Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Wòle Be Woahe Ðeviwoe?

Aleke Wòle Be Woahe Ðeviwoe?

Aleke Wòle Be Woahe Ðeviwoe?

Canada ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye National Post gblɔ be, “Ne wogblɔ na ɖeviwo be wodze agbagba le nusianu si wowɔna me la, ehea kuxiwo vɛ.” Dzila aɖewo xɔe se be ewɔwɔ aleae ana wo viwo natu kakaɖeameɖokuidzi ɖo. Gake susuŋutinunyala Roy Baumeister gblɔ be, “ne wotu bubudede ame ɖokui ŋu si sɔ ɖe dzidzedzekpɔkpɔ vavãa dzi la, naneke megble le eŋu o, gake ele be dzilawo natrɔ susu ɖe ɖokuidziɖuɖu fiafia wo viwo ŋu.”

Dzila si vɔ̃a nya gbegbe na via ne ɖevia le afɔ gbegblẽ ɖem la le nu wɔm via. Le nyateƒe me, nya gbegbe nye nufiafia mɔnu aɖe. Efia ɖevi si le nugbegblẽ wɔm be wòaƒo asa na vodadawo wɔwɔ. Nyateƒee, ele be dzilawo naƒo asa na ɖɔɖɔɖo nana wo viwo le ŋutasesẽ mɔnu eye wòagbɔ nusita wole toa hem ŋu. (Yeremya 46:28) Ele be woakpɔ egbɔ be ɖɔɖɔɖo nagagbɔ eme o. Biblia gblɔ be: “Mi fofowo la, migado dziku na mia viwo, bene dzika nagatso wo ƒo o.”—Kolosetɔwo 3:21.

Zi geɖe le Biblia me la, ɖɔɖɔɖo zɔna aduadu kple lɔlɔ̃ kpakple dɔmefafa, ke menye dziku kple ŋutasesẽ o. Ele be aɖaŋuɖola bibi nanye “amesi nyoa dɔme na amewo katã, . . . amesi doa dzi le vɔ̃ me, amesi gbe nya le dzigbɔɖeanyi me na amesiwo tsia tre ɖe mawunya ŋu.” (Timoteo II, 2:24, 25) Eyata mele be dzilawo ƒe wo viwo ɖɔɖɔɖo nanye seselelãmenu aɖe ko o. Biblia meda asi ɖe hehenana mɔnu si ate ŋu agblẽ nu le ɖeviwo ŋu le ŋutilã kple seselelãme gome dzi o.

Ame miliɔn geɖe ɖe vi tso axa 192-gbalẽ sia me le xexeame godoo. Tanya siwo me nufiame le dometɔ aɖewoe nye “Mlã Viwò Tso Vidzĩme” kple “Kpe Ðe Viwò Ƒewuivi Ŋu be Agbe Nadze Edzi Nɛ.” Ne èhiã agbalẽ sia ƒe ɖe la, taflatse kpe nudɔgbalẽvi si kpe ɖe eŋu la ɖo eye naɖoe ɖe adrɛs si dze le edzi alo nàɖoe ɖe adrɛs si sɔ le axa 5 lia le magazine sia me. Àxɔ aɖaŋuɖoɖo siwo sɔ si akpe ɖe ŋuwò nakpɔ kuxiwo gbɔ eye wòana dzidzɔ nanɔ wò ƒomegbenɔnɔ me abe alesi Wɔla la ɖoe be wòanɔ ene.

□ Miɖo agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona ɖem.

□ Taflatse miva wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.