halloween kple Luʋɔwo Katã ƒe Ŋkeke dome dze kɔte abe alesi nya siawo le mía fiamee enea? Nukae ŋkuléle ɖe Katolikotɔwo ƒe ŋkekenyui siawo ŋu tsitotsito ɖe fia ku ɖe woƒe dzɔtsoƒe ŋu?

Azã si Wodo Awu Kɔkɔe Na

The Catholic Encyclopedia yɔ Ame Kɔkɔewo Katã ƒe Ŋkeke be enye azã si wotsɔ “dea bubu ame kɔkɔewo katã, nyanyɛawo kple manyamanyɛawo siaa ŋui.” Le ƒe alafa evelia ƒe nuwuwu la, amesiwo be Kristotɔwoe yewonye la te bubudede xɔsetakukulawo ŋu, eye woxɔe se be wole Kristo gbɔ le dziƒo xoxo, ale be wodoa gbe ɖa na wo be woaxɔ nya ɖe yewo nu. Wodze eɖuɖu edziedzi gɔme tso May 13, * 609 alo 610 M.Ŋ. dzi esime Papa Boniface IV kɔ Pantheon—si nye Romatɔwo ƒe mawuwo katã ƒe gbedoxɔ—ŋu na Maria kple xɔsetakukulawo katã. Markale gblɔ be: “Roma-mawuwo na ta xɔseha si nɔ dzi ɖum la ƒe ame kɔkɔewo.”

Papa Gregory III (731-741 M.Ŋ.), amesi kɔ gbedoxɔ aɖe ŋu le Roma na ame kɔkɔewo katã eye wòde se be woade bubu wo ŋu le November 1 dzi, ƒe dziɖuɣie wotrɔ ɣletiŋkekea tsɔ yi November me. Míenya nusi tututu ta wòwɔ nusia ɖo o. Gake ate ŋu anye be esi wonɔ ŋkekenyui sia ɖum xoxo le England le ɣletiŋkeke sia dzi tae. The Encyclopedia of Religion ɖee fia be: “Samhain kpɔtɔ nye azã nyanyɛ le Celttɔwo dome le Great Britaintɔwo ƒe Kristotɔwo zuɣi la katã me. Britain-sɔlemeha la te kpɔ be yeana amewo nadzudzɔ vividodo ɖe trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnuwo ŋu alea esime wowɔ ɖoɖo ɖe Kristotɔwo ƒe azã aɖe ɖuɖu ŋu le ɣletiŋkeke si tututu dzi woɖua Samhain la. . . . Anye alesi Britain Titinaɣeyiɣiwo me tɔwo ɖua Ame Kɔkɔewo Katã ƒe Ŋkeke lae na azã sia ɖuɖu keke ta ɖo Kristo-sɔlemeha la katã me ɖo.”

Markale ƒo nu tso alesi Ireland saɖagaxɔmenɔlawo ƒe ŋusẽkpɔkpɔ nɔ ta kekem le Europa katã le ɣeyiɣi sia mee ŋu. New Catholic Encyclopedia hã gblɔ be: “Zi geɖe la, Irelandtɔwo ɖoa ɣletiŋkeke gbãtɔwo ɖi na azã veviwo ɖuɖu, eye esi November 1 hã nye Celttɔwo ƒe vuvɔŋɔli ƒe gɔmedzedze ta la, ate ŋu anye ɣletiŋkeke si dzi woanya nɔ ame kɔkɔewo katã ƒe azãa ɖum le.” Mlɔeba le ƒe 835 M.Ŋ. me la, Papa Gregory IV na woɖu azã sia le xexeame katã.

Le Luʋɔwo Katã ƒe Ŋkekea, si dzi wodoa gbe ɖa ɖe luʋɔ siwo katã le ŋutiklɔdzo me ta be woate ŋu ayi dziƒo aɖakpɔ dzidzɔ, gome la, November 2 lia dzie Cluny, France, saɖagaxɔmenɔlawo da ŋkekenyui sia ɖo le ƒe alafa 11 lia me. Togbɔ be wobunɛ be Katolikotɔwo ƒe ŋkekenyuie Luʋɔwo Katã ƒe Ŋkekea nye hã la, etɔtɔ ɖe ame tsɛwo ya. New Catholic Encyclopedia gblɔ be: “Le Titinaɣeyiɣiwo me katã la, ame geɖe xɔe se be luʋɔ siwo le ŋutiklɔdzo me ate ŋu ado le ŋkeke sia dzi abe adzewo, akpɔkplɔwo, kple nu bubuwo ene.”

Esi sɔlemeha la mete ŋu ɖe trɔ̃subɔlawo ƒe dzixɔsewo ɖa le woƒe hameviwo ƒe dzime o ta la, ɖeko wotsɔ “Kristotɔnyenye” ɖɔ na wo. Esi The Encyclopedia of Religion nɔ nya sia me ɖem la, egblɔ be: “Kristotɔwo ƒe azã, si nye Ame Kɔkɔewo Katã ƒe Azã, la dzie woɖoa ŋku Kristo subɔsubɔha la ƒe ame kɔkɔe nyanyɛ kple manyamanyɛawo dzi le, abe alesi Samhain xɔ Celt-mawuwo hedea bubu wo ŋui ene.”

Alesi Azã Nyanyɛwo ƒe Nya la Ka Wòe

Aleke gbegbee wòle be nàtsi dzi ɖe Halloween kple azã mawo tɔgbe ƒe dzɔtsoƒe vɔ̃awo ŋui? Ne èbu eŋu kpɔ la, ɖeko ame akpa gãtɔ tsɔnɛ be ɣeyiɣi si me wodzrana ɖo heɖea modzaka koe Halloween la nye. Gake ɖe màlɔ̃ ɖe edzi be ele vevie be dzilawo nakpɔ egbɔ be modzaka ɖesiaɖe si wo viwo aɖe la nyo eye afɔku mele wo me oa?

Wobia gbe sukudzikpɔla aɖe si fia nu ƒe 20 kple edzivɔ le France tso ŋusẽ si Halloween kpɔna ɖe ɖeviwo dzi ŋu. Egblɔ be: “Enye nusi ŋu metsi dzi ɖo be ɖeviawo ƒe tsatsa tso aƒeme yi aƒeme anɔ ŋɔdzi dom na ame tsitsiwo be woana kpetikewo yewo agblẽ nu le wo ŋu ɖaa. Ate ŋu ana ɖokuitɔdidi kple tɔnye-ko-nenyo ƒe nɔnɔme nage ɖe wo me. Wosrɔ̃nɛ be ne yewozi amewo dzi, ne yewotsɔ ŋɔdzidoname bia nui, ne yewodo vɔvɔ̃ na amewo la, nusi yewodi ate ŋu asu yewo si.” Eyata ele be dzilawo nabia wo ɖokui se be, ‘“Nusɔsrɔ̃” kae le ŋkekenyui sia ɖuɖu me na vinyewo?’

Mewɔ nuku o be ƒome geɖe va kpɔe dze sii be kpetike kple azãɖuwu siwo ɖeviwo biana ƒeƒle na wo le ga gblẽm na yewo. France ƒe Agbenɔnɔ Ŋuti Nusɔsrɔ̃ Kple Ŋkuléle Ðe Eŋu Numekuƒe ƒe dɔdzikpɔlagã Robert Rochefort gblɔ be: “Menye ŋkekenyui ye Halloween . . . nye o, adzɔnuwo dzraɣie wònye.” Nu maƒlemaƒle ƒe ɣeyiɣi si nɔa anyi doa ŋgɔ na Kristmas ɖuɣi ye Halloween ɖena ɖa. Ne míagblɔe bubui la, nu bubu si ganaa amewo zãa ga—ga si anye ne womazãe hafi o ye wònye. Ðe wòhiã vavã be nàkplɔ amehawo ɖo le nuwɔna sia tɔgbe mea?

Gake nusi ŋu Kristotɔwo tsia dzi ɖo wue nye nyateƒenya si wònye be Halloween kple azã siawo tɔgbe dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Nyemele didim bena, miade ha kple gbɔgbɔ vɔ̃wo o. Miate ŋu ano Aƒetɔ la ƒe kplu, agano gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplu hã o.” (Korintotɔwo I, 10:20-22) Ebia hã be: “Hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome? Alo ƒomedodo kae le kekeli kple viviti dome? Alo aleke Kristo kple Belial asɔa? Alo gome kae li na xɔsetɔ kple dzimaxɔsetɔa?” (Korintotɔwo II, 6:14-16) Eyata Biblia meda asi ɖe Kristotɔnyenye tsɔtsɔ ɖɔ na trɔ̃subɔsubɔ nuwɔnawo ƒe nukpɔsusu bliboa dzi kura o!

Azɔ hã, Biblia xlɔ̃ nu le gbɔgbɔyɔyɔ ŋu. (Mose V, 18:10-12) Togbɔ be enye nyateƒe be Halloween-ɖula akpa gãtɔ agblɔ be yewotsria gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo hã la, ele be míanyae be le ŋutinya me la, ŋkekenyui sia do ƒome kplikplikpli kple vivimesubɔsubɔ. Eyata ate ŋu akplɔ ame ade gbɔgbɔyɔyɔ me, vevietɔ sɔhɛ siwo dzi nu te ŋu kpɔa ŋusẽ ɖo bɔbɔe. Nɔƒe aɖeke meli na trɔ̃subɔsubɔ kɔnu kple kɔnyinyi siwo yɔ fũ kple gbɔgbɔyɔyɔ la le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔ me o; menye nusiwo me afɔku mele o ye wonye kura o.

Mlɔeba la, nya si nye be dzixɔse si nye be ame kukuwo kpea fu alo be woate ŋu ato mɔ aɖe dzi agblẽ nu le agbagbeawo ŋu dzie wotu Halloween, Ame Kɔkɔewo Katã ƒe Ŋkeke, kple Luʋɔwo Katã ƒe Ŋkeke ɖo la hã li. Gake Biblia ɖee fia eme kɔ ƒã be dzixɔse siawo katã menye nyateƒe o, esi wògblɔ be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o.” (Nyagblɔla 9:5) Susu sia tae Biblia xlɔ̃ nu be: “Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.” (Nyagblɔla 9:10) Esi ame kukuwo menyaa naneke o eye le susu ma ta womate ŋu awɔ nuvevi ame o alo woa ŋutɔwo mekpea fu o ta la, naneke meli si ado vɔvɔ̃ na mí le wo ŋu o. Nenema ke viɖe aɖeke mele gbe siwo wodona ɖa be woatsɔ akpe ɖe wo ŋu la ŋu le mɔ aɖeke nu o. Ðe esia fia be mɔkpɔkpɔ aɖeke meli na míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku la oa? Ao. Biblia na kakaɖedzi mí be “tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”—Dɔwɔwɔwo 24:15. *

Sidzedze ƒe amesinɔnɔ ana nàte ŋu atia nusi dze ŋuwò. Míate ŋu akpɔ mɔ be míawɔ nyametsotso siwo me nunya le ne nyateƒenya siwo ku ɖe nyaa ŋu katã mele mía si o. Esi nède ŋugble le nya siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati siawo me ŋu la, nyametsotso kae nàwɔ?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Samhain manye alesi wogblɔna zi geɖe be enye Celttɔwo ƒe mawu si nye ku la ƒe ŋkɔ o, ke boŋ enye azã sia ŋkɔ. Jean Markale, si nye Franse yevu si nya nu tso Celttɔwo ŋu nyuie gblɔ be anye Lug si nye kekeli mawu ŋue wodea bubui le Samhain la ɖuɣi.

^ mm. 14 Edzɔ be ɣletiŋkeke sia va do go kple Romatɔwo ƒe azã si woyɔna be Lemuria, si woɖuna le May 9, 11, kple 13 dzi tsɔ faa dzi na ame kukuwo ƒe luʋɔwo be woaganɔ fu ɖem na ƒometɔwo anɔ nu gblẽm le wo ŋu o.

^ mm. 25 Àte ŋu akpɔ nyatakaka bubuwo le Biblia ƒe nufiafia si nye tsitretsitsi la ŋu le nyati si nye “Nukae Dzɔna Ðe Míaƒe Lɔlɔ̃tɔ Siwo Ku Dzi?” me le agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, si Yehowa Ðasefowo ta la me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 20]

Halloween na amewo kpɔtɔ lé alakpanya si nye be ame kuku le agbe la me ɖe asi

[Nya si ɖe dzesi si le axa 21]

Wogawɔa Celttɔwo ƒe afakaka kɔnuwo le Halloween ɖuɖu me kokoko

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Celttɔwo ƒe azã, si anye Lug, si nye kekeli mawu la, subɔsubɔ mee Halloweendzɔ tso

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Ameɖibɔ si me blema Celttɔwo ƒe atitsogawo le

[Nɔnɔmetata siwo le axa 20, 21]

Nu tsɔtsɔ lé atɔtɔŋutii nye fefe siwo Celttɔwo to vɛ dometɔ ɖeka

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Etso magazine: The Delineator October 1911, me

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Papa Boniface IV kɔ Romatɔ trɔ̃subɔlawo ƒe gbedoxɔ si nye Pantheon ŋu na Maria kple sɔlemeha la ƒe xɔsetakukulawo katã

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Ŋusẽ kae Halloween kpɔna ɖe viwòwo dzi?

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Kristotɔ vavãwo ɖea modzaka ɖɔʋuwo le woƒe ƒomewo me