Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mɔkpɔkpɔ na Ŋuɖuilélawo

Mɔkpɔkpɔ na Ŋuɖuilélawo

Mɔkpɔkpɔ na Ŋuɖuilélawo

ÐK. FATIMA MILI gblɔ be: “Ŋuɖui menye dɔléle si hea ku vɛ zi geɖe abe dzidɔ alo kansa ene o, gake ekpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe agbe si tɔgbe wova nɔna dzi.” Ŋuɖui ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame ƒe agbenɔnɔ dzi le goawo katã me. Nukawoe nye kuxi aɖewo siwo ŋuɖuilélawo doa goe koŋ? Ðe wòanya wɔ be woanɔ te ɖe wo nua?

Katia, * si xɔ 28, tso Italy gblɔ be: “Nye agbe bliboa trɔ tso esime wokpɔ ŋuɖui le ŋunye esi mexɔ ƒe 20. Eva hiã be madzudzɔ nye dɔwɔɖuia kple ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ si mewɔna la le veveseseawo ta.” Vevesesee nye fu siwo ŋuɖuilélawo kpena zi geɖe. Alan si xɔ ƒe 63, si tso England gblɔ be: “Ànɔ veve sem le wò ŋutilã ƒe akpa aɖe kokoko, togbɔ be enu masẽ akpa ya o.” Ðeɖiteameŋu ganye kuxi bubu. Sarah, amesi xɔ ƒe 21 gblɔ be: “Ne ète ŋu do dzi le vevesesea kple nutetea me gɔ̃ hã la, ɖeɖiteameŋua ya wua tsɔtsɔ.”

Vevesese si Tsoa Seselelãme Me

Setsuko, Japantɔ si xɔ ƒe 61 gblɔ be kutrikuku gbesiagbe be nànɔ te ɖe vevesese nu ate ŋu ana “nàgbɔdzɔ le seselelãme kple susu me.” Nuŋlɔti léle ɖe asi alo telefon tsɔtsɔ gɔ̃ hã ate ŋu anye kuxi! Kazumi, amesi xɔ ƒe 47, fa konyi be: “Nu tsɛ siwo ɖevi ate ŋu awɔ gɔ̃ hã wɔwɔ zu agba nam.” Janice amesi xɔ ƒe 60 eye megate ŋu nɔa tsitre ɖe eƒe afɔwo dzi ɣeyiɣi didi o la gblɔ be: “Eɖea dzi le ƒonye ŋutɔ elabena nyemegate ŋu wɔa nusiwo mewɔna tsã la o.”

Xaxa siawo ate ŋu aɖe dzi le ame ƒo eye wòana woanɔ nu madzemadzewo ŋu bum ɖe ame ɖokui ŋu. Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka si nye Gaku, amesi xɔ ƒe 27 la gblɔ be: “Esi nyemete ŋu kpɔa gome le nyanyuigbɔgblɔdɔa me alo le hamea me dɔdasiwo wɔwɔ me bliboe o ta la, mesenɛ le ɖokuinye me be viɖe aɖeke kura mele ŋunye o.” Francesca, amesi ŋuɖui le fu ɖem na tso esime wòxɔ ƒe eve la gblɔ be “ele abe ɖe wòle kplɔyem de mɔkpɔkpɔbuɖeame me ʋĩ ene.” Dziɖeleameƒo sia ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe ame dzi le gbɔgbɔ me. Joyce si nye Ðasefo si tso South Africa gblɔ be yeva nɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo dam ƒu. Eɖe nu me be: “Nyemete ŋu manɔ te ɖe ame aɖeke ŋku me o.”

Etsɔme ŋu bubu ate ŋu ana ŋuɖuiléla natsi dzodzodzoe—vɔvɔ̃ na teƒe ɖeka tsitsi kple ŋuɖoɖo ɖe ame bubuwo ŋu na nusianu wɔwɔ, vɔvɔ̃ na akogotsitsi, vɔvɔ̃ na anyidzedze kple ŋeŋe, vɔvɔ̃ be womate ŋu ava kpɔ ƒomea dzi o. Yako, amesi xɔ ƒe 52, gblɔ be: “Ne mekpɔ nye ƒunukpeƒewo le gɔglɔ̃m la, vɔvɔ̃ ɖoam be egbɔna gã do ge ɖe edzi.”

Nu ate ɖe ƒomea me tɔwo hã dzi le seselelãme gome ne wole woƒe lɔlɔ̃tɔ ƒe fukpekpe teƒe kpɔm gbesiagbe. Masɔmasɔwo ate ŋu aɖo srɔ̃tɔ aɖewo gɔ̃ hã dome. Nyɔnu Englandtɔ aɖe si woyɔna be Denise gblɔ be: “Le mía kple srɔ̃nye ƒe anyinɔnɔ ƒe 15 megbe la, eʋu eme nam be, ‘Nyemagate ŋu anɔ te ɖe wò ŋuɖuia nu azɔ o!’ Edzo le mía kple vinyenyɔnuvi si xɔ ƒe 5 la gbɔ.”

Eyata ŋuɖui te ŋu hea kuxi gãwo vaa elélawo kple woƒe ƒomea me tɔwo dome. Ke hã ame geɖe le te nɔm ɖe enu dzidzedzetɔe! Na míakpɔ alesi wòle na wo dometɔ aɖewoe ɖa.

Ŋudzɔnɔnɔ ɖe Wò Ŋutetewo Ŋu

Ðiɖiɖeme nyuie hiã vevie ne ŋuɖuilélae nènye; ate ŋu aɖe ɖeɖiteameŋu dzi akpɔtɔ. Gake esia mefia be nàna ta le agbe me o. Timothy ɖe eme be: “Ele be nànɔ nane wɔm ɣesiaɣi ale be màna ŋuɖui nakpɔ ŋusẽ ɖe wò susu dzi o elabena ne edzɔ alea la, ɖeko nànɔ afima anɔ veve sem.” Ŋuɖuiŋutinunyala William Ginsburg, amesi le Mayo Dɔdaƒe gblɔ be: “Vovototo aɖe si menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o la le nu geɖe akpa wɔwɔ kple nu sue aɖe ko wɔwɔ dome. Ɣeaɖewoɣi eva hiãna be woaɖo ŋku edzi na ame aɖewo be woagbɔ dzi ɖi eye woanya be dɔléle le yewo ŋu.”

Esia abia be nàwɔ tɔtrɔ le alesi nèbua wo ŋutetewoe ŋuti. Daphne, si tso South Africa gblɔ be: “Enɔ nam be mato nyateƒe na ɖokuinye eye manya be ŋutete si le asinye be mawɔ nanewo nu meva yi o; ɖeko wole nam be magbɔ dzi ɖe anyi wu le wo wɔwɔ me. Le esi teƒe be matsi dzi alo matsi dzodzodzoe la, mewɔa nuwo vivivi boŋ.”

Anyo be nànya nu tso dɔwɔnu vovovo siwo li siwo kpena ɖe ame ŋu si nàte ŋu azã, ɖewohĩ mia kple wò atikewɔla alo kamedededɔyɔmɔnufiala miade ŋugble le wo ŋu. Keiko gblɔ be: “Míede atrakpuiliamɔ̃ aɖe. Ʋɔtrusiléƒe si wotrona vea alɔnu nam eyata míeɖɔ li wo. Fifia mate ŋu atsɔ nye ta atutu ʋɔtru ɖesiaɖe aʋui. Míede pɔmpisiléƒe siwo wofɔna ɖe dzi la pɔmpi siwo katã le aƒea me ŋu be mate ŋu awɔ aƒemedɔ aɖewo ya teti.” Gail, amesi nye ŋuɖuiléla bubu gblɔ be: “Wowɔ asiléƒe didiwo ɖe nye ʋusafui kple nye ʋɔtrusafuiwo ŋu nam si naa etotro nɔa bɔbɔe. Asiléƒe siwo didi le nye yiɖa kple blɔswo ŋu siwo mate ŋu atrɔ ɖe axa si medi dzi atsɔ avu ɖa alo akplɔ afɔkpa ŋu.”

Ƒomea Me Tɔwo ƒe Kpekpeɖeŋu—‘Mɔ̃ Sese Wònye’

Clara amesi nye Braziltɔ gblɔ be: “Srɔ̃nyeŋutsua ƒe kpekpeɖeŋu nye nu vevi nam. Alesi wòkplɔm yia atikewɔla gbɔ ɖeɖe dea dzi ƒo nam. Mía kplii siaa míekpɔ alesi dɔlélea le nu gblẽm le ŋunyee, dɔa ƒe dzesiwo, kple dɔdamɔnu si ahiã. Nye dzi dzea eme elabena ete ŋu sea nusi me tom mele la gɔme.” Ẽ, srɔ̃tɔ siwo dzea si wo srɔ̃wo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ eye wodi be yewoanya nu geɖe tso dɔlélea ŋu la ate ŋu anye ŋusẽdoame kple kpekpeɖeŋu tsoƒe gã aɖe na wo srɔ̃wo.

Le kpɔɖeŋu me, Bette di nukpɔkplɔ dɔ nɔ wɔwɔm esi ŋuɖui na be srɔ̃a dzudzɔ eƒe xɔtudɔ wɔwɔ. Menye ɖeko Kazumi srɔ̃ŋutsua kpɔa edzi ɖeɖe ko o ke ewɔa aƒemedɔ siwo nyɔnua mate ŋu awɔ o hã. Gakpe ɖe eŋu la, ehe wo viawo hã be woawɔ nusianu si woate ŋui atsɔ ana kpekpeɖeŋu. Kazumi gblɔ be: “Srɔ̃nye nye mɔ̃ sesẽ nam. Ne menye eƒe kpekpeɖeŋue o la, anye ne manɔ nam bɔbɔe o.”

Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Carol si nye Australiatɔ xlɔ̃ nu be: “Kpɔ nyuie be màgade nu gbogbowo wo ɖoɖowɔɖi me o. Ne nyemete ŋu le nye akpa dzi wɔm le ƒomea me o la, meva senɛ le ɖokuinye me be ŋutete mele ŋunye o.” Ne ƒomea me tɔwo tsɔ nugɔmesese kple ameŋububu na kpekpeɖeŋui la, ate ŋu anye mɔ̃ sesẽ na ŋuɖuilélawo.

Gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu

Katia gblɔ be: “Ne ame aɖe lé dɔ sia tɔgbe la, esenɛ le eɖokui me be ye ɖeka koe nya nusi le ye wɔm. Esia na wòhiã vevie be míatrɔ ɖe Yehowa ŋu esi míenyae be esea míaƒe nɔnɔme kple seselelãmewo gɔme na mí. (Psalmo 31:8) Ƒomedodo nyui si le mía kplii dome naa tomefafam be mete ŋu doa dzi le nye dɔlélea me.” Biblia la yɔ Yehowa wòsɔ be “akɔfafawo katã ƒe Mawu la, amesi fa akɔ na mí le míaƒe xaxa blibo la katã me.”—Korintotɔwo II, 1:3, 4.

Gbedodoɖa ate ŋu anye akɔfafa sẽŋu aɖe na amesiwo le dɔmavɔleameŋu ƒe fu kpem. Kazumi gblɔ be: “Le zã didi siwo me nyemete ŋu dɔa alɔ̃ o le vevesese ta la, metsɔa aɖatsi gblɔa nye dzimenyawo na Yehowa hebiaa eƒe ŋusẽdoame be mate ŋu ado dzi le vevesesea me, kpakple nunya be mate ŋu anɔ te ɖe nye kuxiawo nu. Yehowa ɖoa eŋu nam hã vavã.” Nenema ke Francesca hã kpɔ kpekpeɖeŋu si Mawu nana lɔlɔ̃tɔe. Egblɔ be: “Filipitɔwo 4:13 va eme nam, si gblɔ be: ‘Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.’”

Zi geɖe la, Yehowa naa kpekpeɖeŋu to Kristo-hamea dzi. Le kpɔɖeŋu me, Gail ƒo nu tso kpekpeɖeŋu siwo wòxɔ tso gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le wo gbɔ me ŋu. Gail gblɔ be: “Woƒe lɔlɔ̃ nam kpe ɖe ŋunye be nyemelé blanui o.” Nenema ke esi wobia Keiko be, “Ðe nàte ŋu aɖo ŋku nu nyui aɖe si teƒe nèkpɔ le wò agbe me dzi hã?” la, eɖo ŋu be: “Ẽ, eyae nye lɔlɔ̃ kple akɔfafa siwo mexɔ tso hamea me tɔ ɖesiaɖe gbɔ!”

Le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me la, dzikpɔlawo xɔa ŋgɔ naa kpekpeɖeŋu. Setsuko gblɔ be: “Alesi gbegbe wòwɔa dɔ ɖe ame dzi ne hamemegãwo ɖo to se amesi le avu wɔm kple dɔléle aɖe ƒe nya eye wofa akɔ nɛ la wua gbɔgblɔ nam.” Ke hã Daniel si le ŋuɖui lém la xlɔ̃ nu mí be, “ne míeɖe mɔ na míaƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ko hafi woate ŋu akpe ɖe mía ŋu.” Eyata ele vevie be amesiwo le ŋuɖui lém nade ha kple hati Kristotɔwo ɣesiaɣi ale be woawɔ wo tɔ sinua be woade Kristotɔwo ƒe kpekpewo. (Hebritɔwo 10:24, 25) Afimae woate ŋu akpɔ gbɔgbɔ me dzideƒo si hiã la le be woanɔ te ɖe enu.

Fukpekpewo Nu Ava Yi

Ŋuɖuilélawo kpɔa ŋudzedze ɖe ŋgɔyiyi siwo atikeŋutinunyalawo te ŋu wɔ va ɖo fifia ŋu. Ke hã, egbɔkpɔmɔnu nyuitɔ kekeake si li fifia mete ŋu danɛ keŋkeŋ o. Mlɔeba la, elélawo ate ŋu akpɔ akɔfafa gãtɔ kekeake ne woxɔ Mawu ƒe xexeme yeye ƒe ŋugbedodowo dzi se. * (Yesaya 33:24; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Le xexe yeye ma me la, “xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene.” (Yesaya 35:6) Ŋuɖui kple dɔléle bubu siwo katã ɖea fu na ameƒomea nu ayi tegbee! Peter, amesi le dzimeƒu me ŋuɖui lém la gblɔ be: “Susu nyui aɖe li si ta mele mɔ kpɔm na etsɔme nyui aɖe ɖo.” Nyɔnu Kristotɔ aɖe si woyɔna be Giuliana hã gblɔ be: “Mebua ŋkeke sia ŋkeke si va yi la be enye aʋadziɖuɖu nam, ŋkeke ɖeka gado le ŋkeke siwo susɔ nam be mado dzi hafi nuwuwu nava la me!” Ẽ, ɣeyiɣi si manye ŋuɖuiléle ko nue ava yi o ke boŋ esime fukpekpewo katã nu ava yi lae gogo!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 24 Nè adi be Yehowa Ðasefowo dometɔ aɖe nava srã wò kpɔ ahaɖe Biblia me ŋugbedodo me na wò la, bia Yehowa Ðasefo siwo le mia gbɔ la ta alo ŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Mɔ̃ geɖe li siwo kpena ɖe ŋuɖuilélawo ŋu wowɔa dɔ geɖe

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Woate ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu si tso lɔlɔ̃ me le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me