Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukae Gblẽ le Wɔɖenui Wɔwɔ Ŋu?

Nukae Gblẽ le Wɔɖenui Wɔwɔ Ŋu?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nukae Gblẽ le Wɔɖenui Wɔwɔ Ŋu?

“Edzum.”—Conneel, si xɔ ƒe 15, wodee gaxɔ me le amewuwu ta.

Andrew, si xɔ ƒe 14, amesi wu nufiala le suku ƒe ɣeɖuƒe aɖe gblɔ be yelé fu nufialawo kple ye dzilawo eye yedoa dɔmedzoe ɖe nyɔnuviwo ŋu le esi womelɔ̃a ye o ta.

TIME magazine yɔ nusia be “nɔnɔme gblẽku aɖe.” Sɔhɛ aɖe si do dɔmedzoe fi tu dziŋɔ aɖe yi sukui hete eƒe sukuhatiwo kple nufialawo dada. Edze abe nudzɔdzɔ wɔnublanui sia va le bɔbɔm le United States ale gbegbe be television nyadzɔdzɔdɔwɔƒe aɖe ɖɔ nuwɔna sia be enye “ŋutasesẽ ƒe agbogbododo.”

Dzidzɔtɔe la, tudada le sukuwo me gakpɔtɔ nye nusi mebɔ fũ o. Togbɔ be ele alea hã, nu vlo siwo wowɔ le dziku me le ŋkeke siawo me ɖe alesi gbegbe sɔhɛ aɖewo doa dɔmedzoe la fia. Anye be nuka gbɔe dzikudodo siawo tso? Edze ƒã be ŋusẽtɔ aɖewo ƒe numadzɔmadzɔwɔwɔ alo ŋusẽ ŋudɔwɔwɔ le mɔ gbegblẽ nu ɖe sɔhɛ siawo dometɔ aɖewo ŋue doa dɔmedzoe na wo. Edze ƒã be hatiwo ƒe fewuɖuɖu edziedzie doa dɔmedzoea na wo dometɔ bubuwo ya. Woɖu fewu le ŋutsuvi ƒe 12 vi aɖe si da tu eƒe sukuxɔmehati aɖe—eyome wòda eɖokui—ŋu be elolo akpa.

Ele eme baa be ɖewohĩ sɔhɛ akpa gãtɔ mabu tame vevie le ŋutasẽnu sia si gbɔ eme la wɔwɔ ŋu kura o. Ke hã dziku kple vevesese si wònyena ne wodo go ameƒomevinyenye, anyrawɔwɔ, alo fewuɖuɖu vevie ƒe fuɖenamewo la dzi ɖuɖu mele bɔbɔe o. Esi Ben nɔ nu ƒom tso eƒe sukudeɣi ŋu la, egblɔ be: “Nyemekɔ sɔ kple ɖevi siwo nye hatinyewo dometɔ akpa gãtɔ o. Eye esi wònye wokoa ta nam ta la, ɖevi bubuawo ɖua fewu le ŋunye henɔa ta ƒom nam ɣesiaɣi. Esia doa dziku nam ŋutɔ. Nusi veam wu enye be ne meyi ɖagblɔe na sukutatɔwo la, wometsɔa ɖeke le eme nam o. Ema ganaa nye dɔmedzoea flana ɖe edzi!” Ben gblɔ kpee be: “Nusi ko xe mɔ nam be nyemetsɔ tu da amesiawo o la koe nye ɖeke si nyemekpɔ o.”

Aleke wòle be nàbu sɔhɛ siwo dina be yewoaɖo eteƒe na amesiwo wɔ nuvevi yewo lae? Eye nukae wòle be nàwɔ ne wowɔ ŋlɔmi sia le ŋuwò? Be míakpɔ ŋuɖoɖoa la, bu nusi Mawu ƒe Nya gblɔ ŋu kpɔ.

Ðokuidziɖuɖu—Enye Ŋusẽ ƒe Dzesi!

Menye nu yeyewoe ŋlɔmiwɔwɔ kple madzɔmadzɔnyenye nye o. Biblia ŋlɔla aɖe ɖo aɖaŋu sia be: “Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nadzudzɔ dzikudodo; dzi megaku wò o, elabena nu vɔ̃ɖi ko nayi wɔwɔ ge!” (Psalmo 37:8) Dɔmedzoedodo lɔa ɖokuidzimaɖumaɖu ɖe eme edziedzi, eye wodoa dziku emetsonuawo ŋu mabumabui. ‘Dzikudodo’ ate ŋu ana ame naɖe eƒe dɔmedzoe ɖe go! Nukae ate ŋu ado tso eme?

Bu Biblia me kpɔɖeŋu si ku ɖe Kain kple Habel ŋu kpɔ. “Kain bi dzi ŋutɔ” ɖe nɔvia Habel ŋu. Esia wɔe be “esime wole gbe me la, Kain tso ɖe nɔvia Habel ŋuti, eye wòwui.” (Mose I, 4:5, 8) Dziku si nu womelé o ƒe kpɔɖeŋu bubu ku ɖe Fia Saul ŋu. Esi wòʋã ŋu ɖevi sue Dawid ƒe aʋadziɖuɖu ta la, etsɔ akplɔ eye wòdae hã vavã menye Dawid ɖeɖeko o ke eda akplɔ eya ŋutɔ via Yonatan hã!—Samuel I, 18:11; 19:10; 20:30-34.

Nyateƒee, ɣeyiɣi aɖewo li si wòsɔ be woado dziku. Le esia gɔ̃ hã me la, nu vɔ̃ɖi ate ŋu ado tso dziku si sɔ la dodo me ne womelé enu o. Le kpɔɖeŋu me, Simeon kple Lewi tɔ dzɔ be woado dziku ɖe Sixem ŋu esime wose be edɔ yewo nɔvinyɔnu Dina gbɔ sesẽe. Gake le esi teƒe be woagbɔ dzi ɖi la, wodo dziku vevie, abe alesi wòdze le woƒe nyawo me emegbe ene be: “Ðe eya kpɔ mɔ abu mía nɔvi gboloe mahã?” (Mose I, 34:31) Eye esi woƒe dzikua nu va sẽ gbɔ eme la, “wotsɔ woƒe yiwo dze du la dzi hewu ŋutsuwo katã” le Sixem ƒe kɔƒea me. Woƒe dɔmedzoea kpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzi elabena “Yakob vi mamlɛawo” hã kpe ɖe wo ŋu le ameawo wuwu me. (Mose I, 34:25-27) Le ƒe geɖe megbe kura gɔ̃ hã la, Simeon kple Lewi fofo, Yakob, ƒo fi de woƒe dziku si nu womelé o la.—Mose I, 49:5-7.

Míesrɔ̃ nu vevie aɖe le esia me be: Dziku si nu womelé o menye ŋusẽ ƒe dzesi o ke boŋ efia gbɔdzɔgbɔdzɔ. Lododowo 16:32 gblɔ be: ‘Dzigbɔɖitɔ nyo wu kalẽtɔ, eye amesi ɖua eɖokui dzi la, nyo wu duwo xɔla.’

Bometsinu si Wɔɖenui Wɔwɔ Nye

Eyata Ŋɔŋlɔawo ɖo aɖaŋu sia be: “Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o . . . Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o.” (Romatɔwo 12:17, 19) Wɔɖenui wɔwɔ—eɖanye ŋusẽ zazã alo nya vlowo gbɔgbɔ ɖe ame ŋu ye o—nye mawumavɔ̃mavɔ̃. Le ɣeyiɣi ma ke me la, hlɔ̃biabia sia mesɔ kura o eye nunya mele eme o. Nusita wòle alea ɖoe nye be, ɖeko ŋutasesẽ gadzia ŋutasesẽ ɖe edzi. (Mateo 26:52) Eye zi geɖe nya vlowo gadzia nya vlowo ɖe edzi wu. Ðo ŋku edzi hã be zi geɖe la, dzikutɔ ƒe nya medzɔna o. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nàte ŋu anya ne ɖe amesi dze agɔ le dziwò la lé wò ɖe dɔme nyateƒea? Ðe wòanye be ameŋumabumabu alo numanyamanya koe na wòwɔ nu nenema? Eye ne tamevɔ̃e wòɖo hã la, ɖe nɔnɔmea bia be wɔɖenui wɔwɔe nye nu nyuitɔ si woawɔa?

Bu Biblia ƒe nya siwo le Nyagblɔla 7:21, 22 ŋu kpɔ: “Megalé to . . . ɖe amewo ƒe nusiwo katã woƒona la ŋu o, ne màgasee, ne wò dɔla le ɖiŋu dom na wò o. Elabena ele ŋku dzi na wò be, wò hã èdo ɖiŋu na ame bubuwo zi geɖewo.” Ẽ, mevivina ne amewo le nya gbegblẽwo gblɔm le ame ŋu o. Gake Biblia ɖee fia be enye agbenɔnɔ ƒe akpa aɖe. Ðe mele eme o be ànya gblɔ nya aɖewo le ame bubuwo ŋu siwo ne ɖe mègblɔe o la, anye ne enyo wu hafi oa? Ekema nukatae wòle be nàwɔ nu wòagbɔ eme ne ame aɖe gblɔ nya manyomanyo aɖe le ŋuwò? Zi geɖe la, mɔ nyuitɔ si dzi woato akpɔ fewuɖuɖu gbɔe nye be woaŋe aɖaba aƒu edzi ko.

Nenema ke nunya manɔ eme be nàwɔ nu wòagbɔ eme ne èse le ɖokuiwò me be wowɔ nu ɖe ye ŋu madzemadzee o. Ƒewuivi aɖe si ŋkɔe nye David gblɔ nusi dzɔ esime wònɔ basketball ƒom kple hati Kristotɔ aɖewo. David gblɔ be: “Ƒuƒoƒo kemɛa me tɔ ɖeka xlã bɔl la ɖem.” Esi Dawid tsɔe enumake be esia nye tamevɔ̃ɖoɖo ƒe nuwɔna ta la, ewɔ wɔɖenui, heda bɔl la xlã ɖe bɔl ƒola kemɛa. Dawid lɔ̃ ɖe edzi be: “Dzi kum ŋutɔ.” Gake hafi nyaa nava gblẽ kuraa la, Dawid do gbe ɖa na Yehowa. Egblɔ na eɖokui be, ‘Nukae nye si wɔm mele, be medi be mawɔ dzre kple nɔvinye Kristotɔ?’ Emegbe woɖe kuku na wo nɔewo.

Le nɔnɔme siawo ƒomevi me la, enyo be míaɖo ŋku Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋu dzi. “Esime wodzui la, medzu ame ɖe eteƒe o; esime wòkpe fu la, medo ŋɔdzi na ame o.” (Petro I, 2:23) Ẽ, ne nu te ɖe dziwò la, le esi teƒe be nàwɔ wɔɖenui la, do gbe ɖa na Mawu eye nàbiae be wòakpe ɖe ye ŋu be yeaɖu ye ɖokui dzi. Ana “gbɔgbɔ kɔkɔe amesiwo bianɛ la” faa. (Luka 11:13) Le esi teƒe be nàwɔ wɔɖenui ne ame aɖe dze agɔ le dziwò la, nusi ɖewohĩ nàwɔ boŋ enye be nàyi amea gbɔ miagblɔe. (Mateo 5:23, 24) Alo ne wole ŋutasẽnu aɖe si gbɔ eme wɔm ɖe ŋuwò, ɖewohĩ suku me anyrawɔwɔ la, mègawɔ nu ɖe enu le mɔ gbegblẽ nu o. Ðe eteƒe la, ehiã be nàɖe afɔ siwo me nunya le atsɔ akpɔ ɖokuiwò tae. *

Sɔhɛ aɖe si Ðe Asi le Dziku Ŋu

Sɔhɛ geɖe wɔ Biblia me gɔmeɖose siawo ŋudɔ wòɖe vi na wo. Le kpɔɖeŋu me, Catrina nye ɖevi sue esime wotsɔe na ame bubu be wòanyi. Egblɔ be: “Medoa dziku elabena nyemese nusitae wòle be danye natsɔm ana ame bubu be wòanyi la gɔme o. Eyata meɖea dzikua ɖe amesi xɔm le nyinyim la ŋu. Movitɔe la, mesusui be ne mewɔ nu wòvee la, danye si dzim la koe nye ma mele fu fiamee. Eyata mewɔ nusianu—medzunɛ, nɔa afɔ tum anyi, doa dziku vevie. Ʋɔtruwo tutu sesĩe nye nusi mewɔna wu. Megblɔna hã be, ‘Melé fu wò!’—mewɔa esiawo katã elabena dzi kuam vevie. Ne mede ŋugble le nusiwo mewɔ va yi ŋu la, ewɔa nuku nam be nyee wɔ nu mawo.”

Nukae kpe ɖe Catrina ŋu wòte ŋu ɖu eƒe dzikua dzi? Eɖo eŋu be: “Biblia xexlẽe! Esia le vevie ŋutɔ elabena Yehowa nya alesi míesena le mía ɖokui me.” Catrina kpɔ akɔfafa hã esime eya kple eƒe ƒomea xlẽ Nyɔ! ƒe nyati siwo ƒo nu tso eƒe ƒomea ƒe nɔnɔmea tututu ŋu. * Egblɔ be: “Mí katã míete ŋu nɔ anyi ɖekae hese mía nɔewo ƒe seselelãmewo gɔme.”

Wò hã àte ŋu asrɔ̃ dziku dzi ɖuɖu. Ne wole fewu ɖum le ŋuwò, wɔ anyra le ŋuwò, alo le ŋlɔmi wɔm wò la, ɖo ŋku Biblia ƒe nya siwo le Psalmo 4:5 dzi be: ‘Dzi neku mi, ke migawɔ nuvɔ̃ o.’ Nya mawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàƒo asa na dziku si gblẽa nu la dodo.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 18 Kpɔ alesi woawɔ nui kple nufiala wɔŋlɔmiwo, suku me anyrawɔlawo, kple fuɖenamelawo, ƒe aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le “Sɔhɛwo Biana Be . . .” ƒe nyati siwo le Eŋlisigbe me Nyɔ! February 8, 1984; August 22, 1985; kple August 8, 1989, ƒe tatawo me.

^ mm. 21 Kpɔ nyati siwo tsiã ɖe wo nɔewo nu si woɖo tanya na be “Vixɔxɔnyi—Dzidzɔawo, Kuxiawo,” le May 8, 1996, Nyɔ! ƒe tataa me.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Zi geɖe la, mɔ nyuitɔ si dzi woato akpɔ fewuɖuɖu gbɔe nye be woaŋe aɖaba aƒu edzi ko