Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae Ŋutsuwo Ƒoa Nyɔnuwo Ðo?

Nukatae Ŋutsuwo Ƒoa Nyɔnuwo Ðo?

Nukatae Ŋutsuwo Ƒoa Nyɔnuwo Ðo?

NUMEKULA aɖewo gblɔ be nyɔnu siwo ate ŋu aku le woa ŋutɔwo srɔ̃wo si me la sɔ gbɔ wu esiwo aku le nugbegblẽwɔla bubu ɖesiaɖe si me. Wowɔ numekuku gbogbo aɖewo le agbagbadzedze be woatsi ŋutasesẽ le ame srɔ̃ ŋu nu. Ŋutsu ka ƒomevie ƒoa srɔ̃a? Aleke eƒe ɖevimenɔɣi nɔ? Ðe wòsẽ ŋuta le woƒe zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe mea? Aleke ameƒolaa wɔa nui ne wole dɔ dam nɛ?

Nu ɖeka si numekulawo de dzesii enye be ameƒolawo katã ƒe nuwɔna mele ɖeka o. Wo dometɔ aɖe li, si sẽa ŋuta ɣeaɖewoɣi ko. Metsɔa nu ɖe ame ŋu o eye womenyae nɛ be ewɔa ŋlɔmi le srɔ̃a ŋu edziedzi o. Le eya gome la, ŋutasesẽ menye numame nɛ o eye edze abe nanewoe kpɔa ŋusẽ ɖe edzi wòwɔa nu nenema ene. Le ŋutasẽla si ƒe ŋutasesẽ yi ŋgɔ gome la, eƒoa srɔ̃a enuenu. Eƒe ŋutasẽnuwɔwɔwo tsiã ɖe enu, eye dzesi aɖeke medzena le eŋu be esea veve ɖe nusi wòwɔ la ta o, ne esenɛ hã, mebɔ o.

Gake alesi ameƒola ƒomevi vovovowo li mefia be ameƒoƒo ƒomevi aɖewo megblẽ boo o. Le nyateƒe me la, ƒoƒo ɖesiaɖe ƒomevi ate ŋu ade abi ame ŋu—ate ŋu awu ame gɔ̃ hã. Eyata nenye be ame aɖe mewɔa ŋutasnu edziedzi o alo eƒe ŋutasnu si wòwɔ medzi ŋɔ de ame bubu tɔ nu o meɖe fɔɖiɖi le edzi o. Nya la koe nye be ame srɔ̃ ƒoƒo aɖeke meli woagblɔ be “enyo” o. Gake nukawo gbɔe wòate ŋu atso be ŋutsu naƒo nyɔnu si wòka atam be yealɔ̃ le yeƒe agbemeŋkekewo katã me?

Ƒome ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi

Mewɔ nuku o be ƒome siwo me ŋutsuwo ƒoa wo srɔ̃wo le mee wonyi ŋutsu siwo va zu ame srɔ̃ ƒolawo la dometɔ geɖe le. Michael Groetsch, si tsɔ ƒe blaeve kple edzivɔ wɔ numekuku tso amesrɔ̃ƒoƒo ŋui la ŋlɔ bena: “Aƒe siwo zu abe ‘aʋagbedzi’ mee wonyi amesiwo ƒoa wo srɔ̃wo dometɔ akpa gãtɔ le. Tso esime wonye vidzĩwo hetsi ɖo sɔhɛ me la, dzreheƒewo ko wokpɔna, ale be nya tɔamewo gbɔgblɔ kple nuvevi wɔwɔ ame ‘sɔ.’” Numekula aɖe gblɔ be ŋutsuvi si wonyi le aƒe sia tɔgbe me “ate ŋu asrɔ̃ fofoa ƒe bubumademade nyɔnuwo ŋu ƒe nuwɔnaa tso ɖevime ke. Ŋutsuvia srɔ̃nɛ be ŋutsue wòle be wòanye aƒetɔ ɖe nyɔnu dzi ɣesiaɣi eye be vɔvɔ̃dodo na wo, nuvevi wɔwɔ wo, kple gbɔɖiɖi wo mee wotona zua aƒetɔ. Esrɔ̃nɛ le ɣeyiɣi ma ke me be mɔ ɖeka si ko dzi yeato ye fofo nakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu enye be yeawɔ nu abe ye fofo ene.”

Biblia na eme kɔ ƒã be dzila ƒe agbenɔnɔ ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui alo gbegblẽa ɖe via dzi vevie. (Lododowo 22:6; Kolosetɔwo 3:21) Ele eme be ƒome si me wonyi ame le menye nu woatsɔ ado taflatsee ɖe amesrɔ̃ƒoƒo ta ya o, gake ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya afisi ame aɖewo srɔ̃ ŋutasẽgbenɔnɔ tsoe.

Dekɔnu ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi

Le dukɔ aɖewo me la, woda asi ɖe nyɔnuwo ƒoƒo dzi, wobunɛ gɔ̃ hã be menye nu yeye o. Wogblɔ le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakaka aɖe me be: “Be srɔ̃ŋutsu kpɔ mɔ aƒo srɔ̃a alo awɔ ŋlɔmi le eŋu la nye nukpɔsusu si ƒo ke ɖe to sesĩe le dukɔ geɖe me.”

Le dukɔ siwo me womebua ŋutasẽnu mawo wɔwɔ be wosɔ o gɔ̃ hã me la, ame gbogbo aɖewo nyea ŋutasẽnuwɔlawo. Nukpɔsusu totro si le ŋutsu aɖewo si le nya sia ŋu wɔ nuku ŋutɔ. South Africa nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Weekly Mail and Guardian gblɔ be wode dzesii le numekuku aɖe si wowɔ le Cape Ƒukɔme me be ŋutsu siwo gblɔ be yewomewɔa ŋlɔmi le yewo srɔ̃ ŋu o ƒe nukpɔsusue nye be nyɔnuwo ƒoƒo menye nu gbegblẽ o eye be menye ŋutasesẽe nu ma wɔwɔ nye o.

Edze ƒã be ɖevime kee nukpɔsusu totro ma su wo si tsoe. Le Britain la, edze le numekuku aɖe me be ŋutsuvi siwo xɔ ƒe 11 kple 12 ƒe alafa memama 75 susui be menye nu gbegblẽ be ŋutsu naƒo nyɔnu ne dzi kui o.

Naneke Meli si Ta Woaƒo Ame Srɔ̃ O

Nya siwo me míedzro va yi ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ nusita amewo ƒoa wo srɔ̃wo, gake womatsɔ wo ado taflatsee o. Kpuie ko la, nuvɔ̃ gãe wònye le Mawu ŋkume be woaƒo ame srɔ̃. Míexlẽ le eƒe Nya Biblia me be: “[Ele] na ŋutsuwo be, woalɔ̃ woa ŋutɔwo wo srɔ̃wo abe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene. Amesi lɔ̃a ye ŋutɔ srɔ̃ la, elɔ̃a eɖokui; elabena ame aɖeke melé fu ye ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòkpɔa edzi, abe alesi Aƒetɔ la wɔna na hame la ene.”—Efesotɔwo 5:28, 29.

Biblia gblɔe ɖi tso blema ke be le nuɖoanyi siawo ƒe “ŋkeke mamlɛawo” me la, ame geɖe anye ‘ŋutasẽlawo,’ “amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o,” kple “ame wɔadãwo.” (Timoteo II, 3:1-3) Amesrɔ̃ƒoƒo ƒe bɔbɔ nye dzesi bubu si hã gafia be míele ɣeyiɣi si tututu nyagblɔɖi sia tɔ asii la me. Gake nukae woate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe amesiwo woƒona ŋu? Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe li be amesrɔ̃ƒolawo ate ŋu atrɔ woƒe agbenɔnɔa?

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

“Amesi ƒo srɔ̃a ƒe nuvɔ̃a ƒe kpekpeme mele wodzoe wu ŋutsu si ƒo amedzro o.”—When Men Batter Women

[Aɖaka si le axa 6]

Ŋutsunyenye Ƒe Dada—Enye Kuxi le Xexeame Godoo

Latin Amerikae Eŋlisi-dukɔwo kpɔ nya “ŋutsunyenye” (machismo) tsoe. Enye dada ɖe ŋutsunyenye dzi akpasesẽnuwɔwɔtɔe eye wòfia nuwɔwɔ ɖe nyɔnuwo ŋu ŋutasesẽtɔe. Gake abe alesi nyatakaka siwo gbɔna ɖee fia ene la, menye Latin Amerika ɖeɖekoe ŋutsuwo wɔa ŋutasẽnuwo le dadatɔe kura o.

Egypt: Ɣleti etɔ̃ numekuku aɖe si wowɔ le Alexandria ɖee fia be aƒemeŋutasesẽ koŋ gbɔe wòtsona nuvevi wɔa nyɔnuwo. Nyɔnu siwo katã yia kɔdzi le afisiwo wole ɖe abixɔxɔ ta dometɔ 27.9 le alafa me tso nusia gbɔ.—Résumé 5 of the Fourth World Conference on Women.

Thailand: Le Bangkok ƒe to lolotɔ kekeake me la, woƒoa nyɔnu srɔ̃tɔ 50 le alafa me gbesiagbe.—Pacific Institute for Women’s Health.

Hong Kong: “Nyɔnu siwo gblɔ be yewo srɔ̃wo ƒo yewo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi alafa memama 40 kple edzivɔ le ƒe si va yi me.—South China Morning Post, July 21, 2000.

Japan: Nyɔnu sitsoƒedilawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi tso 4,843 le ƒe 1995 me va ɖo 6,340 le ƒe 1998 me. “Ne woma xexlẽme sia ɖe etɔ̃ me la, akpa ɖeka kloe gblɔ be yewo srɔ̃wo ƒe ŋutasẽnuwɔnawo tae yewole sitsoƒe dim ɖo.”—The Japan Times, September 10, 2000.

Britain: “Le sekɛnd ade ɖesiaɖe me le Britain la, wodɔa nyɔnu aɖe gbɔ sesẽe, woƒoe alo wotɔ nui le aƒe aɖe me.” London ƒe Adzamekpovitɔwo ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be: “Ame 1,300 siwo ŋu wosẽ ŋuta le le aƒeme ƒoa ka na kpovitɔwo gbesiagbe—wowu 570,000 le ƒe ɖeka me. Wo dometɔ 81 le alafa me nye nyɔnu siwo ŋu ŋutsuwo sẽ ŋuta le.”—The Times, October 25, 2000.

Peru: Hlɔ̃nu siwo katã ƒe nutsotso ɖo kpovitɔwo gbɔ dometɔ 70 le alafa me ku ɖe nyɔnu siwo wo srɔ̃wo ƒo ŋu.—Pacific Institute for Women’s Health.

Russia: “Le ƒe ɖeka me la, srɔ̃ŋutsuwo wu Russia-nyɔnu 14,500, eye 56,400 bubu zu nuwɔametɔwo alo xɔ abi vevie le ŋuta si wosẽ le wo ŋu ta.”—The Guardian.

China: Nufialagã Chen Yiyun, amesi nye Ƒomewo Ŋuti Nusrɔ̃ƒe si le Jinglun ƒe tatɔ gblɔ be: “Kuxi yeye aɖee wònye. Ele ta kekem kabakaba ŋutɔ, vevietɔ le dugãwo me. Aƒelikawo megate ŋu léa aƒeme ŋutasẽnuwɔwɔ nu azɔ o.”—The Guardian.

Nicaragua: “Ŋutasesẽ le nyɔnuwo ŋu le Nicaragua le dzidzim ɖe edzi ale gbegbe. Numekuku aɖe ɖee fia be le ƒe si va yi dzaa ko me la, Nicaragua-nyɔnu 52 le alafa me to aƒemeŋutasesẽ ƒomevi aɖe me le wo srɔ̃ŋutsuwo si me.”—BBC News.

[Aɖaka si le axa 7]

Nusiwo Te Ŋu Naa Wosẽa Ŋuta

Le numekuku aɖe si Richard J. Gelles xɔ ŋgɔ wowɔ le Rhode Island Yunivɛsiti, U.S.A., nu la, nusiwo gbɔna la nye nusiwo te ŋu naa wowɔa nuvevi ame hedoa nuxaxa na ame le aƒeme:

1. Ŋutsua wɔ aƒemeŋutasẽnu aɖe kpɔ.

2. Dɔ ge le esi.

3. Ezãa atikevɔ̃ɖiwo, zi ɖeka ya teti le ƒe me.

4. Ne woƒe aƒemee wònɔ tsi la, ke ekpɔ fofoa wòƒoa dadaa.

5. Menye srɔ̃tɔwoe ŋutsua kple nyɔnua nye o; ɖeko wole wo nɔewo gbɔ.

6. Ne ele dɔ wɔm la, eƒe fetu mesɔ gbɔ o.

7. Mewu kɔledzi nu o.

8. Exɔ tso ƒe 18 va ɖo 30.

9. Wo dometɔ ɖeka alo evea siaa sẽa ŋuta le ɖeviwo ŋu le aƒeme.

10. Mekpɔa ga wòdea esi ame dahewo kpɔna nu o.

11. Ŋutsua kple nyɔnua ƒe dekɔnuwo to vovo.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Aƒemeŋutasesẽ ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ɖeviwo dzi vevie