Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpekpeɖeŋu na Nyɔnu Siwo Woƒona

Kpekpeɖeŋu na Nyɔnu Siwo Woƒona

Kpekpeɖeŋu na Nyɔnu Siwo Woƒona

NUKAE woate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe nyɔnu siwo ŋu wosẽa ŋuta le ŋu? Gbã la, ele be woase nusi me tom wole la gɔme. Zi geɖe la, amesrɔ̃ƒolawo gblẽa nu geɖe le wo srɔ̃wo ŋu wu nuvevi wɔwɔ wo le ŋutilã me ko. Zi geɖe wodzua wo wɔa ŋlɔmi le wo ŋu, si wɔnɛ be nyɔnua sena le eɖokui me be yemele ɖeke me o eye kpeɖeŋutɔ aɖeke meli na ye o.

Bu Roxana, amesi ƒe nya míegblɔ le nyati gbãtɔ me ŋu kpɔ. Ɣeaɖewoɣi la, nya siwo srɔ̃a gblɔna ɖe eŋu le abe aʋawɔnu ene. Roxana gblɔ eƒe dzimenya be: “Egblɔa gbɔɖiamenyawo ɖe ŋunye. Egblɔna be: ‘Mèwu suku gɔ̃ hã nu o. Èsusu be yeate ŋu akpɔ ɖeviawo dzi nye manɔmeea? Vidada kuviatɔ, dɔ aɖeke mawɔlae nènye. Ðe nèsusu be setɔwo aɖe mɔ ɖeviawo nanɔ gbɔwò ne èdzo le gbɔnyea?’”

Roxana srɔ̃a miãa asi ɖe ga dzi goŋgoŋ be yeakpɔ ŋusẽ ɖe dzi le nusianu me. Meɖea mɔ wòzãa woƒe ʋu o, eye eƒoa ka nɛ ŋkeke bliboa ne yeanya nusi wɔm wòle. Ne wòke nu gblɔ nusi dzroe la, edoa dziku ɖe eŋu heliheli. Esia ta Roxana megakea nu gblɔa eƒe nukpɔsusu gbeɖe o.

Abe alesi míekpɔe ene la, ŋutasesẽ le ame srɔ̃ ŋu ƒe nyaa drinya. Be nàte ŋu ana kpekpeɖeŋu amea la, ɖo toe veveseseɖeamenutɔe. Ðo ŋku edzi be zi geɖe la, esesẽna na amea be wòaƒo nu tso nusi me tom wòle ŋu. Ele be wò taɖodzinu nanye be yeado ŋusẽe ne eya ŋutɔ nakpɔ nɔnɔmea gbɔ le eƒe ŋutete nu.

Ahiã be nyɔnu siwo woƒona dometɔ aɖewo nadi kpekpeɖeŋu tso setɔwo gbɔ. Ɣeaɖewoɣi ne nɔnɔmea do fievo—eye kpovitɔwo va de nu eme—la ate ŋu ana ŋutsu ŋutasẽlaa nakpɔ alesi eƒe nuwɔnawo zu ŋkubiãnyae adze sii. Gake ele eme be zi geɖe ne nyaa nu faa vie ko la, eƒe didi be yeatrɔ nu fana.

Ðe wòle be srɔ̃nyɔnu si ƒom wole nadzo le srɔ̃aŋutsua gbɔa? Srɔ̃ɖeɖe me kaklã menye nya feŋui le Biblia gome o. Ke hã mezi srɔ̃nyɔnu si ƒom wole dzi be wòanɔ ŋutsu si dea eƒe lãmesẽ kple ɖewohĩ eƒe agbe gɔ̃ hã afɔku me la gbɔ o. Kristotɔ apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ne edzo la, nenɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee, alo negawɔ ɖeka kpakple srɔ̃ŋutsu la.” (Korintotɔwo I, 7:10-16, NW) Esi Biblia metsi tre ɖe kaklã le nɔnɔme si gbɔ eme me ŋu o ta la, nusi nyɔnua awɔ le nya sia me nye eya ŋutɔ ƒe nyametsotso. (Galatiatɔwo 6:5) Mele be ame aɖeke naƒoe ɖe srɔ̃nyɔnua nu be wòadzo le srɔ̃a gbɔ o, gake mele hã be ame aɖeke nazi nyɔnu si ƒom wole dzi be wòanɔ ŋutsu ŋutasẽla gbɔ esime eƒe lãmesẽ, agbe, kple gbɔgbɔmemenyenye ɖo afɔku me o.

Ðe Amesrɔ̃ƒolawo Ate Ŋu Atrɔa?

Amesrɔ̃ƒoƒo nye Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi dada tẽ. Míexlẽ le Efesotɔwo 4:29, 31 be: “Migana nya vlo aɖeke nado go tso miaƒe nu me gbeɖegbeɖe o . . . Mina woaɖe veve heliheli kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kple busubɔbɔ katã kpakple nu tovo wɔwɔ katã hã ɖa le mia dome.”

Srɔ̃ŋutsu si be yenye Kristo yomedzela aɖeke mate ŋu agblɔ le nyateƒe me be yelɔ̃ ye srɔ̃ ne esẽa ŋuta le eŋu o. Ne ewɔa funyafunya srɔ̃anyɔnu la, ke viɖe kae le dɔ nyui bubu siwo katã wòwɔna ŋu? “Ameƒola” medze axɔ mɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo le Kristo-hamea me o. (Timoteo I, 3:3; Korintotɔwo I, 13:1-3) Le nyateƒe me woate ŋu aɖe amesiame si be yenye Kristotɔ evɔ ɣesiaɣi wòdoa dziku heliheli dzimematrɔmatrɔe la ɖa le Kristo-hamea me.—Galatiatɔwo 5:19-21; Yohanes II, 9, 10.

Ðe ŋutsu sẽŋutawo ate ŋu atrɔ woƒe agbenɔnɔa? Wo dometɔ aɖewo trɔ. Gake zi geɖe la, amesrɔ̃ƒola matrɔ eƒe agbenɔnɔ o negbe ɖe (1) wòxɔe de eme be yeƒe nuwɔnaa mesɔ o, (2) wòdi be yeatrɔ yeƒe agbenɔnɔ, eye (3) wòbia kpekpeɖeŋu. Yehowa Ðasefowo kpɔe dze sii be Biblia ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amea dzi vevie wòatrɔ. Didi sẽŋu be woadze Mawu ŋu va su ɖetsɔlemetɔ siwo wosrɔ̃ Biblia kplii dometɔ geɖe si. Biblia nusrɔ̃vi yeye siawo srɔ̃ nu tso Yehowa Mawu ŋu be ‘Eƒe luʋɔ léa fu amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ.’ (Psalmo 11:5) Gake be amesrɔ̃ƒola natrɔ eƒe agbenɔnɔ la, ebia nu geɖe wu asiɖeɖe le ameƒoƒo ko ŋu. Ebia hã be nukpɔsusu yeye kura nasu esi ɖe srɔ̃a ŋu.

Ne Mawu ŋuti sidzedze va su ŋutsu si la, esrɔ̃a alesi magabu srɔ̃a subɔvi o ke “kpeɖeŋutɔ” boŋ, eye be menye bubumanɔŋutɔ o, ke boŋ amesi ŋu ‘wòade bubui.’ (Mose I, 2:18; Petro I, 3:7) Esrɔ̃a nublanuikpɔkpɔ kple alesi wòhiã be wòaɖo to ase srɔ̃a ƒe nukpɔsusui hã. (Mose I, 21:12; Nyagblɔla 4:1) Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo si le Yehowa Ðasefowo si wowɔna kple amewo kpe ɖe srɔ̃tɔ geɖe ŋu. Nɔƒe aɖeke meli na ameteɖeanyila, amedzizila, alo ŋlɔmiwɔla le Kristotɔwo ƒe ƒomea me o.—Efesotɔwo 5:25, 28, 29.

“Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu.” (Hebritɔwo 4:12) Eyata nunya si le Biblia me ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu woadzro kuxi siwo wodzea ŋgɔe me eye wòade dzi ƒo na wo woawɔ dɔ tso wo ŋu. Ƒo ema ta la, mɔkpɔkpɔ fadziname si ŋu kakaɖedzi le la le Biblia me be míava nɔ xexe si me ŋutasesẽ manɔ o me, ne Yehowa ƒe Dziƒofia va ɖu ameƒome toɖolawo katã dzi. Biblia gblɔ be: “Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me.”—Psalmo 72:12, 14.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 12]

Nɔƒe aɖeke meli na ameteɖeanyila, amedzizila, alo ŋlɔmiwɔla le Kristotɔwo ƒe ƒomea me o

[Aɖaka si le axa 8]

Nukpɔsusu Masɔmasɔwo Ðɔɖɔɖo

Nyɔnu siwo woƒona gbɔe wo srɔ̃ŋutsuwo ƒe nuwɔnawo tso.

Amesrɔ̃ƒola geɖe mexɔnɛ dea eme be yewogbɔe yewoƒe nuwɔnawo tso o, wogblɔna be yewo srɔ̃nyɔnuwoe doa dziku na yewo. Ƒomea xɔlɔ̃ aɖewo gɔ̃ hã te ŋu lɔ̃na ɖe nukpɔsusu ma dzi be srɔ̃nyɔnua ƒe agbee sẽ, eyata mewɔ nuku be ɣeaɖewoɣi srɔ̃aŋutsua mete ŋu ɖua eƒe dziku dzi o. Gake nukpɔsusu sia nye fɔbubu amesi ƒom wole ahanɔ ŋutasẽla la boŋ dzi dem. Le nyateƒe me la, srɔ̃nyɔnu siwo woƒona dzea agbagba etɔxɛe be yewoawɔ nusi afa dzi na yewo srɔ̃ŋutsu. Hekpe ɖe eŋu la, nɔnɔme aɖeke meli si me woɖe mɔ ɖe amesrɔ̃ƒoƒo ŋu le gbeɖe o. Agbalẽ si nye The Batterer—A Psychological Profile gblɔ be: “Ŋutsu siwo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖona ɖe dɔdaƒe ɖe wo srɔ̃ ƒoƒo ta nye amesiwo ŋutasesẽ zu numame na. Ameƒoƒo ŋue wotrɔna ɖo le dziku kple nuteɖeamedzi me, enye mɔnu si wozãna tsɔ kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi, tsɔna kpɔa nyaʋiʋliwo gbɔe, eyae wotsɔna faa woƒe nuteɖeamedzi nu. . . . Zi geɖe la, womelɔ̃na ɖe edzi gɔ̃ hã be kuxi le yewo ŋu o, alo woahayi lɔlɔ̃ ge ɖe edzi be enye ŋkubiãnya o.”

Aha dɔa ŋutsu wòƒoa srɔ̃a.

Ele eme be ŋutsu aɖewo sẽa ŋuta wu ne wono aha ya. Gake ɖe wòsɔ be woada agbaa ɖe aha dzia? K. J. Wilson ŋlɔ le eƒe agbalẽ si nye When Violence Begins at Home me be: “Ahamumu naa amesrɔ̃ƒola kpɔa nane si dzi wòdaa eƒe nuwɔnawo ƒe agbaa ɖo tsɔ wu be wòabu fɔ eɖokui.” Eyi edzi be: “Edze abe le míaƒe dukɔa me la, ne ame aɖe mu aha wɔ nuvevi ame hafi wosea nusi aƒemeŋutasesẽ nye gɔme wu ene. Nyɔnu si ŋu wosẽa ŋuta le megava bua srɔ̃a ŋutasẽlae o, ke boŋ be enye ahatsunola alo ahamula.” Wilson na eme kɔ be nukpɔsusu ma ate ŋu ana nyɔnua nanɔ mɔ kpɔm dzodzro be “ne ŋutsua dzudzɔ ahanono ko la, ŋutasẽnuwɔwɔa atɔ te.”

Le ɣeyiɣi siawo me la, numekula geɖe va dze sii be kuxi vovovo evee ahanono kple amesrɔ̃ƒoƒo nye. Ne èlé ŋku ɖe eŋu la, amesiwo ŋu atikevɔ̃ɖizazã ƒe kuxi le dometɔ akpa gãtɔ meƒoa wo srɔ̃wo o. Amesiwo ŋlɔ agbalẽ si nye When Men Batter Women gblɔ be: “Nusi koŋ gbɔe wòtso be amesrɔ̃ƒoƒo gayia dzie nye alesi amesrɔ̃ƒolawo te ŋu ɖua nyɔnu siwo ƒom wole dzi, doa ŋɔdzi na wo, eye wote ŋu zia wo dzi dzidzedzetɔe. . . . Ahatsunono kple atikevɔ̃ɖizazã nye amesrɔ̃ƒola la ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa aɖe. Gake anye vodada be woabui be nu muameawo zazã gbɔe ŋutasẽnuwɔwɔa tso.”

Amesrɔ̃ƒolawo sẽa ŋuta le amesiame ŋu.

Zi geɖe la, amesrɔ̃ƒola la te ŋu nyea xɔlɔ̃ nyui na ame bubuwo. Alẽviwue wòdona. Nɔnɔme sia tae ƒomea xɔlɔ̃wo mekana ɖe edzi be ewɔa ŋutasẽnu o. Ke hã nya lae nye be amesrɔ̃ƒolaa wɔa ŋutasẽnu kple susu be yeakpɔ ŋusẽ ɖe ye srɔ̃ dzi.

Nyɔnuwo mehea nya ne wosẽ tagbɔ le wo ŋu o.

Anye alesi amewo menya nɔnɔme wɔnublanui si me nyɔnu si si teƒe aɖeke mele wòasi ayi o le tae nukpɔsusu sia le wo si ɖo. Xɔlɔ̃wo anɔ srɔ̃nyɔnu si ƒom wole la si, amesiwo axɔe wòanɔ wo gbɔ kwasiɖa ɖeka alo eve, gake nukae wòawɔ le ema megbe? Alesi wòawɔ akpɔ dɔ awɔ axe xɔfetu aganɔ ɖeviawo dzi kpɔm anye tamebubu gã nɛ. Eye se maɖe mɔ wòakplɔ ɖeviawo asii o. Wo dometɔ aɖewo te kpɔ si dzo gake woti wo yome ɖalé wo sesẽe loo alo ble wo nu kplɔ gbɔe. Xɔlɔ̃ siwo mese nɔnɔmea gɔme o ate ŋu asusui vodadatɔe be nyɔnu siawo metsi tre ɖe tagbɔ sesẽ le wo ŋu ŋu o.