Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Azã Nyanyɛwo—Modzakaɖeɖe Ko Wonyea?

Azã Nyanyɛwo—Modzakaɖeɖe Ko Wonyea?

Azã Nyanyɛwo—Modzakaɖeɖe Ko Wonyea?

LE October ƒe domedome la tɔtrɔ wɔnuku aɖe te mododo ɖa le France ƒe dugã aɖewo me. Aŋanyiwo, ametikpakpɛwo, kple yiyiɖɔwo yɔ fiasewo me taŋtaŋ. Le kɔƒeduwo me la, fiasegã me gaxɔlawo ɖɔa kuku tsũe yibɔwo. Le azãa nuwugbe la, ɖeviwo lɔna kɔna ɖe mɔdodowo dzi—nɔa amewo ƒe ʋɔwo ƒom nɔa ŋɔdzi dom na wo be yewoagblẽ nu ne wometsɔ “nusi biam yewole” na yewo o.

Kɔnu madzegadzi siawo katã nye azãɖuɖu si woyɔna be Halloween ƒe akpa aɖe. Wobuna Halloween sia tsã be enye Amerikatɔwo ƒe ŋkekenyui, gake fifia ekaka ɖe xexeame godoo, eye ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa kpɔa dzidzɔ ɖe eŋu. Edze abe wodoa vivi ɖe Halloween sia ŋu le France ale gbegbe. Le akɔntabubu aɖe nu la, Franseawo ƒe aƒekɔ ɖeka le etɔ̃ ɖesiaɖe me kloe ye ɖu azã la le ƒe si va yi me. Italytɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye La Repubblica ƒo nu tso alesi amewo le vivi dom ɖe azãa ŋu le ŋkeke siawo me ŋu be ele abe “dzo” si le nu bim le Italy-ƒukpo-afã la katã dzi ene. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Nordkurier gblɔ be fifia la, “[Germanytɔ] gbogbo aɖewo medi be azã dziŋɔ sia nato yewo ŋu o wu alesi wònɔ tsã.”

Menye Europa ɖeɖekoe Halloween la lé amewo abe mɔ̃ ene le o. Tso Bahamas va ɖo Hong Kong la, wodoa vivi ɖe Halloween ɖuɖu ŋu ale gbegbe. International Herald Tribune ka nya ta be le ƒe si va yi me la, radiodɔwɔƒe aɖe le Sri Lanka wɔ ɖoɖo amewo wɔ “Halloween-zã ɖuɖu si me gbɔgbɔyɔnuwɔnawo gbɔ eme le wu kple esi me aƒadodo sesĩe si ɖi amesi wolé le wuwum tɔ” le la ƒe hoʋiʋli. Halloween la te mododo ɖe Japan hã, afisi wona azãɖula akpe nanewo lé ‘aŋanyiwo ɖe asi le ɖo fli legbee’ le Tokyo.

Le xexeame ƒe akpa siwo amewo menya nu tso Halloween ŋu le tututu o hã la, zi geɖe azã nyanyɛwo li woɖuna siwo ɖii. Le Britaintɔwo ƒe Guy Fawkes Fiẽ ƒe azã ɖuɣi la, àkpɔ ɖeviwo ƒe ha gbogbowo woanɔ ha me anɔ ga biam ahanɔ ŋɔdzinu siwo Halloween ɖulawo wɔna tɔgbe wɔm. Le Taiwan la, woɖua azã aɖe si woyɔna be Gomekaɖi Ŋkekenyui si me wosia akaɖi amadede vovovo le. Ðevi suewo léa gomekaɖi siwo wowɔna wòɖia xevi kple lãwo ɖe asi nɔa tsatsam le mɔdodowo dzi. Azã aɖe li woɖuna le Mexico si nye Día de los Muertos alo Ame Kukuwo ƒe Ŋkeke, azã sia keke ta ɖo Mexico kple United States ƒe de dzi. Agbalẽŋlɔla Carlos Miller gblɔ be: “Mexico-Amerika tɔ aɖewo gaɖɔa kuku si wokpa kple ati wòɖi ameta si woyɔna be calacas heɖua ɣe tsɔ dea bubu woƒe ƒometɔ kukuwo ŋui.”

Ðewohĩ ame akpa gãtɔ abu be azãɖuɖu mawo nye modzakaɖeɖe siwo me afɔku aɖeke mele o—wònyea nya si ɖeviwo kple ame tsitsiwo gblɔna tsɔ ɖea alesi wodoa awui hewɔa nu gbegblẽ ɖesiaɖe si dze wo ŋu la nui. Gake ɖekematsɔleme nukpɔsusu sia tsia tre ɖe nyateƒenya matrɔmatrɔ si wònye be azã siawo dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Gomekaɖi Ŋkekenyui si woɖuna le Taiwan dze egɔme esime amewo si akaɖiwo kple susu be yewoakpɔ gbɔgbɔ siwo woxɔ se be wole agba sam le yame. Aztectɔwo ƒe kɔnu si wowɔna tsɔ dea bubu ame kukuwo ŋu mee Ame Kukuwo ƒe Ŋkeke si woɖuna le Mexico la dzɔ tso.

Ame aɖewo ate ŋu aʋli nya be azã siawo tɔgbe dzɔtsoƒe mele vevie boo o. Gake bia ɖokuiwò be, ‘Ðe woate ŋu abu azãɖuɖu siawo siwo dzɔ tso gbɔgbɔvɔ̃subɔsubɔ me be afɔku mele wo me o nyateƒea?’ Le nyateƒe me la, adzɔha siwo wɔa ɖoɖo ɖe azãɖuɖu siawo ŋu metsia dzi ɖe emetsonuwo ŋu o. Barcelona, Spain, ƒe Dekɔnu Srɔ̃suku teƒenɔla aɖe gblɔ ku ɖe Halloween ŋu be: “Enye azã si woto vɛ le gadidi ta.” Ẽ, wobu akɔnta be ga si amewo kpɔ le Halloween si woɖu me le ƒe si va yi me ade dɔlar biliɔn 6.8 le United States ɖeɖe dzaa. Le France la, adzɔha aɖe si tɔa Halloween-zãɖuwuwo ƒe dɔ dzi ɖe edzi wu zi gbɔ zi alafa ɖeka le ƒe etɔ̃ ko me.

Gake ɖe wòsɔ be nàkpɔ gome le azã siawo tɔgbe ɖuɖu me kple susu be ame geɖe ɖunɛ alo be wokpɔa ga geɖe le eme taa? Be míaɖo eŋu la, míagalé ŋku ɖe Halloween la ŋu ake.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Kuku si wowɔ kple sukli si woɖɔna le Ame Kukuwo ƒe Ŋkeke ɖuɖu me le Mexico

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

SuperStock, Inc.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Le Britain la, wodoa dzo ɖe gaglãgbe ne wole Guy Fawkes Fiẽ ƒe azã ɖum

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Hulton Getty Archive/gettyimages