Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ðewohĩ Atrɔ Azɔ”

“Ðewohĩ Atrɔ Azɔ”

“Ðewohĩ Atrɔ Azɔ”

VIDADA dzetugbee kpɔdzidzɔ aɖe si si vi ene le ye Roxana * nye, eye enye amekola bubume aɖe si le Anyiehe Amerika srɔ̃. Nyɔnua gblɔ be: “Nyɔnuwo doa vivi ɖe nye aƒetɔ ŋu ale gbegbe, eye ŋutsuwo lɔ̃ eƒe nya gbɔ.” Gake gbegblẽƒe aɖe le Roxana srɔ̃a ŋu, esi wo xɔlɔ̃ kplikplikpliwo gɔ̃ hã mekpɔna o. “Ame ɖivɔvɔ̃ aɖee wònye le aƒeme. Eʋãa ŋu akpa.”

Roxana tsi dzodzodzoe esime wòyi eƒe nyaa dzi. “Kwasiɖa ʋɛ aɖewo le míaƒe srɔ̃ɖeɖe megbe koe kuxia te mododoɖa. Nɔvinyeŋutsuwo kple nɔnye ɖi tsa va srã mí kpɔ, eye dzi dzɔm míeɖo dze ko nu hahaha. Gake esi wotrɔ dzo la, nye aƒetɔ do dziku heliheli helém xlã ɖe zikpui me anyratɔe. Nyemexɔe se kura be eyae nɔ nu wɔm nenema o.”

Nublanuitɔe la, Roxana ƒe xaxaa ƒe gɔmedzedze koe nudzɔdzɔ ma nye, elabena le ƒe siwo katã va yi me la, eƒoƒo dzi koe wòle ɣesiaɣi. Edze abe ɖe ŋlɔmiwɔwɔa zu nɔnɔme tsiamesi ene. Ne Roxana srɔ̃a ƒoe vɔ la, eɖea kuku vevie hedoa ŋugbe be yemegale ewɔ ge akpɔ gbeɖe o. Eƒe agbenɔnɔ trɔna vie—hena ɣeyiɣi aɖe ya teti. Emegbe, ŋɔdzinuwɔwɔa gadzea egɔme ake. Roxana gblɔ be: “Mebunɛ ɣesiaɣi be ɖewohĩ atrɔ azɔ. Ne mesi dzo gɔ̃ hã la, megatrɔna yia egbɔ godoo.”

Roxana ƒe vɔvɔ̃e nye be gbeɖeka la, ye srɔ̃a ƒe anyrawɔwɔa ava dzi ŋɔ ɖe edzi kura. Egblɔ be: “Edo ŋɔdzi nam be yeawu mía kple ɖeviawo ahawu ye ɖokui. Gbeɖeka etsɔ sakisi ɖo nye ve dzi. Ɣebubuɣi edo ŋɔdzi nam kple tu, etsɔe ɖo nye tonu be yeadae! Mawue ve nunye be kpe menɔ tua me o, gake dzidziƒoame ɖeɖe na meku kloe.”

Wozia Kpi Boŋ

Nyɔnu miliɔn gbogbo aɖewo kpea fu le ŋutsu sẽŋutawo si me abe Roxana ene. * Wo dometɔ geɖe zia kpi ɖe nusi me tom wole la dzi. Woƒe susue nye be maɖe vi aɖeke ne yewona amewo nya o. Wogblɔna be ɖeko ŋutsu siwo ƒoa wo srɔ̃wo dometɔ geɖe gblɔ be aʋatsoe woka ɖe yewo si hegblɔa nya siawo tɔgbe be, “Nya vivinatɔe srɔ̃nye nye” alo “Eɖea ami ɖe nya akpa.”

Enye nublanuinya be vɔvɔ̃ ɖoa nyɔnu geɖe ɣesiaɣi be woadze yewo dzi le teƒe ɖeka kolia si wòle be woase le wo ɖokui me be yewole dedie le wu—si nye woa ŋutɔwo ƒeme. Gake zi geɖe la, nuveviwɔamelaawo boŋ nue wosea veve ɖo. Le nyateƒe me la, edzi menya xɔna sena na ame aɖewo be ŋutsu si dze na amewo be enye dukɔmevi si ŋu bubu le aƒo srɔ̃a o. Bu nusi dzɔ ɖe nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Anita dzi esime wòʋu go ŋutasẽnu siwo srɔ̃a si ŋu amewo dea bubui vevie wɔna ɖe eŋu la ŋu kpɔ. “Míaƒe amenyanyɛ aɖe gblɔ nam be: ‘Ameŋugblẽnya kae nye ma gblɔm nèle le bubume sia ŋu?’ Ame bubu gblɔ be nyee anya nɔ dziku dom nɛ! Esi nye aƒetɔ ƒe nuwɔna va dze go vɔ gɔ̃ hã la, xɔ̃nye aɖewo te wo ɖokui ɖeɖe ɖa le ŋunye. Woƒe susue nye be ɖe wòle be mado dzi anɔ enu hafi elabena ‘nenema koe ŋutsuwo le.’”

Abe alesi Anita ƒe nyaa ɖee fia ene la, esesẽna na ame geɖe be woaxɔe se be amewo sẽa ŋuta le woa ŋutɔwo srɔ̃wo ŋu. Nukae naa ŋutsu sẽa tagbɔ le nyɔnu si wòbe yelɔ̃ ŋu nenema gbegbe? Aleke woate ŋu akpe ɖe amesiwo ŋu wosẽa ŋuta le la ŋui?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔawo le nyati siawo me.

^ mm. 7 Míelɔ̃ ɖe edzi be wosẽa ŋuta le ŋutsu geɖe hã ŋu. Gake numekukuwo ɖee fia be nyɔnuwoe woate ŋu awɔ nuvevii wu eye wo tɔ nue asẽ wu. Eyata nyɔnu siwo ŋu wosẽ ŋuta le ŋue míeƒo nu tsoe le nyati siawo me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 4]

Nusiwo Aƒemeŋutasesẽ Lɔ Ðe Eme

Le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Nyametsotso Ku Ðe Ŋutasesẽ le Nyɔnuwo Ŋu Ðeɖeɖa me la, nyagbe “ŋutasesẽ le nyɔnuwo ŋu” ate ŋu afia “ŋutasẽnu ɖesiaɖe si ŋutsu awɔ ɖe nyɔnu ŋu si ana alo ate ŋu ana nuvevi nawɔ nyɔnuwo alo woakpe fu le ŋutilã, gbɔdɔdɔ gome alo le susume, nuwɔna mawo tsɔtsɔ ado ŋɔdzi na wo, ŋlɔmiwɔwɔ le wo ŋu alo wo dzi zizi, eɖanye le dutoƒo alo le ɣaɣlaƒe o hã le eme.” Ŋutasẽnu siawo dometɔ aɖewoe nye “fuwɔwɔ ame ƒe ŋutilã, le gbɔdɔdɔ me kple susume le ƒomea kple nutoa me, kpakple nyɔnuwo ƒoƒo, nyɔnuviwo gbɔ dɔdɔ sesẽe, ŋutasesẽ le nyɔnuwo ŋu ɖe tabianu ta, ame srɔ̃ gbɔ dɔdɔ sesẽe, nyɔnuwo ƒe likuti lalã ɖa kpakple dekɔnu me nuwɔna bubu siwo gblẽa nu le nyɔnuwo ŋu.”