Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Kristotɔwo Nakpɔ Gome Le Ƒe Yeye Zãwo Mea?

Ðe Wòle Be Kristotɔwo Nakpɔ Gome Le Ƒe Yeye Zãwo Mea?

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Ðe Wòle Be Kristotɔwo Nakpɔ Gome Le Ƒe Yeye Zãwo Mea?

FERNANDO, si nye ɖɔkta le Brazil gblɔ be: “Zi geɖe la, ŋdɔ si doa ŋgɔ na Ƒe Yeye ƒe Fiẽ menɔa gbodogbodo o. Gake le zã ga 11 lɔƒo ko la, wodzea vava gɔme—wonɔa amesiwo wotɔ nu alo da tui, ƒewuivi siwo xɔ abi le lɔrifɔkuwo me, kple srɔ̃nyɔnu siwo woƒo lɔm vɛ. Zi geɖe kloe la, ahasesẽ gbɔe wòtsona.”

Ne míede ŋugble le nya sia ŋu la, mawɔ nuku o be Braziltɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe yɔ ƒea ƒe ŋkeke gbãtɔ be dukɔwo dome mekutsɔkloe ŋkeke. Europatɔwo ƒe nyadzɔdzɔdɔwɔƒe aɖe gblɔ be: “Hahoo hadzegbenɔgbee Ƒe Yeye zã nye” eye wògblɔ kpee be eganye “aʋakpegbe bubu na amegbetɔwo kple aha.”

Nyateƒee, menye amesiamee mua aha hewɔa ŋutasẽnuwo le Ƒe Yeye zã la ɖuɖu me o. Le nyateƒe me la, dzidzɔdonamenu siwo yia edzi le wɔnaa me tsia susu me na ame geɖe. Fernando, si míeyɔ va yi gblɔ be: “Míekpɔa mɔ na Ƒe Yeye Fiẽa ƒe vava vevie esi míenɔ ɖevime. Fefewɔwɔ geɖe yia edzi ɣesiaɣi, nuɖuɖu, kple ahaviviwo nɔa anyi. Le zãtitina la, míekplaa asi kɔ na mía nɔewo, míegbugbɔa nu na mía nɔewo, eye míedia ‘Ƒe Yeye ƒe Dzɔgbenyui’ na mía nɔewo!”

Nenema ke ame geɖe sena le wo ɖokui me egbea be yewoɖua Ƒe Yeye zãwo nugbɔme aɖeke mawɔmawɔe. Ke hã ele na Kristotɔwo be woalé ŋku ɖe azã nyanyɛ sia dzɔtsoƒe kple nusi wòfia la ŋu. Ðe Ƒe Yeye zãwo tsi tre ɖe Biblia ƒe nufiafiawo ŋua?

Ɣeyiɣi Siwo Va Yi Ŋuti Nyateƒenyawo

Ƒe Yeye zãwo menye nu yeye o. Blema nuŋɔŋlɔwo ɖee fia be woɖunɛ le Babilon tso keke ƒe akpe etɔ̃lia D.M.Ŋ. me ke. Azã sia, si woɖuna le March ƒe domedome lae ƒoa azã sia azã ta. World Book Encyclopedia gblɔ be: Ɣemaɣi la, mawu si nye Marduk fiaa alesi ƒe yeye si gbɔna me anɔ na dukɔa.” Babilontɔwo ɖua ƒe yeye zãa ŋkeke 11, eye wosaa vɔwo, wolɔa gbɔ, eye wowɔa vidzidzikɔnuwo.

Le ɣeyiɣi aɖe me la, Romatɔwo hã dze woƒe ƒea gɔme le March me. Gake le ƒe 46 D.M.Ŋ. la, Fiagã Julius Caesar de se be ele be wòadze egɔme le January ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi. Do ŋgɔ la, wokɔ ŋkeke ma ŋu na Janus, si nye nuwo ƒe gɔmedzedze ƒe mawu xoxo, eye fifia la, aganye Romatɔwo ƒe ƒea ƒe ŋkeke gbãtɔ hã. Ɣletiŋkekea trɔ, gake hadzenuwɔnaawo ya metrɔ o. McClintock Kple Strong ƒe Cyclopedia gblɔ be le January ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, amewo “ƒoa wo ɖokui ɖe dzidzɔkpɔkpɔ si gbɔa eme si me nu gbodogbodowɔwɔ nɔna me, eye wokpɔa gome le aʋatsodzixɔse nuwɔna manyatalenu ƒomevi vovovowo me.”

Egbea gɔ̃ hã la, aʋatsodzixɔse me kɔnuwo yia edzi le Ƒe Yeye zãwo ɖuɖu me. Le kpɔɖeŋu me, le Anyiehe Amerika ƒe teƒe aɖewo la, ame geɖe tɔna ɖe woƒe ɖusifɔ dzi henɔa Ƒe Yeye la lalam. Ame bubuwo kua lãdzowo eye wodaa fefetuwo. Le Czechtɔwo ƒe kɔnu nu la, Ƒe Yeyea ƒe Fiẽ nye ɣeyiɣi si wòle be woaɖu ayidetsi, eye Slovaktɔwo tsɔa ga alo tɔmelãtsrowo dana ɖe kplɔ̃dzivɔ te le woƒe kɔnu nu. Ðeko kɔnu siawo, siwo wowɔna be wòaɖe dzɔgbevɔ̃e le mɔ dzi na ame ahana nu nadze edzi na ame la na blemadzixɔse si nye be ƒe ƒe gɔmedzedzee nye ɣeyiɣi si me wòle be ame nawɔ etsɔme ŋuti nyametsotso la le ta kekem.

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔwo be ‘woazɔ nyuie, menye le aglotutuwo kple ahamumu me o.’ * (Romatɔwo 13:12-14; Galatiatɔwo 5:19-21; Petro I, 4:3) Esi nugbɔmewɔwɔ siwo tututu Biblia tsri lae yia edzi le Ƒe Yeye zãwo ɖuɖu me zi geɖe ta la, Kristotɔwo mekpɔa gome le wo me o. Esia mefia be Kristotɔwo nye dzidzɔmakpɔlawo o. Ke boŋ wonya be Biblia gblɔ edziedzi na Mawu vavã la subɔlawo be woakpɔ dzidzɔ—eye le susu geɖewo tae. (Mose V, 26:10, 11; Psalmo 32:11; Lododowo 5:15-19; Nyagblɔla 3:22; 11:9) Biblia lɔ̃ ɖe edzi hã be nuɖuɖu kple nunono ye zɔna kple dzidzɔkpɔkpɔ zi geɖe.—Psalmo 104:15; Nyagblɔla 9:7a.

Gake abe alesi míekpɔe ene la, trɔ̃subɔsubɔkɔnuwo ƒo ke ɖe Ƒe Yeye zãwo me sesĩe. Alakpasubɔsubɔ nye nu makɔmakɔ henyɔa ŋu na Yehowa Mawu, eye Kristotɔwo gbea nuwɔna siwo dzɔ tso subɔsubɔ siawo tɔgbe me. (Mose V, 18:9-12; Xezekiel 22:3, 4) Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome? Alo ƒomedodo kae le kekeli kple viviti dome? Alo aleke Kristo kple Belial asɔa?” Susu nyui aɖe tae Paulo gblɔ kpee be: “Migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o” ɖo.—Korintotɔwo II, 6:14-17a.

Kristotɔwo nyae hã be gomekpɔkpɔ le aʋatsodzixɔse me kɔnuwo me mehea dzidzɔkpɔkpɔ kple nudzedziname vɛ o—vevietɔ esi gomekpɔkpɔ le azã mawo tɔgbe me ate ŋu ana Mawu makpɔ ŋudzedze ɖe ame ŋu o ta. (Nyagblɔla 9:11; Yesaya 65:11, 12) Gakpe ɖe eŋu la, Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔwo be woanye nudzeamewɔlawo kple amesiwo ɖua wo ɖokui dzi le woƒe nuwɔna me. (Timoteo I, 3:2, 11) Edze ƒã be masɔ be amesi be yenye Kristo ƒe nufiafiawo dzi wɔla nakpɔ gome le azãɖuɖu aɖe si me wokpɔa dzidzɔ le wògbɔa eme la me o.

Aleke ke Ƒe Yeye zãwo adze dzidzɔ nuwɔnawoe eye wòadzro amee o, Biblia gblɔ na mí be ‘mígaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o’ eye be ‘míakɔ mía ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me.’ Yehowa do ŋugbe ʋãme aɖe na amesiwo awɔ ɖe nya siawo dzi be: “Nye la maxɔ mi. . . . Manye Fofo na mi, eye miawo hã mianye vinyeŋutsuviwo kple vinyenyɔnuviwo.” (Korintotɔwo II, 6:17b–7:1) Le nyateƒe me la, edo yayra mavɔwo kple nudzedziname ƒe ŋugbe na amesiwo wɔa nuteƒe nɛ.—Psalmo 37:18, 28; Nyaɖeɖefia 21:3, 4, 7.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 12 ‘Aglotutu kple ahamumuwo’ si ŋu Paulo ƒo nu tsoe ate ŋu anye esiwo yia edzi le Ƒe Yeye zãwo ɖuɖu me la dometɔ aɖewo, elabena le ƒe alafa gbãtɔ me la, nusiawo bɔ ɖe Roma.