Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðeviwo ƒe Gbeɖoɖoɖi—Nukae Gblẽ le Eŋu?

Ðeviwo ƒe Gbeɖoɖoɖi—Nukae Gblẽ le Eŋu?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Ðeviwo ƒe Gbeɖoɖoɖi—Nukae Gblẽ le Eŋu?

“Le ŋkeke siawo me la, ŋutsuvi siwo le suku dometɔ aɖewo biana be yewoado kplim alo be manye yewoƒe ahiãvi.”—Becky, si xɔ ƒe 11. *

“Ðevi siwo le míaƒe suku dometɔ akpa gãtɔ ɖoa gbe ɖi. Le nyateƒe me la, ebɔ be nàkpɔ ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo woanɔ nu gbugbɔm le agbalimemɔwo me.”—Liana, klass 10 lia me vi.

SƆHƐ geɖe tea gbeɖoɖoɖi esime wonye ɖevi suewo. Nyatakakamɔnuwo ɖea nuwɔna sia fiana be esɔ—abe ke modzakaɖeɖe si ŋu naneke megblẽ le o ye wònye ene. Oneyda, si xɔ ƒe 12, gblɔ be: “Ahiãvi le amesiame kloe si le suku.” Ðetugbi aɖe si ŋkɔe nye Jenifer gblɔ be: “Meɖo ŋku edzi be ɖevi siwo nɔ klass etɔ̃lia me zɔna kplikplikpli ɣesiaɣi.” Egblɔ kpee be: “Ena wòva nɔ dzroyem vevie be maɖo gbe ɖi esime mexɔ ƒe 11.”

Ekema gɔmesese le eŋu be ne mèɖoa gbe ɖi kple ame aɖeke o la, àse le ɖokuiwò me be yetsi akogo. Le nyateƒe me la, woate ŋu anɔ kowòm alo aɖu fewu le ŋuwò le esi mèwɔnɛ o ta. Esi Jenifer see le eɖokui me be yemetsi aɖo gbe ɖi o ta la, melɔ̃na na ŋutsuvi siwo biana be wòado kpli yewo la o. Aleke wowɔ nu ɖe eŋu? Jenifer gblɔ be: “Woɖua fewu le ŋunye hetsɔnɛ wɔa nukokoe.” Ame aɖeke medina be woaɖu fewu le ye ŋu o. Gake ɖe wòle be nàɖo gbe ɖi le esi amewo le ewɔm taa? Nuka tututue nye gbeɖoɖoɖi? Eye taɖodzinu kae le eŋu?

Nukae nye Gbeɖoɖoɖi?

Togbɔ be sɔhɛ geɖe nɔa wo havi ŋutsu alo nyɔnu gbɔ ɣeyiɣi didi hã la, wogblɔna be, ‘Míele gbeɖoɖoɖi me o. Xɔlɔ̃wo ko míenye.’ Gake aleke ke nàyɔe o—eɖanye gbeɖoɖoɖi, zɔzɔ ɖekae, alo mía nɔewo kpɔkpɔ koe o—ne ŋutsuvi kple nyɔnuvi tsɔa ɖe le eme na wo nɔewo etɔxɛe hedea ha kplikplikpli la, menye xɔlɔ̃wɔwɔ koe esia nyena o. Eye menye ame nɔewo gbɔ nɔnɔ ŋutɔŋutɔ koe nye gbeɖoɖoɖi o. Dzeɖoɖo le Internet dzi, le telefon dzi, to posu me, alo to E-mail dzi hã ate ŋu anye gbeɖoɖoɖi ƒomeviwo.

Biabiae nye be, Ŋkubiãnya ka gbegbee wònye be mia kple amesi ƒe vidzinu to vovo ɖeɖe dzaa mianɔ teƒe ɖeka ɣesiaɣi kloe?

GbeɖoɖoɖiAfɔkuawo

Le Lododowo 30:19 la, Biblia ƒo nu tso “ŋutsu ƒe toƒe le nyɔnuvi ŋu” ŋuti. Nyagbɔgblɔ sia fia be ŋutsu kple nyɔnu dome ƒomedodo yina le ɖoɖo aɖe nu. Ne ame evea siaa tsi nyuie eye wonɔa agbe ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu la, gbeɖoɖoɖi ate ŋu anyɔ lɔlɔ̃ ɖe wo me eye mlɔeba, wòakplɔ wo ade srɔ̃ɖeɖe si ŋu bubu le me. Ne èbu eŋu kpɔ la, ɖe Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu be wo nɔewo ƒe nu nalé dzi na wo. Gake ne mètsi aɖe srɔ̃ o ya ɖe? Gbeɖoɖoɖi esi mètsi o ate ŋu akplɔ wò ade afɔku me.

Nukatae? Elabena ne mia kple amesi ƒe vidzinu to vovo mienɔa teƒe ɖeka ɣesiaɣi la, nusi ko adzɔe nye be wòanyɔ miaƒe seselelãmewo. Kaka nànya la, ànɔ mɔ kpɔm na ame sia kpɔkpɔ ɣesiaɣi. Ne miele mia nɔewo gbɔ o la, àkpɔe be yeƒe susu le amesia ŋu. Ke hã zi geɖe la, ame ɖeka mee seselelãmeawo nɔna—eye ame ɖeka ƒe dzi gbãna. Eye ne ame evea mee seselelãmeawo ɖo gɔ̃ hã la, dziɖeleameƒo kple dzigbagbã doa mo ɖa kokoko ne wo dometɔ ɖeka metsi aɖe srɔ̃ o. Le nyateƒe me la, nukae ate ŋu ado tso ƒomedodo sia me? Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Ðe ame aɖe ate ŋu aɖe dzo ɖe akɔnu, eye eƒe avɔ nagbe fiafiã?”—Lododowo 6:27.

Bu sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Nina ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Medo go ŋutsuvi aɖe le Internet dzi. Míeɖoa dze le mɔ̃a dzi gaƒoƒo geɖe gbesiagbe. Eƒe nu va lé dzi nam, eye eya dzi koe nye agbe katã nɔ te ɖo. Kadodoa menɔ anyi didi o. Esi eme va gblẽ la, melé blanui ŋutɔ. Emegbe eyɔm hegblɔ nam be le esi mía dome gblẽ ta yeawu ye ɖokui. Ema gana melé blanui ɖe edzi.” Esi Nina trɔ kpɔ megbe la, eƒo nya ta be: “Viɖe menɔ eme o! Ƒomedodoa me gblẽ ƒe eve enye sia, gake megakpɔtɔ lé blanui.” Ne míagblɔe kpuie ko la, Nina metsi ana ame ƒe nu nalé dzi nɛ nenema o.

Enyo be míanya be ne Biblia ƒo nu tso “ŋutsu toƒe le nyɔnuvi ŋu” ŋuti la, ete ŋu lɔa gbɔdɔdɔ ɖe eme. Le egbe xexeame la, gbɔdɔdɔ kplɔa gbeɖoɖoɖi ɖo zi geɖe. Ate ŋu adze egɔme kple asiléle susu vɔ̃ mabumabui. Ðewohĩ asikplakɔname kple alɔgbugbɔname akplɔe ɖo. Lɔlɔ̃ ɖeɖefia alea to vovo le ɖekakpui kple ɖetugbui tsitsi siwo ku ɖe wo nɔewo ŋu be yewoaɖe yewo nɔewo la gome. Gake ne ame eve metsi kura aɖe wo nɔewo o la, ɖeko nuwɔna sia anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro sesẽwo ɖe wo me dzodzro. ‘Lɔlɔ̃ɖeɖefia’ nuwɔnawo ate ŋu azu nu gbegblẽ alo nu makɔmakɔ wɔwɔ. Woate ŋu akplɔ ame ade matrewɔwɔ ƒomevi aɖe me. *

Ku siwo matrewɔwɔ tsena vena ŋutɔ. Amesiwo ƒoa wo ɖokui ɖe eme dometɔ aɖewo xɔa nulɔdɔwo. Ame bubuwo kloa bubu le wo ɖokui ŋu eye wodea abi woƒe dzitsinya ŋu. Nyɔnuvi suewo fɔa fu. Eyata mewɔ nuku o be Biblia de se sia be: “Misi le ahasiwɔwɔ nu!” (Korintotɔwo I, 6:13, 18; Tesalonikatɔwo I, 4:3) Asaƒoƒo na gbeɖoɖoɖi kaba akpa akpe ɖe ŋuwò nàwɔ ɖe se sia dzi.

Ɣeyiɣi si me Nàɖo Gbe Ði

Esia mefia be mèle gbe ɖo ge ɖi akpɔ o. Gake ne ènye sɔhɛ la, ɖewohĩ èle nusi Biblia yɔ be ‘sɔhɛnyenye ƒe dzo’ me. (Korintotɔwo I, 7:36) Azɔ koe nèle ŋutsu alo nyɔnu si ƒomevi tututu nàva zu mlɔeba me ɖom. Le ɣeyiɣi sia me la, ète tsitsi le ŋutilã, seselelãme, kple gbɔdɔdɔ gome. Wò seselelãmewo—gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo hã—nu asẽ wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe tɔ. Gake seselelãme mawo anɔ tɔtrɔm kabakaba. Esia wɔe be ƒewuiviwo ƒe ahiãwɔwɔ menɔa anyi eteƒe didina o. Nyɔnuvi ƒewuivi aɖe gblɔ be: “Kwasiɖa ɖeka koe nye gbeɖoɖoɖi xɔna ko evɔ.”

Eme kɔ ƒã be nunya mele eme be ame naɖo gbe ɖi esime wòle ‘sɔhɛnyenye ƒe dzo’ me o. Anyo wu be nàlala vaseɖe esime nènya ɖokuiwò nyuie hafi, nànya nusiwo nèdina kple nusiwo mèdina o, kpakple taɖodzinu siwo gbɔ nàdi be yeaɖo. Gakpe ɖe eŋu hã, ele be nàtsi anye amesi ate ŋu atsɔ srɔ̃ɖeɖe me ƒe agbanɔamedziwo. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa bia tso srɔ̃ŋutsu si be wòakpɔ eƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ—le ŋutilãme kple gbɔgbɔ me gome. Ne ŋutsuvi ƒewuivie nènye la, èle klalo be yeadi dɔ awɔ atsɔ akpɔ srɔ̃nyɔnu kple ɖewohĩ viwòwo dzia? Àte ŋu akpe ɖe wo ŋu woatu woƒe gbɔgbɔmemenyenye ɖoa? Ke ne nyɔnuvi ƒewuivie nènye hã ɖe? Wobia tso srɔ̃nyɔnu si be wòalɔ̃ srɔ̃a ade bubu eŋu; ele be wòalɔ̃ ɖe nyametsotso siwo wòwɔna dzi. Èle klalo be yeawɔ esia yi ɖe mavɔmavɔ mea? Gakpe ɖe eŋu hã, èle klalo akpɔ aƒe dzi gbesiagbea—aɖa nu ahakpɔ ɖeviwo gbɔa?—Efesotɔwo 5:22-25, 28-31; Timoteo I, 5:8.

Le kpɔɖeŋu me: Le Ɣetoɖoƒe dukɔwo me la, edzroa sɔhɛwo vevie be yewoaku ƒomea ƒe ʋu. Gake nukae wòle be sɔhɛ nawɔ hafi woaɖe mɔ nɛ be wòaku ʋua? Le dukɔ geɖe me la, ele be nàxɔ hehe eye woado wò akpɔ hafi atsɔ mɔɖegbalẽ ma ana wò. Nukatae? Elabena ʋukuku nye agbanɔamedzi gã aɖe. Ne èle ʋu kum la, wò agbe kple ame bubuwo ƒe agbe le asiwò me. Srɔ̃ɖeɖe hã nye agbanɔamedzi gã aɖe ŋutɔ! Esi nènye ƒewuivi ta la, ɖewohĩ mesu te ate ŋu atsɔe haɖe o. Eyata nunya anɔ eme be nàtsi tre ɖe gbeɖoɖoɖi ƒe tetekpɔa ŋu, esi gbeɖoɖoɖi nye afɔɖeɖe si wowɔna ne wole amesi woaɖe tiam ta. Ne míagblɔe kpuie ko la: Ne mèdzra ɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu o la, mègaɖo gbe ɖi o.

Be nàte ŋu awɔ nyametsotso si me nunya le le go sia me la, èhiã nusi Biblia yɔ be, ‘sidzedze kple tamebubuŋutete.’ (Lododowo 1:4) Ekema anyo ŋutɔ be nàxɔ sidzedze kple nuteƒekpɔkpɔ tso ame tsitsi aɖe gbɔ. Zi geɖe la, dzila Kristotɔwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nyuie wu be nàdzro ɖokuiwò me akpɔ be yesu te na srɔ̃ɖeɖe hã. Eye anyo be nàbia aɖaŋuɖoɖo aɖewo tso Kristo-hamea me tɔ tsitsiwo gbɔ. Ne dziwòlawo medi be nàɖo gbe ɖi o la, anyo be nàwɔ nu aduadu kpli wo. Woƒe didie nye be yewoakpe ɖe ŋuwò ‘vɔ̃ naƒo asa na wò.’—Nyagblɔla 11:10.

Ne wobui be mètsi aɖo gbe ɖi o la, woate ŋu aɖo aɖaŋu be hafi ɣemaɣi naɖo la, le esi teƒe be nàɖo susu ame ɖeka pɛ ko dzi la, dze xɔlɔ̃ ame geɖe. Hadede kple trewo kple srɔ̃tɔwo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo, kpakple amesiwo mia kpli wo mienye ha la, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtu wò amenyenye ɖo eye srɔ̃ɖeɖe ŋuti nukpɔsusu nyui nava su asiwò.

Manɔ bɔbɔ na wò be nàlala vaseɖe esime nàsu te na gbeɖoɖoɖi o. Gake viɖe le eŋu be nàlala. Àƒo asa na kuxi gbogbo aɖewo ne ète ŋu zã ‘sɔhɛnyenye ƒe dzo’ me nɔɣia tsɔ tsi zu ame tsitsi si ate ŋu atsɔ agbanɔamedziwo. Àna ɣeyiɣi ɖokuiwò, be nàtsɔ atsi azu amesi ƒomevi ate ŋu anɔ te ɖe srɔ̃ɖeɖe me nyaƒoɖeamenuwo kple agbanɔamedziwo nu. Àna ɣeyiɣi si nàtsɔ atsi azu gbɔgbɔmeme hã ɖokuiwò. To mɔ sia nu la, ne èsu te mlɔeba na gbeɖoɖoɖi la, ame bubuwo hã akpɔ wò be ènye amesi woate ŋu azɔ kplii anya nyuie.

Ne èdi be yeaxɔ nyatakaka bubuwo alo di be ame aɖe nava wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli wò femaxee la, taflatse ŋlɔ agbalẽ na Jehovah’s Witnesses, P. O. Box GP 760, Accra, Ghana, alo nàzã adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔa dometɔ aɖewo.

^ mm. 14 Helagbe me nya si wozãna na ahasiwɔwɔ enye por·neiʹa. Efia amesiwo menye srɔ̃tɔwo o ƒe gbɔdɔdɔ nuwɔna si me wozãa vidzinuwo le. Esia lɔ fefe kple vidzinuwo kpakple vidzinuwo ƒoƒo ɖe nume ɖe eme.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Lɔlɔ̃ɖeɖefia nuwɔnawo hea kuxiwo vɛ zi geɖe