Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu Akpɔ Kpekpeɖeŋu

Àte Ŋu Akpɔ Kpekpeɖeŋu

Àte Ŋu Akpɔ Kpekpeɖeŋu

ŊUTSU aɖe si xɔ ƒe 28 si tso Switzerland bia eɖokui be, ‘Alɔ̃dɔtikekui 49 le kplua me. Mami wo loo, alo madzudzɔa?’ Srɔ̃a kple viawo ʋu le egbɔ, eye esia na wòlé blanui vevie. Gake esi wòmi atikekuiawo vɔ la, egblɔ na eɖokui be: ‘Ao. Nyemedi be maku o!’ Dzidzɔtɔe la, etsi agbe eye wògblɔ nudzɔdzɔa ŋu nya. Menye ɣesiaɣie ameɖokuiwuwu ƒe seselelãmewo kplɔa ame dea ku me o.

Alex Crosby si le United States ƒe Dɔlélenutsitsi Kple Mɔxexe Ðe Enu Dɔwɔƒe gblɔ le alesi sɔhɛwo tea wo ɖokui wuwu kpɔe ŋu be: “Ne gaƒoƒo ʋɛ aɖewo koe nàte ŋu alé enu gɔ̃ hã la, ke àte ŋu axe mɔ ɖe enu. Àte ŋu axe mɔ ɖe sɔhɛ geɖe nu be woagawu wo ɖokui o ne ède nu nya la me. Àte ŋu axɔ wo ɖe agbe.”

Nufialagã Hisashi Kurosawa kpe ɖe ame alafa geɖe siwo di be yewoawu yewo ɖokui ŋu be didia va ɖo wo me be yewoanɔ agbe esime wònɔ dɔ wɔm le Agbeléleɖete Kple Nɔnɔme Kpatawo Gbɔkpɔƒe si le Japan ƒe Atikewɔwɔ Sɔsrɔ̃ Suku. Nyateƒee, woate ŋu aɖe ame geɖe ƒe agbe to kpekpeɖeŋu aɖe ƒomevi nana wo me. Kpekpeɖeŋu kae hiã?

Ehiã be Woakpɔ Kuxiawo Gbɔ

Abe alesi wòdze le nyati si do ŋgɔ me ene la, numekulawo gblɔ be tagbɔdɔléle ƒomevi aɖe alo atikemuame zazã ƒe kuxiwoe le ame 90 le alafa me siwo wua wo ɖokui ŋu. Eyatae Eve K. Mościcki, si le dɔ wɔm le United States Dukɔa ƒe Tagbɔdɔléle Ŋuti Nusrɔ̃ƒe, gblɔ be: “Mɔkpɔkpɔ vavãtɔ si li le mɔxexe ɖe ameɖokuiwuwu nu le ame tsitsiwo kple ɖeviwo siaa dome enye mɔxexe ɖe tagbɔdɔwo kple numame gbegblẽwo zazã nu.”

Nublanuitɔe la, ame geɖe siwo le nusiawo ƒe fu kpem medina be yewoaxɔ kpekpeɖeŋu o. Nukatae? Yoshitomo Takahashi si le Tokyo Dugãa ƒe Tagbɔdɔlélawo Dzikpɔƒea ɖo eŋu be, “elabena nazãbubu le amewo me vevie.” Eyi edzi be emetsonu enye be amesiwo dea dzesii be yewomele lãmesẽ me tututu o la hena ɖe megbe le dɔdamɔnu yometiti kaba me.

Gake ame aɖewo meɖea mɔ ŋukpe xea mɔ na wo o. Hiroshi Ogawa, amesi nye television wɔnawo dzikpɔla xɔŋkɔ aɖe si ɖo eya ŋutɔ ƒe fefewo anyi le Japan ƒe 17 sɔŋ gblɔ le dutoƒo be yeléa blanui eye yede ye ɖokui wu ge kloe gɔ̃ hã. Ogawa gblɔ be, “blanuiléle sɔ kple wɔɖi si dze susua dzi.” Eɖe eme be, amesiame ate ŋu axɔe gake woate ŋu ato eme ado.

Gblɔe na Ame Aɖe

Béla Buda, si nye lãmesẽŋutinunyala si tso Hungary si míeyɔ va yi gblɔ be: “Ne ame aɖe le kuxi aɖe me tom la, ekema ebunɛ be elolo wu ye ɖeka ƒe tsɔtsɔ eye naneke manya wɔ le eŋu o.” Nyateƒenya sia ɖo kpe nunya si le blema lododo si le Biblia me dzi be: “Amesi ɖe eɖokui ɖe aga le eya ŋutɔ ƒe dzodzro yome dim la, etsia tre ɖe nunyanyawo katã ŋu.”—Lododowo 18:1.

Lé to ɖe nya ma siwo me nunya le la ŋu. Mèganɔ ɖokuiwò nyamam le wò kuxi gbahoo si le abe atsiaƒu ene me o. Di amesi dzi nàte ŋu aka ɖo si nàte ŋu agblɔ wò kuxiwo na. Àgblɔ be, ‘gake ame aɖeke meli nam si magblɔ nye nyawo na o.’ Susuŋutinunyalagã Ðk. Naoki Sato ƒe nyawo ɖee fia be ame geɖe sena le wo ɖokui me nenema. Sato gblɔ be fukpelawo ate ŋu agbe woƒe nyawo gbɔgblɔ na amewo elabena womedi be yewoaʋu go yewoƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo o.

Afikae woate ŋu atrɔ ɖo akpɔ toɖola nyuitɔ? Le teƒe geɖe la, woate ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu tso dɔwɔha si kpɔa ameɖokuiwuwu nutsitsi nyawo gbɔ alo aɖaŋuɖodɔwɔƒe siwo woƒoa ka na to telefon dzi alo adi ɖɔkta bibi aɖe si kpɔa seselelãme ƒe kuxiwo gbɔ. Gake dɔdamɔnufiala bibi aɖewo de dzesi kpekpeɖeŋutsoƒe bubu aɖe—si nye subɔsubɔha. Aleke ema ate ŋu anye kpekpeɖeŋutsoƒee?

Wokpɔ Kpekpeɖeŋu si Hiã

Didi vevie aɖe ɖo Marin si nye wɔametɔ si le Bulgaria me ɖe eɖokuiwuwu ŋu. Gbeɖeka eva ke ɖe Gbetakpɔxɔ, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe magazine si ƒoa nu tso mawusubɔsubɔ ŋu la ŋu. Elɔ̃ ɖe amekpekpe si le magazinea me be woana Yehowa Ðasefo aɖe nava srã exlẽla kpɔ la dzi. Marin gblɔ nusi do tso eme ale: “Mesrɔ̃ tso wo gbɔ be agbe nye nunana si tso Dziƒofofo la gbɔ eye masɔ be míawɔ nuvevi mía ɖokui alo aɖoe koŋ aɖe míaƒe agbe ɖa o. Esia na be metrɔ didi si nɔ asinye ɖe ɖokuinye wuwu ŋu eye megavalɔ̃ agbe ake!” Marin xɔ kpekpeɖeŋu si me lɔlɔ̃ le hã tso Kristo-hamea gbɔ. Togbɔ be egakpɔtɔ nye wɔametɔ hã la, egblɔ be: “Mele dzidzɔ kple dziɖeɖi me fiafia, eye nu nyoameŋuwo nɔa anyi nam be mawɔ gbesiagbe—nu geɖe wu ɣeyiɣi si le asinye kura gɔ̃ hã! Esiawo katã tso Yehowa kple eƒe Ðasefowo ƒe kpekpeɖeŋu gbɔ.”

Switzerland ɖekakpui si míeyɔ va yi le nyatia ƒe gɔmedzedzea hã xɔ kpekpeɖeŋu tso Yehowa Ðasefowo gbɔ. Egaɖoa ŋku “Kristotɔwo ƒe ƒome aɖe ƒe dɔmenyonyo dzi” kokoko, amesiwo xɔe ɖe woƒe aƒeme. Egblɔ kpee be: “Emegbe [Yehowa Ðasefowo ƒe] hamea me tɔwo kpem be meva ɖu nu kpli wo hena ŋkeke geɖe. Menye amedzrowɔwɔ ƒe kpekpeɖeŋu koe wonam o ke wona mete ŋu ƒo nu kple amewo hã.”

Nusi ŋutsu sia srɔ̃ tso Biblia me de dzi ƒo nɛ ale gbegbe, vevietɔ esi wòva srɔ̃ nu tso lɔlɔ̃ si le Mawu vavã, Yehowa, si na ameƒomea ŋu. (Yohanes 3:16) Nyateƒee, Yehowa Mawu aɖo to wò ne ètrɔ ‘wò dzimenyawo ƒo ɖe eŋku me.’ (Psalmo 62:9) Eƒe “ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi,” menye be yeadi vodada le amewo ŋu o, ke boŋ be yeado “ŋusẽ amesiwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.” (Kronika II, 16:9) Yehowa ka ɖe edzi na mí be: “Megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wò, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xɔname ƒe nuɖusi alé wò.”—Yesaya 41:10.

Switzerland ɖekakpuia gblɔ le xexe yeye si ƒe ŋugbe Mawu do ŋu be: “Esia ɖe dziɖeleameƒo ƒe agba si le dzinye la dzi kpɔtɔ ale gbegbe.” Mɔkpɔkpɔ sia si woɖɔ be enye “luʋɔ ƒe seke,” la lɔ agbe mavɔ nɔnɔ le Paradiso me le anyigba dzi ɖe eme.—Hebritɔwo 6:19; Psalmo 37:10, 11, 29.

Wò Agbe Le Vevie na Amewo

Nyateƒee, àte ŋu ato nɔnɔme siwo ana nàse le ɖokuiwò me be yeɖe ɖe aga ŋutɔŋutɔ eye be yeƒe ku maka ame aɖeke o. Gake de dzesii be: Vovototo gã aɖe le sese le ameɖokui me be yetsi akogo kple akogotsitsi dome. Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, nyagblɔɖila Eliya to dziɖeleameƒo ƒe nɔnɔme aɖe me kpɔ le eƒe agbe me. Egblɔ na Yehowa be: “Wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi, ke nye ɖeka koe kpɔtɔ.” Nyateƒee, Eliya kpɔe be yetsi akogo keŋkeŋ—eye enye nyateƒe hã. Wowu ehati nyagblɔɖila gbogbo aɖewo. Wotsɔ ku do ŋɔdzi na eya ŋutɔ eye wònɔ sisim be yeaɖe yeƒe agbe. Gake ɖe wòtsi akogo vavãa? Ao. Yehowa na wònya be nuteƒewɔla 7,000 bubu aɖewo, siwo nɔ agbagba dzem nuteƒewɔwɔtɔe be yewoasubɔ Mawu vavã la le ɣeyiɣi doblukɔ mawo me abe eya ene la li. (Fiawo I, 19:1-18) Ke wò ya ɖe? Ðe wòanɔ eme be mètsi akogo abe alesi nèsenɛ le ɖokuiwò me ene oa?

Amewo li siwo tsɔa ɖe le eme na wò. Àte ŋu abu dziwòlawo, srɔ̃wò, viwòwo, kple xɔlɔ̃wòwo ŋu. Gake bubu aɖewo gali. Le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me la, àte ŋu akpɔ Kristotɔ tsitsi siwo tsɔ ɖe le eme na wò, amesiwo aɖo to wò, eye woado gbe ɖa kpli wò eye woadoe ɖe tawò. (Yakobo 5:14, 15) Eye ne amegbetɔ madeblibo ɖesiaɖe gblẽ wò ɖi hã la, Ame aɖe li si magblẽ wò ɖi akpɔ gbeɖe o. Fia Dawid si nɔ anyi le blema gblɔ be: “Elabena fofonye kple danye wogblẽm ɖi, ke Yehowa xɔm.” (Psalmo 27:10) Nyateƒee, Yehowa ‘léa be na wò.’ (Petro I, 5:7) Mègaŋlɔ be gbeɖe be èxɔ asi le Yehowa ŋkume o.

Agbe nye nunana si tso Mawu gbɔ. Ele eme baa be ɣeaɖewoɣi la, agbenɔnɔ ate ŋu anɔ abe agba ene, wu nunana. Ke hã àte ŋu abu alesi nàse le ɖokuiwò me ne ètsɔ nunana xɔasi aɖe na ame aɖe eye wòtsɔe ƒu gbe emegbe esi mewɔ eŋudɔ gɔ̃ hã o la ŋua? Mí amegbetɔ madeblibowo míedze agbe ƒe nunana la ŋudɔwɔwɔ gɔme ŋutɔŋutɔ haɖe o. Le nyateƒe me, Biblia ɖee fia be agbe si nɔm míele fifia menye “agbe vavã la” le Mawu ŋkume kura o. (Timoteo I, 6:19) Ẽ, eteƒe madidi o, agbe ɖɔʋu si me dzidzeme, gɔmesese, kple dzidzɔkpɔkpɔ le la asu mía si. Le mɔ ka nu?

Biblia gblɔ be: “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Bu alesi wò agbe anɔ ne nya mawo va emee ɖa le susu me ko. Gbɔ dzi ɖi vie. Dze agbagba nàwɔ eŋuti nɔnɔmetata dzeani ɖe susume. Menye nususukpɔ dzro aɖe koe nɔnɔmetata ma nye o. Esi nèle ŋugble dem le alesi Yehowa wɔ nu kple eƒe amewo le blema ŋu la, wò kaka ɖe eyama dzi ade to ɖe edzi eye nɔnɔmetata ma azu nu ŋutɔŋutɔ na wò.—Psalmo 136:1-26.

Ate ŋu axɔ ɣeyiɣi geɖe hafi agbenɔnɔ ƒe didi naganyɔ ɖe mewò. Yi edzi nado gbe ɖa na “akɔfafawo katã ƒe Mawu la, amesi fa akɔ na mí le míaƒe xaxa blibo la katã me.” (Korintotɔwo II, 1:3, 4; Romatɔwo 12:12; Tesalonikatɔwo I, 5:17) Yehowa ado ŋusẽ wò alesi dze. Afia wò be asixɔxɔ le agbe ŋu vavã.—Yesaya 40:29.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 27]

Kpekpeɖeŋu Kae Nàte Ŋu Ana Amesi Di be Yeawu Ye Ðokui?

Nukae nàwɔ ne ame aɖe va gblɔe na wò be yedi be yeawu ye ɖokui? United States ƒe Dɔlélenutsitsi Kple Mɔxexe Ðe Enu Dɔwɔƒe ɖo aɖaŋu be: “Nye toɖola nyui.” Na wòagblɔ alesi wòse le eɖokui me. Gake le go geɖe me la, amesi dina be yeawu ye ɖokui metena ɖe ame ŋu o eye medina be yeaɖo dze kple ame hã o. Lɔ̃ ɖe vevesese alo mɔkpɔkpɔbuɖeame ŋutɔŋutɔ si me tom wòle la dzi. Ne ègblɔ tɔtrɔ yeye aɖewo si nede dzesii le eƒe nɔnɔmewo ŋu nɛ la, ate ŋu ana wòaʋu go nya ɖesiaɖe eye wòagblɔe na wò.

Esi nèle to ɖom la, ɖe veveseseɖeamenu fia. Dɔlélenutsitsi Kple Mɔxexe Ðe Enu Dɔwɔƒea gblɔ be: “Ele vevie be nàte gbe ɖe edzi na amea be eƒe agbe le vevie na ye kple ame bubuwo.” Gblɔ alesi eƒe ku agblẽ nu le ŋuwò kpakple ame bubuwo ŋui nɛ. Kpe ɖe amea ŋu wòakpɔe be Wɔla la tsɔ ɖe le eme nɛ.Petro I, 5:7.

Eŋutinunyalawo hã ɖo aɖaŋu be woaɖe nusianu si amea ate ŋu atsɔ awu eɖokui ɖavevietɔ tuwo. Àte ŋu ade dzi ƒo na amea be wòadi atikewɔwɔ ƒe mɔ ne nɔnɔmea di be yeagblẽ ɖe edzi. Le afisiwo nɔnɔmea do fievo le la, ɖeko wòahia be wò ŋutɔ nàtso kpla adi atikewɔla siwo naa kpekpeɖeŋu o.

[Aɖaka si le axa 28]

Ðe Wò Ame aɖe Wu Eɖokuia?

Ne ame aɖe wu eɖokui la, ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ kplikplikpliwoe tɔtɔna vevie. Ame geɖe daa afɔkua ƒe fɔbuame ɖe wo ɖokui dzi. Wogblɔa nya siawo tɔgbe be: ‘Ne ɖe menɔ egbɔ vie gbemagbe la,’ ‘Ne ɖe mekpɔ nye aɖe dzi nyuie le ɣemaɣi me,’ ‘Ne ɖe megadze agbagba kpe ɖe eŋu vie la.’ Nusi wòfiae nye be, ‘Ne ɖe mewɔ esi kple ekemɛ la, anye ne nye lɔlɔ̃tɔa gale agbe.’ Gake ɖe wòasɔ be míaxɔ ame bubu ƒe eɖokui wuwu ƒe fɔbuame atsɔa?

Ðo ŋku edzi be ele bɔbɔe be woade dzesi ameɖokuiwuwu ƒe dzesiwo esime nuwo gblẽ vɔ megbe. Ekpɔkpɔ dze sii do ŋgɔ ya nye nya bubu kura. Biblia gblɔ be: “Dzi nya eya ŋutɔ ƒe nuxaxa, eye ame tutɔ mate ŋu akpɔ dzidzɔ ɖee ti o.” (Lododowo 14:10) Ɣeaɖewoɣi la, manya wɔ be woanya nusi ŋu bum ame bubuwo le alo alesi wosena le wo ɖokui me o. Kpuie ko la, amesiwo dina be yewoawu yewo ɖokui mete ŋu ɖea woƒe seselelãme ememetɔ gblɔna na ame bubuwo wo me kɔna eɖanye woƒe ƒometɔ kekeake gɔ̃ hã o.

Agbalẽ si nye Giving Sorrow Words gblɔ nya sia tso dzesi siwo dzena le amesi di be yeawu ye ɖokui ŋu be: “Nyateƒea enye be menɔa bɔbɔe be woakpɔ dzesi mawo adze sii o.” Agbalẽ ma ke gblɔ kpee be ne èkpɔ dzesi aɖewo hã la, esia ɖeɖe meɖoa kpe edzi be àte ŋu axe mɔ na ameɖokuiwuwua o. Le esi teƒe be nànɔ fu wɔm ɖokuiwò la, àte ŋu akpɔ akɔfafa tso nunyala Fia Salomo ƒe nya siawo me be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o.” (Nyagblɔla 9:5) Womele fu wɔm wò lɔlɔ̃tɔa le dzomavɔ me o. Eye susu kple seselelãme ɖefuname siwo na wòwu eɖokui hã nu yi. Megale fu kpem o; kpuie ko la, ele ɖiɖim ɖe eme.

Anyo ŋutɔ fifia be nàtrɔ susu ɖe agbagbeawo ŋu, ɖe wò ŋutɔ hã ŋu. Salomo yi edzi be: “Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ” esi nègakpɔtɔ le agbe. (Nyagblɔla 9:10) Kakaɖedzi nenɔ asiwò be amesiwo wu wo ɖokui ƒe etsɔmegbenɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le Yehowa, “si nye dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu” la, si me.Korintotɔwo II, 1:3. *

[Aɖaka si le axa 29]

‘Ðe Mawu Atsɔ Fɔbuame ƒe Seselelãme Siawo Akema?’

Hadede kple Yehowa Ðasefowo kpe ɖe ame geɖe ŋu woɖu wo ɖokui wuwu ƒe seselelãmewo dzi. Ke hã ame aɖeke meli egbea si do le nudzɔdzɔ siwo hea nuteɖeamedzi alo blanuiléle vɛ si me o. Fɔbuameɖokui ƒe seselelãmewo ɖea fu na Kristotɔ siwo bu wo ɖokui wuwu ŋu kpɔ zi geɖe. Ðeko fɔbuameɖokui sia agate ŋu ado agba na wo ake. Eyata aleke woate ŋu akpɔ seselelãme ma tɔgbe gbɔe?

Enyo be míade dzesii be ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla geɖe siwo nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣi ɖe fɔbuameɖokui ƒe seselelãme si nu sẽ gblɔ. Rebeka, si nye blemafofo Isak srɔ̃, hã lé blanui vevie ɣeaɖeɣi le ƒomenya aɖe ta eye wògblɔ be: “Agbenɔnɔ tim.” (Mose I, 27:46) Hiob, amesi ƒe viwo ku, eƒe lãme gblẽ, eye wòbu eƒe nunɔamesiwo, kple bubu si nɔ eŋu la gblɔ be: “Nye agbe le ŋu nyɔm na nye luʋɔ.” (Hiob 10:1) Mose hã do ɣli gblɔ na Mawu kpɔ be: “Wum zi ɖeka.” (Mose IV, 11:15) Eliya si nye Mawu ƒe nyagblɔɖila hã gblɔ kpɔ be: “Esɔ gbɔ! Azɔ, Yehowa, xɔ nye luʋɔ.” (Fiawo I, 19:4) Eye nyagblɔɖila Yona gblɔ enuenu be: “Ne meku la, enyo wu esi manɔ agbe.”Yona 4:8.

Ðe Yehowa gbe amesiawo esi wose le wo ɖokui me alea ta? Ao. Ena woŋlɔ woƒe nyawo ɖe Biblia me gɔ̃ hã. Gake ele vevie be míade dzesii be nuteƒewɔla mawo dometɔ aɖeke mena woƒe seselelãme kplɔ wo de wo ɖokui wuwu me o. Yehowa de asixɔxɔ wo ŋu; edi be woanɔ agbe. Nyateƒea enye be, Mawu tsɔ ɖe le ame vɔ̃ɖiwo ƒe agbe kura gɔ̃ hã me. Exlɔ̃a nu wo be woatrɔ le woƒe mɔwo dzi eye ‘woayi edzi anɔ agbe.’ (Xezekiel 33:11) Aleke gbegbe wòdi be amesiwo tsia dzi ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔɖeameŋu ŋu nàyi edzi anɔ agbe enye si!

Mawu na Via si wòtsɔ xe tafee, Kristo-hamea, Biblia, kple gbedodoɖa ƒe mɔnukpɔkpɔa mí. Nuƒoƒo kple Mawu to kadodomɔnu siasi nye gbedodoɖadzi megbea dɔwɔwɔ gbeaɖekegbe o. Mawu ate ŋui eye wòle klalo be yeaɖo to amesiwo katã tsɔa ɖokuibɔbɔ kple dzi blibo tena ɖe eŋu. “Eyata minɛ míatsɔ dzideƒo ate va eƒe amenuvevezikpui la gbɔ, bene míaƒe asi nasu nublanuikpɔkpɔ dzi, eye míakpɔ amenuveve hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe.”—Hebritɔwo 4:16.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 34 Àkpɔ etsɔmemɔkpɔkpɔ ŋuti nukpɔsusu si da sɔ ku ɖe amesiwo wu wo ɖokui ŋu le nyati si nye “Biblia Ƒe Nukpɔsusu: AmeɖokuiwulawoTsitretsitsi Li na Woa?” le Eŋlisigbe me Nyɔ!, September 8, 1990 ƒe tata me.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]

Wò agbe le vevie na ame bubuwo

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Gblɔe na ame aɖe