Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu ƒe Ŋusẽ Zazã—Ðe Wòsɔa?

Mawu ƒe Ŋusẽ Zazã—Ðe Wòsɔa?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Mawu ƒe Ŋusẽ Zazã—Ðe Wòsɔa?

AMEGBETƆWO ƒe ŋutinya yɔ fũ kple ŋusẽ ŋudɔwɔwɔ ɖe mɔ gbegblẽ nu ɣesiaɣi. Akɔntabubu aɖe fia be ame siwo anɔ 170,000,000 ye wowu le ƒe alafa 20 lia me le woa ŋutɔwo ƒe dunyahedziɖunyawo me. Abe alesi Biblia gblɔe wòsɔ tututu ene la, amewo ɖu ame bubuwo dzi enuenu hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.—Nyagblɔla 8:9.

Le amegbetɔ ƒe ŋusẽ ŋudɔwɔwɔ ŋutasesẽtɔe ta la, ame aɖewo atɔ gbe alesi Mawu wɔa ŋusẽ ŋudɔ tsɔ tsrɔ̃a eƒe futɔwoe. Ðe Yudatɔwo medze Kanaantɔwo, amesiwo nɔ Ŋugbedodonyigba la dzi hewu wo le Mawu ƒe mɔfiafia te oa? (Mose V, 20:16, 17) Eye ɖe Mawu megblɔ be yeatsrɔ̃ dziɖula tsitretsiɖeŋulawo katã ahaɖe wo ɖa oa? (Daniel 2:44) Dzianukwaretɔ aɖewo bua eŋu nenye be Mawu ƒe ŋusẽ ŋudɔwɔwɔ sɔna ɣesiaɣi.

Ŋusẽ Ŋudɔmawɔmawɔ Nyui

Ele vevie be míase egɔme be, ŋusẽ ŋudɔwɔwɔ nye nu vevi aɖe le dziɖunyawo me. Ekema ŋusẽ aɖeke mele dunyahedziɖuɖu si do kpo eƒe dukplɔsewo dzi wɔwɔ si o. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be wogblɔa kpovitɔwo ƒe ŋusẽ ŋudɔmawɔmawɔ nyuie ŋu nya enuenu hã la, ame nenie ate ŋu anɔ anyi woƒe ametakpɔkpɔ manɔmee? Nya kae ame aɖe ate ŋu agblɔ wòato vovo na alesi wole vevie be woawɔ dzɔdzɔenyenye ŋudɔ nyuie.

Mohandas Gandhi, amesi ƒe ŋutasesẽ tsitsri na wonyae nyuie, gblɔ kpɔ be: “Tsɔe be ŋutsu aɖe dze aɖaʋa eye wòtsɔ yi le tsatsam hele amesiame si wòado go la wum, eye atse meble ame aɖeke be wòalée agbagbee o. Nutoametɔwo akpɔ dzidzɔ ɖe amesiame si ate ŋu aɖe aɖaʋatɔ sia ɖa enumake la ŋu eye woabui dɔmenyotɔe.” Ẽ, Gandhi gɔ̃ hã kpɔe be ehiã be woawɔ ŋusẽ ŋudɔ le nɔnɔme aɖewo me.

Edze ƒã be ŋusẽ ŋudɔwɔwɔ nye nu vevi aɖe le ameha ɖesiaɖe ƒe anyinɔnɔ le ŋutifafa me la me. Ne míagblɔe gbadzaa la, ne amewo ke ɖi ŋusẽ ŋudɔwɔwɔ ko la, ekema ŋusẽ ŋudɔmawɔmawɔ nyuie ŋue wole nya hem ɖo.—Nyagblɔla 4:1-3.

“Eƒe Mɔwo Katã Dzɔ”

Ŋutinya megblɔ kpeɖodzinya aɖeke si fia be Mawu wɔ eƒe ŋusẽ ŋudɔ le mɔ gbegblẽ nu kpɔ o. Mewɔa ŋusẽ ŋudɔ yakayaka le dziɖuɖu me o. Edi be míatsɔ lɔlɔ̃ asubɔ yee. (Yohanes I, 4:18, 19) Le nyateƒe me, Mawu mezãa ŋusẽ ne mɔ dzɔdzɔe aɖe li si dzi wòato aƒo asa nɛ o. (Yeremya 18:7, 8; 26:3, 13; Xezekiel 18:32; 33:11) Eye ne etiae be yeawɔ ŋusẽ ŋudɔ la, enaa nyanya geɖe ɣesiaɣi ale be amesiame si dii la nate ŋu awɔ afɔɖeɖe si sɔ. (Amos 3:7; Mateo 24:14) Ðe Mawu si wɔa nu yakayaka eye wòsẽa ŋuta la awɔ nu alea? Ðe nuwɔna siawo nye Mawu si wɔa nu yakayaka eye wòsẽa ŋuta la tɔa?

Alesi Mawu zãa eƒe ŋusẽ mesɔ kple alesi amegbetɔwo wɔa ŋusẽ ŋudɔe o. Mose gblɔ tso Yehowa ŋu be, ‘eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye madzɔmadzɔnyenye mele eme o.’ (Mose V, 32:4) To vovo na amegbetɔ ƒe dzizizi dziɖuɖuwo la, Mawu ƒe dziɖuɖu menɔ te ɖe amesi si dziɖuŋusẽ gã le la dzi o. Ewɔ ŋusẽ ŋudɔ le nusianu me wòwɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃, nunya, kple dzɔdzɔenyenye.—Psalmo 111:2, 3, 7; Mateo 23:37.

Le kpɔɖeŋu me, esime Mawu tsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo le Tsiɖɔɖɔ me la, exlɔ̃ nu wo ƒe geɖe do ŋgɔ hafi. Amesiame ate ŋu awɔ ametakpɔnu si nye aɖaka la ŋudɔ ahatsi agbe. Ame enyi koe wɔ esia. (Petro I, 3:19, 20; Petro II, 2:5) Le Yosua ŋɔli la, Israel-viwo he Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ va Kanaantɔ gblẽkuwo dzi, wònye ʋɔnudɔdrɔ̃ si ƒe gbeƒã woɖe ƒe 400 kple edzivɔ do ŋgɔ! (Mose I, 15:13-21) Le ɣeyiɣi mawo katã me la, manɔ eme be Kanaantɔwo menya naneke tso kpeɖodzi sẽŋu siwo fia be Israel-viwo nye Mawu ƒe ame tiatiawo la ŋu o. (Yosua 2:9-21; 9:24-27) Gake Kanaan-dukɔ aɖeke medi nublanuikpɔkpɔ yome mɔ alo wɔ mɔnukpɔkpɔ si li be woawɔ ŋutifafa la ŋudɔ o negbe Gibeontɔwo ko. Ke boŋ Kanaantɔwo sẽ woƒe dzime ɖe Mawu ŋu boŋ.—Yosua 11:19, 20.

Ŋusẽa Le Mawu Si

Ne míele agbagba dzem be míase alesi Mawu zãa ŋusẽ gɔme la, ele be míadze egɔme tso ɖoƒe si le mía si le Mawu ŋkume ƒe nyateƒe vevi la dzi. Nyagblɔɖila Yesaya gblɔe ɖokuibɔbɔtɔe be: “Tsu míenye, eye wòe nye mía mèla.” (Yesaya 64:7) Eme kɔ ƒã be, esi Mawu nye xexeame katã Wɔla ta la ate ŋu awɔ ŋusẽ ŋudɔ alesi dze eŋu. Esi míenya ŋusẽ si le Mawu si ta la, míate ŋu agblɔ abe alesi Salomo gblɔe ene be: “Esi wònye ŋusẽ le fia ƒe nya ŋu ta la, ameka agblɔ nɛ be: ‘Nuka wɔm nèle?’”—Nyagblɔla 8:4; Romatɔwo 9:20, 21.

Esi Mawu nye Wɔla ŋusẽkatãtɔ ta la, ŋusẽ le esi be wòana agbe alo axɔe le nusiwo le agbe le anyigba dzi la si. Nyateƒee, gɔmesese kple nunya si sɔ mele amegbetɔwo si be woatɔ gbe Mawu ƒe ŋusẽ zazã o. Ele be amegbetɔwo nasrɔ̃ alesi woana woƒe tamebubu nawɔ ɖeka kple Mawu tɔ. Yehowa bia to eƒe nyagblɔɖila Xezekiel dzi be: “Ðe menye miawo boŋ ƒe nuwɔnae mele eteƒe oa?”—Xezekiel 18:29; Yesaya 45:9.

Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye kple eƒe lɔlɔ̃ na amewoe aʋãe be wòaɖe amesiwo wɔa ŋusẽ ŋudɔ ɖe mɔ gbegblẽ nu hetea ame bubuwo ƒe gomenɔamesiwo ɖe to ŋutasesẽtɔe la ɖa le anyigba dzi. Ŋusẽ zazã alea ahe nɔnɔme nyuiwo ava anyigba dzii na amegbetɔ ŋutifafalɔ̃lawo. (Psalmo 37:10, 11; Naxum 1:9) Ekema woakɔ Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu eye woaʋli eta tegbee.—Nyaɖeɖefia 22:12-15.