Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Matatu—Kenya-ʋu si Le Amadedewo Me

Matatu—Kenya-ʋu si Le Amadedewo Me

Matatu—Kenya-ʋu si Le Amadedewo Me

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE KENYA GBƆ

NYAÐƆNYA mevɔna le tsaɖila si gbeɖe ne ele eƒe mɔzɔzɔ yi Kenya ŋu nya gblɔm o. Atiglinyinɔ, dzatatsu, kple ɣe ƒe amigogbagba katã nyea nɔnɔme dodzidzɔname si tsia susu me na tsaɖila la. Nu dzeani siwo le afisia la sɔ gbɔ hele vovovo. Gake nulédziname ƒomevi aɖe hã le mɔ gbogbo siwo le nuto ma me la dzi—eyae nye matatu, si toa teƒe geɖewo bɔbɔe. Ŋkɔ sia fia ʋu siwo ame hahoowo ɖona ƒe ƒuƒoƒo. Nɔnɔme dodzidzɔname siwo le wo ŋu na wozu ʋu siwo woɖona wu le Kenya.

Afisi matatu dzɔ tso la wɔ nuku abe eƒe dɔwɔnawo ke ene. Eƒomevi gbãtɔe nye Ford Thames-ʋu gbagbã aɖe, si nye aʋawɔʋu si Britain-srafowo zã le Ethiopia le Xexemeʋa II me ƒe susɔea. Le ƒe 1960-awo me la, Nairobitɔ aɖe tsɔ ʋu gbagbã sia kɔ exɔlɔ̃ aɖewo yi dugã la me hebia tso wo dometɔ ɖesiaɖe si be wòadzɔ ga sue si nye cent 30 ɖe ʋumemi ta. * Eteƒe medidi o, ame bubuwo vakpɔ ga si woate ŋu akpɔ tso ʋu xoxo siawo me la dze sii. Eyata wova trɔ wo dometɔ geɖe wòzu ame 21 kɔ ʋu, siwo me wode bentsi legbee etɔ̃ siwo nye zikpuiwo. Ʋu sia ƒe nɔnɔme ɖi blema bolekajas si wozã le Nigeria kpɔ. Ame ɖesiaɖe xea blema cent 10 ƒe gaku etɔ̃ le mɔzɔzɔ ɖesiaɖe me. Esia anye nusi ta wotsɔ ŋkɔ na ʋu siawo be matatu—si woɖe tso Swahili nya tatu, si gɔmee nye “etɔ̃” me. Tso ɣemaɣi la, wova trɔ matatu sia ƒe nɔnɔme keŋkeŋ, ale be bebli hafi nàkpɔ gbagbãtɔ siwo nɔ anyi do ŋgɔ la ƒe nɔnɔmewo le egbegbetɔwo ŋu. Nyateƒee, matatu si li egbea nye ʋu si nyakpɔ ŋutɔ si Kenya nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ɖɔ be “aʋawɔʋu lɔbɔe siwo ŋu anyieʋɔ ƒe amadedewo le.” Esia menye 1960-awo me blemamɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe madeŋgɔ tɔ wɔwɔ o!

Matatu ɖoɖo ate ŋu anye nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname vevietɔ ne ʋua kula le ekum to ʋuwo dome le afisi ʋuwo sɔ gbɔ ɖo le dugãa me! Mina míaɖo matatu atsɔ azɔ mɔ kpui aɖe le Nairobi ne nàɖɔ alesi wòle la kpɔ.

Vividodo Ðe Nu Ŋu si Hea Ame

Míaƒe mɔzɔzɔa adze egɔme tso ʋuɖoƒe aɖe si me ʋu gbogbo siwo le lalam be yewoakaka aɖo ta teƒe vovovo la tɔ ɖo. Eƒo ŋdɔ ga ɖeka eye dɔwɔnawo wɔe be modzeanyi meli kura o, eye amewo le matatu si atsɔ wo ayi wo nɔƒe la dim. Mɔzɔlawo dometɔ aɖewo yina didiƒe si nye mɔzɔzɔ si axɔ gaƒoƒo geɖe. Bubuwo yina afisi didi agbadroƒe ʋɛ aɖewo ko tso dugã la gbɔ, ɖewohĩ be woaɖa di nane aɖu kaba. Àkpɔ matatu sia aɖo ayi afisiafi.

Èkpɔe be amadede siwo me kɔ vovovowoe le ʋu siawo dometɔ akpa gãtɔ ŋua? Menye ɖeko wosi aŋɔ siawo nawo be woanya kpɔ dzro ko o. Mɔzɔla aɖewo li siwo dina be yewoaɖo matatu si nyakpɔ wu ɖesiaɖe. Ne èlé ŋku ɖe ʋuawo ŋu nyuie la, àkpɔ be woŋlɔ ŋkɔ geɖewo hã ɖe wo ŋu. Nuŋɔŋlɔ siawo dometɔ aɖewo ɖɔ egbegbe nudzɔdzɔwo veviwo—le kpɔɖeŋu me, “El Nino,” “Ƒe Akpe Yeye,” “Kɔmpiuta Nyatakakadiƒe,” “Internet,” kple “Dot Com.” Bubu siwo nye “Fafa” kple “Mawunyadɔgbedela” fia amegbetɔwo ƒe nɔnɔme nyoameŋuwo alo nusiwo gbɔ wote ŋu ɖo. Ʋu si ƒe dzedzeme de matatu si daa dzo mlamlamla la tɔ nu de gee nye Philippines tɔwo ƒe ʋu sue aɖe. Dzidzɔtɔe la, ʋu sue sia hã nye ʋu siwo ŋudɔ wowɔ le Xexemeʋa II me.

Alesi wonɔa kuku ɖemee na mɔzɔlawo gɔ̃ hã nyea nukpɔkpɔ. Togbɔ be woŋlɔ afisi yim ʋuawo le ɖe woƒe ahuhɔ̃ewo dzi wòdze nyuie hã, ʋukula la ƒe kpeɖeŋutɔwo nɔa ɣli dom sesĩe eye ʋukulawo nɔa ʋuawo ƒe kpẽ siwo nyasena la kum. Ne èkpɔ matatu siwo ŋu woŋlɔ “Yerusalem” alo “Yerixo” ɖo la, megawɔ nuku na wò o. Ne èɖo wo dometɔ aɖe la, matsɔ wò ayi Titina Ɣedzeƒe o, ke boŋ golɔgoe siwo le Nairobi ƒe ɣedzeƒekpa dzi siwo wotsɔ Biblia me ŋkɔwo na lae. Esi wonye ʋukula ƒe kpeɖeŋutɔawo di be mɔzɔlawo naɖo matatu ɖesiaɖe ta la, mewɔ nuku o be esesẽna na ame geɖe be woatia esi woaɖo!

Wòe zɔ va Strawberry me! Ðewohĩ ʋu sia ɖoɖo avivi nuwò abe atikutsetse si woyɔna nenema ene. Edze abe ame geɖe lɔ̃a matatu sia ɖoɖo ŋutɔ, esi mexɔa ɣeyiɣi aɖeke hafi yɔna o ta. Ha siwo le ɖiɖim blewuu tso gbeɖiɖimɔ̃ sue siwo wotsi ɖe ʋua me la nɔa dzi fam na mɔzɔlawo. Ke hã megabui be alea wòle le matatu ɖesiaɖe gome o. Wode dzesi ɖewo be wonye esiwo me wode gbeɖiɖimɔ̃ gãwo eƒe zikpuiwo te, siwo me hawo ɖina tsona sesĩe. Aɖabaƒoƒo ewo kple edzivɔ enye esia si zikpuiawo katã dzi yɔ. Ke hã matatu si míeɖo la gbe hoho. Nuka lalam míele? Mɔzɔla siwo anɔ tsitre ɖe mɔ siwo le zikpuiawo dome la mekpɔ va haɖe o. Eteƒe medidi o, afɔɖoƒe kura gɔ̃ hã megava nɔ mɔ siawo dzi o. Le nyateƒe me, anɔ eme be matatu la atɔ ɖe teƒe vovovowo be yeakɔ mɔzɔla geɖewo le mɔa dzi.

Mlɔeba la, míedze mɔ. Amesiwo menya wo nɔewo le afi aɖeke o le gome kpɔm le dzeɖoɖo dodzidzɔname siwo ƒe akpa gãtɔ ku ɖe ŋkekea ƒe dɔwɔnawo ŋu me. Ðeko wòle abe asime ene. Gake kpɔ nyuie le gomekpɔkpɔ fũ le dzeɖoɖoawo me ŋu. Ame aɖewo gbɔ afisi woaɖi ɖo ŋu kpɔ le esi woƒo wo ɖokui ɖe numedzodzro mawo tɔgbe me ta.

Míegblɔ va yi be matatu nye ʋu si toa teƒe geɖewo. Menye mɔ ɖeka aɖe dzi koe wòzɔna o. Be ʋukula la nawɔ ɖe game si wòɖo na eɖokui dzi la, ekua ʋua toa mɔa ƒe akpa sia akpa si ʋua ate ŋu ato tsɔ kpe ɖe afɔzɔlawo toƒe hã ŋu—ɣeaɖewoɣi la, nu vi aɖe koe susɔna be wòalɔ mɔzɔla aɖewo. Le ɣemaɣi me la, gaxɔla ƒe dɔ menɔa bɔbɔe o. Enɔa agbagba dzem be yeaxɔ ga le mɔzɔla siwo le toɣli ɖem eye wo dometɔ aɖewo mewɔa nu le ŋutifafa me o la si. Ke hã melɔ̃na dea nu amesiwo le nya suesuewo ʋlim kplii la me o. Ele be ʋuɖola la naxe ʋudzɔa loo, alo matatu la natɔ enumake eye woagblɔ nɛ—ɣeaɖewoɣi ameŋumabumabutɔe—be wòaɖi! Ne ame aɖewo aɖi la, gaxɔla la naa nyanya ʋukula la eye le ɣeyiɣi ma ke me la, wòganɔa ŋku tsam na ame bubu siwo adi be yewoaɖoe. Elia akui, ƒoa ʋua tame, alo ƒoa ga si wotsi ɖe ʋɔtrua xa tsɔ naa nyanya ʋukula la. Togbɔ be ʋuɖoƒewo le dukɔa ƒe hahooʋuwo si le mɔa dzi hã la, matatu te ŋu tɔna ɖe afisiafi le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me be wòakɔ mɔzɔlawo alo be wòaɖi wo.

Esi míedo le dugã la me vɔ la, fifia míeɖo golɔgoe sue aɖe me, afisi mɔzɔla akpa gãtɔ le ɖiɖim le. Ɣeyiɣi gade na matatu be wòagagbugbɔ ayi ʋutɔɖoƒe si wòdze mɔ tso. Atsɔ ame geɖe le mɔa dzi. Amesiawo hã akpɔ nusiwo tututu teƒe míekpɔ la teƒe. Ðikeke mele eme o be, togbɔ be ʋua nɔ kpo tim hã la, míese vivi na Strawberry la me nɔnɔ.

Anɔ Anyi Ðaa

Le mama dedie nu la, matatu 30,000 siwo li, si ŋudɔ wowɔna le Kenya la na eƒe nɔnɔme trɔ tso aʋawɔʋu si wònye le ƒe bla nane siwo va yi me zu ʋu siwo me wokpɔa ga geɖe tsonae. Gake alesi wòte ŋu yia afisiafi la he kuxi aɖewo vɛ. Le kpɔɖeŋu me, wotso ekula geɖe nu be wogbea ʋukuse siwo kpɔa mɔzɔla bubuwo ƒe agbe ta la dzi wɔwɔ, eye dziɖuɖumegãwo de se geɖewo be woatsɔ axe mɔ ɖe ʋu sia zãlawo ƒe dɔwɔna aɖewo nu. Ɣeaɖewoɣi la, dɔwɔƒe si kpɔa ʋu siawo ƒe dɔwɔnawo dzi wɔa nu ɖe woƒe nuwɔna siawo nu to mɔxexe ɖe woƒe dɔwɔnawo nu dzi, si naa ame akpe nane siwo ɖoa ŋu ɖe matatu sia ŋu gbesiagbe la xaxana vevie. Togbɔ be menye amesiamee alɔ̃ matatu ƒe dɔwɔnawo o hã la, ʋu siawo nyea mɔzɔzɔ mɔnu si tsɔna ŋutɔ na nuto sia me tɔ siwo si ga mele fũ o.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Woma shilling, si nye ga si koŋ Kenyatɔwo ɖuna ɖe Kenya ƒe cent 100 me. United States ƒe dɔlar ɖeka anɔ shilling 78.

[Nɔnɔmetata si le axa 16, 17]

Ford Thames-ʋu

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Noor Khamis/The People Daily